Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkeke Si Mese Vivi Na Wu!

Mɔkeke Si Mese Vivi Na Wu!

Lɛta Si Tso Ireland

Mɔkeke Si Mese Vivi Na Wu!

DZINYELAWO gblɔ nam be: “Anyo be nàwɔ nu dodzidzɔname aɖe si awɔe be màganɔ dzimaɖi tsim ɖe wò sukudodokpɔa ŋu o. Na míayi aɖasrã ƒometɔwo kpɔ le Ireland ne míaɖe gbeƒã na ame siwo ƒãa hafi wosea Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.”

Susu si wodo ɖa la medze ŋunye hafi o, elabena ehiã be madzra ɖo ɖe dodokpɔa ŋu, eye mɔa zɔzɔ do vɔvɔ̃ nam hã, elabena nyemezɔ mɔ yi England godo alo ɖo yameʋu kpɔ o. Aleke ɖetugbui ƒe 17 vi si le London ƒe gbɔtodu si me vovo menɔa ame ŋu le o la awɔ ne eva le du sue aɖe si le Ireland ƒe anyieheɣetoɖoƒe kekeake si me agbea le blewu le?

Mehiã be matsi dzi hafi o. Teƒea dze eme nam tso esi yameʋua nya dze teti ko. Ke hã, esi wònye ŋdi kanyae míeɖo ʋu yi mɔa zɔzɔ dzi ta la, alɔ̃ fim esi míedze mɔa teti. Mɔ si zɔm míele la le lɛɛ, eye woɖo gli ɖe eto. Enuenu la, menyɔna hekpɔa ale si nutoa me ƒe towo kple baliteƒewo nya kpɔe la le adzɔge ɖaa.

Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ ye míeɖo Skibbereen, eye míese vivi na hadede tuameɖowo kple ƒome aɖe si ʋu va Ireland be yewoado alɔ Fiaɖuƒe ŋuti gbeƒãɖeɖedɔa. Míewɔ Biblia me fefe siwo me mía dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa agbalẽ kakɛ si dzi woŋlɔ Bibliameme aɖe ƒe ŋkɔ ɖo la le akplo aɖe me, eye míewɔa dzesiwo numaƒomaƒoe tsɔ ɖɔa amea. Ke ele be ame susɔeawo nadze agbagba ayɔ amea ƒe ŋkɔ.

Le ŋufɔke la, mía kple dzinyelawo, nɔvinyeŋutsu suetɔ kple ƒometɔ bubuwo míeɖo tɔdziʋu yi ƒukpo sue si ŋkɔe nye Heir Island, afi si ame siwo made 30 o la le. Yesu gblɔ be ele be woaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo le anyigba bliboa katã dzi. Eya ta le ŋkekea me la, míegblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya fakɔnamewo na amedzrowɔla mawo siwo doa vivi ɖe ame ŋu la, eye nuto dzeani si ŋu womegblẽ  nu le o la kpɔkpɔ do dzidzɔ na mí.

Ŋdɔ nɔ ʋuʋum, ya me kɔ, eye dziŋgɔlia nɔ blɔ. Seƒoƒo siwo ƒe amadede nye aŋutiɖiɖi, siwo ʋẽna abe yevune ene la, ƒe ʋeʋẽ lilili xɔ ya me. Adameseƒoƒowo dudu ɖe anyigba keŋ le ƒukpoa titina si nye bateƒe la. Tsimesewo kple ƒudzixewo wɔ atɔwo ɖe agakpe siwo le ƒua ta la tame, eye wo viwo le wo ŋu. Míekpɔ ƒukpo sue geɖe, siwo dometɔ aɖewo dzi ame aɖeke mele o la, le adzɔge ʋĩi. Wotsɔ ŋkɔ na ƒukpo mawo be Roaringwater Bay. Yehowa ƒe asinudɔ siawo kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ!

