Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Emenyawo Wɔ Ðeka

Emenyawo Wɔ Ðeka

“Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”​—2 PETRO 1:21.

MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Blemagbalẽ siwo woŋlɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la gɔ̃ hã me nyawo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu zi geɖe. Ƒãa ŋutɔ hafi agbalẽ siwo ame vovovowo ŋlɔ, le teƒe vovovowo kple ɣeyiɣi vovovowo me la dea nu wo nɔewo me nyuie. Ke hã le Biblia ƒe nya nu la, Ame ɖeka koe nye agbalẽ 66 siwo katã le eme la ŋlɔla, si wɔe be emenyawo de nu wo nɔewo me hewɔ ɖeka.​—2 Timoteo 3:16.

ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Mose, si nye alẽkplɔla le ƒe alafa 16 lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la, ŋlɔ ɖe Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ me be ‘dzidzimevi’ aɖe ava na ɖeɖe ameƒomea. Eŋlɔ le agbalẽ ma ke me emegbe be dzidzimevia ava nye Abraham, Isak, kple Yakob ƒe dzidzimevi. (1 Mose 3:15; 22:17, 18; 26:24; 28:14) Abe ƒe 500 ene megbe la, nyagblɔɖila Natan gblɔe ɖi be dzidzimevia ado tso David ƒe fiaƒomea me. (2 Samuel 7:12) Ƒe akpe ɖeka le esia megbe la, Apostolo Paulo ɖe eme be Yesu kple eyomedzela tiatia aɖewoe anye dzidzimevi la. (Romatɔwo 1:1-4; Galatiatɔwo 3:16, 29) Mlɔeba le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo la, Biblia gbalẽ mamlɛtɔ gblɔe ɖi be dzidzimevia me tɔwo aɖi ɖase tso Yesu ŋu le anyigba dzi, woafɔ wo ɖe tsitre woayi dziƒo, eye woaɖu fia kplii ƒe 1,000. Ame siwo ƒo ƒu nye dzidzimevi la atsrɔ̃ Abosam ahaɖe ameƒomea.​—Nyaɖeɖefia 12:17; 20:6-10.

NYA SI BIBLIA ŊUTI NUMEÐELAWO GBLƆ: Esi Louis Gaussen dzro Biblia gbalẽ 66-awo me tsitotsito vɔ la, eŋlɔ bena nu si wɔ mo yaa na yee nye ale si “agbalẽ sia si ame gbogbo mawo gbegbe ŋlɔ le ƒe akpe ɖeka alafa atɔ̃ me la me nyawo wɔ ɖekae, . . . azɔ hã wo katã wozɔ ɖe ɖoɖo ɖeka dzi, woƒe nu sɔ abe ke ɖe woɖoe ɖi ene, eye woɖo nyataƒonya vevi ɖeka gbɔ, si nye ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ to Mawu ƒe Via dzi la ƒe ŋutinya.”​—Theopneusty—The Plenary Inspiration of the Holy Scriptures.

NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe nàkpɔ mɔ be agbalẽ si ame abe 40 ene tsɔ ƒe 1,500 kple edzivɔ ŋlɔ la me nyawo nade nu wo nɔewo me bliboea? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

“Ne wotsɔ nuŋlɔɖi siawo ƒo ƒu la, edzena ƒãa be agbalẽ ɖeka ko wònye . . . Agbalẽ bubu aɖeke meli si le abe eya ene pɛpɛpɛ, alo de eɖi ge gɔ̃ hã o.”​—THE PROBLEM OF THE OLD TESTAMENT, SI JAMES ORR ŊLƆ