Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Miaƒe Ɛ̃ Nanye Ɛ̃

Mina Miaƒe Ɛ̃ Nanye Ɛ̃

“Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko, eye miaƒe Ao nanye Ao ko.”—MAT. 5:37.

1. Nya kae Yesu gblɔ tso nutàta ŋu, eye nu ka tae?

 ZI GEÐE la, mehiã be Kristotɔ vavãwo nata nu alo aka atam o. Nu si ta ye nye be wowɔna ɖe se si Yesu de na wo be, “Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko,” la dzi. Nu si Yesu wɔnɛ ye nye be, ne ame aɖe do ŋugbe la, ele be wòawɔ ɖe edzi. Do ŋgɔ na sedede ma la, Yesu gblɔ be: “Migata nu kura o.” Esi wòzu numame na ame geɖe ɣemaɣi be wotaa nu ɖe nu si womeɖo be yewoawɔ o gɔ̃ hã dzi tae wògblɔ nya sia ɖo. Ke ne ame aɖe ka atam alo ɖe adzɔgbe gake mewɔ edzi o ya ɖe? Aɖee afia be womate ŋu aka ɖe edzi o, eye efia be “vɔ̃ɖitɔ la” le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.—Mixlẽ Mateo 5:33-37.

2. Ðe nu si tae menye nu gbegblẽ ɣesiaɣi be woata nu alo aka atam o la me?

2 Ðe Yesu ƒe nyawo fia be atamkaka ɖe sia ɖe menyo oa? Gbeɖe! Abe ale si míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yehowa Mawu kple esubɔla, Abraham, ame dzɔdzɔe la, woka atam alo ta nu le nya vevi aɖewo me. Nenema kee Mawu ƒe Se la bia be woata nu le nya aɖewo gbɔ kpɔkpɔ me. (2 Mose 22:9, 10; 4 Mose 5:21, 22) Eya ta ate ŋu ahiã be Kristotɔ aɖe nata nu, aɖe adzɔgbe, alo aka atam be yeato nyateƒe, ne ele ɖase ɖim le ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe. Alo, togbɔ be manye nu si Kristotɔ awɔ ɣesiaɣi o hã la, akpɔe ɣeaɖewoɣi be ehiã be yeaka atam alo yeata nu atsɔ ana kakaɖedzi ame bubuwo ɖe nu si wòɖo be yeawɔ ŋu alo atsɔ akpɔ dzrenya aɖe gbɔ. Le nyateƒe me la, esi nunɔlagã la bia tso Yesu si be wòata Mawu ne wòato nyateƒe na yewo la, megbe o, ke boŋ egblɔ nyateƒea le Sanhedrin la ŋkume. (Mat. 26:63, 64) Mehiã be Yesu nata nu na ame aɖeke hafi o, elabena etoa nyateƒe ɣesiaɣi. Togbɔ be ele alea hã la, ne edi be yeaɖo kpe eƒe gbedeasia ƒe nyateƒenyenye dzi la, zi geɖe la, edzea eƒe nyawo gɔme ale: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be.” (Yoh. 1:51; 13:16, 20, 21, 38) Mina míakpɔ nu bubu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu, Paulo, kple ame bubu siwo na woƒe Ɛ̃ nye Ɛ̃ la gbɔ ɖa.

YESU—AME SI ÐO KPƆÐEŊU NYUITƆ ÐI

3. Adzɔgbe kae Yesu ɖe na Mawu le gbedodoɖa me, eye aleke Fofoa si le dziƒo la ɖo eŋu nɛ?

3 “Kpɔ ɖa! Meva ɖo . . . be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, Oo Mawu.” (Heb. 10:7) Yesu to gbedodoɖa sia dzi ɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Ema fia be awɔ nu siwo katã wogblɔ ɖi ku ɖe Dzidzimevi si ŋugbe wodo la ŋu eye aɖe mɔ gɔ̃ hã be Satana “[naɖu] afɔkpodzi nɛ.” (1 Mose 3:15) Amegbetɔ bubu aɖeke metsɔ eɖokui na faa be yeatsɔ agbanɔamedzi kpekpe sia gbegbe kpɔ o. Yehowa gblɔ tso dziƒo be yeka ɖe ye Vi la dzi bliboe, togbɔ be mebia tso Yesu si be wòaka atam atsɔ aɖo kpe nya si wògblɔ ƒe nyateƒenyenye dzi o hã.—Luka 3:21, 22.

