Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ne Miele Gbe Dom Ða La, Migblɔ Be, ‘Fofo’”

“Ne Miele Gbe Dom Ða La, Migblɔ Be, ‘Fofo’”

“Ne Miele Gbe Dom Ða La, Migblɔ Be, ‘Fofo’”

Ne èse nya “Fofo” la, nu kae vaa susu me na wò? Ŋutsu si wɔa nu ɖe eƒe ƒomea ŋu lɔlɔ̃tɔe, eye wòtsɔ ɖe le eƒe ƒomea ƒe nyonyo me veviea? Alo ŋutsu ɖekematsɔlemetɔ si sẽa ŋuta ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã? Ŋuɖoɖoa anɔ te ɖe ame si ƒomevi fofowò nye dzi.

NYA “Fofo” ye Yesu zãna zi geɖe ne ele nu ƒom na Mawu alo le nu ƒom tso eŋu. * Esi Yesu nɔ gbedodoɖa fiam eyomedzelawo la, egblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be, Fofo.” (Luka 11:2) Gake fofo ka ƒomevie Yehowa nye? Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie ŋutɔ. Nu ka tae? Zi ale si míeva le si dzem fofo si ƒomevi Yehowa nye la, zi nenemae míate ɖe eŋu ahalɔ̃e geɖe wu.

Ame aɖeke medze afia nu mí tso mía Fofo si le dziƒo la ŋu wu Yesu ŋutɔ o. Ƒomedodo kplikplikpli nɔ wo kple Fofoa dome. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke menya Vi la nyuie o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke menya Fofo la nyuie o, negbe Vi la, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia ko.” (Mateo 11:27) Eya ta mɔ nyuitɔ si dzi míato anya Fofo lae nye to Vi la dzi.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mía Fofo si le dziƒo la ŋu tso Yesu gbɔ? Bu nya sia si Yesu gblɔ la ŋu kpɔ: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Nya siwo Yesu gblɔ le afi sia la ɖe mía Fofo si le dziƒo la ƒe nɔnɔme vevitɔ fia​—eyae nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Yehowa ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiana le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu, eƒe dɔme trɔna ɖe mía ŋu, ekpɔa mía ta, eɖɔa mí ɖo, eye wòkpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ na mí.

Yesu Ka Ðe Edzi Na Mí Be Míaƒe Nu Dzea Mía Fofo La Ŋu

Dzi ɖoa ɖeviwo ƒo, eye wokpɔa ŋusẽdodo ne wo dzilawo ɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Bu ale si gbegbe dzi anya ɖo Yesu ƒoe esi wòsee Fofoa gblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo” la ŋu kpɔ. (Mateo 3:17) Yesu ka ɖe edzi na míawo hã be Fofo la lɔ̃ mí, eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu. Egblɔ be: “Ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e.” (Yohanes 14:21) Aleke gbegbe nya sia faa akɔ na amee nye esi! Gake ame aɖe li si di be nàsusui be Mawu melɔ̃ wò o.

Satana di be yeana míaxɔe ase be míaƒe nu medzea mía Fofo si le dziƒo la ŋu o. Edina be yeana míasusui be míedze na Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖeameŋu o. Ɣeyiɣi siwo me ŋusẽ boo mele mía ŋu o la koŋue wòwɔa esia, abe ne míedze dɔ, ne míegbɔdzɔ, ne míeku amegã, alo ne míelé blanui le esi míedo kpo nu alo míaƒe mɔkpɔkpɔ meva eme o ta. Bu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Lucas, si se le eɖokui me be yeƒe nu mate ŋu adze Mawu ŋu o la, ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Lucas gblɔ be le yeƒe ɖevime la, ye dzilawo ƒe nɔnɔme va trɔ kura, eye womeganɔa agbe ɖe nu nyui siwo wofia ye la dometɔ geɖe nu o. Anɔ eme be esiae na wòsesẽ nɛ be wòate ɖe Fofoa si le dziƒo ŋu kplikplikpli. Gawu la, esi le dzɔdzɔme nu la, Lucas tsia dzi akpa ta la, edzea nya me zi geɖe, vevietɔ le eƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Gake vivivi la, Lucas srɔ̃, si gbɔa dzi ɖi hedea dzi ƒo nɛ, si wòɖɔ be enye “yayra tɔxɛ kple nunana tso Mawu gbɔ” la, kpe ɖe eŋu wòɖu eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔa dzi. Lucas va de dzesii be “Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo.” (1 Timoteo 1:15) Lucas gblɔ be ŋugbledede le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔɖeameŋu ŋu na yekpɔ dzidzɔ kple dzidzeme.

