Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe Egbekuxiwo Nu Dzinɔameƒotɔe

Tenɔnɔ Ðe Egbekuxiwo Nu Dzinɔameƒotɔe

“Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.”​—PS. 46:2.

1, 2. Nɔnɔme sesẽ kawo me tom ame geɖe le, gake nu kae nye Mawu subɔlawo ƒe didi?

 MÍELE ɣeyiɣi sesẽwo me. Afɔkuwo do agbogbo ɖe anyigba dzi. Anyigbaʋuʋuwo, ƒutsotsoe gblẽnu siwo ƒugɔmenyigbaʋuʋu hena vɛ, dzodzeavewo, tsiɖɔɖɔwo, dzotowo ƒe wówo, ahom gblẽnuwo, yaliwo kple ahomya siwo nu sẽ ŋutɔ la le nu gblẽm le amegbetɔƒomea ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ƒomekuxiwo kple ame ŋutɔ ƒe kuxi ɖefunamewo na ame geɖe lé blanui eye wole vɔvɔ̃m. Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be “azãgbe kple nuɖiɖeame” vaa mí katã dzi.—Nyagb. 9:11.

2 Mawu subɔlawo le dzi dom le nɔnɔme donuxaxaname siawo tɔgbi me. Ke hã, míadi be míanɔ dzadzraɖoɖi be míakpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si ava mía dzi le etsɔme, esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum. Aleke míawɔ ado dzi le nɔnɔme sesẽ siawo me eye dzi maɖe le mía ƒo o? Nu kae akpe ɖe mía ŋu míate ŋu akpe akɔ kple egbekuxiwo dzinɔameƒotɔe?

SRƆ̃ AME SIWO WƆ NU DZINƆAMEƑOTƆE LA ƑE KPƆÐEŊUWO

3. Abe ale si wòdze le Romatɔwo 15:4 ene la, nu kae ate ŋu afa akɔ na mí ne míele nɔnɔme donuxaxanamewo me tom?

3 Togbɔ be kuxi sesẽwo le nu gblẽm le ame geɖe ŋu fifia wu tsã hã la, nɔnɔme donuxaxanamewo menye nu yeye na amegbetɔwo o. Mina míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema, siwo do dzi le nɔnɔme sesẽwo me dzinɔameƒotɔe, gbɔ la ɖa.—Rom. 15:4.

4. Nɔnɔme donuxaxaname kawo mee David do dzi le, eye nu kae kpe ɖe eŋu?

4 Bu nu siwo me David to ŋu kpɔ. Fia Saul di vevie be yeawui, eƒe futɔwo ho aʋa ɖe eŋu, eye wolé srɔ̃awo dzoe zi ɖeka gɔ̃ hã kpɔ, eya ŋutɔ ƒe asrafowo kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃ aɖewo mewɔ nuteƒe nɛ o, eye nu te ɖe edzi ɣeaɖewoɣi. (1 Sam. 18:8, 9; 30:1-5; 2 Sam. 17:1-3; 24:15, 17; Ps. 38:5-9) Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe David ƒe agbemeŋutinya ŋu la ɖe ale si kuxi siawo na wòse veve vevie la fia kɔtɛ. Ke hã esiawo mena eƒe xɔse gbɔdzɔ o. Egblɔ le xɔse me be: “Yehowa enye mɔ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?”—Ps. 27:1; mixlẽ Psalmo 27:5, 10.

5. Nu kae kpe ɖe Abraham kple Sara ŋu wodo dzi togbɔ be agbea sesẽ na wo hã?

5 Abraham kple Sara nɔ avɔgbadɔwo me le woƒe agbemeŋkeke akpa gãtɔ me, eye wonye amedzrowo le anyigba siwo womenya o la dzi. Agbea menɔ bɔbɔe na wo ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, wokpe fu le dɔwuame kple dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe ŋɔdzidoname ta. Ke hã wodo dzi to esiawo katã me dzinɔameƒotɔe. (1 Mose 12:10; 14:14-16) Nu kae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi? Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be Abraham nɔ “du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam, du si ƒe aɖaŋuwɔla kple tsola ye nye Mawu.” (Heb. 11:8-10) Abraham kple Sara ƒe susu nɔ nu siwo ŋugbe Mawu do na wo la ŋu, eye womena agbea ƒe sesẽ na nu te ɖe wo dzi alo wolé blanui o.

6. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Hiob ƒe kpɔɖeŋuae?

6 Hiob to fukpekpe sesẽwo me. Bu ale si wòse le eɖokui me esime wòdze abe naneke menɔ edzi dzem nɛ o ŋu kpɔ. (Hiob 3:3, 11) Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, mese nu si tae nu mawo katã nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi ɖo la gɔme bliboe o. Gake mena ta gbeɖe o. Eyi edzi lé eƒe fɔmaɖimaɖi kple Mawu dzi xɔse me ɖe asi. (Mixlẽ Hiob 27:5.) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòle be míasrɔ̃!

7. Nu kawo mee Paulo to le Mawu subɔsubɔ ta, gake nu kae do ŋusẽe wòte ŋu do dzi?

7 Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua hã ŋu kpɔ. Eɖo ‘afɔku me le du me, eɖo afɔku me le gbedadaƒo, eɖo afɔku me le atsiaƒu dzi.’ Egblɔ be yekpe ‘dɔwuame kple tsikɔwuame, vuvɔ kple amamanɔnɔ’ ƒe fu. Paulo gblɔ hã be yenɔ tɔdziʋu me wògbã ɣeaɖewoɣi, eye le wo dometɔ ɖeka me la, yenɔ “ƒutsotsoewo nu zã blibo ɖeka kple ŋkeke blibo ɖeka.” (2 Kor. 11:23-27) Togbɔ be nu siawo katã dzɔ ɖe Paulo dzi hã la, kpɔ nya si wògblɔ esime wòsusɔ vie wòku kloe le Mawu subɔsubɔ ta megbe ɖa; egblɔ be: “Eva eme alea, bene míagaɖo ŋu ɖe mía ɖokuiwo ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, la ŋu. Eɖe mí tso nu gã sia gbegbe, si nye ku me, eye agaɖe mí.” (2 Kor. 1:8-10) Ame geɖe meto afɔku geɖewo me abe Paulo ene kpɔ o. Ke hã mía dometɔ geɖe míesena le mía ɖokui me abe eya ke ene ɣeaɖewoɣi, eye dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la ate ŋu afa akɔ na mí.

MÈGAÐE MƆ DZIGBÃNYAWO NAÐE DZI LE ƑOWÒ O

8. Aleke egbekuxiwo ate ŋu ana míase le mía ɖokui me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Egbexexea me yɔ fũu kple nudzɔdzɔ donuxaxaname kple nu gbãdziname siwo naa ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me be kuxiwo do agbogbo ɖe yewo dzi. Kristotɔ aɖewo gɔ̃ hã se le wo ɖokuiwo me nenema. Lani, * si woa kple srɔ̃aŋutsu wonɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le Australia la gblɔ be esi wodo ye kpɔ eye wogblɔ na ye be no me kansa le ye ŋu la, ewɔ nuku na ye ŋutɔ eye wòdze ye kpo abe dzikedzo ene. Egblɔ be, “Dɔdamɔnu si zãm wonɔ nam la na medze dɔ vevie, eye wòna mese le ɖokuinye me be bubu aɖeke megale ŋunye o.” Tsɔ kpe ɖe esiawo katã ŋu la, ele be wòakpɔ srɔ̃a si woko dzimeƒu na la gbɔ. Ne míele nɔnɔme siawo tɔgbi me tom la, nu kae míate ŋu awɔ?

9, 10. (a) Nu kae mele be míaɖe mɔ na Satana wòawɔ o? (b) Aleke míawɔ ate ŋu ato xaxa siwo ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 14:22 la me?

9 Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, ele be míaɖo ŋku edzi be Satana ƒe didie nye be yeazã xaxa siwo vaa mía dzi la atsɔ ana míaƒe xɔse me nagbɔdzɔ eye yeana míanɔ nu xam. Gake mele be míaɖe mɔ nɛ o. Lododowo 24:10 gblɔ be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” Ŋugbledede le Biblia me kpɔɖeŋuwo, abe esiwo me míedzro va yi ene, ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé dzi ɖe ƒo ne míele kuxi sesẽwo me tom.

