Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Ðokuiwò Suetɔ

Wɔ Ðokuiwò Suetɔ

‘Ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã dome lae nye gã.’​—LUKA 9:48.

1, 2. Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ na eƒe apostolowo, eye nu ka tae wògblɔ nya sia na wo ɖo?

ƑE 32 M.Ŋ. mee. Yesu nɔ Galilea nutoa me esime kuxi aɖewo do mo ɖa. Apostoloawo dometɔ ʋɛ aɖewo nɔ nya hem be ame kae nye gãtɔ le yewo dome mahã. Nya Nyui ŋlɔla Luka ka nya ta be: ‘Nyaʋiʋli aɖe ɖo wo dome le wo dometɔ si anye gãtɔ la ŋuti. Esi Yesu nya woƒe dzimesusuwo ta la, ekplɔ ɖevi sue aɖe vae, ena wòtɔ ɖe egbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Ame sia ame si xɔa ɖevi sue sia le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã, eye ame sia ame si xɔam la, exɔa ame si dɔm ɖa la hã. Elabena ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã dome lae nye gã.”’ (Luka 9:46-48) Yesu yi edzi kpe ɖe apostoloawo ŋu dzigbɔɖitɔe wose egɔme be ehiã be woasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ.

2 Ðe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be woatu ɖo la nye nɔnɔme si Yudatɔ akpa gãtɔ ɖena fiana ɣemaɣia? Ao. Le nyateƒe me la, ɖe wòtsi tre ɖe nɔnɔme si amewo ɖena fiana ɣemaɣi la ŋu boŋ. Agbalẽ aɖe gblɔ be le nu sia nu me la, enɔa vevie na Yudatɔwo ŋutɔ be yewoanya ame si dze bubu gã wu, eye wotsia dzimaɖi ɣesiaɣi be yewoakpɔe ɖa be wode bubu si ame ɖe sia ɖe dze na la eyama ŋu hã. (Theological Dictionary of the New Testament) Eya ta Yesu nɔ nu xlɔ̃m eƒe apostolowo be ele be woawo ya woato vovo.

3. (a) Nu kae ame ɖokui wɔwɔ suetɔ fia, eye nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míawɔ nu alea? (b) Nya kawoe fɔ ɖe te ku ɖe mía ɖokui wɔwɔ suetɔ ŋu?

3 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “suetɔ” la fiaa ame si bɔbɔa eɖokui, ame tsɛ, ame maɖinu, alo ame si womebuna ɖe nemi me o kple ame maxɔŋkɔ. Yesu fia eƒe apostolowo be ele be woabɔbɔ wo ɖokuiwo eye woagado wo ɖokui ɖe dzi o, abe ɖevi suewo ene. Nuxlɔ̃amenya ma yi na Kristotɔ vavã siwo li egbea hã abe  ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ke ene. Ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ mía ɖokui suetɔ, vevietɔ le nɔnɔme aɖewo me. Míaƒe blibomademade wɔnɛ be míedina be míado mía ɖokui ɖe dzi eye be míadze agbagba be míanyo wu ame bubuwo. Esi míele ame siwo ɖea hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ fiana dome ta la, xexea ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi míava zu ɖokuitɔdila, nyahela, alo amedziɖula ayetɔ. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ mía ɖokui suetɔ? Mɔ ka nue ‘ame si nye suetɔ le mía dome la nye gã’ le? Nɔnɔme kawo mee wòle be míaku kutri abɔbɔ mía ɖokuiwo le?

‘MAWU ƑE NUNYA KPLE SIDZEDZE ME GOGLO LOO!’

4, 5. Nu kae ate ŋu aʋã mí míabɔbɔ mía ɖokui? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato asrɔ̃ ɖokuibɔbɔe nye be míade ŋugble le Yehowa ƒe gãnyenye ŋu atsɔe asɔ kple mía ɖokui. Le nyateƒe me la, “eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.” (Yes. 40:28) Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso Yehowa ƒe gãnyenye ŋu la, eŋlɔ bena: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke seɖoƒe meli na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ye nye esi!” (Rom. 11:33) Togbɔ be nu siwo amegbetɔwo nya la dzi ɖe edzi tso esime Paulo ŋlɔ nya mawo ƒe 2,000 kloe ye nye esi va yi hã la, eƒe nyawo gakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko. Aleke kee sidzedze ɖasu mía si o, ele be nyanya be seɖoƒe meli na nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo kple eƒe mɔwo ŋu o nana míabɔbɔ mía ɖokui.