Edzɔ dzi nam hã be medze xɔlɔ̃ geɖewo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le Skibbereen la me, eye mete nu yeye aɖewo hã wɔwɔ kpɔ. Nu yeye si do dzidzɔ nam wue nye akromenɔnɔ. Tsaɖiɖi le Ireland ƒe ƒutanutowo me le akro me do dzidzɔ nam ŋutɔ! Míeyi be míaɖe lã hena fiẽnuɖuɖu, gake ƒumelã siwo hã nɔ lã dim be yewoaɖu la tre ɖoɖo na mí. Míeto fefe aɖewo vae hefe le ƒua ta, eye mete Irelandtɔwo ƒe ɣeɖuɖu kpɔ gɔ̃ hã.

Míedi ɣeyiɣi srɔ̃ nu tso Skibbereen ƒe ŋutinya ŋu vie hã. Esi Irelandtɔwo ƒe yevutee-gblewo mewɔ nu le ƒe 1840-awo me o la, egblẽ nu le du sia kple nuto siwo ƒo xlãe la ŋu vevie ŋutɔ. Dɔ wu ame akpe geɖe woku, eye woɖi wo dometɔ siwo ade 9,000 la ɖe ʋe gã aɖe me. Efa akɔ na mí be eteƒe madidi o le Mawu Fiaɖuƒea te la, dɔwuame maganɔ anyi akpɔ o, eye woagbɔ agbe ame akpe geɖe siwo ku nublanuitɔe alea la woava nɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi.

Míede ha kple nutoa me Ðasefowo le gbeƒãɖeɖe na ame siwo le hamea ƒe anyigbamama gã la ƒe afi siwo wometea ŋu dena edziedzi o. Míeku ʋu to mɔ xaxɛ ɖiabu aɖe dzi yi aƒe siwo wotu ɖe towo kɔgo le Irish Ƒu la nu. Ame siwo míedo goe le afi sia hã do vivi ɖe mía ŋu hexɔ mí nyuie. Míegblɔ na ameawo be mɔkekee míele, eye míetsɔ míaƒe mɔkeɣia ƒe akpa aɖe le gbeƒã ɖem Biblia me gbedeasi lédziname aɖe. Alea kee míewɔe le Heir Island hã.

Danye ƒo nu na nyɔnu aɖe si lɔ̃ faa xɔ míaƒe magazine siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Esi míegado goe ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, egblɔ be magazineawo xexlẽ do dzidzɔ na ye.

Egblɔ na mí be: “Meɖe kuku mitrɔ va ɣebubuɣi kple miaƒe magazinewo ne miava ɖo dze kplim.” Míegblɔ nɛ be míatrɔ ayi aƒe kpuie, gake míana ame aɖe nava egbɔ.

Eɖo eŋu be: “Ke meɖe kuku ne mietrɔ va la, miava sram kpɔ. Irelandtɔwo meŋlɔa ame be gbeɖe o!”

Le míaƒe mɔkekea ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, mía kple hamea me tɔwo míeyi ƒuta. Míetsɔ ati siwo ƒua kplɔ va gota la do dzoe ɖe mlekpui si míetsɔ kpewo wɔ la dzi, eye míemè fɔlĩ, siwo tsi zɔzrɔ̃a kplɔ va ƒua ta, siwo míefɔ le kpewo domee la le edzi. Togbɔ be dugã mee menɔ tsi hã la, mese vivi na esia ya ŋutɔ!

Azɔ, nya kae magblɔ tso kwasiɖa ɖeka si metsɔ nɔ Ireland la ŋu? Eyae nye mɔkeke si mese vivi na wu le agbe me! Menye dzidzɔdonamenuawo ko tae o, ke enyanya be menɔ nu si dzea Yehowa ŋu wɔm henɔ eƒe ŋkɔ kafum la hã na mekpɔ dzidzeme ŋutɔ. Mawu subɔsubɔ doa dzidzɔ nam, eye ne xɔlɔ̃ nyuiwo kple ƒometɔ siwo hã sena le wo ɖokui me alea kpe asi ɖe ame ŋu la, dzidzɔ ganɔa eme wu. Esi meɖo aƒe la, meda akpe na Yehowa ɖe ale si wòna xɔlɔ̃ siwo hã lɔ̃ Yehowa lam, kpakple nu nyui siwo nyemaŋlɔ be akpɔ o siwo teƒe mekpɔ la ta.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

An Post, Ireland