4. Aleke gbegbee Yesu na eƒe Ɛ̃ nye Ɛ̃?

4 Yesu naa eƒe Ɛ̃ nyea Ɛ̃ ɣesiaɣi. Meɖe mɔ gbeɖe be naneke naxe mɔ nɛ be wòado kpo dɔ si Fofoa de asi nɛ la wɔwɔ o. Eyi edzi ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la hewɔ ame siwo Mawu he va eya Yesu gbɔ la nusrɔ̃lawoe. (Yoh. 6:44) Biblia ɖɔ Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kple nya sia si ame geɖe nya nyuie la be: “Aleke gbegbee Mawu ƒe ŋugbedodowo ɖasɔ gbɔe o, wo katã wozu Ɛ̃ to eyama dzi.” (2 Kor. 1:20) Vavãe, Yesue ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi na mí, elabena ewɔ ŋugbe si wòdo na Fofoa la dzi. Fifia, mina míade ŋugble tso ame aɖe si wɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe srɔ̃ Yesu la ŋu.

PAUL NA EƑE Ɛ̃ NYE Ɛ̃

5. Kpɔɖeŋu kae apostolo Paulo ɖo ɖi na mí?

5 “Nu kae wòle be mawɔ, Aƒetɔ?” (Dɔw. 22:10) Nya siae Paulo si woyɔna ɣemaɣi be Saul la gblɔ esime Aƒetɔ Yesu, si wodo ɖe dzi la, ɖe eɖokui fiae le ŋutega aɖe me. Yesu di be Saul nadzudzɔ Kristotɔwo yome titi. Nu si do tso emee nye be, Saul trɔ dzi me tso eƒe agbenɔnɔ tsãtɔa me ɖokuibɔbɔtɔe, exɔ nyɔnyrɔ, eye wòlɔ̃ xɔ dɔ tɔxɛ si wode esi be wòayi aɖaɖi ɖase tso Yesu ŋu na dukɔwo la. Tso ɣemaɣi va se ɖe Paulo ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe nuwuwu la, medzudzɔ Yesu yɔyɔ be “Aƒetɔ” o; eto esia me ɖee fia be yele klalo awɔ eƒe gbe dzi ɣesiaɣi. (Dɔw. 22:6-16; 2 Kor. 4:5; 2 Tim. 4:8) Paulo mele abe ame bubu siwo ŋu Yesu gblɔ le be, “Nu ka tae miele yɔyem be ‘Aƒetɔ! Aƒetɔ!’ evɔ miewɔa nya siwo megblɔna ya dzi o?” la ene o. (Luka 6:46) Ɛ̃, Yesu kpɔa mɔ be ame siwo katã lɔ̃ be yenye yewoƒe Aƒetɔ la nawɔ nu si woɖe adzɔgbe be yewoawɔ la dzi, abe ale si apostolo Paulo wɔe ene.

6, 7. (a) Nu ka tae Paulo he Korinto yiyi ɖe megbe, eye nu ka tae mesɔ be ame aɖewo nake ɖi Paulo be metoa nyateƒe o? (b) Aleke wòle be míabu ame siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ le mía dome lae?

6 Paulo kaka Fiaɖuƒegbedeasia dzonɔamemetɔe le Asia Sue kple Europa nutowo me, eɖo hame geɖewo eye wòyi ɖasrã wo kpɔ emegbe. Ekpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be ehiã be yeata Mawu atsɔ aɖo kpe nya si yeŋlɔ ƒe nyateƒenyenye dzi. (Gal. 1:20) Esi Korintotɔ aɖewo tsɔ nya ɖe Paulo ŋu be metoa nyateƒe o la, eŋlɔ agbalẽ tsɔ ʋli eɖokui ta be: “Esi miate ŋu aka ɖe Mawu dzi godoo ta la, nya si míegblɔ na mi la menye Ɛ̃ ganye Ao o.” (2 Kor. 1:18) Esime Paulo ŋlɔ nya ma la, edzo le Efeso eye wònɔ mɔ zɔm to Makedonia yina Korinto. Le gɔmedzedzea me la, ewɔ ɖoɖo be yeayi aɖasrã hame si nɔ Korinto la kpɔ hafi ayi ɖe Makedonia. (2 Kor. 1:15, 16) Gake abe ale si wòdzɔna le dzikpɔla mɔzɔlawo gome egbea ene la, eva hiã be wòatrɔ ɖoɖo si wòwɔ gbã la. Womewɔa tɔtrɔ mawo ɖe nu maɖinuwo ta, alo le ɖokuitɔdidi ƒe susu aɖewo ta o, ke boŋ hiahiã kpata aɖewo tae wowɔa wo ɖo. Le Paulo gome la, hame si nɔ Korinto la ŋutɔ ƒe nyonyo tae wòhe wo gbɔ yiyi ɖe megbe ɖo. Nu ka tae míegblɔe alea ɖo?

