Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Nyuia Ta Ʋiʋli Le Tesalonika

Nya Nyuia Ta Ʋiʋli Le Tesalonika

Nya Nyuia Ta Ʋiʋli Le Tesalonika

Tesalonika, si woyɔna egbea be Thessaloníki alo Salonika, la nye melidzeƒedu kpɔdzidzedze si le Greece (alo Hela) ƒe dzieheɣedzeƒe. Dugã ma wɔ akpa vevi aɖe le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe ŋutinya me, vevietɔ le Kristotɔ Paulo, ame si nye apostolo na dukɔwo la, ƒe subɔsubɔdɔa me.​—DƆWƆWƆWO 9:15; ROMATƆWO 11:13.

ANƆ abe ƒe 50 lia Mía Ŋɔli (M.Ŋ.) la, Paulo kple eƒe mɔzɔhati Sila woyi Tesalonika. Esiae nye Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia, eye eyae nye zi gbãtɔ mɔnukpɔkpɔ su wo si be woagblɔ Kristo ŋuti nya nyuia le afi si nye Europa egbea.

Ðikeke mele eme o be esi woɖo Tesalonika la, ƒoƒo kple gaxɔmenɔnɔ si me woto le Filipi, si nye Makedonia ƒe dugã la, gakpɔtɔ nɔ susu me na wo. Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ na Tesalonikatɔwo emegbe be esime yewova wo gbɔ la, ɖe yewogblɔ ‘Mawu ƒe nya nyui la na wo le ʋiʋli geɖe me.’ (1 Tesalonikatɔwo 2:1, 2) Ðe nɔnɔmeawo ade wo dzi wu le Tesalonika? Aleke gbeƒãɖeɖedɔa anɔ le dugã sia me? Ðe wòakpɔ dzidzedzea? Gbã la, na míaƒo nu tso blemadu ma ŋu vie.

Dugã Si To Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Dua ƒe ŋkɔ Tesalonika, si woɖe tso Helagbe me nya eve, siwo gɔmee nye “Thessalitɔwo” kple “dziɖuɖu,” me la gɔ̃ hã he susu yi ʋiʋli kple avuwɔwɔ dzi. Ame geɖe xɔe se be le ƒe 352 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli (D.M.Ŋ.) la, Makedonia Fia Philip II, si nye Aleksanda Gãtɔ fofo la, ɖu to aɖe si le titina Hela la dzi le Thessaly. Wogblɔ be, bene woaɖo ŋku eƒe aʋadziɖuɖu ma dzi la, etsɔ ŋkɔ Thessalonice na vianyɔnuwo dometɔ ɖeka si va ɖe Cassander, ame si va ɖu fia ɖe Thessalonice fo Aleksanda yome. Anɔ abe ƒe 315 D.M.Ŋ. la, Cassander tso du aɖe ɖe Chalcidice Ƒukɔme la ƒe ɣetoɖoƒe, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ŋkɔ na dua. Tesalonika dugã la kpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe teƒe tso egɔmeɖoanyiɣi ke.

Tesalonika nye dugã si me nuwo de ame dzi le. Teƒe siwo sɔ nyuie na melidzeƒe la dometɔ ɖeka le afi ma le Aegea Ƒua nu. Le Romatɔwo ŋɔli la, mɔdodo xɔŋkɔ si woyɔna be Via Egnatia la to dua me. Le mɔdodoa kple melidzeƒea ta la, Tesalonika nye dugã siwo wɔ akpa vevi aɖe le Roma Fiaɖuƒea ƒe asitsatsa me la dometɔ ɖeka. Tso ɣeaɖeɣi ke la, dugã sia ƒe nudzedziname wɔe be Gothtɔwo, Slavtɔwo, Franktɔwo, Venetitɔ kple Turkeytɔwo dze agbagba be yewoaxɔe. Eye wo dometɔ aɖewo te ŋu ɖu edzi to aʋawɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi me. Azɔ na míatrɔ susu ɖe ɣeyiɣi si me Paulo yi afi ma, eye nya nyuia ta ʋiʋli dze egɔme la ŋu.

Paulo Va Ðo Tesalonika

Ne Paulo yi dugã aɖe me la, zi geɖe la eƒoa nu na Yudatɔwo gbã, elabena wonya Ŋɔŋlɔawo, eye esia wɔnɛ be wòtea ŋu nɔa te ɖe nu siwo wonya dzi hekpena ɖe wo ŋu wosea nya nyuia gɔme. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be ɖewohĩ ale si Paulo tsɔ ɖe le eme na wo de tɔwo tae wòwɔa esia ɖo, alo be edi be yeato Yudatɔwo kple mawuvɔ̃lawo dzi ana nya nyuia naɖo ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ.​—Dɔwɔwɔwo 17:2-4.

