Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be . . .

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Ðea Gbeƒã Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Ðo?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Ðea Gbeƒã Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Ðo?

▪ Biblia gblɔ be Yesu de se na eyomedzelawo bena: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia nu wo.” (Mateo 28:19, 20) Kristotɔwo katãe nya sia yi na? Ɛ̃, nenemae Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo se egɔmee. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro gblɔ be: “[Yesu de] se hã na mí be míaɖe gbeƒã na amewo, eye míaɖi ɖase tsitotsito.” (Dɔwɔwɔwo 10:42) Apostolo Paulo hã ŋlɔ bena: “Ðe woɖoe nam. Ɛ̃, ne nyemegblɔ nya nyui la o la, baba nam!”—1 Korintotɔwo 9:16.

Menye Paulo kple Petro koe wɔ ɖe Yesu ƒe sedede sia dzi o, ke boŋ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo katãe. Wona gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ vevitɔ na wo. (Dɔwɔwɔwo 5:28-32, 41, 42) Egbea, Yehowa Ðasefowo hã dzea agbagba wɔa nu nenema ke. Woɖea gbeƒã gbedeasi si tututu Yesu ɖe gbeƒãe, si nye “dziƒofiaɖuƒe la” ŋuti nya.—Mateo 10:7.

Ame kawoe wòle be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedeasia na? Yesu ƒe nyawo ɖee fia be ele be woaɖe gbeƒãe na amewo katã le afi sia afi. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mianye nye ɖasefowo . . . va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Egblɔe ɖi gɔ̃ hã be, hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu naɖo la, “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi.” (Mateo 24:14) Le esia ta, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dze agbagba be yewoaƒo nu na ame sia ame, ke menye ame nyanyɛwo kple ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me la ko o. (Kolosetɔwo 1:23; 1 Timoteo 2:3, 4) Nenema kee egbea, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoaɖo ame sia ame gbɔ. *

Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedeasia ƒe mɔnu kae wɔa dɔ wu? Yesu, ame si nya ale si wòawɔ be nyaa naɖo ame geɖe wu gbɔ la, dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe dugãwo, kɔƒewo kple amewo ƒe aƒewo me. (Mateo 10:7, 11, 12) Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo yi edzi nɔ gbeƒã ɖem tso “aƒe me yi aƒe me.” (Dɔwɔwɔwo 5:42) Woɖe gbeƒã le dutoƒo kpakple afi sia afi si woakpɔ amewo le ko, abe ale si Yesu wɔe ene. (Yohanes 4:7-26; 18:20; Dɔwɔwɔwo 17:17) Egbea, Yehowa Ðasefowo wɔa mɔnu mawo ke ŋu dɔ ɖea gbeƒã na amewo katã.

Yesu ɖee fia be menye ame sia amee aɖo to o. (Mateo 10:14; 24:37-39) Ðe wòle be esia naɖe dzi le Kristotɔwo ƒoa? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne anyigba ʋuʋu vevie le teƒe aɖe, eye nèle xɔnametɔwo dome la, ɖe nàdzudzɔ amewo didi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe le esi ame ʋɛ aɖewo koe miete ŋu ɖe ta? Ao, ànɔ wo didi dzi zi ale si mɔkpɔkpɔ li be miagate ŋu ake ɖe ame aɖe ŋu. Yesu fia eyomedzelawo be woanɔ dɔ dzi vevie zi ale si mɔkpɔkpɔ li be woate ŋu ake ɖe ame siwo aɖo to Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu. (Mateo 10:23; 1 Timoteo 4:16) Ale si Yehowa Ðasefowo dia amewo tso aƒe me yi aƒe me la ɖea lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu kpakple wo haviwo fiana, elabena ne ame siawo se Fiaɖuƒe gbedeasia henɔ agbe ɖe enu la, woate ŋu akpɔ ɖeɖe.—Mateo 22:37-39; 2 Tesalonikatɔwo 1:8.

Magazine sia si xlẽm nèle la ɖea gbeƒã Biblia me gbedeasi ma. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe la, ke míade dzi ƒo na wò be nàgblɔe na Yehowa Ðasefo siwo agava gbɔwò, alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem le dukɔ 236 me. Le ƒe si va yi me la, wozã gaƒoƒo miliɔn 1,700 tsɔ ɖe gbeƒã, eye wowɔ Biblia nusɔsrɔ̃ miliɔn 8 akpe 500 le xexea me godoo.