5 Esi Leo * kpɔe dze sii be mate ŋu anya wɔ gbeɖe be míanya nu sia nu le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu o la, esia kpe ɖe eŋu wòbɔbɔ eɖokui. Esime Leo nye ɖekakpui la, dzɔdzɔmeŋutinunya doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Edi be yeanya nu geɖe ale si yeate ŋui tso dziƒoŋunuwo ŋu, eya ta esrɔ̃ ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo ŋuti nunya eye esia na wògblɔ nya vevi aɖe. Egblɔ be: “Nu siwo mesrɔ̃ na mekpɔe be dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numeɖeɖe yeyewo ɖeɖe nyanya mate ŋu akpe ɖe amegbetɔwo ŋu woase nu sia nu gɔme tso xexe gbahoo la ŋu o. Eya ta mede asi seŋutinunya sɔsrɔ̃ me.” Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Leo va zu senyala eye emegbe wòva zu ʋɔnudrɔ̃la. Mlɔeba la, woa kple srɔ̃a wolɔ̃ Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kpli wo, woxɔ nyateƒea, eye wova zu Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo. Togbɔ be nunya mawo gbegbe su Leo si hã la, nu kae kpe ɖe eŋu wòwɔa eɖokui suetɔ? Eɖo nya sia ŋu heheɖemegbemanɔmee be, “Nyanya be nu agbɔsɔsɔme ka kee míeɖasrɔ̃ tso Yehowa kple xexe gbahoo la ŋu o, nu gbogbo aɖe ŋutɔ gali siwo míenya ye kpe ɖe ŋunye.”

Yehowa de bubu mía ŋu esi wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe gbeƒã nya nyuia

6, 7. (a) Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku kae Yehowa ɖo ɖi na mí? (b) Aleke Mawu ƒe ɖokuibɔbɔ ate ŋu ana ame aɖe nazu “gã”?

 6 Nu bubu si kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a ɖokuibɔbɔe nye be Yehowa ŋutɔ bɔbɔa eɖokui. Bu nya sia ŋu kpɔ: “Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye.” (1 Kor. 3:9) Kpɔe le susu me ɖa! Yehowa, Mawu si ƒe gãnyenye ƒo ɖe sia ɖe ta la dea bubu mía ŋu esi wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míazã yeƒe Nya, Biblia la, le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Togbɔ be Yehowae naa nuku siwo míeƒãna hedea tsii la tsina hã la, bubunɔƒe aɖee wòɖo mí esi wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ dɔ kpli ye. (1 Kor. 3:6, 7) Ðe esia menye ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku aɖe oa? Kakaɖedzitɔe la, ele be ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ɖi la nade dzi ƒo na mía dometɔ ɖe sia ɖe geɖe be wòawɔ eɖokui suetɔ.

7 Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Mawu ɖo ɖi la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe hakpala David dzi. Edzi ha na Yehowa be: “Àtsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu la anam, eye wò ɖokuibɔbɔe doa gãm.” (2 Sam. 22:36, NW) David nyae be Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ gbɔe wòtso be yete ŋu wɔ nu gã ɖe sia ɖe le Israel, eye be Mawu ƒe tufafa, alo eƒe ɖokuibɔbɔ, ye na wòtrɔ eƒe susu ɖe ye ŋu. (Ps. 18:36; 113:5-7) Ðe nya sia menye nyateƒe le míawo hã gome oa? Ne míebu nɔnɔme nyui, ŋutete, kple mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si ŋu la, nu kae le mía si si ‘míexɔ’ tso Yehowa gbɔ o? (1 Kor. 4:7) Ame si wɔa eɖokui suetɔ la nye “gã” le mɔ sia nu be eva zua Yehowa subɔla si ŋu asixɔxɔ geɖe wu le. (Luka 9:48) Mina míade ŋugble le ale si esia dzɔnɛ ŋu kpɔ.

