Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔ Kae Nèɖena Fiana?

Gbɔgbɔ Kae Nèɖena Fiana?

“Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la.”—FILEM. 25.

1. Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na eƒe haxɔsetɔwo la, nu kae wògblɔ be yele mɔ kpɔm na?

 ESIME apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na eƒe haxɔsetɔwo la, egblɔ enuenu be yele mɔ kpɔm be Mawu kple Kristo nakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔ si hameawo ɖena fiana la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ ɖo ɖe Galatiatɔwo be: ‘Nɔviwo, mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la. Amen.’ (Gal. 6:18) Gɔmesese kae le eƒe nyagbɔgblɔ si nye “gbɔgbɔ si mieɖena fiana” la ŋu?

2, 3. (a) Ne Paulo zã nya “gbɔgbɔ” ɣeaɖewoɣi la, nu ka ŋu wòkuna ɖo? (b) Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui ku ɖe gbɔgbɔ si míeɖena fiana ŋu?

2 Ale si Paulo zã nya “gbɔgbɔ” le afi sia la ku ɖe nu si ʋãa mí míegblɔa nya alo wɔa nu le mɔ aɖe koŋ nu la ŋu. Ame aɖe ate ŋu anye ame ɖɔŋuɖo, ameŋubula, ame fatu, nunala, alo ame si tsɔ kena faa. Biblia ƒo nu tso “gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo” la ŋu. (1 Pet. 3:4) Le go bubu me la, ame aɖe ate ŋu anye ame si ɖea alɔme le ame ŋu, ŋutilãmenuwo yome nɔla, ame si doa dziku kabakaba, alo ame si lɔ̃ ɖokuisigbenɔnɔ. Esi gavloe wue nye be, ame aɖewo ɖea makɔmakɔnyenye, tomaɖomaɖo, alo aglãdzedze gɔ̃ hã ƒe gbɔgbɔ fiana.

3 Eya ta esi Paulo zã nyagbɔgblɔ si nye “Aƒetɔ la nenɔ anyi kple gbɔgbɔ si nèɖena fiana” la, ɖe wònɔ dzi dem ƒo na hamea me tɔ ɖe sia ɖe be wòaɖe gbɔgbɔ si awɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpakple Kristo ƒe amenyenye la afia. (2 Tim. 4:22; mixlẽ Kolosetɔwo 3:9-12.) Egbea la, anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Gbɔgbɔ ka ƒomevie meɖena fiana? Aleke mawɔ anɔ gbɔgbɔ si dzea Mawu ŋu la ɖem fia nyuie wu? Ðe mate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le nye asikpekpe ɖe gbɔgbɔ si hame bliboa ɖena fiana ŋu mea?’ Le kpɔɖeŋu me, seƒoƒo dzeani vovovowoe wotsɔ wɔa seƒoƒo babla aɖe si nya kpɔna ŋutɔ. Seƒoƒoawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa akpa vevi aɖe le seƒoƒo bablaa ƒe nyonyome ŋu. Ðe míenye “seƒoƒo” siwo naa hame bliboa nya kpɔna la dometɔ ɖeka? Ele godoo be míadze agbagba vevie anye wo dometɔ ɖeka. Azɔ mina míakpɔ nu si míate ŋu awɔ be míaɖe gbɔgbɔ si dzea Mawu ŋu afia la ɖa.

ƑO ASA NA XEXEA ƑE GBƆGBƆ

4. Nu kae nye “xexea ƒe gbɔgbɔ” la?

4 Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: “Menye xexea ƒe gbɔgbɔ ye míexɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae míexɔ.” (1 Kor. 2:12) Nu kae nye “xexea ƒe gbɔgbɔ” la? Eya kee nye gbɔgbɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Efesotɔwo 2:2, afi si gblɔ be: “[Miezɔna] tsã le xexe sia ƒe nuɖoanyi la nu, le fia si kpɔ ŋusẽ ɖe ya, si nye gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le tomaɖomaɖo ƒe viwo me fifia dzi la, ƒe lɔlɔ̃nu nu.” “Ya” sia ye nye xexea ƒe gbɔgbɔ, alo xexea ƒe nuŋububu, eye eƒo xlã mí abe ale si ko ya ŋutɔŋutɔ ƒo xlã mí ene. Ele afi sia afi. Esia dzena le mele-be-ame-aɖeke-naɖo-nu-si-mawɔ-nam-o alo ʋli-wò-nya-dzɔdzɔe-ta ƒe nɔnɔme si ame geɖe ɖena fiana egbea la me zi geɖe. Ame siawo nye “tomaɖomaɖo ƒe viwo,” siwo le Satana ƒe xexea me.