Eya ta esi Paulo ɖo Tesalonika la, gbã eyi ɖe ƒuƒoƒea hedzro “Ŋɔŋlɔawo me [kple Yudatɔwo] sabat etɔ̃ sɔŋ, eye wònɔ nu me ɖem heyɔa nyawo tsɔ ɖoa kpe edzi be, ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome, eye wònɔ gbɔgblɔm be: ‘Yesu sia si ŋu nya gblɔm mele na mi la, eyae nye Kristo la.’”​—Dɔwɔwɔwo 17:2, 3, 10.

Nya si dzi Paulo te gbe ɖo, si ku ɖe ame si Mesia la nye kple eƒe wɔƒe ŋu la, nye nya si dzi ame geɖe melɔ̃ ɖo o. Nufiafia si nye be Mesia la akpe fu la mewɔ ɖeka kple Yudatɔwo ƒe nukpɔsusu si nye be Mesia la anye aʋadziɖula kalẽtɔ o. Eya ta Paulo ‘dzro nu me,’ eye ‘wòɖe nu me’ heyɔ nyawo tso Ŋɔŋlɔawo me ‘tsɔ ɖo kpe’ eƒe nyawo dzi. Esia nye nufiafiamɔnu si ɖea kpe. * Ke aleke Paulo ƒe nyaselawo wɔ nui esime wònɔ nya vevi siawo me ɖem na wo?

Wokpe Fu Le Nya Nyuia Gbɔgblɔ Ta, Gake Eɖe Vi

Yudatɔ aɖewo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo la dometɔ geɖe xɔ Paulo ƒe gbedeasia, hekpe ɖe ‘nyɔnu ŋkutatɔ geɖewo’ ŋu. Nya “nyɔnu ŋkutatɔwo” sɔ nyuie, elabena ɣemaɣi la, Makedonia nyɔnuwo hã nɔa ɖoƒe kɔkɔwo. Wowɔa dziɖuɖudɔwo, kesinɔnuwo nɔ wo si, dukɔmevinyenye ƒe gome aɖewo nɔ wo si, eye wotsaa asi hã. Wolí ŋkuɖodzinuwo anyi na wo gɔ̃ hã. Abe ale si ko Filipitɔ asitsala Lidia xɔ nya nyuia ene la, fifia Tesalonika nyɔnu ŋkutatɔ geɖewo hã wɔe nenema ke. Anɔ eme be wonye nyɔnu siwo tso ƒome siwo ŋu bubu le la me alo wo srɔ̃wo nye dumegãwo.​—Dɔwɔwɔwo 16:14, 15; 17:4.

Ke hã, Yudatɔwo va nɔ ŋu ʋãm vevie. Wokplɔ “ame vɔ̃ɖi aɖewo tso dɔ aɖeke mawɔla siwo nɔa asi me la dome kpe ɖe wo ɖokuiwo ŋu, eye ale woɖo gbevuha aɖe hede zitɔtɔ dua me.” (Dɔwɔwɔwo 17:5) Ame ka ƒomeviwoe ame siawo nye? Biblia ŋuti nunyala aɖe ɖɔ wo be wonye “ame vlowo kple yakamewo.” Egblɔ kpee be: “Edze abe wometsɔ ɖeke le nya nyuia sese me o ene; ɖeko wole abe gbevuha siwo nya sia nya ko tea ŋu nana wonyrana, hewɔa ŋutasẽnu ƒomevi ɖe sia ɖe la ene.”

Gbevuha la dze “Yason [si gbɔ Paulo dze la] ƒe aƒe dzi, eye wonɔ didim be yewoakplɔ wo ayi na ameha la.” Esi womekpɔ Paulo o la, woyi ɖe dugã la ƒe tatɔwo gbɔ. Ale “wohe Yason kple nɔvi aɖewo yi dua me dziɖulawo gbɔ, eye wonɔ ɣli dom be: ‘Ame siawo, siwo de zi anyigba dzi tɔwo katã me la, va ɖo afi sia hã.’”​—Dɔwɔwɔwo 17:5, 6.

