Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Coverdale Akpa Si Wòwɔ Le Eŋlisi Biblia Blibo Gbãtɔ Tata Me

Coverdale Akpa Si Wòwɔ Le Eŋlisi Biblia Blibo Gbãtɔ Tata Me

Coverdale Akpa Si Wòwɔ Le Eŋlisi Biblia Blibo Gbãtɔ Tata Me

NANEKE medze le Biblia blibo gbãtɔ si wota ɖe Eŋlisigbe me la me si ana amewo nanya ame si ɖe egɔme o. Egɔmeɖelae nye Miles Coverdale, eye woɖe eƒe Biblia ɖe go le ƒe 1535 me. Ɣemaɣi la, exɔlɔ̃ William Tyndale, nɔ gaxɔ me le akpa si wòwɔ le Biblia gɔme ɖeɖe me ta. Wowu Tyndale le ƒe si kplɔe ɖo me.

Coverdale tu eƒe gɔmeɖeɖea ƒe akpa aɖe ɖe Tyndale tɔ dzi. Aleke wòdzɔe be Coverdale te ŋu ɖe Biblia gɔme hetae, gake womewui o, evɔ wowu eŋɔli me Biblia gɔmeɖela bubuwo ya ɖe woƒe dɔa ta? Nu kae do tso Coverdale ƒe dɔa me mlɔeba?

Woɖo Dɔ Aɖe Gɔme Anyi

Wodzi Miles Coverdale le Yorkshire, le England, ɖewohĩ le ƒe 1488 me. Ede suku le Cambridge University, eye woɖoe Roma Katoliko nunɔlae le ƒe 1514 me. Eƒe nufiala Robert Barnes ye tu didi si le eyama me be wòawɔ ɖɔɖɔɖowo le Katolikohaa me la ɖo. Barnes si dzo le England yi Europa dukɔ bubu me le ƒe 1528 me. Le ƒe 12 megbe la, sɔlemehakplɔlawo he Ðɔɖɔɖotaʋlila sia ɖe ati ŋu hetɔ dzoe.

Le ƒe 1528 me la, Coverdale va nɔ nu ƒom tsi tre ɖe Katolikohaa ƒe nuwɔna siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, abe nɔnɔmewɔwɔwo subɔsubɔ, nu vɔ̃ me ʋuʋu, kple Misa ene, ŋu le eƒe hamenufiafiawo me. Esia na eƒe agbe ɖo afɔku me, eya ta eʋu le England ɖanɔ dukɔ bubu me ƒe adre aɖewo.

Coverdale nɔ William Tyndale gbɔ le Hamburg le Germany. Esi wo ame evea siaa ƒe didie nye be yewoata Biblia si amewo axlẽ ase egɔme ta la, wowɔ dɔ aduadu. Le ɣeyiɣi sia me la, Coverdale srɔ̃ nu geɖe ku ɖe Biblia gɔmeɖeɖedɔa ŋu tso Tyndale gbɔ.

Nɔnɔmeawo Va Trɔ

Nɔnɔmeawo va nɔ tɔtrɔm le England le ɣeyiɣi sia me. Le ƒe 1534 me la, Fia Henry VIII na wòdze kɔtɛ be yemebɔbɔ ɖe Katoliko ƒe papa si nɔ Roma la ƒe ŋusẽ te o. Azɔ hã, eda asi ɖe edzi be woata Biblia ɖe Eŋlisigbe me na ame hahoowo. Wova de dɔ sia asi na Coverdale. Coverdale nya ale si wòaɖe eƒe susuwo agblɔ nyuie ɖe Eŋlisigbe me, gake gbesɔsrɔ̃ ƒe ŋutete si nɔ exɔlɔ̃a kple kpɔɖeŋuɖola Tyndale, ame si ɖu tu na Hebri kple Hela gbeawo si la, menɔ esi o. Coverdale dzro Tyndale ƒe Latin kple Germanygbe me gɔmeɖeɖewo me tsɔ ɖe Biblia gɔme ɖe Eŋlisigbe me.

Wota Coverdale ƒe Biblia le Europa le ƒe 1535 me, si nye ƒe si do ŋgɔ na ƒe si me wowu Tyndale. Eŋlɔ akpedanyawo ɖe Biblia me tsɔ de bubu Fia Henry ŋu hedo kɔkɔe. Coverdale ka ɖe edzi na Henry be yeɖe Tyndale ƒe etenuŋɔŋlɔwo ɖa le Biblia me, le esi wohea dzrehehewo vanɛ ta, elabena wohe susu yi Katolikohaa ƒe nufiafia siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o hã dzi. Ale Henry da asi ɖe edzi be woata Biblia la. Nɔnɔmeawo le tɔtrɔm azɔ.

