Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Fetu Si Le Sue Nu

Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Fetu Si Le Sue Nu

Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Fetu Si Le Sue Nu

OBED nye vifofo si si vi eve le. Ewɔ dɔ le amedzrodzeƒe kpeɖi aɖe si le Afrika dugã aɖe me ƒe ewo, eye eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ menye kuxi nɛ kura o. Le mɔkeɣi aɖewo la, ekplɔa eƒe ƒomea woɖakpɔa gbemelãwo le dukɔa ƒe tsaɖiƒevewo me. Ke esiawo katã nu va yi, elabena asisiwo dzi ɖe kpɔtɔ le amedzrodzeƒea, si wɔe be dɔ ge le esi.

Le ƒe 22 kple edzivɔ siwo Stephen tsɔ wɔ dɔ le gadzraɖoƒe aɖe me la, ewɔ ŋgɔyiyi va zu dɔmemegãwo dometɔ ɖeka. Nu siwo dɔwɔƒea nae dometɔ aɖewoe nye aƒe gã, ʋu, kple aƒemesubɔviwo hekpe ɖe suku xɔŋkɔ si viawo dena ŋu. Ke esi wonɔ asi trɔm le gadzraɖoƒea ƒe dɔwɔɖoɖowo ŋu la, dɔa ge le esi. Stephen gblɔ be: “Ete ɖe nye ƒomea dzi ale gbegbe. Dzi ɖe le ƒonye, mese veve, eye vɔvɔ̃ ɖom.”

Menye ame siawo koe le nɔnɔme sia tɔgbi me o. Ale si ganyawo tɔ zi le xexea me godoo fifia la na dɔ ge le ame miliɔn geɖe siwo ƒe dɔwɔɖuiwo li ke hafi la si. Ame siwo te ŋu kpɔ dɔ bubu le wɔwɔm la dometɔ geɖe ƒe fetuwo mekɔ mo dzi o, evɔ nuwo ƒe asi le dzi yim bobobo. Ganyawo ƒe toyiyi gblẽa nu le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu, metsɔ le eme be enye dukɔ deŋgɔ alo dukɔ madeŋgɔ o.

Nunya Vavãtɔ Hiã

Ne ganyawo va le sesẽm alo dɔ ge le mía si la, esia ate ŋu aɖe fu na susu na mí vevie. Ele eme be, godoo míavɔ̃ vie ɖe ale si nuwo ava nɔe ŋu ya. Ke hã, nunyala aɖe gblɔ kpɔ be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” (Lododowo 24:10) Le esi dzika natso mía ƒo le ganyawo ƒe toyiyi ta teƒe la, ele be míawɔ Mawu ƒe Nya sia dzi be: “[Dzra] nunya vavãtɔ ɖo.”—Lododowo 2:7, NW.

Togbɔ be menye ganyawo ŋuti mɔfiagbalẽe Biblia nye o hã la, aɖaŋu nyui siwo wòɖo ku ɖe nya siawo ŋu la ɖe vi na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo. Na míadzro mɔfiame nyui siwo le Biblia me la dometɔ aɖewo me kpɔ.

Bu eŋu kɔnta gbã. Bu Yesu ƒe nya si dze le Luka 14:28 ŋu kpɔ. Afi ma gblɔ be: “Mia dometɔ kae li, eye ne ele didim be yeatu xɔ kɔkɔ aɖe la, manɔ anyi ahabu eŋu kɔnta gbã, akpɔ ɖa ne nu sɔ gbɔ ɖe esi be wòawu enu oa?” Nya sia dzi wɔwɔ abia be míawɔ ɖoɖo ɖe ale si míazã gae ŋu ahazɔ ɖe edzi. Ke hã, abe ale si Obed de dzesii ene la, esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Egblɔ be: “Esime dɔa mege le asinye o la, míeƒlea nuwo zã le fiase gãwo me, togbɔ be nuawo dometɔ geɖe mehiã mí o hã. Míewɔa ɖoɖo ɖe gazazã ŋu o, elabena ga nɔ mía si míaƒle nu sia nu si dzro mí.” Ðoɖowɔwɔ ɖe gazazã ŋu awɔe be ame nazã ga sue si le esi la ɖe ƒomea ƒe nuhiahiã veviwo ko ŋu.

Trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Ðikeke mele eme o be mele bɔbɔ be ame si ɖu agbe tsã la nava nɔ agbe tsɛ o, gake ehiã. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Stephen gblɔ be: “Be míaɖe gazazãwo dzi akpɔtɔ la, mía kple nye ƒomea míeʋu yi aƒe si mía ŋutɔwo míetu la me, togbɔ be enɔ sue wu, eye míedzra eme ɖo vɔ o hã. Eva hiã be míaɖe ɖeviawo ayi suku siwo hã wofiaa nu nyuie le siwo ƒe sukufewo ka ɖe eme wu.”