‘AME SI WƆA EÐOKUI SUETƆ LE MI KATÃ DOME LAE NYE GÃ’

8. Nu ka tae wòhiã be ame siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me nabɔbɔ wo ɖokui?

8 Ehiã ɖokuibɔbɔ hafi míakpɔ dzidzɔ le Mawu ƒe habɔbɔa me ahakpe asi ɖe hamea ƒe ɖoɖowo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu Petra, si nye ɖetugbui aɖe si wonyi le Ðasefowo ƒe ƒome me la ŋu kpɔ. Esi Petra di be yeawɔ nu si ye ŋutɔ yedi ta la, eɖe eɖokui ɖe aga le hamea ŋu. Ƒe geɖe megbe la, egate hadede kple hamea ake. Azɔ la, ele dzidzɔ kpɔm be yele Yehowa ƒe habɔbɔa me eye wòle asi kpem ɖe hamea ƒe ɖoɖowo ŋu dzidzɔtɔe. Nu kae na eƒe nɔnɔme trɔ? Eŋlɔ bena: “Mekpɔe be hafi dzidzeme nasu asinye le Mawu ƒe habɔbɔa me la, ele be mase nɔnɔme vevi eve siwo nye ɖokuibɔbɔ kple tufafa gɔme ahatu wo ɖo.”

9. Nu kae nyea ɖokuibɔbɔla ƒe nɔnɔme ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míexɔna ŋu, eye nu ka tae esia naa asixɔxɔ geɖe wu nɔa eyama ŋu?

9 Ðokuibɔbɔla daa akpe tso dzi blibo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa naa mí, siwo dometɔ aɖewoe nye gbɔgbɔmenuɖuɖuwo, la ta. Esia wɔnɛ be ame sia ƒomevi nyea Biblia srɔ̃la dovevienu kple ame si léa fɔ ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo xexlẽ ŋu. Abe Yehowa subɔla wɔnuteƒe bubuwo ke ene la, ate ŋu ana wòazu numame nɛ be wòaxlẽ agbalẽ yeye ɖe sia ɖe si do la vɔ hafi atsɔe ade yeƒe agbalẽdzraɖoƒe le agbalẽti me. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo ŋu ɖokuibɔbɔe to wo xexlẽ kple wo sɔsrɔ̃ me la, míawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi, eye Yehowa ate ŋu azã mí le eƒe subɔsubɔdɔa me bliboe.—Heb. 5:13, 14.

10. Aleke míate ŋu awɔ mía ɖokui suetɔ le hamea me?

10 Ame si wɔa eɖokui suetɔ la nye “gã” le mɔ bubu nu. Woɖoa ŋutsu siwo dze la hamemetsitsiwoe le hame ɖe sia ɖe me le Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te. Hamemetsitsiwo wɔa ɖoɖo ɖe gbɔgbɔmenuwo abe hamea ƒe kpekpewo, gbeadzisubɔsubɔdɔa, kple alẽwo sasrãkpɔ ene ŋu. Ne míewɔa mía ɖokuiwo suetɔ to asikpekpe ɖe ɖoɖo siawo ŋu tso dzi me faa me la, míekpea asi ɖe  eŋu be dzidzɔ, ŋutifafa, kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. (Mixlẽ Hebritɔwo 13:7, 17.) Ne èle subɔsubɔm abe hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla ene la, ɖe mèdaa akpe ɖokuibɔbɔtɔe be Yehowa na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia ye oa?

11, 12. Nɔnɔme nyui kae ana Yehowa ƒe habɔbɔa nazã mí le mɔ geɖe nu, eye nu ka tae wòle alea ɖo?

