Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Nu Ka Tae Mawu Dɔ Yesu Ðe Anyigba Dzi Ðo?

Nu Ka Tae Mawu Dɔ Yesu Ðe Anyigba Dzi Ðo?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Afi kae Yesu nɔ hafi Mawu dɔe ɖe anyigba dzi?

Yesu nye gbɔgbɔmeme nɔ dziƒo hafi wova dzii le Betlexem. Eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye eya koe Mawu ŋutɔ wɔ tẽe. Eya ta esɔ be woyɔe be Mawu ƒe Tenuvi. Esime wònɔ dziƒo la, enyea Mawu ƒe nyanuɖela zi geɖe. Eya tae woyɔe be Nya la ɖo. Azɔ hã, ekpe ɖe Mawu ŋu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. (Yohanes 1:2, 3, 14) Yesu nɔ dziƒo kple Mawu ƒe gbogbo manyaxlẽwo hafi wova wɔ amegbetɔwo.—Xlẽ Mixa 5:1; Yohanes 17:5.

2. Mɔ ka dzie Mawu to ɖo Via ɖe anyigba dzi?

Yehowa to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi de Yesu, si nɔ dziƒo la ƒe agbe Maria ƒe vidzidɔ me. Eya ta fofo si nye amegbetɔ menɔ Yesu si o. Esi wodzi Yesu la, mawudɔlawo gblɔ edzidzi ŋu nyaa na alẽkplɔla siwo tsi gbe dzi nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le nutoa me le zã me. (Luka 2:8-12) Eya ta menye ƒea ƒe ɣeyiɣi si me vuvɔ wɔna le wu lae wodzi Yesu o, ke boŋ anye October ƒe gɔmedzedze lɔƒo, si nye dzomeŋɔli. Emegbe Maria kple srɔ̃a, Yosef, wokplɔ Yesu ɖe asi yi wo ƒe me le Nazaret henyii le afi ma. Yosef xɔ Yesu nyi abe via ene.—Xlẽ Mateo 1:18-23.

Esime Yesu xɔ abe ƒe 30 ene la, wonyrɔe, eye Mawu gblɔe le dutoƒo be Yesu nye ye Vi. Eyome Yesu dze dɔ si Mawu dɔe be wòava wɔ la gɔme.—Xlẽ Mateo 3:16, 17.

3. Nu ka tae Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi ɖo?

Mawu dɔ Yesu ɖa be wòava fia nyateƒea amewo. Yesu fia nu amewo tso Mawu Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu aɖe si ahe ŋutifafa ava anyigba bliboa dzi la ŋu. Ena agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ su amewo si. (Yohanes 4:14; 18:36, 37) Yesu gblɔ nya geɖe tso nu siwo ana ame nakpɔ dzidzɔ vavãtɔ ŋu. (Mateo 5:3; 6:19-21) Eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi hã. Le kpɔɖeŋu me, eɖe ale si woate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la fia. Esi wowɔ fui la, meɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o.—Xlẽ 1 Petro 2:21-24.

Yesu fia eyomedzelawo be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia. Mɔnukpɔkpɔ nyui geɖewo su esi esime wònɔ le dziƒo le Fofoa gbɔ, gake ebɔbɔ eɖokui ɖo to Fofoa heva anyigba dzi va nɔ amegbetɔwo dome. Ame aɖeke mate ŋu aɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí le lɔlɔ̃ɖeɖefia me wòade Yesu nu o.—Xlẽ Yohanes 15:12, 13; Filipitɔwo 2:5-8.

4. Viɖe kae do tso Yesu ƒe kua me?

Mawu dɔ Yesu ɖa be wòava ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta hã. (Yohanes 3:16) Mí katã míenye nu vɔ̃ mewo, si fia be míede blibo o, eye míewɔa nu vɔ̃. Esia tae míedzea dɔ hekuna ɖo. Gake ame gbãtɔ Adam ya de blibo. Nu vɔ̃ menɔ eŋu o, eye anye ne maku alo adze dɔ akpɔ o. Ke esi wògbe toɖoɖo Mawu la, eva zu ame madeblibo. Míenyi nu vɔ̃ kple eƒe fetu si nye ku ƒe dome tso Adam gbɔ.—Xlẽ Romatɔwo 5:12; 6:23.

Yesu de blibo, eya ta menye eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo tae wòku ɖo o. Míaƒe nu vɔ̃wo tae wòku ɖo. Yesu ƒe kua ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míanɔ agbe tegbee ahaxɔ yayrawo tso Mawu gbɔ.—Xlẽ 1 Petro 3:18.