Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Yehowa Ƒe Tsɔtsɔke Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wòe?

Aleke Yehowa Ƒe Tsɔtsɔke Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wòe?

“Yehowa [nye] nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu . . . , eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena.”—2 MOSE 34:6, 7.

1, 2. (a) Mawu ka ƒomevie Yehowa nye na Israel dukɔa? (b) Nyabiase ka ŋue nyati sia aɖo?

LE Nexemiya ƒe ŋkekeawo me la, Lewi viwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe lɔ̃ ɖe edzi le dutoƒo le gbedodoɖa me be yewo fofowo ‘gbe toɖoɖo’ Yehowa ƒe sededewo zi gbɔ zi geɖe. Ke hã zi nenema kee Yehowa yi edzi ɖee fia be ‘Mawu si tsɔa nu vɔ̃wo kena, amenuvela kple nublanuikpɔla, ame fafa, kple ame si si amenuveve sɔ gbɔ ɖo’ ye yenye. Yehowa yi edzi nɔ Yudatɔ siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi le Nexemiya ŋɔli la nu vem henɔ nublanui kpɔm na wo.—Neh. 9:16, 17.

2 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be: ‘Aleke Yehowa ƒe tsɔtsɔke ate ŋu aɖe vi namee?’ Be míate ŋu aɖo nyabiase sia ŋu la, mina míasrɔ̃ nu tso ale si Mawu tsɔ fia eve siwo nye David kple Manase ƒe nu vɔ̃wo ke woe la ŋu eye míakpɔ ale si Yehowa ƒe tsɔtsɔke ɖe vi na woe ɖa.

NU VƆ̃ GÃ SIWO DAVID WƆ

3-5. Aleke wòdzɔe be David va wɔ nu vɔ̃ gãwo?

3 Togbɔ be David nye Mawu vɔ̃la hã la, ewɔ nu vɔ̃ gãwo. Esiawo dometɔ eve ku ɖe Uriya kple srɔ̃a Bat-Seba ŋu. Nu vɔ̃ mawo me tsonuwo do vevesese na ame siwo katã wolɔ ɖe eme. Ke hã ale si Mawu ɖɔ David ɖo la fia nu geɖe mí le Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu. Bu nu si dzɔ la ŋu kpɔ.

4 David ɖo Israel ƒe aʋakɔ la ɖa be woaɖaɖe to ɖe Raba, Amonitɔwo ƒe fiadu la. Du sia didi tso Yerusalem gbɔ kilometa 80 le eƒe ɣedzeƒe gome, le Yordan Tɔsisia godo. Le ɣeyiɣi ma me la, David nɔ eƒe fiasã me kpɔ Bat-Seba—si nye nyɔnu srɔ̃tɔ—wònɔ tsi lem. Srɔ̃aŋutsua nɔ aʋagbedzi. Bat-Seba kpɔkpɔ na dzodzro nyɔ ɖe David me ale gbegbe be wòdɔ woyi ɖakplɔe vae nɛ le eƒe fiasã me, eye wòwɔ ahasi kplii.—2 Sam. 11:1-4.

 5 Esi David see be Bat-Seba fɔ fu la, ena srɔ̃a, Uriya, trɔ gbɔ va Yerusalem le mɔkpɔkpɔ me be ava dɔ kple srɔ̃anyɔnua. Gake Uriya gbe be yemayi aƒe me o—togbɔ be David dze agbagba ɖe sia ɖe hã. Eya ta fia la ŋlɔ agbalẽ aɖe si nu wòtre la de Uriya si be wòatsɔe ayi na woƒe aʋafia, be wòaɖoe ɖe “afi si aʋa la sẽ le,” eye woade megbe le eŋu. Esia wɔe be wowu Uriya bɔbɔe abe ale si tututu David ɖoe ɖe tame ene. (2 Sam. 11:12-17) Menye ɖeko fia la wɔ ahasi ko evɔ o, ke ena eƒe nu vɔ̃a nyra ɖe edzi esi wòna wowu ame maɖifɔ ƒu edzi.

DAVID TRƆ DZI ME

6. Aleke Mawu wɔ nu ɖe David ŋu esime wòwɔ nu vɔ̃, eye nu kae esia ɖe fia le Yehowa ŋu?

6 Le nyateƒe me la, Yehowa kpɔ nu sia nu teƒe. Naneke menɔ ɣaɣla ɖee o. (Lod. 15:3) Togbɔ be fia la va ɖe Bat-Seba emegbe hã la, “nu si Dawid wɔ la, medze Yehowa ŋu o.” (2 Sam. 11:27) Esi David wɔ nu vɔ̃ gã mawo gbegbe la, aleke Mawu wɔ nu ɖe eŋui? Edɔ eƒe nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ. Esi Yehowa nye Mawu si tsɔa vodada kena ta la, edi be yeakpɔ nublanui na David. Ke hã edi be yeakpɔe ɖa be David trɔ dzi me vavã hã. Ðe afɔ sia si Yehowa ɖe la mede dzi ƒo na wò ŋutɔ oa? Mezii ɖe David dzi be wòaʋu eƒe nu vɔ̃a me o, ɖeko wòna Natan gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si gbegbe eƒe nu vɔ̃a loloe la na fia la. (Mixlẽ 2 Samuel 12:1-4.) Mɔ si dzi Yehowa to kpɔ nyaa gbɔ la na wòkpɔe be David trɔ dzi me vavã!

