Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Fia Wò Lɔlɔ̃num Mawɔ”

“Fia Wò Lɔlɔ̃num Mawɔ”

“Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.”—PS. 143:10.

1, 2. Aleke nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu bubu le míaƒe nyametsotsowo wɔwɔ me ate ŋu aɖe vi na mí, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Fia David gbɔ le esia ŋu?

TSƆE be èle afɔmɔ aɖe dzi zɔm to tonutowo me. Eye èva ɖo mɔ dzeeve aɖe nu. Wo dometɔ kae nàtsɔ? Ðewohĩ àlia agakpe kɔkɔ aɖe dzi ahakpɔ afi si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo tae. Míate ŋu awɔ nufiame si le kpɔɖeŋu sia me ŋu dɔ le nyametsotso veviwo wɔwɔ me. Ne míekpɔa nuwo le Wɔla la ƒe nukpɔsusu si kɔ boo wu mía tɔ nu la, akpe ɖe mía ŋu be míazɔ le mɔ si dzea Yehowa ŋu la nu.—Yes. 30:21.

2 Le blema Israel Fia David ƒe agbenɔɣi ƒe akpa gãtɔ me la, ebu nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene. David to esia me kpɔ egbɔ be yewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Enye ame aɖe si ƒe dzi ku ɖe Yehowa Mawu ŋu bliboe. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu tso nu siwo David wɔ le nɔnɔme sesẽwo me la me.—1 Fia. 11:4.

DAVID DE BUBU GÃ AÐE YEHOWA ƑE ŊKƆ ŊU

3, 4. (a) Nu kae ʋã David wòwɔ aʋa kple Goliat? (b) Aleke David bu Mawu ƒe ŋkɔ lae?

3 De ŋugble le ɣeyiɣi si me David dze ŋgɔ Filistitɔwo ƒe ame sesẽtɔ kekeake si ŋkɔe nye Goliat la ŋu kpɔ. Nu kae ʋã David wòdi be yeakpe kple ame dzɔtsu ma si kɔ abe meta 3 ene eye wòbla aʋakpa la? (1 Sam. 17:4) Ðe wòanye be esi David nye dzinɔameƒotɔ ta yea? Alo eƒe Mawu dzi xɔse ye ʋãea? Nɔnɔme eve siawo siaa wɔ akpa vevi aɖe le eƒe kalẽwɔwɔa me. Ke hã bubu si David dea Yehowa ŋu kple bubu si wòdea eƒe ŋkɔ gã la ŋu koŋ ye ʋãe wòwɔ aʋa kple ame kɔkɔ dzɔtsu ma. Dzi ku David wòbia be: “Ame ka enye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?”—1 Sam. 17:26.

 4 Esi David ɖekakpuivi la kpe kple Goliat la, egblɔ nɛ be: “Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nèɖe alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me.” (1 Sam. 17:45) Esi David ɖo ŋu ɖe Mawu vavã la ŋu ta la, kpe ɖeka si wòtsɔ akafo da la ko wòtsɔ wu Filistitɔwo ƒe ame sesẽtɔ kekeake la. Menye nudzɔdzɔ ma ko mee David ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hede bubu gã aɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋu le o, ke ewɔ esia le eƒe agbenɔɣi katã. Le nyateƒe me la, David kpe ehati Israel viwo be ‘woatsɔ Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee.’—Mixlẽ 1 Kronika 16:8-10.

5. Nɔnɔme kawoe ate ŋu adze ŋgɔ wò si ate ŋu asɔ kple Goliat ƒe fewuɖuɖua?

5 Ðe wònyea dada na wò be Yehowa nye wò Mawua? (Yer. 9:23) Aleke nèwɔa nui ne wò aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, alo wò ƒometɔwo le gbɔɖiamenyawo gblɔm le Yehowa ŋu alo le fewu ɖum le eƒe Ðasefowo ŋu? Ne amewo le vlo dom Yehowa ƒe ŋkɔa la, ɖe nèƒoa nu ʋlia eƒe ŋkɔa ta hekana ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwòa? Enye nyateƒe be “ɖoɖoeziɣi li,” gake mele be ŋu nakpe mí be míenye Yehowa ƒe Ðasefowo kple Yesu yomedzelawo o. (Nyagb. 3:1, 7; Marko 8:38) Togbɔ be ele be míaɖɔ ŋu ɖo ahade bubu ame siwo medea bubu Yehowa kple eƒe gbedeasia ŋu o la ŋu ne míele nu ƒom na wo hã la, mele be míawɔ nu abe Israel vi mawo siwo ƒo ‘dzi ɖe le eye wovɔ̃ ŋutɔ’ esi wose Goliat ƒe fewuɖunyawo la ene o. (1 Sam. 17:11) Ke boŋ mina míawɔ nu dzideƒotɔe ahakɔ Yehowa Mawu ƒe ŋkɔa ŋu enumake. Míaƒe didie nye be míakpe ɖe amewo ŋu woava nya Mawu si tututu Yehowa nye. Le esia ta la, míezãa eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la tsɔ dzea agbagba be míakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ nu si tae wòle vevie be woate ɖe Mawu ŋu ɖo.—Yak. 4:8.