Coverdale ƒe Biblia ƒe tata eve do le ƒe 1537 me, eye England ye wota wo le. Le ƒe ma ke me la, wonɔ te ɖe Tyndale kple Coverdale ƒe gɔmeɖeɖewo dzi ta bubu, si woyɔ be Matthew ƒe Biblia, le Antwerp. Fia Henry ye ɖe mɔ ɖe etata nu.

Esia megbe kpuie la, Thomas Cromwell, si nye fia la ƒe aɖaŋuɖola vevitɔ, kpakple Cranmer, si nye Canterbury ƒe Bisiɔpgã la, de dzesii be ehiã be woawɔ asitɔtrɔwo le Matthew ƒe Biblia ŋu. Eya ta wogabia tso Coverdale si be wòagbugbɔ ato Biblia bliboa me. Le ƒe 1539 me la, Fia Henry da asi ɖe edzi be woata gɔmeɖeɖe yeye si wova tsɔ ŋkɔ na be Great Bible, le eƒe lolome ta. Eye ede se be woada ɖewo ɖe sɔlemexɔwo me ne amewo naxlẽ. Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia sia ŋu ŋutɔ le dukɔ bliboa me.

Akpa Vevi Si Coverdale Wɔ

Esi Henry VIII ku eye Edward VI xɔ ɖe eteƒe la, woɖo Coverdale Exeter ƒe bisiɔp le ƒe 1551 me. Ke hã, esi Katoliko Fianyɔnu Maria va xɔ ɖe Edward teƒe le ƒe 1553 me la, woɖe Coverdale ɖe enu wòsi yi Denmark. Emegbe eʋu yi Switzerland, afi si wòyi eƒe dɔa dzi le. Eɖe Biblia ƒe akpa si wolɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeye la ƒe tata vovovo etɔ̃ ɖe go le Eŋlisigbe me hetsɔ eƒe Latingbe me tɔ kpe ɖe eŋu be wòakpe ɖe hakplɔlawo ŋu le Biblia sɔsrɔ̃ me.

Nu si míakpɔ mɔ be Coverdale nawɔ hafi o lae nye ale si mezã Mawu ƒe ŋkɔ “Yehowa” le eƒe Biblia me o. Tyndale zã Mawu ƒe ŋkɔa zi 20 le Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖeɖe me. Aƒetɔ J. F. Mozley gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Coverdale and His Bibles, me be: “Le ƒe 1535 me la, Coverdale gbe ŋkɔ [Yehowa] zazã kura.” Gake eva zã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, zi etɔ̃ le Great Bible la me.

Ke hã, Coverdale ƒe Bibliae nye Eŋlisigbe me Biblia gbãtɔ si zã Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la le eƒe ŋgɔdonya me. Nu si gaɖe dzesi ye nye be, emae nye Biblia gbãtɔ si me woƒo Apokrifa gbalẽwo nu ƒu ɖe megbenyawo me le esi teƒe be woatsaka wo kple Hebri Ŋɔŋlɔawo me gbalẽwo.

Gbegɔmeɖela bubuwo va zã nyagbe ɖedzesi siwo Coverdale zã la dometɔ geɖe. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye “ku ƒe bali doblukɔ” si dze le Psalmo 23, kpukpui 4. Nufialagã S. L. Greenslade gblɔ be nya “amenuveve” si dze le kpukpui 6 lia me la “nye nya tɔxɛ si wòtsɔ de vovototo lɔlɔ̃ si le Mawu si na eƒe amewo kple lɔlɔ̃ si le esi na ameƒomea, kpakple nublanuikpɔkpɔ dome.” Gɔmeɖeɖe si nye New World Translation of the Holy Scriptures​—With References la zã nya ma hã hegblɔ le etenuŋɔŋlɔa me be: “Alo, ‘nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃.’”

Agbalẽ aɖe (The Bibles of England) gblɔ be Coverdale ƒe Great Bible la “nye agbagba siwo katã wodze ɖe Eŋlisi Biblia gɔme ɖeɖe ŋu . . . tso gbe si gbe Tyndale te Nubabla Yeyea gɔme ɖeɖe la me tsonu.” Coverdale ƒe Biblia koŋue wɔe be Eŋlisigbedola siwo nɔ anyi le eŋɔli la te ŋu xlẽ Biblia.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Miame, Mawu ƒe ŋkɔ, ƒe 1537 ƒe tata ƒe ŋgɔdonyawo ƒe akpa aɖe

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]

Agbalẽ si me woɖee tsoe nye Our English Bible: Its Translations and Translators

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]

Fotoa tsoƒe: Tso The Holy Scriptures of the Olde and Newe Testamente With the Apocripha me, si gɔme Myles Coverdale ɖe