7. Esi Natan wɔ kpɔɖeŋua la, aleke David se le eɖokui me?

7 Kpɔɖeŋu si Natan wɔ la na fia la se le eɖokui me be nu si ŋutsu kesinɔtɔ si le kpɔɖeŋua me wɔ la nye nu madzɔmadzɔ. David do dziku eye wògblɔ na Natan be: “Meta Yehowa ƒe agbe, ŋutsu, si wɔ nu sia la, dze ku.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, David gblɔ be ele be woaɖo eteƒe na ŋutsu si ƒe alẽ wofi la. Kasia nya la dze David kpo esi Natan gblɔ nɛ be: “Wòe nye ŋutsu la!” Eyome egblɔ na David be nu si ado tso eƒe nuwɔna mee nye be, “yi” madzo le eƒe me gbeɖe o, eye vɔ̃ ava eƒe ƒomea dzi. Woado ŋukpee hã le dutoƒo le eƒe vodadaawo ta. David kpɔ ale si gbegbe eƒe nu vɔ̃a loloe la dze sii eye wòse veve ɖe nu si wòwɔ la ta eye wògblɔ be: “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.”—2 Sam. 12:5-14.

DAVID DO GBE ÐA EYE MAWU TSƆ EƑE NU VƆ̃WO KEE

8, 9. Aleke Psalmo 51 lia ɖe David ƒe dzimesusuwo fiae, eye nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu?

8 Ha aɖe si Fia David kpa le nu siawo megbe la me nyawo ɖe ale si gbegbe wòse veve ɖe nu si wòwɔ ta la fia. Nya wɔdɔɖeamedzi siwo David zã tsɔ ƒo koko na Yehowa la dze le Psalmo 51 lia me eye esia ɖee fia be ewɔ nu yi ŋgɔ wu lɔlɔ̃ ɖe eƒe nu vɔ̃awo dzi ko. Gakpe ɖe eŋu la, etrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃awo me. Nu si ŋu David tsi dzi ɖo vevie ye nye woa kple Mawu dome ƒomedodoa. Eʋu eme be: “Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nu vɔ̃ ɖo.” Eye wòɖe kuku na Yehowa be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàde gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye! . . . Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye nàtsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le la, lém ɖe asi!” (Ps. 51:3-6, 9-14) Ne èle gbe dom ɖa na Yehowa la, ɖe wò hã èʋua wò dzi me hegblɔa wò vodadawo nɛ alea?

9 Yehowa meɖe David tso nu vɔ̃ siwo wòwɔ la me tsonu gbãdzinamewo me o. Ele nɛ be wòakpɔ emetsonu gbegblẽawo le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. Ke hã esi Yehowa kpɔe dze sii be David trɔ dzi me eye eƒe ‘dzi gbã hetugu la,’ etsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee. (Mixlẽ Psalmo 32:5; Ps. 51:19) Mawu Ŋusẽkatãtɔ la sea nɔnɔme si le ame aɖe si kple nu si ʋãe  wòwɔ nu vɔ̃ la gɔme. Yehowa mena amegbetɔ ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ Mose ƒe Sea drɔ̃ ʋɔnu David kple Bat-Seba hetso kufia na wo o, ke boŋ eya ŋutɔ kpɔ woƒe nyaa gbɔ hekpɔ nublanui na wo. (3 Mose 20:10) Mawu ɖo wo viŋutsu Salomo Israel fiae ɖe fofoa yome gɔ̃ hã.—1 Kron. 22:9, 10.

10. (a) Anye susu ka tae Yehowa tsɔ David ƒe nu vɔ̃ kee ɖo? (b) Nu kae ana Yehowa natsɔ nu vɔ̃ ake ame aɖe?

10 Ðewohĩ susu bubu si tae Yehowa tsɔ David ƒe nu vɔ̃ kee ɖoe nye ale si David ŋutɔ hã kpɔ nublanui na Saul. (1 Sam. 24:4-7) Abe ale si Yesu ɖe eme ene la, Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋu abe ale si míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui ene. Yesu gblɔ be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; elabena ʋɔnu si drɔ̃m miele la kee woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem la kee woatsɔ adzidzee na mi.” (Mat. 7:1, 2) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí—woɖanye nu vɔ̃ gãwo abe ahasiwɔwɔ alo amewuwu ene gɔ̃ hã o! Atsɔ wo ake mí ne míelɔ̃na faa tsɔ kea ame bubuwo, ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me nɛ eye míetrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo me. “Dzidzemeɣiwo” atso Yehowa gbɔ ava na nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me vavã.Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 3:19.