Ne ɖikeke ɖoa mewò ɣeaɖewoɣi be Yehowa melɔ̃ wò alo kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò o la, Romatɔwo 8:31-39 xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Le kpukpui mawo me la, apostolo Paulo ka ɖe edzi na mí lɔlɔ̃tɔe be naneke mate ŋu “ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, me la gbɔ o.” *

Dɔmetɔtrɔ Gã Fofo

Mía Fofo si le dziƒo la sea veve ɖe mía nu ne míele fu kpem. Enye “dɔmetɔtrɔ gã” ƒe Mawu. (Luka 1:78) Yesu hã ƒe dɔme trɔna ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu, abe Fofoa ke ene. (Marko 1:40-42; 6:30-34) Kristotɔ vavãwo hã dzea agbagba be yewoasrɔ̃ yewo Fofo si le dziƒo la ƒe dɔmetɔtrɔ. Wowɔa Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si nye be “mizu ame siwo nyoa dɔme na [mia] nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie” la dzi.​—Efesotɔwo 4:32.

Bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Felipe ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Gbe ɖeka esi wònɔ mɔ dzi yina dɔ me la, kasia ese veve helĩhelĩ le eƒe dzime abe ɖe ame aɖee ƒo nu ɖee ene. Wokplɔe yi kɔdzi enumake. Esi ɖɔktawo doe kpɔ gaƒoƒo enyi vɔ la, woƒo nya ta be nu gblẽ le eƒe ʋuka titriawo dometɔ ɖeka ŋu vevie. Wogblɔ be miniti 25 koe gasusɔ nɛ be wòanɔ agbe, eya ta dɔwɔwɔ nɛ maɖe vi aɖeke o.

Felipe ƒe haxɔsetɔ aɖewo nɔ eteƒe, eye esi woƒe dɔme trɔ ɖe eŋu ta la, wotso ɖe eŋu kpata. Wowɔ ɖoɖo enumake kplɔe yi kɔ bubu dzi, afi si wowɔ dɔ nɛ le enumake, eye eƒe haxɔsetɔwo nɔ eŋu va se ɖe esime wowɔ dɔa nɛ vɔ. Dzidzɔtɔe la, Felipe tsi agbe. Ne Felipe ɖo ŋku nudzɔdzɔ ma dzi la, edaa akpe ɖe dɔmetɔtrɔ si eƒe haxɔsetɔwo ɖe fiae la ta. Gake Felipe ka ɖe edzi be ye Fofo si le dziƒo la gbɔe wòtso be woƒe dɔme trɔ ɖe ye ŋu nenema. Felipe gblɔ be: “Ðeko wònɔ abe ɖe Mawu tɔ ɖe gbɔnye abe vifofo lɔ̃ame aɖe ene be yeado ŋusẽm.” Nyateƒee, Yehowa ɖea eƒe dɔmetɔtrɔ fiana to ale si wònana esubɔla siwo le anyigba dzi la ɖea nɔnɔme sia fianae dzi.

Mía Fofo La Kpɔa Mía Ta

Ne ɖevi sue aɖe kpɔ be afɔku gbɔna la, ate ŋu asi ayi fofoa gbɔ be wòakpɔ ye ta. Ðeviwo ƒe dzi dzea eme ne wo fofo kɔ wo ɖe akɔ nu lɔlɔ̃tɔe. Yesu ka ɖe edzi bliboe be Yehowa nye ametakpɔla. (Mateo 26:53; Yohanes 17:15) Mía Fofo si le dziƒo la ate ŋu akpɔ míawo hã ta be míanɔ dedie. Gbɔgbɔmetakpɔkpɔ koŋue Yehowa nana mí egbea. Ne míagblɔe bubui la, enaa kpekpeɖeŋu si hiã la mí be míate ŋu aƒo asa na afɔkuwo kple nu siwo ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kplii dome la me. Mɔ siwo dzi wòtona kpɔa mía ta dometɔ ɖekae nye Biblia me nuxlɔ̃ame siwo wònana mí. Ne míese nuxlɔ̃ame mawo la, ɖeko wòle abe ɖe Yehowa le mía megbe le gbɔgblɔm na mí be: “Mɔ la enye si, mito edzi!”​—Yesaya 30:21.

