Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe

‘Emae Nye Gbedeasi Nyuitɔ Kekeake Si Amewo Se Kpɔ’

‘Emae Nye Gbedeasi Nyuitɔ Kekeake Si Amewo Se Kpɔ’

NƆVIŊUTSU George Naish le asi fiam atikpo siwo woli kɔ ɖi, siwo dometɔ ɖe sia ɖe didi meta 18 la, le aʋawɔnuwodzraɖoƒe si le Saskatoon, Saskatchewan, Canada, hebia be: “Nu kae wowɔna kple nu mawo katã? Woɖo eŋu nɛ be wozã atiawo tsɔ tu kaklãnaxɔ kɔkɔwo le Xexemeʋa I wɔɣi. Nɔviŋutsu Naish gblɔ emegbe be: ‘Eva susu me nam be míate ŋu azã atikpo mawo atsɔ atu radiodɔwɔƒe ƒe antenna kɔkɔwo, eye ɣemaɣie wòva susu me na mí be míatu teokrasi radiodɔwɔƒe aɖe.’ Le ƒe ɖeka pɛ ko megbe le ƒe 1924 me la, radiodɔwɔƒe si woyɔ be CHUC la dze dɔwɔwɔ gɔme. Enye radiodɔwɔƒe gbãtɔ siwo dzi wogblɔa mawunya le le Canada la dometɔ ɖeka.

(1) Radiodɔwɔƒe si le Edmonton, Alberta (2) Nɔviŋutsu aɖe le dɔ wɔm le radionyaɖoɖamɔ ŋuti nuwo ŋu le Toronto, Ontario

Esi Canadanyigba ƒe lolome de sɔsɔ ge kple Europa ta la, susu nyui aɖee wònye be woawɔ ɖaseɖiɖidɔa to radio dzi le dukɔ ma me. Florence Johnson, ame si wɔ dɔ le radiodɔwɔƒea le Saskatoon la gblɔ be: “Míeda akpe be míaƒe radiowo zazã na ame gbogbo aɖewo siwo gbɔ míawo ŋutɔwo míate ŋu ayi o la se nyateƒea. Esi wònye be radio nye nutovɛ yeye aɖe ɣemaɣi ta la, amewo dina vevie be yewoase radio dzi nyatakaka ɖe sia ɖe.” Kaka ƒe 1926 naɖo la, radiodɔwɔƒewo nɔ Biblia Nusrɔ̃viawo (si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi la) ŋutɔwo si le Canada ƒe dugã ene me. *

CHUC radiodɔwɔƒe si le Saskatoon, Saskatchewan

Ne ènɔ anyi ɣemaɣi eye nèʋu radio mawo dometɔ ɖeka la, nya kae nàse? Zi geɖe la, hadziha siwo tsoa hame siwo le nutoa me me la va dzia ha esime ame bubuwo nɔa haƒonuwo ƒom ɖe edzi eye haƒoha suewo gɔ̃ hã kpena ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi. Gake nu vevitɔe nye be, nɔviawo ƒoa nuƒowo eye wowɔa numedzodzrowo tso Biblia me nyawo ŋu. Nɔvinyɔnu Amy Jones, ame si kpɔ gome le numedzodzroawo wɔwɔ me la ɖo ŋku edzi be: “Ne míele gbeadzi eye meyɔ nye ŋkɔ na aƒemenɔlawo la, wogblɔna ɣeaɖewoɣi be, ‘Ɛhɛ̃, nyateƒee, mesea wò ŋkɔ le radio dzi.’”

“Nyaselawo ƒoa ka ale gbegbe be míetea ŋu ƒoa nu na wo katã o”

Biblia Nusrɔ̃vi siwo le Halifax, Nova Scotia, la zã radio dzi wɔna yeye aɖe ɣemaɣi—enyea numedzodzro aɖe si wowɔna eye nyaselawo tea ŋu ƒoa ka hebiaa nya tso Biblia me nyawo ŋu. Nɔviŋutsu aɖe ŋlɔ bena: “Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe wɔna sia ŋu ale gbegbe. Nyaselawo ƒoa ka ale gbegbe be míetea ŋu ƒoa nu na wo katã o.”

