Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ede Pɛpɛpɛ Le Dzɔdzɔmeŋutinunya Gome

Ede Pɛpɛpɛ Le Dzɔdzɔmeŋutinunya Gome

“Ðe nyemeŋlɔ nya vevi, siwo me aɖaŋuɖoɖo kple sidzedze le la, na wò, ne mafia wò be, nyateƒenyawo le eteƒe . . . oa?”​—LODODOWO 22:20, 21.

MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Nya totro geɖewo kple aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu la dze le blemagbalẽwo me, ke hã egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖee fia be nya mawo nye aʋatso. Egbea gɔ̃ hã la, agbalẽŋlɔlawo gbugbɔ trɔa asi le nusrɔ̃gbalẽwo ŋu be woawɔ ɖeka kple gɔmesese yeyewo. Gake Biblia ya ɖee fia be Wɔla lae nye eŋlɔla, eye be eƒe Nya la “nɔa anyi tegbee.”​—1 Petro 1:25.

ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Wode se na Israel viwo le Mose ƒe Sea me be woaɖi nugodo ɖe do me le “asaɖa godo.” (5 Mose 23:13, 14) Ne Israel vi aɖe ka asi lã alo ame kuku aɖe ŋu la, ele be wòatsɔ tsi aklɔ ɖia le eɖokui ŋu. (3 Mose 11:27, 28; 4 Mose 19:14-16) Le Israel viwo ŋɔli la, womeɖea mɔ na ame si ŋu anyi, alo kpodɔ le la be wòanɔ ame dome o, va se ɖe esime wolé ŋku ɖe eŋu hekpɔe be ame bubuwo magate ŋu axɔ dɔa le eŋu o ko hafi.​—3 Mose 13:1-8.

NU SI EGBEGBE ATIKEWƆNYAWO ÐE FIA: Nugodo gbɔ kpɔkpɔ nyuie, asikɔklɔ, kple ame siwo ŋu dɔxɔleameŋu le ɖeɖe ɖe aga gakpɔtɔ nye mɔ nyui siwo dzi woato aƒo asa na dɔléle. United States ƒe habɔbɔ aɖe (Centers for Disease Control and Prevention) ɖo aɖaŋu be ne agboti alo nugododeƒe mete ɖe ŋuwò o la, “ele be afi si nàde nugodo ɖo la nadidi tso afi si tsidzɔƒe le meta 30 ya teti, eye nàɖe do aɖii ɖe eme.” Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be ne nutoa me tɔwo ɖia nugodo nyuie la, eɖea mitsinyenyedɔ dzi kpɔtɔna ŋutɔ. Le ƒe siwo mede 200 o siwo va yi me la, Ðɔktawo de dzesii be asimaklɔmaklɔ le asikaka ame kuku ŋu vɔ megbe na yewode dɔ lã me na ame geɖe. United States habɔbɔa gblɔ be, asikɔklɔ nye “mɔnu aɖe si dzi wotona ƒoa asa na dɔléle geɖewo.” Ke kpodɔ, alo dɔ bubu lélawo ɖeɖe ɖe aga ya ɖe? Lãmesẽnyawo ŋuti gbalẽ aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Ne dɔvɔ̃ aɖe do mo ɖa teti la, ameɖeɖe ɖe aga koe nye mɔ nyuitɔ si dzi woato alé enu.”​—Saudi Medical Journal.

NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe nàkpɔ mɔ be blema agbalẽ kɔkɔe bubu aɖe me nyawo nawɔ ɖeka kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya alea? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

“Dzadzɛnyenye ŋuti mɔfiame nyui siwo ŋu dɔ wowɔ le Mose ŋɔli la wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ.”​—MANUAL OF TROPICAL MEDICINE, SI ÐƆKTA ALDO CASTELLANI KPLE ÐƆKTA ALBERT J. CHALMERS ŊLƆ