Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbemeŋutinya

Wonye Xɔlɔ̃wo Ƒe 60 Sɔŋ

Wonye Xɔlɔ̃wo Ƒe 60 Sɔŋ

Le fiẽ aɖe me le ƒe 1951 ƒe dzomeŋɔli la, ɖekakpui ene siwo katã le woƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze la le tsitrenu le telefonwɔƒe aɖe le Ithaca, New York, U.S.A., le ka ƒom dzidzɔtɔe ɖo ɖe Michigan, Iowa, kple California siwo le didiƒe ke. Wodi be yewoagblɔ nya nyui aɖe na yewoƒe ame veviwo!

LE February si do ŋgɔ me la, mɔɖela 122 tso teƒe vovovowo va South Lansing, New York, be yewoade Gilead Suku ƒe klass 17 lia. Nɔvi siwo ŋkɔe nye Lowell Turner, William (Bill) Kasten, Richard Kelsey, kple Ramon Templeton hã nɔ ame siwo gbɔna dutanyanyuigblɔlawo zu ge le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la dome. Lowell kple Bill siaa tso Michigan, Richard tso Iowa, eye Ramon tso California, eye eteƒe medidi o, wova zu xɔlɔ̃ veviwo.

Ɣleti atɔ̃ aɖewo megbe la, dzi nɔ sukuviawo katã dzɔm ale gbegbe esi wogblɔ na wo be Nɔviŋutsu Nathan Knorr tso dɔwɔƒegã la gbɔna nu ƒo ge na wo. Nɔviŋutsu eneawo ɖee gblɔ xoxo be yewodi be yewoasubɔ ɖekae le dukɔ ɖeka me—ne anya wɔ. Ðe woanya nu geɖe tso dɔ si de ge wole asi na wo le duta ŋu azɔa? Ɛ̃, eme akɔ na wo!

Esi Nɔviŋutsu Knorr nɔ nu ƒom na sukuviawo eye wòte woƒe dutadɔdeasiawo yɔyɔ la, wo katã woke to ɖi nyuie. Wo dometɔ gbãtɔ siwo wòyɔ va kplɔ̃tae nye ame ene siwo tsi dzimaɖi le gɔmedzedzea me. Fifia, ɖekakpuiawo ƒe dzi dze eme esi wonyae be ate ŋu adzɔ be woaɖo yewo ɖe teƒe ɖeka ta! Gake afi kae wòanye? Esi wogblɔ na wo be woaɖo wo ɖe Germany la, ewɔ nuku na woƒe sukuhatiwo eye woƒo asikpe ɣeyiɣi didi aɖe.

Ðasefo siwo wɔ nuteƒe le Germany tso ƒe 1933 me le Hitler ƒe dziɖuɣia la ƒe ŋutinya wɔ nuku na Yehowa Ðasefowo le afi sia afi. Sukuvi geɖewo ɖo ŋku awudodo kple nunana bubu siwo woɖo ɖe Europa nɔviawo le Xexemeʋa II megbe to Amerika Dɔmenyonunana Ðoɖo Ðe Europa Habɔbɔa (CARE) dzi la dzi. Mawu ƒe ame siwo nɔ Germany nye nuteƒewɔwɔ, tameɖoɖo kplikpaa, dzinɔameƒo, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Lowell gblɔ be, ɣemaɣi tututu la, yegblɔ le susu me be: ‘Azɔ míele si dze ge nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo nyuie.’ Eya ta mewɔ nuku o be dzi dzɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ eye wokpɔe be ehiã be yewoƒo ka na yewoƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo fiẽ ma!

WODZE MƆ YINA GERMANY

Le July 27, 1951, dzi la, meli si woyɔna be Homeland la ho tso East River ƒe melidzeƒea le New York, eye xɔlɔ̃ eneawo dze ŋkeke 11 ƒe mɔzɔzɔ gɔme ɖo ta Germany. Nɔviŋutsu Albert Schroeder, si hã nye woƒe nufialawo dometɔ ɖeka le Gilead Sukua eye wòva nye Dɔdzikpɔha la me tɔ emegbe lae fia Germanygbe me nyagbɔgblɔ gbãtɔ siwo wonya la wo. Fifia esi woa kple Germanytɔ geɖewo woɖo tɔdziʋu ɖeka la, ɖewohĩ woate ŋu asrɔ̃ geɖe akpee. Gake edze abe Germanygbe ƒe gbetagbe vovovowoe ame siwo ɖo tɔdziʋua la dona ene. Aleke gbegbe woatɔtɔe nye esi!