De ŋugble le Tiago kple nɔviaŋutsuwo, Fernando kple Rafael, siwo nye rock-and-roll hadziha aɖe me tɔwo la ƒe ŋutinya ŋu kpɔ. Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi wotia wo be woava ƒo ha le fefewɔƒe siwo xɔ ŋkɔ wu le São Paulo, si le Brazil, la dometɔ ɖeka me. Wose le wo ɖokui me be nu ava nyo na yewo. Gake woƒe haxɔsetɔ aɖe xlɔ̃ nu wo ku ɖe afɔku siwo ate ŋu ado tso hadede kplikplikpli kple ame siwo menɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu o me la ŋu. (Lododowo 13:20) Egblɔ eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ na wo tsɔ te gbe ɖe Biblia me nuxlɔ̃ame ma ƒe vevienyenye dzi. Eya ŋutɔ nɔvia va zu nu gbegblẽ wɔla le esi wòde ha kple ame gblẽkuwo ta. Tiago kple nɔviawo tso nya me be yewoaɖe asi le hadzidzidɔa ŋu kura. Wo ame etɔ̃a katã woƒo wo ɖokuiwo ɖe Kristotɔwo ƒe gbe sia gbe gbeƒãɖeɖedɔa me fifia. Woka ɖe edzi be toɖoɖo nuxlɔ̃ame si tso Mawu ƒe Nyaa me la kpɔ yewo kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa ta.

Mía Fofo Si Le Dziƒo La Ðɔa Mí Ðo

Vifofo lɔ̃ame ɖɔa viawo ɖo, elabena etsɔ ɖe le ame si ƒomevi woava nye le etsɔme la me. (Efesotɔwo 6:4) Vifofo sia tɔgbi tea ŋu ɖoa movevi le viawo ɖɔɖɔɖo me, gake mewɔa nu ɖe wo ŋu dzikutɔe gbeɖe o. Nenema kee wòva hiãna ɣeaɖewoɣi be mía Fofo si le dziƒo la naɖɔ mí ɖo. Gake Mawu mewɔa esia wògbɔa eme ɣeaɖekeɣi o, ke boŋ ewɔnɛ le lɔlɔ̃ me ɣeawokatãɣi. Yesu hã srɔ̃ Fofoa. Ne eɖɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo gake wole wɔwɔm blewu le eŋu dɔ wɔwɔ me gɔ̃ hã la, medoa dziku ɖe wo ŋu o.​—Mateo 20:20-28; Luka 22:24-30.

De dzesi ale si ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ricardo wɔ va kpɔ ale si Yehowa ɖɔa ame ɖo lɔlɔ̃tɔe la dze sii. Esi Ricardo xɔ ɣleti adre la, fofoa gblẽ woƒe ƒomea ɖi. Esi Ricardo ge ɖe eƒe ƒewuiwo me la, edzroe vevie be fofo nanɔ ye si. Eva ƒo eɖokui ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me, si wɔe be eƒe dzitsinya ɖe fu nɛ vevie. Esi wòkpɔe be agbe si nɔm yenɔ la mewɔ ɖeka kple ale si wòle be Kristotɔ nanɔ agbee o la, eyi ɖakpɔ hame si me wònɔ la ƒe hamemetsitsiwo. Hamemetsitsiawo nɔ te ɖe Biblia dzi xlɔ̃ nui moveviɖoɖotɔe, gake wowɔe le lɔlɔ̃ me. Ricardo lɔ̃ wogbe nya nɛ, gake eganɔ fu kpem vevie le nu siwo wòwɔ va yi ta, eya ta etsia zãdomadɔlɔ̃e, efaa avi, eye wòléa blanui. Mlɔeba, eva de dzesii be to si wohe na ye la ŋutɔ hã fia be Yehowa galɔ̃ ye kokoko. Ricardo ɖo ŋku Hebritɔwo 12:6 me nyawo dzi. Afi ma gblɔ be: “Ame si Yehowa lɔ̃na la, eyae wòhea to na.”

Ele vevie be míaɖo ŋku edzi be ɖɔɖɔɖo lɔ nu geɖe ɖe eme wu tohehe alo mokaka na ame ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ta. Biblia ɖee fia be tohehe nye hehenana ƒe mɔnu. Eya ta mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ɖea mɔ míekpea nu gbegblẽ siwo míewɔ la me tsonuwo ƒe fu vie ɣeaɖewoɣi, be wòanye tohehe na mí. Ke hã, Biblia ɖee fia be to si wòhena na mí la nyea hehexɔxɔ si kpena ɖe mía ŋu míewɔa nu si le eteƒe. (Hebritɔwo 12:7, 11) Ɛ̃, mía Fofo la di vevie be eme nanyo na mí, eye wòɖɔa mí ɖo le míaƒe nyonyo ta.

