Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae dzidzimegbalẽwo nɔ vevie na Yudatɔwo nenema gbegbe?

Dzidzimewo ŋuti nuŋlɔɖiwo nɔ vevie, elabena wotoa wo dzi nyana ƒomekadodowo kple to si me ame tso. Azɔ hã, wonɔa te ɖe wo dzi nyana ale si woama anyigba kple domenyinuwo. Enɔ vevie ŋutɔ hã be ƒome si me Mesiaa adzɔ tso la nanɔ nyanya. Yudatɔwo nya nyuie be ele be Ame sia nanye David, si tso Yuda toa me la, ƒe dzidzimevi.​—Yohanes 7:42.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, agbalẽnyala Joachim Jeremias gblɔ be: “Esi wònye to aɖe koŋ me tɔwo koe nyea nunɔlawo kple Lewi viwo ta la . . . enɔ vevie ŋutɔ be ƒome bubu me tɔwo nagatsaka kpli wo o.” Wobia tso Israel nyɔnu siwo aɖe srɔ̃ ɖe nunɔlawo ƒe ƒomewo me la si be woana ƒome si me tɔ wonye la ŋuti kpeɖodzi, bene nunɔlanyenyea nayi na nunɔlawo ƒe ƒomea me tɔwo ɖeɖe ko. Le Nexemiya ŋɔli la, woɖe nunɔlanyenyea le Lewi ƒome blibowo dzi, elabena “[wodi] woƒe dzidzimegbalẽ, gake womekpɔe o.”​—Nexemiya 7:61-65.

Azɔ hã, wogblɔ le Mose ƒe Sea me be “ahasivi” alo “Amoritɔ kple Moabitɔ aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.” (5 Mose 23:2, 3) Le esia ta, Jeremias gblɔ kpee be, “hafi dumevinyenye ƒe gomenɔamesi nasu ame aɖe si la, ele be wòana ƒome si me wòtso la ŋuti kpeɖodzi, eye esia ɖo kpe míaƒe nyataƒoƒo si nye be . . . Israel vi ɖe sia ɖe kloe nya etɔgbuiawo ŋkɔ, eye wònya to wuieveawo dometɔ si me eya ŋutɔ tso.”

Aleke Yudatɔwo wɔ ƒo ŋkɔwo nu ƒu ɖe dzidzimegbalẽwo me hekpɔ wo ta?

Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Mateo kple Luka wɔ Yesu tɔgbuiwo ƒe dzidzime ŋuti nuŋlɔɖiwo tsitotsito. (Mateo 1:1-16; Luka 3:23-38) Eye dzidzimegbalẽ bubuwo hã nɔ anyi. Le kpɔɖeŋu me, Yudatɔwo ƒe midrash, alo numeɖegbalẽ aɖe gblɔ tso Hillel, si nye rabi (alo nufiala) si nɔ anyi le Yesu ŋɔli ŋu be: “Woke ɖe dzidzimewo ŋuti agbalẽxatsaxatsa aɖe ŋu le Yerusalem si dzi woŋlɔ ɖo be Hillel nye David ƒe dzidzimevi.” Flavius Josephus, si nye Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla le ƒe alafa gbãtɔ me, gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Life me be, ye tɔgbuiwo nye nunɔlawo, eye le nɔgome la, yetso “fiaƒomea me.” Egblɔ be “dumeviwo ƒe dzidzimewo ŋuti nuŋlɔɖiwo” mee yekpɔ nya sia le.

Le Josephus ƒe agbalẽ aɖe (Against Apion) me la, eƒo nu tso ame siwo dzraa nunɔlawo ƒe dzidzimegbalẽwo ɖo ŋu hegblɔ be “bubume siwo ɖe dzesi wu” lae wodea dɔ sia asi na. Numekugbalẽ aɖe (The Jewish Encyclopedia) gblɔ be: “Edze abe amegã aɖe li koŋ si gbɔ nuŋlɔɖiawo nɔna ene, eye nyadrɔ̃ƒe aɖe nɔ Yerusalem si kpɔa dzidzimenyawo gbɔ.” Yudatɔ siwo metso nunɔlawo ƒe ƒomea me o la dea woƒe ŋkɔwo agbalẽ me le wo fofowo de. (Luka 2:1-5) Edze ƒãa be duawo ƒe nuŋlɔɖi siawo dzie Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔlawo kpɔ. Edze abe ƒome aɖewo ŋutɔwo hã wɔ woƒe dzidzimewo ŋuti nuŋlɔɖiwo ene.