Le Braɖagbe ŋdi, si nye August 7 lia la, esi wokpe ƒudzimɔzɔzɔ ƒe lãmegbegblẽwo ƒe fu enuenu megbe la, nɔviawo va ɖo afɔ Germanytɔwo ƒe anyigba dzi le Hamburg. Afi sia afi si wotrɔ ɖo la, wokpɔa nu siwo aʋa si wu enu ƒe ade do ŋgɔ la gblẽ. Esi nu siwo wokpɔ la na wolé blanui ta la, woɖo keteke hezɔ mɔ zã bliboa ɖo ta Wiesbaden, afi si alɔdzedɔwɔƒea nɔ ɣemaɣi.

Kuɖagbe ŋdi kanya ye wodo go Ðasefo gbãtɔ le Germany—eye Germanytɔwo ƒe ŋkɔ hãe le esi! Hans tsɔ ʋu kɔ wo tso ketekedzeƒea yi Betel, afi si wòtsɔ wo de asi na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si ƒe mo sẽ, si mese Eŋlisigbe aɖeke o la. Ke hã edze ƒãa be esusu be ne yenya le nu ƒom sesĩe ko la, yeakpɔ gbemasemase ƒe kuxia gbɔ. Gake togbɔ be eƒe gbe nɔ dzi dem bobobo hã la, ɖeko woa kple nɔviŋutsu eneawo tsi dzimaɖi vevie wu. Mlɔeba la, Nɔviŋutsu Erich Frost, si nye alɔdze dzikpɔla la va ɖo eye wòdo gbe na wo vividoɖeameŋutɔe le Eŋlisigbe me. Nuwo nɔ kakam ɖe eme na wo azɔ.

Le August ƒe nuwuwu lɔƒo la, wo ame enea wode woƒe Germanygbe me takpekpe gbãtɔ, si nye “Tadedeagu Dzadzɛ” Takpekpe si wowɔ le Frankfurt am Main la. Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 47,432 kple ame 2,373 sɔŋ siwo xɔ nyɔnyrɔ la teƒe kpɔkpɔ na dzo yeye ɖo wo me ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu eye wodi vevie be yewoaɖe gbeƒã. Gake ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Nɔviŋutsu Knorr na wonya be wole Betel nɔ ge, eye be, woade dɔ asi na wo le afi ma be woawɔ.

Dzidzɔ siwo wova kpɔ le woƒe dɔdeasia me la na wova ka ɖe edzi bliboe be Yehowa nya nu si nyo ɣesiaɣi

Esi wònye be Ramon di vevie be yeawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ta la, ena mɔnukpɔkpɔ si su esi do ŋgɔ be wòasubɔ le Betel le United States la to eŋu. Eye Richard kple Bill siaa mesusui kpɔ be yewoava subɔ le Betel o. Gake dzidzɔ siwo wova kpɔ le woƒe dɔdeasia me la na wova ka ɖe edzi bliboe be Yehowa nya nu si nyo ɣesiaɣi. Aleke gbegbee nunya le eme be míaɖo ŋu ɖe eƒe mɔfiafia ŋu tsɔ wu be míatsɔ susu aɖo míawo ŋutɔwo ƒe didiwo dzie nye esi! Ame si se nya sia gɔme la, akpɔ dzidzɔ le afi sia afi si Yehowa ɖoe ɖo la eye akpɔ dzidzɔ le dɔ sia dɔ si wòde esi be wòawɔ la me.

VERBOTEN!

