Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia Nu Viwòwo

Ŋukeklẽ Gblẽ Nu Le Gexazi Ŋu Vevie

Ŋukeklẽ Gblẽ Nu Le Gexazi Ŋu Vevie

ÐE WÒDZRO wò vevie kpɔ be nane nasu asiwòa? a Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Gake ɖe wòle be nàda alakpa kple susu be nu si dim nèle la nasu asiwòa?— Ao, mele be nàwɔe nenema o. Ne ame aɖe wɔ esia la, ke ŋuklẽlae. Na míakpɔ ale si ŋukeklẽ gblẽ nu le ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Gexazi ŋu vevie ɖa. Enye Elisa ƒe subɔvi. Elisa nye Yehowa, Mawu vavã la, ƒe nyagblɔɖila.

Elisa kple Gexazi nɔ anyi le blema ʋĩi ke abe ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me wodzi Mawu ƒe Vi, Yesu ɖe anyigba dzi. Yehowa to Elisa dzi wɔ nukunu geɖewo! Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso Aramtɔwo ƒe asrafomegã aɖe si ŋu anyidɔ, alo kpodɔ, nɔ la ŋu. Ame aɖeke mete ŋu da dɔ nɛ o, gake Elisa dae nɛ.

Ne Mawu to Elisa dzi da dɔ na amewo la, Elisa mexɔa ga le wo si o. Ènya nu si taea?— Elabena Elisa nyae be menye yee nana nukunuawo dzɔna o, ke boŋ Yehowae. Esi wòda dɔ na Naeman la, dzi dzɔe ale gbegbe be edi be yeana sika, klosalo kple awu nyuiwo Elisa. Elisa gbe be yemaxɔ wo o, gake Gexazi ya di vevie be woasu ye si.

Esi Naeman dzo la, Gexazi ti eyome, gake megblɔe na Elisa hafi yi o. Esi Gexazi va tu Naeman la, ènya nya si wògblɔ nɛa?— ‘Elisa ɖom ɖa be magblɔ na wò be fifi laa koe amedzro eve va dze ye gbɔ. Eya ta edi be nàna awu eve ye yeatsɔ ana wo.’

Gake alakpae Gexazi da! Eya ŋutɔe kpa nya ma gblɔ tso amedzro eveawo ŋu. Esi wòdi be awu siwo Naeman di be yeatsɔ ana Elisa hafi la nasu ye si tae wògblɔ nya ma ɖo. Gake Naeman menya be alakpa damee Gexazi nɔ o. Eya ta edzɔ dzi nɛ be yeatsɔ nuawo ana Gexazi. Naeman gatsɔ nu bubuwo kpee na Gexazi wu esi wòbia la gɔ̃ hã. Ènya nu si va dzɔa?

Esi Gexazi trɔ yi aƒea me la, Elisa biae be: “Afi ka nètso?”

Gexazi ɖo eŋu be, ‘Nyemeyi afi aɖeke o.’ Gake Yehowa na Elisa nya nu si Gexazi wɔ la xoxo. Eya ta Elisa gblɔ be: ‘Menye ga kple awuwo xɔɣie nye esia o!’

Gexazi yi ɖaxɔ ga kple awu siwo menye etɔ o. Eya ta Mawu na Naeman ƒe anyidɔ la va Gexazi dzi. Nu kae nèsusu be míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?— Wo dometɔ ɖekae nye be mele be míakpa nya siwo mele eteƒe o la agblɔ o.

Nu ka tae Gexazi kpa alakpanya ma gblɔ ɖo?— Esi Gexazi nye ŋuklẽla tae. Edi be nu siwo menye ye tɔ o la nasu ye si, si wɔe be wòda alakpa. Le esia ta, dɔléle vɔ̃ɖi ma nɔ eŋu le eƒe agbemeŋkeke katã mamlɛawo me.

Le nyateƒe me la, nane si vɔ̃ɖi wu anyidɔ la dzɔ ɖe Gexazi dzi. Ènya nu si wònyea?— Eyae nye be eƒe nu megava dze Mawu ŋu o. Megadzɔ gbeɖe be míawo hã míawɔ nu si ana be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o! Ke boŋ míanyo dɔme ahalɔ̃ faa ana nu amewo.

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.