MANASE WƆ NU VƆ̃ SIWO LOLO ŊUTƆ, GAKE ETRƆ DZI ME

11. Nu vɔ̃ɖi kawoe Fia Manase wɔ?

11 Gabu Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ aɖe si ɖe ale si gbegbe Yehowa lɔ̃na faa tsɔa nu vɔ̃ kenae fia la ŋu kpɔ. Ƒe 360 aɖewo tso esime David dze fiaɖuɖu gɔme megbe la, Manase zu fia le Yuda. Ewɔ nu vɔ̃ɖi siwo gbɔ eme le eƒe fiaɖuɖu ƒe 55-awo me, eye eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔa na Yehowa he to nɛ. Nu vɔ̃ɖi siwo Manase wɔ dometɔ aɖewoe nye be, eɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, ede ta agu na “dziƒonuwo katã” hesubɔ wo, ena viawo to dzo me, eye wòdo gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ le dukɔa me. Ɛ̃, “[ewɔ] nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋkume.” —2 Kron. 33:1-6.

12. Aleke Manase trɔ ɖe Yehowa ŋu?

12 Mlɔeba la, woɖe aboyo Manase tso wo denyigba dzi yi Babilon hedee gaxɔ me le afi ma. Ðewohĩ afi mae wòɖo ŋku nya sia si Mose gblɔ na Israel viwo la dzi le be: “Ne nu siawo katã va dziwò le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me, eye nèɖo xaxa me la, ekema àtrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye àɖo to eƒe gbe.” (5 Mose 4:30) Manase trɔ ɖe Yehowa ŋu. Aleke wòwɔ esiae? “[Ebɔbɔ] eɖokui ɖe anyi vevie” eye wòyi “kokoƒoƒo” na Mawu dzi (abe ale si wòdze le nɔnɔmetataa me le axa 21 ene).  (2 Kron. 33:12, 13) Nya siwo tututu Manase gblɔ le eƒe gbedodoɖawo me la ƒe nuŋlɔɖi aɖeke meli o, gake ne míede ŋugble le eŋu la, míakpɔe be woade sɔsɔ ge kple nya siwo Fia David gblɔ le eƒe gbedodoɖa si dze le Psalmo 51 lia me. Aleke kee wòɖale o, Manase trɔ dzi me bliboe.

13. Nu ka tae Yehowa tsɔ Manase ƒe nu vɔ̃wo kee?

13 Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Manase ƒe gbedodoɖa ŋu? “[Manase do] gbe ɖa nɛ, eye wòsee nɛ, eɖo to eƒe kokoƒoƒo.” Abe ale si David wɔe do ŋgɔ ene la, Manase kpɔ ale si gbegbe eƒe nu vɔ̃awo nye ŋkubiãnyae la dze sii eye wòtrɔ dzi me vavã. Esia tae Mawu tsɔ Manase ƒe nu vɔ̃wo kee eye wògbugbɔ ɖoe zi dzi le Yerusalem ɖo. Nu si do tso emee nye be, “Manase dze sii be, Yehowa ye nye Mawu [vavã].” (2 Kron. 33:13) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be kpɔɖeŋu sia hã gaɖo kpe edzi be Mawu kpɔa nublanui eye wòtsɔa ame siwo trɔ dzi me vavã ƒe nu vɔ̃wo kea woe!

Esi Yehowa tsɔ Manase ƒe nu vɔ̃wo kee ta la, egbugbɔ ɖoe zi dzi le Yerusalem

ÐE YEHOWA TSƆA NU VƆ̃ KENA ƔESIAƔIA?

14. Nu kae ana Yehowa natsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo akee?

14 Mawu subɔlawo dometɔ akpa gãtɔ mawɔ nu vɔ̃ gã siwo gbegbe David kple Manase wɔ la tɔgbi eye wòahiã be woabia eƒe tsɔtsɔke o. Ke hã nyateƒe si wònye be Yehowa tsɔ fia eve siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be míaƒe Mawu la lɔ̃na faa tsɔa nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã kena, ne nu vɔ̃ wɔlawo trɔ dzi vavã.