Germany Betel ƒomea me tɔ geɖewo kpɔ dzidzɔ be Amerikatɔwo va le yewo dome eye yewoate ŋu anɔ Eŋlisigbe si yewose la dom kpli wo. Ke hã gbe ɖeka esi wonɔ nuɖuxɔ me la, woƒe mɔkpɔkpɔa nu yi zi ɖeka. Nɔviŋutsu Frost te nuƒoƒo vividoɖeameŋutɔe abe ale si ko wòwɔna ene hegblɔ nya aɖe si dze ŋkubiãnyae la le Germanygbe me. Ƒomea me tɔ akpa gãtɔ zi ɖoɖoe klenee, wode ta to le woƒe nuɖugba me kpɔm. Togbɔ be nɔvi yeyeawo mese nya si gblɔm wòle gɔme o hã la, ʋɛʋɛʋɛ la, wova kpɔe dze sii be nya la ku ɖo yewo ŋu. Eya ta esi Nɔviŋutsu Frost kɔ gbe dzi sesĩe gblɔ be, “VERBOTEN!” (“Mɔɖeɖe Meli O!”) eye wòyi edzi nɔ egblɔm kple gbe si nu sẽ wu hena gbeteteɖedzi la, wotsi mavo le wo ɖokuiwo me. Nu kae wowɔ si wɔe be wodo dziku ɖe wo ŋu alea gbegbe ɖo?

Esi woɖu nua vɔ la, wo katã woɖe abla yi woƒe xɔwo me afɔtsɔtsɔe. Emegbe nɔviŋutsu aɖe ɖe eme na wo be: “Hafi miate ŋu akpe ɖe mía ŋu la, ele be miase Germanygbea. Ema tae Nɔviŋutsu Frost gblɔ be VERBOTEN ɖo; womagado Eŋlisigbe kpli mi o va se ɖe esime miese gbea.”

Betel ƒomea wɔ ɖe sededea dzi enumake. Menye ɖeko esia kpe ɖe ƒomea me tɔ yeyeawo ŋu wosrɔ̃ Germanygbea kaba o, ke esia fia wo hã be, ne nɔviŋutsu lɔ̃ame aɖe ɖo aɖaŋu aɖe eye edziwɔwɔ sesẽ le gɔmedzedzea me hã la, zi geɖe la, míawo ŋutɔwo ƒe nyonyo tae. Nɔviŋutsu Frost ƒe aɖaŋuɖoɖoa ɖe ale si wòtsɔ ɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe nyonyo me kple lɔlɔ̃ si le esi na nɔviawo la fia. * Mewɔ nuku o be wo ame eneawo va lɔ̃e ŋutɔ!

NUSƆSRƆ̃ TSO MÍA XƆLƆ̃WO GBƆ

Míate ŋu asrɔ̃ nu veviwo tso mía xɔlɔ̃ Mawu vɔ̃lawo gbɔ, eye woƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míava zu Yehowa xɔlɔ̃ nyuiwo. Xɔlɔ̃ eneawo srɔ̃ nu geɖe tso nɔvi Germanytɔ wɔnuteƒe gbogbo manyaxlẽawo gbɔ, gake wosrɔ̃ nu tso wo nɔewo hã gbɔ. Richard gblɔ be: “Lowell se Germanygbe vi aɖe, eye ewɔ eŋu dɔ nyuie, gake mí ame mamlɛawo ya míekpe fu ŋutɔ. Esi wònye be eyae nye tsitsitɔa le mía dome ta la, eya ŋu koe míetrɔna ɖo enumake ne nane gɔme sese sesẽ na mí le gbea me, eye eyae xɔa ŋgɔ le nu ɖe sia ɖe si míewɔna me.” Ramon ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔviŋutsu Switzerlandtɔ aɖe ɖe mɔ na mí be míayi aɖaɖu míaƒe mɔkeke gbãtɔ le eƒe aƒe sue aɖe si wòtsɔ ati tu ɖe tonutowo me le Switzerland la me, le míaƒe Germany yiyi ƒe ɖeka megbe! Azɔ ko míawo ɖeɖe míanɔ anyi kwasiɖa eve sɔŋ siwo me míanɔ ʋiʋlim kple Germanygbea o! Gake nu si Lowell ya ate ŋu awɔ meva susu me nam kura o. Egblɔ be ele vevie be míanɔ gbe sia gbe mawunyakpukpuia xlẽm ahanɔ eme dzrom ŋdi sia ŋdi—le Germanygbe me! Nu si gate ɖe dzinye wue nye be etɔ afɔ to sesĩe le nya sia me. Gake esia fia nu vevi aɖe mí. Lɔ̃ nàwɔ ɖe ame si tsɔ ɖe le wò nyonyo me la ƒe mɔfiafia dzi, ne mia kplii ƒe susu mewɔ ɖeka ɣeaɖewoɣi o gɔ̃ hã. Nɔnɔme sia ɖe vi geɖe na mí hena ƒe geɖe eye ena wònɔ bɔbɔe na mí be míabɔbɔ ɖe teokrasimɔfiafia te.”