5. Gbɔgbɔ manyomanyo kae Israel viwo ɖe fia?

5 Menye nu yeyee nɔnɔme mawo nye o. Le Mose ŋɔli la, Korax tsi tsitre ɖe ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le Israel ƒe ha blibo la dome la ŋu. Aron kple viaŋutsuwo, siwo si mɔnukpɔkpɔ su be woasubɔ abe nunɔlawo ene la, koŋ ŋue wòtsi tsitre ɖo. Ðewohĩ ekpɔ woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dze sii. Alo ɖewohĩ enɔ susum be Mose ɖo Aron kple viaŋutsuwo nunɔlawoe le esi wonye eƒe ƒometɔwo ko ta. Aleke kee nyaa ɖale o, edze ƒãa be Korax va nɔ nuwo ŋu bum le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu eye wòƒo nu tsi tsitre ɖe ame siwo Yehowa ŋutɔ ɖo la ŋu amemabumabutɔe hegblɔ be: “Mia tɔ do ɖoɖo akpa! . . . Nu ka ŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?” (4 Mose 16:3) Nenema kee Datan kple Abiram hã to nyatoƒoe le Mose ŋu henɔ gbɔgblɔm nɛ be ele agbagba dzem be ‘yeaɖu amegã ɖe yewo dzi.’ Esi Mose dɔ be woaɖayɔ wo vae la, woɖo eŋu dadatɔe be: “Míegbɔna afi aɖeke o!” (4 Mose 16:12-14) Eme kɔ ƒãa be Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔ si woɖe fia la ŋu o. Etsrɔ̃ aglãdzelaawo katã ɖa.—4 Mose 16:28-35.

6. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo ɖee fia be nɔnɔme gbegblẽ le yewo si, eye nu ka gbɔe nɔnɔme si woɖe fia la anya tso?

6 Ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo hã va nɔ nya hem ɖe ame siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ le hamea me la ŋu, eye “wodoa vlo aƒetɔnyenye.” (Yuda 8) Anɔ eme be ame siawo mekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su wo si la ŋu o, eye wonɔ agbagba dzem be yewoana ame bubuwo nadzudzɔ bubudede ame siwo Mawu ɖo, siwo le dɔ siwo wòde asi na wo la wɔm kutrikukutɔe, la ŋu.—Mixlẽ 3 Yohanes 9, 10.

7. Nɔnɔme kae wòle be míakpɔ nyuie be wòagasu mía si o?

7 Eme kɔ ƒãa be mele be gbɔgbɔ sia nanɔ Kristo hamea me kura o. Ema tae wòle be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le esia ŋu ɖo. Hamemetsitsi siwo le hamea me la mede blibo o, abe ale si ko ametsitsiawo mede blibo le Mose ŋɔli kple apostolo Yohanes ƒe ɣeyiɣia me o ene. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ vodada siwo agblẽ nu le mí ame ɖekaɖekawo ŋu. Ne esia dzɔ la, ɖe maɖe fu ŋutɔ be hamea me tɔ aɖe naɖe xexea ƒe gbɔgbɔ afia ahadi be “woatso afia na ye” kokoko alo be “woawɔ nane na nɔvi sia godoo” oa? Yehowa ate ŋu atiae be yeaŋe aɖaba aƒu vodada suesuesuewo dzi. Ðe manyo be míawo hã míawɔ nenema ke oa? Esi nɔvi aɖewo kpɔ nu si wobu gbɔdzɔgbɔdzɔe le hamemetsitsi aɖewo ŋu ta la, ne wowɔ nu vɔ̃ gã aɖe le hamea me eye hamemetsitsiwo ɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti be woakpe ɖe wo ŋu la, wogbena be hamemetsitsi mawo makpɔ nya gbɔ na yewo o. Ame siawo le abe dɔnɔ aɖe si gbe be woagazã dɔdamɔnu aɖe si ada yeƒe dɔlélea la na ye o ene, le esi ɖɔktaa ƒe nɔnɔme aɖe medoa dzidzɔ nɛ o ta.