10 Ele be wòanɔ susu me na mí hã be míate ŋu aɖe kuxi siwo katã le fu ɖem na mí la ɖa o. Le nyateƒe me la, mele be míakpɔ mɔ na esia o. (2 Tim. 3:12) Dɔwɔwɔwo 14:22 gblɔ be: “Ele be míato xaxa geɖewo me hafi age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.” Le esi dzi naɖe le ƒowò teƒe la, ɖe manyo wu be nàbu nɔnɔme siwo me tom nèle la be wonye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeado dzi atsɔ aɖee afia be yexɔe se be ŋutete le Mawu si be akpe ɖe ye ŋu oa?

11. Aleke míawɔ be agbemekuxiwo nagaɖe dzi le mía ƒo o?

11 Ele be míana míaƒe susu nanɔ nu nyuiwo ŋu. Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.” (Lod. 15:13) Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia atikewɔlawo kpɔe be, ne ame ƒe susu le nu nyuiwo ŋu la, edaa gbe le ame ŋu. Esi wona atikekui aɖe si menye atike ŋutɔŋutɔ o la dɔnɔ geɖewo la, wose le wo ɖokuiwo me be nɔnɔmea ka ɖe eme na yewo, elabena wosusu be wole kpekpeɖeŋu nam yewo. Le go bubu me la, dɔnɔwo ƒe nɔnɔmea gasẽna ɖe edzi ne wogblɔ na wo be atike si woawɔ na wo la agblẽ nane le wo ŋu. Kpɔɖeŋu sia ɖee fia be, ne míele nɔnɔme siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o ŋu bum ɣesiaɣi la, dzi ava ɖe le mía ƒo. Gake míeda akpe be Yehowa naa kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ mí. Le dzɔdzɔmefɔkuwo gɔ̃ hã me la, ade dzi ƒo na mí to eƒe Nya la, kpekpeɖeŋu si mía nɔviwo naa mí, kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ dzi. Nu siawo ŋu bubu ana dzi naɖo mía ƒo. Le esi nànɔ nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle ŋu bum teƒe la, wɔ nu si me nunya le be nàte ŋu ado dzi le wo dometɔ ɖe sia ɖe me eye wò susu nanɔ nu nyui siwo su asiwò le agbe me la ŋu boŋ.—Lod. 17:22.

12, 13. (a) Nu kae kpe ɖe Mawu subɔlawo ŋu wodo dzi esi dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ woƒe nuwo dome? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ la, aleke nu si wòle be ame natsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la dzena kɔtɛ?

12 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, dzɔdzɔmefɔku sesẽwo dzɔ le dukɔ aɖewo me. Eɖe dzesi ŋutɔ be nɔvi siwo le dukɔ mawo me la dometɔ geɖe do dzi ale gbegbe. Gake esia mefia be enɔ bɔbɔe na wo o. Le ƒe 2010 ƒe gɔmedzedze la, anyigbaʋuʋu gã aɖe kple ƒutsotsoe gblẽnu si ɖe amewo le Chile (Chili) la gblẽ mía nɔvi geɖewo ƒe aƒewo kple nunɔamesiwo dome, eye wo dometɔ aɖewo ƒe dɔwɔƒewo hã dome gblẽ. Le nu siawo katã me la, dzo nɔ nɔviawo me ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Samuel si ƒe aƒe gbã keŋkeŋ la gblɔ be: “Le nɔnɔme sesẽ mawo gɔ̃ hã me la, nye kple srɔ̃nye míedzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede gbeɖe o. Mexɔe se be numame siawo kpe ɖe mía ŋu be dzi meɖe le mía ƒo o.” Woa kple nɔvi bubuwo siaa woɖe susu ɖa le dzɔdzɔmefɔkua dzi eye wolé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu.