6. Susu vevi ka tae David kpe aʋa kple Goliat ɖo, eye nu kae wòle be wòanɔ vevie na mí?

6 Nufiame vevi aɖe gale David kple Goliat ƒe ŋutinyaa me na mí. Esi David ƒu du yi aʋakpeƒea la, ebia be: “Nu ka woawɔ na ame si awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la?” Woɖo eŋu nɛ kple nya siwo wogblɔ gbã la be: “Ne ame aɖe [wu Goliat] la, fia ana kesinɔnu geɖee, atsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe.” (1 Sam. 17:25-27) Gake menye ŋutilãmeviɖe ye nɔ vevie na David o. Taɖodzinu kɔkɔ aɖe nɔ esi. David di be yeade bubu Mawu vavã la ŋu. (Mixlẽ 1 Samuel 17:46, 47.) Ke míawo ya ɖe? Ðe míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míawɔ ŋkɔ na mía ɖokui to kɔlili kesinɔnuwo ɖi kple ŋkɔxɔxɔ le xexea me dzia? Kakaɖedzitɔe la, míedi be míaɖi David, ame si dzi ha be: “Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!” (Ps. 34:4) Eya ta mina míaka ɖe Mawu dzi eye míatsi dzi ɖe eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu wu míawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔxɔxɔ.—Mat. 6:9.

7. Aleke míate ŋu atu xɔse sesẽ si wòle be wòanɔ mía si ne míedo go ame siwo madi be yewoaɖo to o gɔ̃ hã la ɖo?

7 Ele be David naka ɖe Yehowa dzi bliboe eye dzi nanɔ eƒo hafi wòate ŋu akpe aʋa kple Goliat. Xɔse sẽŋu nɔ David ɖekakpui la si. Mɔ ɖeka si aɖe dzi wòto tu eƒe xɔse ɖoe nye be eɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu ne ele alẽwo kplɔm. (1 Sam. 17:34-37) Míawo hã míehiã xɔse sesẽ be míayi subɔsubɔdɔa dzi, vevietɔ ne míedo go ame siwo medi be yewoaɖo to o. Míate ŋu atu xɔse sia ɖo ne míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo me. Le kpɔɖeŋu me, ne míeɖo ʋu yina teƒe aɖe la, míate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe si nɔ mía xa la ku ɖe Biblia me nyateƒea ŋu. Eye mele be míahe ɖe megbe le nuƒoƒo na ame siwo míedoa goe le ablɔwo dzi ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la ŋu o.—Dɔw. 20:20, 21.

 DAVID KPƆ YEHOWA SI NU

Nu kae wɔe be David meɖe Saul ƒe agbe ɖa esi mɔnukpɔkpɔa su esi be wòawui o?

8, 9. Esi Fia Saul nɔ David yome tim la, aleke David ɖee fia be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ na ye le agbe me?

8 Go bubu si me David ɖee fia le be yelɔ̃na faa be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la ku ɖe Israel fia gbãtɔ, Saul, ŋu. Zi etɔ̃ sɔŋ Saul ŋuʋãla la da akplɔ be yeatɔ David amimi ɖe gli ŋu, gake David de axa wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye meɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Mlɔeba la, David si le Saul nu. (1 Sam. 18:7-11; 19:10) Eyome Saul tia ŋutsu sesẽ 3,000 tso Israel dukɔ bliboa me heyi David di ge le gbedzi. (1 Sam. 24:2) Mlɔeba la, Saul yi ɖe agado si me David kple eƒe amewo le la me, evɔ menya be wole afi ma o. David ate ŋu azã mɔnukpɔkpɔ sia awu fia si le didim be yeaɖe eƒe agbe ɖa la enumake hafi. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ŋutɔ gblɔ xoxo be David ye ava ɖu fia ɖe Saul teƒe le Israel. (1 Sam. 16:1, 13) Le nyateƒe me la, ne ɖe David ɖo to eƒe amewo ƒe aɖaŋuɖoɖo la, anye ne wowu fia la. Gake David gblɔ be: “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawɔ nu sia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu.” (Mixlẽ 1 Samuel 24:5-8.) Saul gakpɔtɔ nye Mawu ƒe amesiamina kokoko. David medi be yeaxɔ fiazikpuia le Saul si o, elabena Yehowa meɖee le fiazikpuia dzi haɖe o. Esi David lã Saul ƒe awu ʋlaya ɖeɖe ko nu la, eɖee fia be yemeɖo tame vɔ̃ aɖeke ɖe Saul ŋu o.—1 Sam. 24:12.