11 Ame si wɔa eɖokui suetɔ la nye “gã,” alo asixɔxɔ geɖe wu le eŋu na Yehowa ƒe habɔbɔa, elabena eƒe ɖokuibɔbɔ naa wòzua Mawu subɔla nyui aɖe si wòzãna le mɔ geɖe nu. Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ wo ɖokuiwo suetɔ, elabena gbɔgbɔ si ame akpa gãtɔ ɖena fiana le woƒe ŋkekea me la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dometɔ aɖewo dzi. Luka 9:46 gblɔ be: “Nyaʋiʋli aɖe ɖo wo dome le wo dometɔ si anye gãtɔ la ŋuti.” Ðe wòate ŋu adzɔ be míawo hã míava nɔ susum be míenyo wu míaƒe haxɔsetɔwo alo de ŋgɔ wu ame bubuwo le mɔ aɖe nua? Dada kple ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔe xexea me tɔ geɖewo ɖena fiana. Mina míawo ya míawɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe eye míaƒo asa na dadalawo. Ne míewɔe alea eye míetsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ la, mía nɔviwo akpɔ akɔfafa geɖe le mía gbɔ.

12 Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be míawɔ mía ɖokui suetɔ la ʋãa mí míebɔbɔa mía ɖokui. Ðe mele be míaku kutri awɔ mía ɖokui suetɔ le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa oa? Mina míalé ŋku ɖe wo dometɔ etɔ̃ ŋu.

KU KUTRI NÀWƆ ÐOKUIWÒ SUETƆ

13, 14. Aleke atsu kple asi ate ŋu awɔ wo ɖokui suetɔ, eye aleke esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe srɔ̃ɖeɖea dzi?

13 Le wò srɔ̃ɖeɖe me. Egbea la, ame geɖe tsia dzi ɖe woƒe gomenɔamesi ŋu ale gbegbe be wole klalo awɔ nu sia nu alo atu afɔkpo ame bubuwo ƒe gomenɔamesi dzi gɔ̃ hã be nu si yewodze na nasu yewo si. Gake ame si wɔa eɖokui suetɔ la wɔa nu abe ale si Paulo de eƒe dzi ƒo na mí ene. Eŋlɔ ɖe agbalẽ si wòŋlɔ na Romatɔwo me be: “Mina míati nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi kple nu siwo tua ame nɔewo ɖo la yome.” (Rom. 14:19) Ame si wɔa eɖokui suetɔ la dzea agbagba nɔa ŋutifafa me kple ame sia ame eye vevietɔ kple srɔ̃a lɔlɔ̃a.

14 Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le modzakaɖeɖe ŋu kpɔ. Modzakaɖeɖe siwo dzɔa dzi na atsu kple asi aɖe la ate ŋu ato vovo. Ðewohĩ edoa dzidzɔ na srɔ̃ŋutsua be yeanɔ aƒe me kpoo le vovoɣiwo ahanɔ agbalẽ aɖe xlẽm. Gake ate ŋu adzɔ dzi na srɔ̃nyɔnua ya be yewoado go ayi nuɖuƒe aɖe alo yewoayi xɔlɔ̃wo gbɔ. Ðe manɔ bɔbɔe na srɔ̃nyɔnua wu be wòade bubu srɔ̃a ŋu ne ekpɔe be ebɔbɔa eɖokui hebua nu siwo doa dzidzɔ na ye kple nu siwo yemedina o ŋu vevie tsɔ wu be wòanɔ nu siwo eya ŋutɔ di ko ŋu bum oa? Eye aleke gbegbee srɔ̃ŋutsu lɔ̃a srɔ̃a hedea asixɔxɔ eŋu geɖe wue nye esi ne ekpɔe be medzea agbagba toa mɔ ɖe sia ɖe dzi be woawɔ ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ebua yeƒe didiwo ŋu! Srɔ̃ɖekadodoa me gasẽna ɖe edzi ne atsu kple asia siaa wɔa wo ɖokuiwo suetɔ.—Mixlẽ Filipitɔwo 2:1-4.

15, 16. Nɔnɔme kae David de dzi ƒo na Israel viwo le Psalmo 131 lia me be woatu ɖo, eye aleke wòle be esia nakpɔ ŋusẽ ɖe nɔnɔme si míeɖena fiana le hamea me dzi?

