Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be . . .

Nu Ka Tae Mawu Bia Tso Esubɔlawo Si Be Woaɖe Haxɔsetɔwo Ko?

Nu Ka Tae Mawu Bia Tso Esubɔlawo Si Be Woaɖe Haxɔsetɔwo Ko?

▪ Le Se si Mawu tsɔ na Israel dukɔa me la, ede se na wo ku ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wo la ŋu be: “Mègado ƒome kpli wo, ne nàtsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o.” (5 Mose 7:3, 4) Nu ka tae Mawu de se sia na wo ɖo?

Gbã la, dukɔa ƒe nyonyo tae. Yehowa nya be Satana adi be yeagblẽ nu le Yeƒe amewo ŋu to nana be woatrɔ ɖe alakpamawuwo subɔsubɔ ŋu me. Eya ta Mawu gaxlɔ̃ nu wo gblɔ bena, dzimaxɔsetɔawo ana “viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo.” Esia nye ŋkubiãnya, elabena ne Israel viwo trɔ ɖe mawu bubuwo subɔsubɔ ŋu la, woƒe nu magadze Mawu ŋu ne wòayi wo ta kpɔ ge o, eye esia ana wòanɔ bɔbɔe be woƒe futɔwo nakpɔ mɔnu le wo ŋu. Ekema aleke wòanya wɔ be Mesia la nadzɔ tso dukɔa me? Esia na nu si tae Satana di vevie be yeable Israel viwo ne woaɖe dzimaxɔsetɔwo la me kɔ ƒãa.

Evelia, ame ɖekaɖekawo ƒe nyonyo tae. Ele be míaɖo ŋku edzi be Mawu tsɔ ɖe le eme na eƒe amewo dometɔ ɖe sia ɖe. Enyae be, hafi yeƒe amewo dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzɔ ahanɔ dedie la, ele be ƒomedodo nyui nanɔ woawo kpakple ye, si nye woƒe Mawu la dome. Ðe kpeɖodziwo li be dzimaxɔsetɔwo ɖeɖe ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe enea? Bu Salomo ŋu kpɔ. Enyae be Yehowa xlɔ̃ nu dukɔa ku ɖe dzimaxɔsetɔwo ɖeɖe ŋu bena: “Woava trɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu.” Ðewohĩ esi wòdze nunya etɔxɛe ta la, esusui be mehiã be yeawɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi o, alo be womeka ye o. Eya ta eŋe aɖaba ƒu wo dzi. Nu kae do tso eme? Biblia gblɔ be: “Srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu.” Nublanuinya kae nye esi! Salomo ƒe nu meva dze Yehowa ŋu o, eye dukɔ bliboa ma, le eƒe nuteƒemawɔmawɔ ta.​—1 Fiawo 11:2-4, 9-13.

Gake ame aɖewo agblɔ be menye aleae wònɔ le ame sia ame gome o. Le kpɔɖeŋu me, Israel vi Maxlon ɖe Rut, si nye Moabitɔ, eye eva zu xɔsetɔ ɖedzesi. Gake Moab nyɔnuwo ɖeɖe meva de ame dzi o. Nu nyui aɖeke medo tso eme na Maxlon esi wòɖe Moab nyɔnu o; metsi hafi ku o. Ðewohĩ eku hafi Rut va zu Yehowa Mawu subɔla gɔ̃ hã. Maxlon nɔviŋutsu, Xilion, si hã ɖe Moab nyɔnu la, srɔ̃, Orpa ƒe dzi gakpɔtɔ ku ɖe ‘eƒe mawuwo’ ŋu. Gake le Boas gome la, Rut zu mawusubɔla xoxo hafi wòva ɖee emegbe. Le nyateƒe me la, Yudatɔwo va bui “ame si trɔ dzi me zu Yudatɔ bliboe.” Rut kple Boas ƒe srɔ̃ɖeɖea zu yayra na wo ame evea siaa.​—Rut 1:4, 5, 15-17; 4:13-17.

Ekema ɖe wòasɔ be ame aɖe nanɔ te ɖe Rut kple Maxlon ƒe srɔ̃ɖeɖea dzi atsɔ nya ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ame naɖe haxɔsetɔwo ko la ŋua? Ðe esia wɔwɔ masɔ kple ale si ko ame aɖe nahe susu ayi tsatsadala si ɖu dzi la dzi ahanɔ te ɖe ema dzi agblɔ be esɔ be ame natsɔ tsatsadada awɔ eƒe dɔwɔɖui oa?

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo li egbea be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko.” Exlɔ̃ nu wo hã be woaganɔ “kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o.” Kristotɔ vavã siwo le srɔ̃ dim be yewoaɖe lae nuxlɔ̃ame siawo tɔgbi yi na. Ke le ame siwo srɔ̃wo menye haxɔsetɔwo o ya gome la, aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ate ŋu ana woakpɔ srɔ̃ɖekuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe la le Biblia me na wo. (1 Korintotɔwo 7:12-16, 39; 2 Korintotɔwo 6:14) Aɖaŋuɖoɖo mawo katã ɖoa kpe edzi be Yehowa Mawu, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, di be mí ame siwo nye ye subɔlawo katã míakpɔ dzidzɔ, míeɖanye trewo alo srɔ̃tɔwo o.