7 Esi Paulo wɔ ɖoɖo be yeayi aɖasrã wo kpɔ megbe kpuie la, woɖo nyatakaka ɖefuname aɖewo ɖee tso Korinto hamea ŋu be mama le wo dome eye wole mɔ ɖem ɖe ahasiwɔwɔ ŋu. (1 Kor. 1:11; 5:1) Be wòaɖɔ nɔnɔmea ɖo la, eŋlɔ nuxlɔ̃amenya sesẽ aɖewo ɖe eƒe agbalẽ gbãtɔa me ɖo ɖe Korintotɔwo. Esia megbe la, Paulo ate ŋu aɖo tɔdziʋu tso Efeso ayi Korinto enumake hafi, gake etso nya me be yeana ɣeyiɣi ye nɔviawo ne woawɔ yeƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, ale be, ne yeva ɖo wo gbɔ mlɔeba la, yeƒe sasrãkpɔa nade dzi ƒo na wo geɖe wu. Esi Paulo di be yeaɖo kpe susu si ta yewɔ tɔtrɔ le yeƒe ɖoɖoawo ŋu ƒe nyateƒenyenye dzi na wo la, eŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ evelia si wòɖo ɖe wo la me be: “Nye la meyɔ Mawu, ne wòanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o” ɖo. (2 Kor. 1:23) Negadzɔ gbeɖe be míasrɔ̃ ame siwo ɖe ɖeklemi Paulo la o; ke boŋ mina míade bubu geɖe wu ame siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ le mía dome la ŋu. Vavãe, ele be míasrɔ̃ Paulo, abe ale si ko eya ŋutɔ hã srɔ̃ Kristo ene.—1 Kor. 11:1; Heb. 13:7.

AME BUBU SIWO NA WOƑE Ɛ̃ NYE Ɛ̃

8. Kpɔɖeŋu kae Rebeka ɖo ɖi na mí?

8 “Ɛ̃, mayi.” (1 Mose 24:58) Rebeka to nyagbɔgblɔ kpui ma dzi ɖo nya si dadaa kple nɔviaŋutsu biae be alɔ̃ aʋu le aƒe me ayi kple amedzro aɖe gbe ma gbe ke ahazɔ mɔ kilometa 800 be wòaɖazu Abraham viŋutsu Isak srɔ̃ mahã la ŋu. (1 Mose 24:50-58) Rebeka na eƒe Ɛ̃ nye Ɛ̃, eye wòva zu Isak srɔ̃nyɔnu wɔnuteƒe si vɔ̃a Mawu. Tso ɣemaɣi va se ɖe eƒe kugbe la, enɔ avɔgbadɔwo me abe amedzro ene le Ŋugbedodonyigbaa dzi. Woɖo eƒe nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ le mɔ sia nu be eva zu Yesu Kristo, Dzidzimevi si ŋugbe wodo la, mamawo dometɔ ɖeka.—Heb. 11:9, 13.

9. Aleke Rut na eƒe Ao nye Ao?

9 “Ao, ke boŋ míatrɔ kpli wò ayi wò dukɔ gbɔ.” (Rut 1:10, NW) Moab-nyɔnu ahosi siwo nye Rut kple Orpa ye nɔ nya sia gbɔgblɔ dzi na wo lɔ̃xo Naomi, si trɔ tso Moab-nyigba dzi yina Betlexem. Mlɔeba la, esi Naomi ƒoe ɖe wo nu be woatrɔ la, Orpa trɔ yi wo de. Gake Rut ya ƒe Ao la nye Ao. (Mixlẽ Rut 1:16, 17.) Enɔ Naomi ŋu kplikplikpli nuteƒewɔwɔtɔe, eye wòɖe asi le eƒe ƒometɔwo kple Moabitɔwo ƒe alakpasubɔsubɔ la ŋu tegbee. Edo dzi abe Yehowa subɔla wɔnuteƒe ene, eye woɖo eteƒe nɛ le mɔ sia nu be eya hã le nyɔnu atɔ̃ siwo ŋkɔ Mateo yɔ le Kristo la ƒe dzidzimegbalẽ me la dome.—Mat. 1:1, 3, 5, 6, 16.