8. Mawunyakpukpui kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ku ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me ŋu?

8 Be míaƒo asa na gbɔgbɔ sia ƒomevi la, míate ŋu aɖo ŋku edzi be Biblia ɖɔ Yesu be “ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me.” ‘Ɣletiviawo’ le tsitre ɖi na dzikpɔla amesiaminawo, eye ne míekekee ɖe enu la, elɔ dzikpɔla siwo katã le hameawo me ɖe eme. Yesu ate ŋu afia mɔ ‘ɣletiviawo’ le mɔ si wòkpɔ be esɔ nu. (Nyaɖ. 1:16, 20) Eya ta abe Kristo hamea ƒe Ta ene la, Yesu nya nu si tututu le edzi yim le hamemetsitsiwo ƒe hawo me nyuie. Ne nyateƒee wònye be ame aɖe hiã ɖɔɖɔɖo le hamemetsitsiwo ƒe ha aɖe me la, Ame si ƒe “ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene” la akpɔ egbɔ be wowɔ esia le Eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi kple le mɔ si sɔ nu. (Nyaɖ. 1:14) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míeyia edzi dea bubu si dze ame siwo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo la ŋu, elabena Paulo ŋlɔ bena: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.”—Heb. 13:17.

9. (a) Nɔnɔme kae Kristotɔ aɖe ate ŋu aɖe afia ne woɖɔe ɖo? (b) Ne woɖɔ mí ɖo la, nu kae nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ?

9 Ne woɖɔ Kristotɔ aɖe ɖo alo xɔ agbanɔamedziwo le esi le hamea me la, esia ate ŋu ado eƒe xɔse kpɔ. Hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe ŋuɖɔɖotɔe tso videofefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le la ƒoƒo ŋu. Nublanuitɔe la, mexɔ aɖaŋuɖoɖoa de eme o eye megadze le Ŋɔŋlɔawo nu be wòasubɔ abe subɔsubɔdɔwɔla ene o, eya ta woxɔ dɔ le esi. (Ps. 11:5; 1 Tim. 3:8-10) Emegbe la, nɔviŋutsua na ame geɖe nya be yemeda asi ɖe nyametsotsoa dzi o, eye wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea enuenu tsɔ tso hamemetsitsiawo nu eye wònɔ dzi dem ƒo na ame bubuwo be woawo hã woawɔ nenema ke. Gake nyateƒea ye nye be, ne míegbe lɔlɔ̃ ɖe míaƒe vodada dzi hetsɔ nanewo le taflatsɛ dom la, egblẽa hamea ƒe ŋutifafa dome, eye esia meɖea vi aɖeke o. Ne woɖɔ mí ɖo la, ɖe manyo wu be míabu ɖɔɖɔɖoa be mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míakpɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo adze sii eye míalɔ̃ faa awɔ tɔtrɔ oa?—Mixlẽ Konyifahawo 3:28, 29.

10. (a) Nu kae míesrɔ̃ le Yakobo 3:16-18 ku ɖe nɔnɔme nyuiwo kple nɔnɔme gbegblẽwo ŋu? (b) Ne míewɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple “nunya si tso dziƒo” la, nu kae dona tso eme?

10 Nya siwo le Yakobo 3:16-18 la nye mɔfiame nyui aɖe ku ɖe gbɔgbɔ manyomanyo alo gbɔgbɔ nyui si ame aɖe ate ŋu aɖe afia le hamea me ŋu. Afi ma gblɔ be: “Afi si ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afi mae tɔtɔ kple nu gbegblẽ ɖe sia ɖe nɔna. Gake le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa, esea nu gɔme, elɔ̃na faa ɖoa to, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu, medea vovototo amewo me le ameŋkumekpɔkpɔ ta o, alakpanuwɔwɔ mele eme o. Gawu la, woƒãa dzɔdzɔenyenyeku le ŋutifafa me na ame siwo wɔa ŋutifafa.” Ne míele nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple “nunya si tso dziƒo” la, míaƒe mawumenɔnɔme nyuiawo akpe asi ɖe eŋu be gbɔgbɔ nyui nanɔ hamea me.