Hafi tɔtrɔ ɖe nɔnɔme yeyea ŋu nadze edzi la, ehiã be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nagblɔ eƒe susu faa. Austin, si wɔ dɔ le gadzraɖoƒe aɖe ƒe asieke hafi dɔa ge le esi la gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míenɔ anyi heŋlɔ nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ la ɖi. Míekpɔe be ehiã be míaɖe ga si míezãna ɖe nuɖuɖu xɔasiwo, mɔkeke kpeɖiwo yiyi kple awu yeye siwo mehiã o ŋu la dzi akpɔtɔ. Edzɔ dzi nam be nye ƒomea wɔ nu aduadu kplim le asitɔtrɔ siawo wɔwɔ me.” Togbɔ be ɖevi suewo mase nu si tae tɔtrɔ siawo hiã la gɔme bliboe o hã la, mi dzilawo miate ŋu aɖe nu me na wo.

Lɔ̃ faa nàwɔ dɔ bubuwo. Ne yevudɔ wɔwɔe ma wò la, ɖewohĩ awɔ na wò be dɔ sesẽwo wɔwɔ asesẽ na ye akpa. Austin gblɔ be: “Esi menye amegã le dɔwɔƒe gã aɖe kpɔ ta la, menɔ bɔbɔe nam kura be matrɔ susu ɖe dɔ tsɛwo wɔwɔ ŋu o.” Esia mewɔ nuku o, elabena Lododowo 29:25 gblɔ be: “Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame.” Ne wò susu katã le nu si ame bubuwo abu tso ŋuwò ŋu la, ke màte ŋu akpɔ wò ƒomea dzi o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàbu nuwo ŋu nyuie?

Ðokuibɔbɔ le vevie. Esi dɔ si Obed wɔna le amedzrodzeƒea ge le esi la, ame aɖe si woa kplii wowɔ dɔ kpɔ, si si ʋudzraɖoƒe le la, xɔe ɖe eƒe dɔ me. Dɔa bia be wòanɔ mɔ legbe siwo dzi ʋuʋu le la dzi zɔm aɖaƒle aŋɔ si wosina na ʋu, kpakple ʋu ŋutinu bubuwo. Obed gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe nam kura o, ke hã aleke nàhawɔ ƒe nyae. Ðokuibɔbɔ kpe ɖe ŋunye melɔ̃ wɔ dɔ si ƒe fetu mede tsãtɔ ƒe memama eneliawo ɖeka nu o, si wɔe be mete ŋu kpɔ nye ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ.” Ðe asitɔtrɔ sia tɔgbi ate ŋu aɖe vi na wò hã?

Nu si le asiwò nedze ŋuwò. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be ne ame aɖe kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, “ekpɔa dzidzɔ ɖe nɔnɔme si me wòle la ŋu ale si dze.” Ðewohĩ ame si le gakuxi sesẽwo me tom masusui be viɖe anɔ nya sia dzi wɔwɔ ŋu o. Ke hã, bu nya si apostolo Paulo, si nye dutanyanyuigblɔla si kpe hiã kpɔ la gblɔ ŋu kpɔ: “Le nɔnɔme ɖe sia ɖe si me mele la, mesrɔ̃e be ele be nu siwo le asinye la nadze ŋunye. Ɛ̃, menya ale si nu hiãa ame, ɛ̃, menya ale si nu bɔna ɖe ame si.”—Filipitɔwo 4:11, 12.

Nɔnɔmeawo ate ŋu ava ka ɖe eme ya, gake le xexe sia si me nuwo le tɔtrɔm me la, nuwo ate ŋu agblẽ ɖe edzi hã. Viɖe ado tso eme na mí ne míetsɔ nya sia si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la nya vevii: “Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu sia nye viɖenu gã, ne nu si le ame si la dzea ame ŋu. Eya ta esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.” Menye ɖe Paulo nɔ kuviawɔwɔ dzi dem o, ke boŋ enɔ susu hem yi nɔnɔme nyuitɔ si wòle be wòanɔ mía si ɖe ŋutilãmenuwo ŋu dzi.—1 Timoteo 6:6, 8.

Dzidzɔtsoƒe Vavãtɔ

Menye kɔlili nu sia nu si dzro mí la ɖi alo agbeɖuɖu gbɔe dzidzɔ vavãtɔ tsona o. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” Eya ta nu siwo le mía si tsɔtsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu kpakple dzidede ƒo na wo ye nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Mía Wɔla, Yehowa Mawu, nya nu siwo katã hiã mí la nyuie. To eƒe Nya, Biblia dzi la, ena mɔfiame nyui siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu be nuwo va nyo na wo wu le agbe me, eye womegatsia dzimaɖi o. Esia mefia be mɔfiameawo dzi wɔwɔ ana ame navo tso eƒe gakuxiwo katã me zi ɖeka ya o. Gake Yesu ka ɖe edzi na ame siwo nɔa “fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã” la be Mawu ana woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo katã wo.—Mateo 6:33.