9 Zi mamlɛtɔ si David kpɔ Saul la, egade bubu eŋu ake, elabena fia la kpɔtɔ nye Mawu ƒe amesiamina. Ɣemaɣi la, David kple Abisai wova teƒe aɖe si Saul ƒu asaɖa anyi ɖo eye wokpɔe wònɔ alɔ̃ dɔm. Togbɔ be Abisai ƒo nya ta be Mawu tsɔ David ƒe futɔa de asi nɛ eye wòbia David be wòaɖe mɔ yeatu akplɔ Saul dzi zi ɖeka pɛ amimi ɖe anyigba hã la, David meɖe mɔ nɛ o. (1 Sam. 26:8-11) Esi wònye be David nɔ Mawu ƒe mɔfiafia dim ta la, tame si wòɖo kplikpaa be yeawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la me megbɔdzɔ o, togbɔ be Abisai ƒo nya ɖe enu kura gɔ̃ hã.

10. Nɔnɔme sesẽ kae ate ŋu adze ŋgɔ mí, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesĩe?

10 Nɔnɔme sesẽ aɖe ate ŋu adze ŋgɔ míawo hã egbea si me mía hatiwo adze agbagba be yewoaƒoe ɖe mía nu míawɔ nu si woawo ŋutɔwo susu le esi teƒe be woakpe asi ɖe mía ŋu míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Abe ale si Abisai wɔe ene la, wo dometɔ aɖewo ate ŋu ade dzi ƒo na mí kura gɔ̃ hã be míaɖe afɔ aɖe Mawu ƒe nukpɔsusu ŋu mabumabui. Be ame  aɖeke nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi alea o la, ehiã be míanya Yehowa ƒe nukpɔsusu le nya la ŋu nyuie eye míaɖoe kplikpaa be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

11. Aleke David yi edzi ɖee fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu si nɔ vevie na ye wu le agbe me, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e?

11 David do gbe ɖa na Yehowa Mawu be: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ.” (Mixlẽ Psalmo 143:5, 8, 10.) Le esi David naɖo dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe susuwo ŋu alo awɔ nu si ame aɖe ɖo nɛ teƒe la, edi vevie be Mawu nafia nu ye boŋ. ‘Ede ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã ŋu eye wòsusu Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu.’ Míawo ŋutɔwo míate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu adze sii ne míedzroa Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito eye míedea ŋugble le Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ale si Yehowa wɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋui la ŋu.

DAVID NYA ALE SI WÒAWƆ GƆMEÐOSE SIWO LE SEA ME LA ŊU DƆ

12, 13. Nu ka tae David tsɔ tsi si eƒe ŋutsuawo dometɔ etɔ̃ ku va nɛ la ƒo ɖe anyi?

12 Ale si David de dzesi gɔmeɖose siwo le Sea me eye wòdi vevie be yeawɔ wo ŋu dɔ la hã nye nu bubu aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ. Bu nu si dzɔ esi David di vevie be woaku “tsi le vudo, si le agbo me le Betlexem la me” vɛ yeano la ŋu kpɔ. Ŋutsu etɔ̃ tso David ƒe amewo dome tsɔ woƒe agbe de afɔku me heyi du sia si Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo xɔ la me, eye woku tsia vae nɛ. Ke hã “David gbe be, yemanoe o, hafi boŋ etsɔe ƒo ɖe anyi na Yehowa.” Nu ka tae? David ɖe eme be: “Nye Mawu nena esia wɔwɔ nade megbe xaa tso gbɔnye! Ðe mano ŋutsu siawo ƒe ʋu, si nye woƒe agbea? Elabena wotsɔ woƒe agbe ke hafi kui vɛ!”—1 Kron. 11:15-19.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ si me David gbe le be yemano tsi si ŋutsuawo ku va nɛ o la me?

13 David nyae be Sea gblɔ be woagaɖu ʋu o, ke boŋ ele be woakɔe ɖi na Yehowa. Ese nu si tae wòle be woawɔe alea hã gɔme. David nyae be “agbe le ʋu la me.” Ke hã tsi ye woku va nɛ, ke menye ʋue o. Nu ka ta David gbe be yemanoe o? Ese gɔmeɖose si le sea me la gɔme. David bu tsia be exɔ asi abe ame etɔ̃awo ƒe ʋu ene. Eya tae wògbe be yemano tsia o ɖo. Le esia teƒe la, eƒo nya ta be yeatsɔe aƒo  ɖe anyi boŋ.—3 Mose 17:11; 5 Mose 12:23, 24.