Xɔlɔ̃ eneawo kpɔ ŋudzedze ɖe ŋutete tɔxɛ si le wo dometɔ ɖe sia ɖe si la ŋu abe ale si Filipitɔwo 2:3 gblɔe ene be: “Miatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo be wonye gã wu mi.” Eya ta zi geɖe la, ame susɔeawo biana tso Bill si be wòaxɔ ŋgɔ akpɔ nane si sesẽ, si dzi ame etɔ̃awo katã lɔ̃ ɖo be eya ate ŋu awɔe nyuie wu yewo la, gbɔ. Lowell ɖo ŋku edzi be: “Ne ehiã be míawɔ afɔɖeɖe sesẽ aɖe alo awɔ nane si mí ame susɔeawo míadi be míawɔ o, evɔ wòhiã be míawɔe atsɔ akpɔ kuxi aɖewo gbɔ la, Bill ŋue míetrɔna ɖo. Dzideƒo aɖe nɔa esi wòkpea akɔ kple nu si dzi mí katã míelɔ̃ ɖo be ele be míawɔe le mɔ aɖe nu evɔ míele vɔvɔ̃m alo ŋutetea mele mía si o la.”

SRƆ̃ÐEÐE SIWO ME WOKPƆ DZIDZƆ LE

Xɔlɔ̃ eneawo va ɖe srɔ̃ ɖe nɔewo yome ɖekaɖeka. Wotu woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ɖe lɔlɔ̃ na Yehowa kple lɔlɔ̃ na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, eya ta wodi kpeɖeŋutɔ si atsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa na wosrɔ̃e be teƒeɖoɖo le nunana me wu nuxɔxɔ, eye be, esɔ be woabu Fiaɖuƒea ƒe nuwo be wole vevie wu ame ŋutɔ ƒe didiwo. Esia ta wotia nɔvinyɔnu siwo ŋutɔwo tia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa hele ewɔm xoxo. Esia wɔe be dzidzɔkpɔkpɔ nɔ srɔ̃ɖeɖe eneawo katã me eye woli ke.

Hafi xɔlɔ̃wɔwɔ aɖe alo srɔ̃ɖeɖe aɖe nakpɔ dzidzedze la, ele be woatsɔ Yehowa aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Nyagb. 4:12) Togbɔ be Bill kple Ramon ƒe kpeɖeŋutɔwo va dɔ alɔ̃ le ku me hã la, wo ame evea siaa kpɔ ale si srɔ̃nyɔnu wɔnuteƒe kpena ɖe srɔ̃a ŋui kple dzidzɔ si dona tso eme la teƒe. Esia kpɔtɔ le vi ɖem na Lowell kple Richard ya, eye Bill, si gbugbɔ ɖe srɔ̃ la, tia eƒe kpeɖeŋutɔ yeyea le nunya me, si wɔe be wòyi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wode dɔ asi na wo le dukɔ vovovowo me—vevietɔ Germany, Austria, Luxembourg, Canada, kple United States. Esia wɔe be, xɔlɔ̃ eneawo mete ŋu nɔ teƒe ɖeka abe ale si wodii ene o. Gake togbɔ be wo dome didi tso wo nɔewo gbɔ hã la, kadodo kpɔtɔ nɔ wo dome, wokpɔa dzidzɔ kple wo nɔewo le woƒe yayrawo me, eye wofaa avi ɖekae le woƒe xaxawo me. (Rom. 12:15) Ele be míade asixɔxɔ gã aɖe xɔlɔ̃ siawo ƒomevi ŋu eye mele be míabu wo nu tsɛe o. Wonye nunana xɔasiwo tso Yehowa gbɔ. (Lod. 17:17) Esesẽ ŋutɔ be woakpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le egbexexea me! Ke hã xɔlɔ̃ vavãwo ate ŋu asɔ gbɔ ɖe Kristotɔ vavã ɖe sia ɖe ya si. Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míedzea xɔlɔ̃ kple haxɔsetɔwo le xexea me godoo, eye ƒo wo katã ta la, míenye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo xɔlɔ̃wo.