15. Aleke míewɔ nya be Yehowa metsɔa nu vɔ̃ kea ame sia ame godoo o?

15 Le nyateƒe me la, míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be Yehowa tsɔa amegbetɔwo katã ƒe nu vɔ̃wo kea wo godoo o. Be míase esia gɔme la, mina míatsɔ nɔnɔme si David kple Manase ɖe fia la asɔ kple nɔnɔme si Israel viwo kpakple Yudatɔ dzegowo ɖe fia. Mawu dɔ Natan ɖe David be yeana mɔnukpɔkpɔe wòatrɔ dzi me. David kpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ ma ŋu  eye wòtrɔ dzi me. Esi Manase kpɔ eɖokui le xaxa me la, eʋãe wòtrɔ dzi me. Gake Israel kple Yuda viwo ya metrɔ dzi me o. Eya ta Yehowa metsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo o. Ke boŋ edɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖe wo enuenu be woagblɔ ale si yebua woƒe tomaɖomaɖonuwɔnae na wo. (Mixlẽ Nexemiya 9:30.) Esime aboyomeawo trɔ tso Babilon gbɔ va wo denyigba dzi la, Yehowa yi edzi ɖo eƒe gbedeasitsɔla wɔnuteƒeawo ɖe wo; wo dometɔ aɖewoe nye nunɔla Ezra kple nyagblɔɖila Maleaxi. Ne dukɔa wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, wokpɔa dzidzɔ geɖe.—Neh. 12:43-47.

16. (a) Esi Israel dukɔ bliboa gbe dzimetɔtrɔ la, nu kae do tso eme na wo? (b) Mɔnukpɔkpɔ kae ate ŋu asu blema Israel viwo dome ame ɖekaɖekawo si?

16 Esi Yehowa dɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi be wòanye tafevɔsa deblibo ɖe amegbetɔƒomea katã ta megbe la, megakpɔa ŋudzedze ɖe lãwo ƒe vɔsa siwo wosana le Israel la ŋu o. (1 Yoh. 4:9, 10) Esime Yesu nye amegbetɔ la, eɖee fia be yebua nuwo ŋu abe ye Fofo ene esi wògblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Gake mielɔ̃ o.” Eya ta Yesu gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Wogblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.” (Mat. 23:37, 38) Esia wɔe be gbɔgbɔ me Israel la va xɔ ɖe dukɔ wɔnuvɔ̃ matrɔdzime la teƒe. (Mat. 21:43; Gal. 6:16) Ke dzɔdzɔme Israel dukɔa me tɔ ɖekaɖekawo ya ɖe? Ne woxɔ Mawu dzi se hexɔ Yesu Kristo ƒe vɔsaa dzi se la, Yehowa akpɔ nublanui na wo ahatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. Woaʋu mɔnukpɔkpɔ ma ke ɖi na ame siwo ku evɔ wometrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me hafi o gake wofɔ wo ɖe tsitre ɖe anyigba si ŋu wokɔ dzi la hã.—Yoh. 5:28, 29; Dɔw. 24:15.

NA YEHOWA ƑE TSƆTSƆKE NAÐE VI NA WÒ

17, 18. Nu kae míawɔ be Yehowa ƒe tsɔtsɔke naɖe vi na mí?

17 Esi Yehowa lɔ̃na faa tsɔa nu vɔ̃ kena ta la, aleke wòle be míawɔ nui? Kakaɖedzitɔe la, ele be míawɔ nu abe David kple Manase ene. Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míenye nu vɔ̃ mewo, míatrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo me, míaƒo koko na Yehowa ahabiae be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe dzodzro vɔ̃wo ɖa le míaƒe dzi me. (Ps. 51:12) Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ele be míadi gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si hamemetsitsiwo nana hã. (Yak. 5:14, 15) Nu vɔ̃ ka kee míeɖawɔ o, efaa akɔ na mí be míaɖo ŋku edzi be Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nu vɔ̃ kena,” abe ale si wòɖɔ eɖokui na Mose ene. Yehowa metrɔ o.—2 Mose 34:6, 7.

18 Yehowa do ŋugbe na Israel vi siwo trɔ dzi me la be yeatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo keŋkeŋ. Egblɔ be woƒe nu vɔ̃wo le abe “nyagadzĩ” ene, gake yeana woafu abe alẽfu ene. (Mixlẽ Yesaya 1:18.) Ekema aleke míawɔ be Yehowa ƒe tsɔtsɔke naɖe vi na mí? Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo kple míaƒe vodadawo ake mí bliboe ne míekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe tsɔtsɔke ŋu eye míetrɔ dzi me ko.

19. Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Esi Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí ta la, aleke míate ŋu asrɔ̃ eyama le ale si míewɔa nu kple mía nɔewoe me? Ne ame aɖewo wɔ nu vɔ̃ gãwo eye wotrɔ dzi me vavã la, aleke míate ŋu atsɔ ake woe? Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu míadzro míawo ŋutɔwo ƒe dziwo me kpɔ, ale be míate ŋu azu abe mía Fofo, Yehowa, si ƒe ‘dɔme nyo, eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke’ la ene.—Ps. 86:5.