 Abe ale si wònɔ le apostolo Paulo ƒe ɣeyiɣia me ene la, ame aɖewo xɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe gbedeasia, gake ame bubuwo ya tsi tsitre ɖe wo ŋu. (Dɔw. 17:1-5) Nyasela aɖewo kpɔ dzidzɔ ɖe gbedeasia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Hector Marshall se Biblia Nusrɔ̃viawo ƒo nu tso agbalẽ si woyɔna be Studies in the Scriptures (Études des Écritures) la ŋu le radioa dzi la, edɔ agbalẽa ƒe babla adeawo. Eŋlɔ emegbe be: “Mesusui be agbalẽawo akpe ɖe ŋunye mafia nu le Kwasiɖagbe sukua me.” Gake kaka Hector nawu Babla I xexlẽ nu la, etso nya me hedo le sɔlemeha si me wònɔ la me. Eva zu nya nyui gblɔla aɖe si me dzo nɔ, eye wòsubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe va de asi na eƒe kugbe le ƒe 1998 me. Esi amewo se nuƒo si ƒe tanyae nye “Fiaɖuƒea, Xexea Me Ƒe Mɔkpɔkpɔ La” le radio dzi le Nova Scotia ƒe ɣedzeƒe la, Asrafomegã J. A. MacDonald gblɔ na nɔviŋutsu aɖe si le nutoa me le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi be: “Etsɔ si va yi la, ame siwo le Cape Breton Ƒukpoa dzi se gbedeasi aɖe si nye nyuitɔ kekeake si amewo se kpɔ le xexea ƒe akpa sia.”

Gake sɔlemehaŋgɔnɔlawo ya do dziku. Katolikotɔ aɖewo siwo le Halifax la do ŋɔdzi na radiodɔwɔƒewo be yewoakaka radiodɔwɔƒe si aɖe mɔ na Biblia Nusrɔ̃viawo woawɔ woƒe wɔnawo le woƒe radio dzi la. Subɔsubɔhakplɔlawo ƒlɔ dzo ɖe dziɖuɖua te ale gbegbe be, le ƒe 1928 me la, dziɖuɖua ɖe gbeƒãe le vo me be yewomagaɖe mɔ na Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe radiodɔwɔƒewo ake o. Esia wɔe be nɔviawo ma agbalẽvi aɖe si ƒe tanyae nye Who Owns the Air? (Ame Ka Tɔe Nye Ya La?)—gbedeasi si le eme la ƒo nu tsi tre ɖe nyametsotso masɔmasɔ ma ŋu. Ke hã dziɖuɖumegãwo gbe kokoko be yewomagaɖe mɔ na Biblia Nusrɔ̃viawo azɔ be woƒe radiodɔwɔƒewo nawɔ dɔ o.

Ðe esia na dzo si nɔ Yehowa subɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sue si nɔ Canada la me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la nu tsia? Nɔvinyɔnu Isabel Wainwright gblɔ be: “Edze le gɔmedzedzea me keŋ abe ɖe futɔwo kpɔ dziɖuɖu gã aɖe ene. Gake menyae be Yehowa ate ŋu axe mɔ na esia ne ɖe wòwɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo. Eya ta esia anya fia be ɣeyiɣia de be míatrɔ ɖe gbeƒãɖeɖemɔnu bubu aɖe si nyo wu la ŋu be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.” Le esi Biblia Nusrɔ̃vi siwo le Canada naku ɖe radio dzi ɖaseɖiɖidɔa ŋu goŋgoŋ teƒe la, wotrɔ woƒe susu ɖe amewo gbɔ yiyi le woƒe aƒewo me ŋu. Gake kakaɖedzitɔe la, radiodziɖaseɖiɖidɔa wɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖe ‘gbedeasi nyuitɔ kekeake si amewo se kpɔ’ la me ɣemaɣi.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le Canada.

^ mm. 4 Be woate ŋu aɖe gbeƒã le radiowo dzi la, Canada nɔviawo xea fe ɖe ɣeyiɣi siwo wozãna le radiodɔwɔƒe bubuwo dzi na esiawɔwɔ la ta.