13 Le September 2009 me la, tsi gã aɖe dza eye wòɖe Manila dua ƒe akpa 80 le alafa me, le Philippines. Kesinɔtɔ aɖe si nu geɖe dome gblẽ na la gblɔ be: “Tsiɖɔɖɔa na ame sia ame sɔ kple nɔvia, ewɔe be gatɔwo kple ame dahewo siaa to nɔnɔme sesẽwo me hekpe fu ɖekae.” Esia na míeɖo ŋku aɖaŋu nyui si Yesu ɖo na mí be, “Miƒo nu xɔasiwo nu ƒu na mia ɖokui ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui alo ɣebia megblẽa nu le o, eye fiafitɔwo medzea kpɔ va fia fi le o,” la dzi. (Mat. 6:20) Ga kple nunɔamesiwo nu yina kaba, eya ta ne míetsɔ wo ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la, ana ŋu nakpe mí. Ðe nunya mele eme wu be míatsɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodo, si ate ŋu akpɔtɔ anɔ anyi ɖaa, nu ka kee ɖadzɔ o, la aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me oa?—Mixlẽ Hebritɔwo 13:5, 6.

SUSU SIWO TA WÒLE BE DZI NANƆ MÍA ƑO

14. Susu kawo tae wòle be dzi nanɔ mía ƒo ɖo?

14 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be kuxiwo anɔ anyi le yeƒe anyinɔɣia, gake egblɔ na wo be: “Dzika negatso mia ƒo o.” (Luka 21:9) Esi wònye be eyae nye míaƒe Fia, eye xexe bliboa Wɔla le megbe na mí ta la, ele be dzi nanɔ mía ƒo. Paulo de dzi ƒo na Timoteo esime wògblɔ nɛ be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ŋuɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ boŋ.”—2 Tim. 1:7.

15. Nya kawoe Mawu subɔla aɖewo gblɔ tso ale si woɖoa ŋu ɖe Mawu ŋui la ŋu; aleke míawɔ be dzi nanɔ mía ƒo abe woawo ke ene?

15 Kpɔ kakaɖedzinya siwo Mawu subɔla aɖewo gblɔ ɖa. David gblɔ be: “Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eya ta nye dzi le aseye tsom.” (Ps. 28:7) Paulo gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Le nu siawo katã me la, míeɖua dzi bliboe to ame si lɔ̃ mí la dzi.” (Rom. 8:37) Nenema kee esi Yesu ƒe kuɣi gogo la, ena eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii kɔtɛ be ƒomedodo sẽŋu aɖe le ye kple Mawu dome esi wògblɔ be: “Menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kplim.” (Yoh. 16:32) Nu kae nyagbɔgblɔ siawo ɖe fia? Woɖee fia be ame siawo katã ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Ne míawo hã míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu nenema la, esia ate ŋu ana dzideƒo si míehiã la nasu mía si ne míedo go kuxi sesẽwo.—Mixlẽ Psalmo 46:2-4.

WƆ ÐOÐO SIWO MAWU WƆ BE DZI NANƆ MÍA ƑO LA ŊU DƆ

16. Nu ka tae Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le vevie na mí?

16 Mí Kristotɔwo ƒe dzideƒo metsoa míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Ke boŋ Mawu ŋuti sidzedze si su mía si kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu gbɔe wòtsona. Míate ŋu adze si eyama ahaɖo ŋu ɖe eŋu ne míesrɔ̃a eƒe Nya, Biblia, si woŋlɔ ɖi la. Nɔvinyɔnu aɖe si blanuiléledɔ le fu ɖem na la ɖe nu si kpena ɖe eŋu la me be yexlẽa mawunyakpukpui siwo faa akɔ na ye la zi gbɔ zi geɖe. Ðe míele wɔwɔm ɖe mɔfiame si nye be míanɔ ƒometadedeagu wɔm edziedzi la dzia? Nu siawo wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míaƒe tamesusu nasɔ kple hakpala, si gblɔ be, “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa,” la tɔ.—Ps. 119:97.

17. (a) Ðoɖo kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu dzi nakpɔtɔ anɔ mía ƒo? (b) Aleke agbemeŋutinya aɖe si wota ɖe míaƒe magazineawo me la kpe ɖe ŋuwòe?