Esi Tesalonika nye Makedonia ƒe dugã ta la, enye du nɔɖokuisi va se ɖe afi aɖe. Le esia ta, sewɔtakpekpe, alo dumeviwo ƒe nyadrɔ̃ƒe aɖe nɔ anyi si kpɔa dua ƒe nyawo gbɔ. “Dua me dziɖulawo,” siwo wogayɔna be politarchs, * la nye dumegãwo, eye woƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ egbɔ be sea le dɔ wɔm, eye woakpɔ nya siwo ate ŋu ana Romatɔwo nava de nu dua ƒe nyawo me ahaxɔ mɔnukpɔkpɔwo le wo si la gbɔ. Eya ta aɖe fu na wo ne wose be zi tɔ le dua me le nya nyui gblɔlawo ta.

Azɔ, woda nya gã aɖe ɖe wo dzi be: “Ame siawo . . . wɔa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro ƒe ɖoɖowo ŋu, hegblɔna be fia bubu aɖe li, si nye Yesu.” (Dɔwɔwɔwo 17:7) Numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be esia fia “aglãdzedze kple tsitretsitsi” ɖe fiagã, siwo “maɖe mɔ woayɔ fia [bubu aɖeke] ƒe ŋkɔ le nuto siwo dzi ɖum wole me o, negbe ɖe wobia mɔ le wo gbɔ hafi” la ŋu. Azɔ hã, esi wònye be aglãdzedze ɖe dziɖuɖu ŋu ƒe nya sia kee wotsɔ ɖe Yesu ŋu, si ta Roma-megãwo wui ɖo, hafi Paulo hã be enye Fia ta la, adze abe ɖe amenutsotsoa le eme ene.​—Luka 23:2.

Dzi ku dumegãwo. Gake esi kpeɖodzi sẽŋu aɖeke meli o, eye womekpɔ ame siwo nu wotso la o hã ta la, “esi woxɔ megbedaga agbɔsɔsɔme si hiã le Yason kple ame bubuwo si vɔ hafi woɖe mɔ na wo wodzo.” (Dɔwɔwɔwo 17:8, 9) Ðewohĩ esia fia be hafi woaɖe asi le Yason kple Kristotɔ bubuawo ŋu la, wona woka ɖe edzi na dumegãwo be Paulo adzo le dua me, eye magatrɔ ava de zi amewo dome azɔ o. Ðewohĩ esia dzie Paulo nɔ susu hem yi esi wògblɔ be “Satana va tso mɔ na” ye, si wɔe be yemete ŋu trɔ yi dua me o.​—1 Tesalonikatɔwo 2:18.

Le ale si nɔnɔmeawo va le ta la, esi zã do la woɖo Paulo kple Sila ɖe Beroia. Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dze edzi le afi ma hã, gake esia ku dzi na Yudatɔ tsitretsiɖeŋula siwo le Tesalonika la ale gbegbe be, wozɔ kilometa 80 ƒe mɔ la yi Beroia be yewoade zi amehawo dome ahaƒo dzo ɖe amewo te be woatsi tsitre ɖe eŋu. Eya ta Paulo gadze mɔ ake ɖo ta Atene, gake nya nyuia ta ʋiʋli mese ɖe afi ma o.​—Dɔwɔwɔwo 17:10-14.

Kuxi Siwo Dze Ŋgɔ Hame Yeyea

Dzidzɔtɔe la, woɖo hame ɖe Tesalonika, gake menye tsitretsiɖeŋua koe nye kuxi si dze ŋgɔ Kristotɔ siwo nɔ afi ma la o. Trɔ̃subɔla siwo nɔa agbe gbegblẽ domee wonɔ, si wɔe be Paulo vɔ̃ ɖe wo nu. Aleke nɔvia Kristotɔwo awɔ nui?​—1 Tesalonikatɔwo 2:17; 3:1, 2, 5.

Kristotɔ siwo le Tesalonika nyae be ne yewodzudzɔ gomekpɔkpɔ le dua me ƒe hadome kple mawusubɔsubɔ wɔnawo me la, yewoƒe nu ave dɔme na yewo xɔlɔ̃ tsãtɔwo, eye woakpɔ dziku ɖe yewo ŋu. (Yohanes 17:14) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Helatɔwo ƒe trɔ̃wo abe, Zeus, Artemis, Apollo, kple Egipte mawuwo hã ƒe gbedoxɔwo bɔ ɖe Tesalonika. Fiagãsubɔsubɔ hã xɔ aƒe ɖi, eye wobia tso dumeviwo katã si be woanyi kɔwo nɛ. Wobua ame si gbe gomekpɔkpɔ le kɔnyinyi mawo me be edze aglã ɖe Roma dziɖuɖua ŋu.

