Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Biblia Nusɔsrɔ̃

ÐEVI SIWO MEXƆ WU ƑE ETƆ̃ O

Nye Biblia Nusɔsrɔ̃

Tsi le dzadzam.

“Nyemate ŋu ado o.

Oo, tsia make oa?”

Tomoko le avi fam.

Kasia, nane dzɔ!

Tsia ke mlɔeba.

Ŋdɔ le ʋuʋum azɔ.

Tomoko kpɔ dzidzɔ!

Tomoko ƒu du yi xexe,

eye dzi dzɔe

ɖe nu wɔnuku

si wòkpɔ ŋu.

Tomoko gblɔ be,

“Nyemenya be

tsidzadza si tso Mawu gbɔ

la nana seƒoƒowo tsina o!”

NUMEDZODZRO

Na viwòa natɔ asi nu siawo dzi:

  • Fesre

  • Tomoko

  • Seƒoƒowo

  • Xevi

  • Ati

Di nu siwo le ɣaɣla la.

  • Ʋui

  • Yameʋu

Xlẽ Dɔwɔwɔwo 14:17. Nu ka tae Yehowa wɔ tsidzadza ɖo?