10. Nu ka tae Yesaya nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí?

10 “Nyee nye esi, dɔm!” (Yes. 6:8) Hafi Yesaya nagblɔ nya ma la, ekpɔ ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe si me Yehowa bɔbɔ nɔ Eƒe fiazikpui dzi le Israel ƒe gbedoxɔa tame le. Esi Yesaya nɔ ŋutega wɔdɔɖeamedzia kpɔm la, esee Yehowa gblɔ be: “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?” Yehowa to nya sia dzi le biabiam be ame kae ayi aɖagblɔ yeƒe gbedeasi na yeƒe dukɔ sẽto la mahã. Esi Yesaya gblɔ be, “Nyee nye esi, dɔm!” la, ɖeko wònɔ abe ɖe wònɔ gbɔgblɔm be, “Melɔ̃ be mayi aɖawɔ dɔ si nède asi nam la” ene. Yesaya wɔ ɖe ŋugbe si wòdo la dzi—ena eƒe Ɛ̃ nye Ɛ̃. Ezu nyagblɔɖila wɔnuteƒe aɖe hena ƒe 46 kple edzivɔ sɔŋ; egblɔ nuxlɔ̃amegbedeasi sesẽwo eye wògblɔ nya ɖi ku ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnuku siwo ku ɖe tadedeagu vavãtɔ gbugbɔɖoanyi ŋu la ŋu.

11. (a) Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míana míaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃? (b) Ame siwo mewɔ nuteƒe o ƒe nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu kawoe li?

11 Nu ka tae Yehowa na woŋlɔ kpɔɖeŋu siwo me míedzro la ɖe eƒe Nya la me ɖo? Eye aleke gbegbee nana be míaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ le vevie? Biblia xlɔ̃ nu mí eme kɔ nyuie be “ɖoɖodzidalawo” hã le ame siwo “dze ku” la dome. (Rom. 1:31, 32) Egiptetɔwo ƒe Farao, Yuda Fia Zedekiya kple Anania kpakple Safira wole ame siwo ɖo kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖi, siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe be womena woƒe Ɛ̃ nye Ɛ̃ o, la dome. Gbegblẽ va wo katã dzi eye wozu nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo na mí.—2 Mose 9:27, 28, 34, 35; Eze. 17:13-15, 19, 20; Dɔw. 5:1-10.

12. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míana míaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃?

12 Esi míele “ŋkeke mamlɛawo” me ta la, míele ame “mawɔnuteƒewo,” kple ame siwo “si ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le, gake womenɔa agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o,” la dome. (2 Tim. 3:1-5) Ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe aƒo asa na hadede vɔ̃ mawo. Ðe ema teƒe la, ele be míanɔ ƒu ƒom edziedzi kple ame siwo dzea agbagba ɣesiaɣi be yewoana yewoƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ la.—Heb. 10:24, 25.

Ɛ̃ VEVITƆ LA

13. Nu kae nye Ɛ̃ vevitɔ si Yesu Kristo yomedzela ɖe sia ɖe gblɔ?

13 Ŋugbe vevitɔ si ame aɖe ate ŋu ado le agbe me lae nye eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu. Mɔnukpɔkpɔ su ame siwo di be yewoazu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la si zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ be woalɔ̃ ɖe edzi be yewodi ŋutɔŋutɔ be yewoawɔ nu siwo wobia tso yewo si. (Mat. 16:24) Esi hamemetsitsi eve bia gbe ame si di be yeazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, wobiae be, “Èdi le nyateƒe me be yeazu Yehowa Ðasefoa?” Emegbe ne amea wɔ ŋgɔyiyi geɖe le gbɔgbɔ me eye wòdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, hamemetsitsiwo akpe kplii eye woabiae be, “Ðe nèɖe adzɔgbe na Yehowa le gbedodoɖa me le ɖokuiwò sia?” Mlɔeba le nyɔnyrɔxɔgbea la, wobiaa adzɔgbeɖela siwo di be yeawoaxɔ nyɔnyrɔ la dometɔ ɖe sia ɖe be, “Ðe nènɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la dzi trɔ dzi me le wò nu vɔ̃wo me eye nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nua?” Le mɔ sia nu la, adzɔgbeɖela yeye siawo gblɔna le ɖaseɖila geɖewo ŋkume be Ɛ̃ hetoa esia me doa ŋugbe na Mawu be yewoasubɔe tegbee.

14. Aleke wòle be míanɔ mía ɖokui me dzrom tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi?

14 Èɖaxɔ nyɔnyrɔ yeyee alo èle Mawu subɔm ƒe gbogbo aɖee nye esia o, ehiã be nànɔ ɖokuiwò me dzrom tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi ahanɔ nya siawo tɔgbi biam ɖokuiwò be: ‘Ðe meyi edzi le agbe nɔm le ɖekawɔwɔ me kple Ɛ̃ vevitɔ si megblɔ la le Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ mea? Ðe meyi edzi le to ɖom Yesu ƒe gbe eye mena be gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa kpɔtɔ nye nu vevitɔ le nye agbe mea?’—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 13:5.

15. Míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa kawo mee wòle vevie be míana míaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ le?

15 Agbenɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu bia be míawɔ nuteƒe le nu vevi aɖewo hã me. Le kpɔɖeŋu me: Ðe nèɖe srɔ̃a? Ekema yi edzi nàwɔ ɖe atam vevi si nèka be yealɔ̃ ye srɔ̃ ahalé be nɛ la dzi. Ðe nède asi dɔwɔɖoɖo aɖe alo teokrasi subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ƒe dɔbiagbalẽ aɖe tea? Ekema wɔ ɖe ŋugbe si nèdo la dzi. Ðe ame dahe aɖe kpe wò be nàva kplɔ̃ɖoƒe aɖe eye nèlɔ̃ be yeayia? Ekema mègagbe yiyi ne ame bubu aɖe si wòdze abe nu de edzi wu ene la kpe wò emegbe o. Alo ɖe nèdo ŋugbe na ame aɖe le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa me be yeatrɔ ava egbɔ ne yeakpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ nu tso Mawu ŋua? Ekema dze agbagba ɖe sia ɖe nàna wò Ɛ̃ la nanye Ɛ̃, eye Yehowa ayra ɖe wò subɔsubɔdɔa dzi.—Mixlẽ Luka 16:10.

YESU, MÍAƑE NUNƆLAGÃ KPLE FIA LA ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊU

16. Ne eva eme be míete ŋu wɔ ɖe míaƒe ŋugbedodo aɖe dzi o la, nu kae wòle be míawɔ?

16 Biblia gblɔ be esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, “míewɔa vodada zi geɖe,” vevietɔ le míaƒe aɖe la zazã me. (Yak. 3:2) Nu kae wòle be míawɔ ne míeva de dzesii be míewɔ míaƒe ŋugbedodo aɖe dzi o? Le Se si Mawu tsɔ na Israel viwo me la, nublanuikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo aɖe le eme si ŋu dɔ woate ŋu awɔ “ne atam ge le ame aɖe nu.” (3 Mose 5:4-7, 11) Ðoɖo aɖe si me lɔlɔ̃ le la li na Kristotɔ siwo wɔ nu vɔ̃ ma tɔgbi la hã. Ne míeʋu nu vɔ̃ si tututu míewɔ la me na Yehowa la, akpɔ nublanui na mí atsɔ míaƒe nu vɔ̃a ake mí to Yesu Kristo, míaƒe Nunɔlagã la, dzi. (1 Yoh. 2:1, 2) Gake be Mawu nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míatse ku siwo aɖee afia be míetrɔ dzi me; míawɔ esia ne míedze agbagba be míagayi edzi anɔ nu vɔ̃ ma ke wɔm o, eye míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe aɖɔ nu siwo míaƒe nuƒoƒo ŋumaɖɔɖotɔea gblẽ la ɖo. (Lod. 6:2, 3) Le nyateƒe me la, enyo sãsãsã wu be míabu nuwo ŋu nyuie hafi ayi ŋugbe siwo dzi míate ŋu awɔ ɖo o la do ge.—Mixlẽ Nyagblɔla 5:1.

17, 18. Etsɔme wɔnuku kae le ame siwo katã dzea agbagba naa woƒe Ɛ̃ nyea Ɛ̃ la lalam?

17 Etsɔme wɔnuku aɖe ŋutɔ le Yehowa subɔla siwo katã naa woƒe Ɛ̃ nyea Ɛ̃ la lalam! Le ame 144,000 la gome la, esia anye makumakugbenɔnɔ le dziƒo, afi si woawɔ ɖeka kple Yesu le eƒe Fiaɖuƒea me le “eye woaɖu fia kplii hena ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖ. 20:6) Le ame miliɔn gbogbo manyaxlẽ bubuwo gome la, woanɔ agbe le anyigba dzi paradisoa me eye Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua aɖe vi na wo. Woakpe ɖe wo ŋu le afi ma woade blibo le ŋutilã kple susu me.—Nyaɖ. 21:3-5.

18 Ne míewɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛa me le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, susu aɖeke maganɔ anyi si tae míake ɖi ame aɖe ƒe nya gbeɖe o. (Nyaɖ. 20:7-10) Ame sia ame ana eƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃, eye eƒe Ao nanye Ao. Ame ɖe sia ɖe si anɔ agbe ɣemaɣi la asrɔ̃ Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, si nye ‘Mawu nyateƒetɔ’ la, le mɔ deblibo nu.—Ps. 31:6.