Abe ale si wòdzɔna ɖe mí katã dzi ene la, xɔlɔ̃ ene siawo hã to nɔnɔme sesẽwo me ɣeaɖewoɣi—ɖewohĩ le wo dometɔ aɖe srɔ̃nyɔnu ƒe ku ta, le nuteɖeamedzi si dɔléle hena vaa ame dzi ta, le dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ƒe dzimaɖitsitsiwo ta, le vihehe ƒe kuxi siwo dzea ŋgɔ ame esime wòkpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wɔm ta, le dzimaɖitsitsi siwo teokrasidɔdeasi yeye aɖe xɔxɔ hena vae ta, kple le tsitsimekuxi siwo le dzidzim ɖe edzi fifia ta. Gake woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na wonyae hã be xɔlɔ̃wo—esiwo le kpuiƒe kple esiwo le didiƒe ʋĩi la siaa—kpena ɖe ame siwo lɔ̃ Yehowa ŋu wokpea akɔ kple kuxi ɖe sia ɖe dzidzedzetɔe.

XƆLƆ̃WƆWƆ AÐE SI ANƆ ANYI TEGBEE

Aleke gbegbe wònyoe nye esi be Lowell, Ramon, Bill, kple Richard siaa tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa esime Lowell xɔ ƒe 18, Ramon xɔ ƒe 12, Bill xɔ ƒe 11, eye Richard xɔ ƒe 10 eye wo katã wodze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le woƒe ƒe 17 va ɖo ƒe 21 xɔxɔ me. Wowɔ abe ale si Nyagblɔla 12:1 de dzi ƒo na woe ene be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.”

Ne Kristotɔ ɖekakpui ye nènye la, lɔ̃ faa nàwɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpea dzi be nàdze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme, ne anya wɔ. Eye le Yehowa ƒe amenuveve me la, àkpɔ dzidzɔ—abe xɔlɔ̃ ene siawo ene—le nutome sue, nutome gã, alo alɔdzedɔwɔƒewo dzi kpɔkpɔ ƒe subɔsubɔdɔa me; le subɔsubɔ le Betel, si me subɔsubɔ abe Alɔdzekɔmiti me tɔ ene hã le me; le nufiafia le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ kple Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukuawo me; kple le nuƒowo ƒoƒo le takpekpe gãwo kple suewo siaa me. Wo ame enea siaa wokpɔ dzidzɔ ale gbegbe esi wonyae be yewoƒe dɔdeasiawo ɖe vi na ame akpe geɖe! Wote ŋu wɔ nu siawo, elabena esime wonye ɖekakpuiwo la, wowɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe si me lɔlɔ̃ le, si nye be, woava subɔ ye la dzi kple luʋɔ blibo.—Kol. 3:23.

Egbea la, Lowell, Richard, kple Ramon wogava le subɔsubɔm ɖekae le alɔdzedɔwɔƒe si le Selters, Germany, fifia. Nublanuitɔe la, Bill ku le ƒe 2010 me esi wògakpɔtɔ nɔ subɔsubɔm abe mɔɖela vevi ene le United States. Ku tso xɔlɔ̃wɔwɔ tɔxɛ si nɔ Bill kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo dome hena ƒe 60 kloe la me! Gake mía Mawu, Yehowa, meŋlɔa exɔlɔ̃wo be o. Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu agbugbɔ aɖo Kristotɔwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe sia ɖe si me ku va tso hena ɣeyiɣi aɖe la tè le eƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te.

“Ƒe 60 sɔŋ ye míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa xɔ, gake le wo katã me la, nyemate ŋu aɖo ŋku masɔmasɔ aɖeke dzi o”

Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Bill naku la, eŋlɔ bena: “Ƒe 60 sɔŋ ye míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa xɔ, gake le wo katã me la, nyemate ŋu aɖo ŋku masɔmasɔ aɖeke dzi o. Mebua míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ɣesiaɣi be enye nu tɔxɛ aɖe ŋutɔ.” Exɔlɔ̃ etɔ̃awo, siwo kpɔtɔ nye xɔlɔ̃wo kokoko eye wole mɔ kpɔm be yewoayi yewoƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dzi le xexe yeyea me la gblɔ kpee enumake be, “Eye ɖeko míedze egɔme koe nye esia.”

^ Wota Nɔviŋutsu Frost ƒe agbemeŋutinya wɔdɔɖeamedzi la ɖe April 15, 1961, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 244 va se ɖe axa 249.