ÐE AMEBUBU ƑE GBƆGBƆ FIA LE HAMEA ME

11. (a) Ne míeɖea gbɔgbɔ nyui fiana la, nu kae míaƒo asa na? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso David ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Ele be wòanɔ susu me na mí be Yehowae de dɔ asi na hamemetsitsiwo be “[woakplɔ] Mawu ƒe hame” la. (Dɔw. 20:28; 1 Pet. 5:2) Eya ta míekpɔe be nu nyuitɔ si wòle be míawɔe nye be míade bubu ɖoɖo si Mawu wɔ ŋu, mɔnukpɔkpɔ ɖasu mía si be míasubɔ abe hamemetsitsi ene loo alo mesu mía si o. Ne míeɖea gbɔgbɔ nyui fiana la, míatsi dzi fũu akpa ɖe ɖoƒe alo agbanɔamedzixɔxɔ ŋu o. Esime Israel Fia Saul susui be David ava xɔ fianyenyea le ye si la, Saul ‘va nɔ David kpɔm ɖe ƒomevii.’ (1 Sam. 18:9) Nɔnɔme gbegblẽ va su fia la si ɖe David ŋu eye wòdi gɔ̃ hã be yeawui. Le esi míatsi dzi fũu akpa ɖe ɖoƒe ŋu abe Saul ene teƒe la, anyo wu sãsãsã be míanɔ abe David ene. Togbɔ be wowɔ nu madzɔmadzɔ geɖe ɖe David ŋu hã la, ɖekakpui la yi edzi de bubu ame siwo Mawu ɖo ŋusẽnɔƒe la ŋu.—Mixlẽ 1 Samuel 26:23.

12. Nu kae ate ŋu akpe asi ɖe hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu?

12 Esi mí katã míaƒe nukpɔsusuwo le vovovo ta la, esia ate ŋu ade masɔmasɔ mía dome le hamea me; esia ate ŋu adzɔ le dzikpɔlawo gɔ̃ hã dome. Biblia ɖo aɖaŋu aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le esia me; egblɔ be: “Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã”; egblɔ hã be: “Miganye aɖaŋudzelawo le mia ɖokuiwo ŋkume o.” (Rom. 12:10, 16) Esia fia be, le esi míanɔ tɔ tem ɖe edzi be míaƒe susue nye nyuitɔa teƒe la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi boŋ be zi geɖe la, woate ŋu akpɔ nya aɖe gbɔ le mɔ vovovo nu wòasɔ. Ne míedze agbagba se ame bubuwo ƒe nukpɔsusu gɔme la, míate ŋu akpe asi ɖe hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu.—Flp. 4:5.

13. Aleke wòle be míabu míawo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwoe, eye eƒe kpɔɖeŋu kae le Biblia me?

13 Ðe esia fia be ne míekpɔe be ehiã be woawɔ ɖɔɖɔɖo aɖewo le hamea me la, mesɔ be míagblɔ míaƒe susu oa? Ao. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nya aɖe do mo ɖa si ŋu hamemetsitsiwo ʋli nya le vevie. Nɔviawo “[wɔ] ɖoɖo be Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔ aɖewo nayi apostoloawo kple hamemetsitsiawo gbɔ le Yerusalem le nyaʋiʋli sia ta.” (Dɔw. 15:2) Ðikeke mele eme o be susu vovovowo nɔ nɔvi siawo hã si le nyaa ŋu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe anya bu ale si eya susu be woakpɔ nyaa gbɔe ŋu. Ke hã esi ame sia ame nya gblɔ eƒe susu vɔ eye gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ wo wotso nya me ko la, nɔviawo megahe woƒe nukpɔsusuwo ɖe go azɔ o. Eyome esi woŋlɔ nyametsotsoa ɖo ɖe hameawo la, “wokpɔ dzidzɔ le dzideƒonya sia ta” eye “hameawo yi edzi sẽ ŋu le xɔse me.” (Dɔw. 15:31; 16:4, 5) Nenema kee egbea la, ne míenya gblɔ nya aɖe si ŋu míetsi dzi ɖo la na hamemetsitsiwo ko la, ele be míaka ɖe edzi be woade ŋugble le eŋu vevie ahakpɔe ɖa be ehiã be woawɔ nane le eŋu hã.