14. Nu kae kpe ɖe David ŋu wòte ŋu bu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene?

14 David bua Mawu ƒe se la ŋu vevie gbe sia gbe. Edzi ha be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.” (Ps. 40:9) David srɔ̃ Mawu ƒe se la eye wòde ŋugble le eŋu vevie. Eka ɖe edzi be nunya le Yehowa ƒe sededewo me. Esia wɔe be, menye Mose ƒe Sea dzi koe David di vevie be yeawɔ ɖo o, ke edi vevie be yeawɔ ɖe gɔmeɖose siwo yesrɔ̃ tso sededeawo me hã dzi. Ne míele Biblia srɔ̃m la, nunya le eme be míade ŋugble le nu siwo míexlẽ la ŋu eye míana woatsi míaƒe dzi me ale be míate ŋu awɔ nyametsotso si dzea Yehowa ŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me.

15. Mɔ ka nue Salomo megava dea bubu Mawu ƒe Sea ŋu le o?

15 Yehowa Mawu yra David vi Salomo ale gbegbe. Ke hã esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Salomo megava dea bubu Mawu ƒe Sea ŋu o. Mewɔ ɖe Yehowa ƒe sedede si gblɔ be Israel fia “nagaɖe srɔ̃ geɖe o” la dzi o. (5 Mose 17:17) Le nyateƒe me la, Salomo ɖe dutanyɔnu geɖewo. Esime Salomo ku amegã la, “srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu.” Nu ka kee Salomo ɖatsɔ do taflatsɛ o, “[ewɔ] nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eye medze Yehowa yome blibo abe fofoa David ene o.” (1 Fia. 11:1-6) Ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe se kple gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi! Le kpɔɖeŋu me, esia le vevie ne míele srɔ̃ɖeɖe ŋu bum.

16. Nu kae ame siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe sedede si nye be míaɖe srɔ̃ le “Aƒetɔ la me ko” la me?

16 Ne dzimaxɔsetɔ aɖe do srɔ̃ɖenya ɖe mía gbɔ la, ɖe míewɔa nu abe David enea, alo ɖe míewɔa nu abe Salomo ene? Wobia tso tadeagula vavãwo si be woaɖe srɔ̃ le “Aƒetɔ la me ko.” (1 Kor. 7:39) Ne Kristotɔ aɖe tiae be yeaɖe srɔ̃ la, ele be wòaɖe haxɔsetɔ. Eye ne míese Ŋɔŋlɔawo me nudidi sia gɔme nyuie la, menye ɖeko míagbe dzimaxɔsetɔ ɖeɖe o, ke míaɖe mɔ hã be ame sia ƒomevi nayi edzi anɔ srɔ̃ɖenya mawo dom ɖe mía gbɔ o.

17. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe mɔ̃ nagaɖe mí o?

17 Ale si David dzea agbagba bua nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe tetekpɔwo hã dzi. Taflatsɛ, xlẽ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la, de ŋugble tso gɔmeɖose siwo le wo me la ŋu, eye dze agbagba nàkpɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me tso amamaɖeɖenuwɔnawo ŋui ɖa. (Mixlẽ Psalmo 119:37; Mateo 5:28, 29; Kolosetɔwo 3:5.) Ŋugbledede tso dzidzenu kɔkɔ siawo ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ.

BU NUWO ŊU ABE ALE SI MAWU BUA WOE ENE ƔESIAƔI

18, 19. (a) Togbɔ be David mede blibo o hã la, nu kae kpe ɖe eŋu wòyi edzi dze Mawu ŋu? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Togbɔ be David ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le mɔ geɖe nu hã la, ewɔ nu vɔ̃ gã aɖewo hã. (2 Sam. 11:2-4, 14, 15, 22-27; 1 Kron. 21:1, 7) Gake David trɔ dzi me ɣesiaɣi si wòwɔ nu vɔ̃. Ezɔ le “dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me” le Mawu ŋkume. (1 Fia. 9:4) Nu ka tae míate ŋu agblɔe alea? Elabena David dze agbagba wɔ nu wòwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.

19 Togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu ayi edzi awɔ nu si dzea Yehowa ŋu. Esi esia le susu me na mí la, mina míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la veviedodotɔe, míade ŋugble le nu si míesrɔ̃ la ŋu vevie, eye míawɔ kaba awɔ ɖe edzi. Ne míewɔnɛ alea la, ekema míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe abe hakpalaa ene be: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ.”