Mía Fofo La Naa Míaƒe Ŋutilãmenuhiahiãwo Mí

Vifofo lɔ̃ame dzea agbagba be yeakpɔ yeƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Nenemae Yehowa hã le. Yesu gblɔ be: “Mia Fofo si le dziƒo la nyae be miehiã nu siawo katã.” (Mateo 6:25-34) Yehowa do ŋugbe be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”​—Hebritɔwo 13:5.

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Nice la va kpɔ nya sia ƒe nuvãnyenye dze sii esi dɔ ge le srɔ̃a si. Nice ɖe asi le dɔ aɖe si ƒe fetu nyo la ŋu teti koe nye ema, bene yeakpɔ vovo ɖe ye vinyɔnuvi eveawo kpakple Mawu subɔsubɔ ŋu. Ke aleke wole agbea nɔ gee fifia? Edo gbe ɖa na Yehowa. Le ŋufɔke la, srɔ̃a trɔ yi eƒe dɔwɔƒea be yeaɖafɔ yeƒe nuwo. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ esi dɔtɔa gblɔ nɛ be dɔ bubu aɖe dze, eye wòtsɔ dɔa nɛ! Alea wòdzɔe be dɔ ge le Nice srɔ̃ si egbe, eye bubu gasu esi le ŋufɔke. Nice kple srɔ̃a woda akpe na wo Fofo si le dziƒo la ɖe nya nyui ma ta. Woƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa, míaƒe Nunala lɔ̃ame la meŋlɔa esubɔla wɔnuteƒewo be gbeɖe o.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mía Fofo Ƒe Lɔlɔ̃ La Ŋu

Vavãe, ale si gbegbe mía Fofo si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃ de toe la wu gbɔgblɔ! Eɖea vifofo ƒe lɔlɔ̃a fiana le mɔ vovovowo nu​—ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu, eƒe dɔme trɔna ɖe mía ŋu, ekpɔa mía ta, eɖɔa mí ɖo, eye wòkpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. Ne míebu esiawo katã ŋu la, míekpɔnɛ dzea sii be enye Fofo nyuitɔ kekeake vavã!

Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si mía Fofo si le dziƒo ɖe fia mí la ŋu? Míate ŋu adze agbagba asrɔ̃ nu geɖe tso eya amea kple eƒe tameɖoɖo ŋu. (Yohanes 17:3) Míate ŋu atrɔ míaƒe agbenɔnɔ wòasɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe mɔwo nu. (1 Yohanes 5:3) Míate ŋu aɖe eƒe lɔlɔ̃a afia le ale si míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui me. (1 Yohanes 4:11) To mɔ siawo katã dzi la, míate ŋu aɖee afia be míebua Yehowa be enye mía Fofo, eye be enye bubu na mí be míenye viawo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Wote gbe ɖe ale si Yehowa nye fofoe la dzi zi geɖe le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, le Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃ gbãtɔawo me la, Yesu zã nya “Fofo” zi 65, eye wòzãe wu zi 100 le Yohanes ƒe Nya Nyuia me. Paulo hã yɔ Mawu be “Fofo” wòwu zi 40 le eƒe lɛtawo me. Yehowa nye mía Fofo le gɔmesesea nu be eyae nye míaƒe Agbedzɔƒe.

^ Kpɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe ta 24 lia, si ƒe tanyae nye “Naneke Mate Ŋu ‘Ama Mí Atso Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Gbɔ O.’” Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Zi ale si míeva le si dzem fofo si ƒomevi Yehowa nye la, zi nenemae míate ɖe eŋu ahalɔ̃e geɖe wu

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Míate ŋu aɖee afia be míebua Yehowa be enye mía Fofo, eye be enye bubu na mí be míenye viawo

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

YEHOWA ÐEA VIFOFO ƑE LƆLƆ̃ FIANA LE MƆ VOVOVOWO NU

ŊUDZEDZEKPƆKPƆ

DƆMETƆTRƆ

AMETAKPƆKPƆ

ÐƆÐƆÐO

ŊUTILÃMEKPEKPEÐEŊU