ÐE GBƆGBƆ NYUI FIA LE MIA KPLE AME BUBUWO DOME ƑOMEDODO ME

14. Aleke míate ŋu aɖe gbɔgbɔ nyui afia le mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo me?

14 Le mía kple amewo dome ƒomedodo me la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míaɖe gbɔgbɔ nyui afia. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nyui geɖe na amewo ne etsɔa vodada siwo wowɔ ɖe eŋu la kea wo. Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Kol. 3:13) Nyagbɔgblɔ si nye “ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu” le fiafiam be susu nyuiwo ate ŋu anɔ mía si siwo tae dzi aku mí ɖe ame bubuwo ŋu ɖo. Ke hã mele be míatsi dzi ɖe nu suesue siwo medoa dzidzɔ na mí le ame aɖe ŋu o la ŋu fũu akpa o, ale be esia nagagblẽ hamea ƒe ŋutifafa me o. Le esia teƒe la, ele be míadze agbagba asrɔ̃ Yehowa eye míatsɔ ake amewo faa, eye míayi edzi anɔ subɔsubɔm ɖekae.

15. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob gbɔ le tsɔtsɔke ŋu? (b) Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe gbɔgbɔ nyui afiae?

15 Míate ŋu asrɔ̃ tsɔtsɔke tso Hiob gbɔ. Ame etɔ̃ siwo va be yewoafa akɔ nɛ la tsɔ nya gbãdziname geɖewo do dziku nɛ boŋ. Ke hã Hiob tsɔ woƒe vodadawo ke wo. Nu kae kpe ɖe eŋu? ‘Edo gbe ɖa ɖe xɔlɔ̃awo ta.’ (Hiob 16:2; 42:10) Ne míedoa gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. Gbedodoɖa ɖe mía nɔvi Kristotɔwo katã ta kpena ɖe mía ŋu míebua wo abe ale si Kristo bua woe ene. (Yoh. 13:34, 35) Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔe la. (Luka 11:13) Mawu ƒe gbɔgbɔ la akpe ɖe mía ŋu míaɖe Kristotɔ vavãwo ƒe nɔnɔme nyuiwo afia ame bubuwo ne míele nu wɔm kpli wo.—Mixlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23.

WƆ WÒ AKPA DZI BE GBƆGBƆ NYUI NANƆ MAWU ƑE HABƆBƆA ME

16, 17. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ le ‘gbɔgbɔ si nèɖena fiana’ ŋu?

16 Bu nu nyui siwo gbegbe ate ŋu ado tso eme ne hamea me tɔ ɖe sia ɖe ɖoe eƒe taɖodzinui be yeawɔ yeƒe akpa dzi ana gbɔgbɔ nyui nanɔ hamea me ŋu kpɔ! Le nyati sia me dzodzro vɔ megbe la, ɖewohĩ míatso nya me be míadze agbagba awɔ asitɔtrɔ le nɔnɔme si míeɖena fiana ŋu ale be míanɔ dzi dem ƒo na amewo geɖe wu. Ne nenemae la, ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe Nya la nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ adze sii. (Heb. 4:12) Paulo, si di be yeanye kpɔɖeŋu nyui na hameawo la gblɔ be: ‘Nye dzitsinya mebua fɔm le naneke ta o. Gake nyemele gbɔgblɔm be mele dzɔdzɔe o, elabena ame si dzroa menye kpɔ lae nye Yehowa.’—1 Kor. 4:4.

17 Ne míedzea agbagba be míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple nunya si tso dziƒo eye míebua mía ɖokuiwo ame veviwoe alo tsia dzi ɖe míaƒe ɖoƒe ŋu fũu akpa o la, míakpe asi ɖe eŋu be gbɔgbɔ nyui nanɔ hamea me. Ne míetsɔ kea amewo eye míebua susu nyui ɖe amewo ŋu la, ana míanɔ ŋutifafa me kple mía hati tadeagulawo. (Flp. 4:8) Ne míele esia wɔm la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu akpɔ ŋudzedze ɖe ‘gbɔgbɔ si míeɖena fiana la’ ŋu.—Filem. 25.