Trɔ̃subɔsubɔ na amewo ƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Nu ɖeka ɖe dzesi le Tesalonika ƒe trɔ̃ vevitɔ Cabirus; Dionysus kple Aphrodite; kpakple Egiptetɔwo ƒe trɔ̃ si nye Isis ŋu: gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna siwo gbɔ eme kple aha tsu nono wɔa akpa vevi aɖe le trɔ̃ mawo subɔsubɔ me. Ahiãwo ƒe ame si nɔnɔ kple gbolowɔwɔ hã bɔ. Womebua matrewɔwɔ be enye nu vɔ̃ o. Ale si Romatɔwo nɔa agbee la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi, elabena le agbalẽ aɖe ƒe nya nu la, “ŋutsu kple nyɔnu geɖewo nɔ dua me siwo tsɔe ɖo wo ɖokuiwo dzi be yewoaɖi kɔ na dumeviawo ƒe dzodzro ɖe sia ɖe, eye atikenyalawo gblɔna be mele be woaɖu dzodzro mawo dzi o.” Eya ta mewɔ nuku o be Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woatsri agbe gbegblẽ nɔnɔ,’ eye woaƒo asa na “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe ŋubiabiã” kple “makɔmakɔnyenye.”​—1 Tesalonikatɔwo 4:3-8.

Kristotɔwo Kpɔ Dzidzedze

Ehiã be Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika la naʋli xɔsea ta vevie. Togbɔ be tsitretsiɖeŋu, nɔnɔme sesẽwo kple trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖi hã la, Paulo kafu wo ɖe woƒe ‘xɔse ƒe dɔwɔwɔ, agbagbadzedze kple dzidodo’ ta, kpakple ale si wodo alɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia le kpuiƒe kple didiƒewo.​—1 Tesalonikatɔwo 1:3, 8.

Le ƒe 303 M.Ŋ. la, woti Kristotɔwo yome vevie le Roma Fiaɖuƒea me. Yometilawo ƒe ŋgɔxɔlawo dometɔ ɖekae nye Caesar Galerius, si nɔ Tesalonika, ame si tu xɔ gã dzeaniwo ɖe dugã la me. Xɔ mawo dometɔ aɖewo ƒe glikpowo gali egbea modzakaɖetsaɖilawo yina ɖakpɔna.

Egbea, Yehowa Ðasefo siwo le Thessaloníki la ɖea gbeƒã na wo haviwo, eye edzɔna zi geɖe be wotɔna ɖe xɔ siwo Kristotɔwo ƒe futɔ vɔ̃ɖiwo tu la gbɔ tututu nɔa esia wɔm. Togbɔ be wotsi tsitre ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie ɣeaɖewoɣi le ƒe alafa 20 lia me hã la, Ðasefowo ƒe hame abe 60 ene le vevie dom nu le dugã ma me fifia. Woƒe agbagbadzedzewo ɖee fia be nya nyuia ta ʋiʋli, si dze egɔme ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la gale edzi yim, eye wòle dzidzedze kpɔm.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Paulo anya he susu yi ŋɔŋlɔwo abe Psalmo 22:8; 69:22; Yesaya 50:6; 53:2-7; kple Daniel 9:26 ene dzi.

^ Nya sia medze le Hela-gbalẽwo me o. Ke hã, woke ɖe anyikpedzinuŋlɔɖi aɖewo siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me, siwo dzi nya sia dze le la ŋu, si ɖo kpe Dɔwɔwɔwo ƒe nuŋlɔɖia dzi.

[Anyigbatata si le axa 18]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Via Egnatia

MAKEDONIA

Filipi

Amfipoli

Tesalonika

Beroia

THESSALY

Aegea Ƒua

ATENE

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Etame: Thessaloníki egbea

Etetɔwo: toƒewo kpakple Romatɔwo ƒe Tsileƒe si le asia me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Xɔ togodoo si te ɖe Galerius ƒe ŋkuɖodzikpe ŋu; Kaisaro Galerius ƒe kpetata; gbeƒãɖeɖe le Galerius ƒe Ŋkuɖodzikpe gbɔ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 18]

Gaku si dzi ame ƒe ta le: © Bibliothèque nationale de France; kpe dzi nuŋɔŋlɔ: Thessalonica Archaeological Museum, copyright Hellenic Ministry of Culture and Tourism

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]

Miame foto eve siwo le ete: 16th Ephorate of Prehistoric and Classical Antiquities, copyright Hellenic Ministry of Culture and Tourism

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 21]

Titina foto: Thessalonica Archaeological Museum, copyright Hellenic Ministry of Culture and Tourism