17 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia srɔ̃gbalẽ siwo me nyawo doa ŋusẽ míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu la le mía si. Nɔvi geɖewo kpɔe be agbemeŋutinya siwo wotana ɖe míaƒe magazinewo me la kpena ɖe yewo ŋu ŋutɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si le Asia, si blanuiléledɔ si tsoa tagbɔdɔléle gbɔ le fu ɖem na la kpɔ dzidzɔ esi wòxlẽ nɔviŋutsu aɖe si nye dutanyanyuigblɔla tsã, si kpe akɔ kple dɔléle sia ke dzidzedzetɔe, la ƒe agbemeŋutinya. Nɔvinyɔnua ŋlɔ bena, “Ekpe ɖe ŋutinye mese nye kuxia gɔme eye mɔkpɔkpɔ su asinye.”

18. Nu ka tae wòle be míanɔ gbe dom ɖa zi gbɔ zi geɖe?

18 Ðoɖo bubue nye gbedodoɖa. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Apostolo Paulo te gbe ɖe ale si gbegbe gbedodoɖa le vevie la dzi esi wògblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Flp. 4:6, 7) Ðe míedoa gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe be ŋusẽ si ana míanɔ te ɖe kuxiwo nu la nasu mía sia? Alex, nɔviŋutsu aɖe si le Britain, si blanuiléledɔ ɖe fu na ɣeyiɣi didi aɖe la, gblɔ be: “Nuƒoƒo na Yehowa le gbedodoɖa me kple toɖoɖo eyama to eƒe Nya la xexlẽ dzi ye nye nu vevi si kpe ɖe ŋunye.”

19. Aleke wòle be míabu Kristotɔwo ƒe kpekpewo dedee?

19 Hadede kple mía nɔviwo le kpekpewo me hã nye ɖoɖo vevi si kpena ɖe mía ŋu. Hakpala aɖe ŋlɔ bena: “Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi menye ke.” (Ps. 84:3) Ðe míawo hã míesena le mía ɖokui me nenema? Lani, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ ale si wòbua hadede kple nɔvi Kristotɔwoe ale: “Menye be ne melɔ̃ ye made kpekpewo o. Menyae be ne medi be Yehowa nakpe ɖe ŋunye mado dzi la, ele be made kpekpewo.”

20. Aleke gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me akpe ɖe mía ŋui?

20 Veviedodonu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me hã doa ŋusẽ mí. (1 Tim. 4:16) Nɔvinyɔnu aɖe si le Australia, si to kuxi gbogbo aɖewo me le agbe me la gblɔ be: “Medzroam be made gbeadzi o, gake hamemetsitsi aɖe kpem be nye kpli ye míayi gbeadzi. Meyi kplii. Yehowa anya nɔ kpekpem ɖe ŋunye to mɔ sia dzi; ɣesiaɣi si mekpɔ gome le subɔsubɔdɔa me la, mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ.” (Lod. 16:20) Ame geɖe kpɔe be esi yewole kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woaxɔ Yehowa dzi se la, esia do ŋusẽ yewoƒe xɔse. Ne wole esia wɔm la, wotea ŋu ɖea woƒe susu ɖa le woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo dzi eye wotsɔa susu ɖoa nu siwo le vevie wu la dzi.—Flp. 1:10, 11.

21. Kakaɖedzi kae le mía si ku ɖe kuxi siwo míedoa goe ŋu?

21 Yehowa wɔ ɖoɖo gbogbo aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe egbekuxiwo nu dzinɔameƒotɔe. Ne míewɔa ɖoɖo siawo katã ŋu dɔ eye míedea ŋugble le Mawu subɔla siwo wɔ nu dzinɔameƒotɔe ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu hesrɔ̃a woamawo la, míeka ɖe edzi be míate ŋu akpe akɔ kple kuxiwo dzidzedzetɔe. Togbɔ be míate ŋu ava to kuxi geɖewo me esime nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum hã la, míate ŋu ase le mía ɖokui me abe Paulo ene, esi wògblɔ be: “Woxlã mí ɖe anyi, gake wometsrɔ̃ mí o. . . . Eya ta míenaa ta o.” (2 Kor. 4:9, 16) Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu anɔ te ɖe egbekuxiwo nu dzidzedzetɔe.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:17, 18.

^ Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.