15 Le hamea me. Le xexea me la, ame geɖe dina be nu si yewodi la nasu yewo si enumake. Dzigbɔɖi aɖeke mele wo si o, eye esesẽna na wo ŋutɔ be woalala. Ne míewɔa mía ɖokui suetɔ la, ekpena ɖe mía ŋu míetea ŋu kpɔa Yehowa si nu. (Mixlẽ Psalmo 131:1-3.) Ne míebɔbɔa mía ɖokui hekpɔa Yehowa si nu la, enyea yayra na mí. Míenɔa dedie, míekpɔa akɔfafa, eye míekpɔa dzidzɔ. Eya ta mewɔ nuku o be David de dzi ƒo na ehati  Israel viwo be woakpɔ mɔ na Mawu dzigbɔɖitɔe!

16 Akɔfafa sia tɔgbi ate ŋu asu asiwò ne èbɔbɔa ɖokuiwò hekpɔa mɔ na Yehowa. (Ps. 42:6) Ðewohĩ èle “dɔ nyui dim,” eye le esia ta èle “dzikpɔladɔ minyam.” (1 Tim. 3:1-7) Le nyateƒe me la, ele be nàwɔ nu siwo katã wòhiã be nàwɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋuwò nàdze anye hamemetsitsi. Gake ne eva hiã be nàlala ɣeyiɣi didi wu ame bubuwo ya ɖe? Ame si wɔa eɖokui suetɔ, si lalana dzigbɔɖitɔe be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ nasu ye si la, ayi edzi anɔ Yehowa subɔm dzidzɔtɔe eye anɔ dzidzɔ kpɔm le dɔ ɖe sia ɖe si wode asi nɛ la wɔwɔ me.

17, 18. (a) Ne míeɖea kuku na amewo be woatsɔ míaƒe vodada ake mí eye míelɔ̃na faa tsɔna kea ame bubuwo la, nu nyui kawoe dona tso eme? (b) Aɖaŋuɖoɖo nyui kae le Lododowo 6:1-5 na mí?

17 Le mía kple ame bubuwo dome ƒomedodowo me. Kukuɖeɖe sesẽna na ame geɖe. Ke hã Mawu subɔlawo dzea agbagba wɔa wo ɖokuiwo suetɔ to lɔlɔ̃ ɖe woƒe vodadawo dzi kple kukuɖeɖe be woatsɔe ake yewo me. Wonɔa klalo tsɔa ame bubuwo ƒe vodadawo kea wo. Dada naa dzrehehe kple mama nɔa hamea me, ke tsɔtsɔke ya doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ.

18 Ðewohĩ ahiã be ‘míabɔbɔ mía ɖokui’ ahaɖe kuku na mía havi anukwaretɔe ne edzɔ be míete ŋu wɔ míaƒe ŋugbedodo aɖe dzi o, le esi nanewo siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o la dzɔ ta. Togbɔ be Kristotɔ si bɔbɔa eɖokui la ate ŋu agblɔ be nu si dzɔ la gbɔe wòtso hã la, etsia dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu eye wòlɔ̃na ɖe wo dzi anukwaretɔe.—Mixlẽ Lododowo 6:1-5.

Mɔnukpɔkpɔ kawoe su asiwò be nàwɔ ɖokuiwò suetɔ?

19. Susu kawo tae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nada akpe ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo na mí be míawɔ mía ɖokuiwo suetɔ la ta?Asɛmmisa 2: Enti Miwu a Ɛhe na Merekɔ?

19 Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míawɔ mía ɖokuiwo suetɔ! Togbɔ be ate ŋu asesẽ na mí be míaɖe gbɔgbɔ sia afia hã la, ne míede ŋugble le ale si gbegbe Yehowa kɔ boo wu mí la ŋu eye míeɖo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔ hã bɔbɔa eɖokui la, esia ate ŋu aʋã mí míadze agbagba aɖe nɔnɔme nyui sia afia. Ne míewɔnɛ alea la, míava zu Yehowa subɔla siwo ŋu asixɔxɔ geɖe wu le. Eya ta mina mí katã míawɔ mía ɖokuiwo suetɔ.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔawo.