Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Míaƒe Domenyinu Tɔxɛ La Ŋua?

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Míaƒe Domenyinu Tɔxɛ La Ŋua?

“Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu . . . be yeaɖe dukɔ aɖe tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.”—DƆW. 15:14.

1, 2. (a) Nu kae nye “David ƒe agbadɔ la,” eye aleke wogbugbɔ fɔe ɖe te? (b) Ame kawoe wɔ ɖeka le Yehowa subɔm egbea?

LE KPEKPE vevi aɖe si dɔdzikpɔha la wɔ le Yerusalem le ƒe 49 M.Ŋ. me la, nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Simeon [Petro] gblɔe eme kɔ nyuie, ale si Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu zi gbãtɔ, be yeaɖe dukɔ aɖe tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la. Eye Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo wɔ ɖeka kple esia, abe ale si tututu woŋlɔe ɖi ene be: ‘Le nu siawo megbe la, matrɔ ava, eye magbugbɔ David ƒe agbadɔ si mu la atu; eye magbugbɔ aɖɔ eƒe gbagbãƒewo ɖo, eye magafɔe ɖe te, ale be ame siawo dometɔ siwo susɔ la kple dukɔwo me tɔwo katã, ame siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, nadi Yehowa vevie; Yehowa, ame si le nu siawo wɔm, ye gblɔe, nu siawo siwo wonya tso keke blema ke.’”—Dɔw. 15:13-18.

2 “David ƒe agbadɔ” la le tsitre ɖi na fia siwo do tso eƒe ƒomea me. Emu esime woɖe Yuda fia mamlɛtɔ, si nye Zedekiya, le zi dzi. (Amos 9:11) Ke hã woagbugbɔ afɔ “agbadɔ” ma ɖe te eye David ƒe dzidzimevi, Yesu, ye azu Fia tegbee. (Eze. 21:32; Dɔw. 2:29-36) Abe ale si Yakobo ɖee fia le kpekpe tɔxɛ ma me ene la, Amos ƒe nyagblɔɖi sia nɔ eme vam le mɔ sia nu be wonɔ Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo nu ƒom ƒu tso Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa dome. Egbea Kristotɔ amesiamina susɔeawo kple Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo,’ siwo nye ame miliɔn geɖe la, wɔ ɖeka le gbeƒã ɖem Biblia me nyateƒea abe Yehowa subɔlawo ene.—Yoh. 10:16.

WOKPLƆ YUDATƆWO YI ABOYO ME

3, 4. Nu kawoe kpe ɖe Yudatɔwo ŋu wote ŋu wɔ nuteƒe na Yehowa le Babilon?

3 Esime wokplɔ Yudatɔwo yi aboyo me le Babilon la, eme kɔ ƒãa be “David ƒe agbadɔ la” mu. Esi wònye be alakpasubɔsubɔ xɔ aƒe ɖe Babilon ta la, aleke Mawu ƒe dukɔa wɔ te ŋu wɔ nuteƒe le ƒe 70 siwo wotsɔ nɔ aboyo me,  tso ƒe 607 D.M.Ŋ. va se ɖe ƒe 537 D.M.Ŋ. me? Mɔ si dzi Yehowa ƒe amewo to le nuteƒe wɔm le xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te me dzi koe woawo hã woto wɔ nuteƒe. (1 Yoh. 5:19) Gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi aɖee kpe ɖe wo ŋu wote ŋu wɔ nuteƒe.

4 Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la nye míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ƒe akpa aɖe. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo katã menɔ Yudatɔ aboyome siwo nɔ Babilon la si o, gake wonya Mose ƒe Sea, si me Se Ewoawo hã le. Wonya ‘Zion-hawo,’ woate ŋu aɖo ŋku lododo geɖewo dzi, eye wonya nu tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na wo la ŋu. Ɛ̃, aboyome mawo fa avi esime woɖo ŋku Zion dzi, eye womeŋlɔ Yehowa be o. (Mixlẽ Psalmo 137:1-6.) Nu mawoe lé wo ɖe te le gbɔgbɔ me, togbɔ be wonɔ Babilon, afi si aʋatsodzixɔsewo kple alakpanufiafiawo bɔ ɖo, gɔ̃ hã.

MENYE NUFIAFIA YEYEE MAWUÐEKAETƆ̃ NYE O

5. Kpeɖodzi kawoe li be amewo subɔ mawuetɔ̃ƒokpliwo alo mawuɖekaetɔ̃wo le blema Babilon kple Egipte?

5 Le blema la, amewo subɔa mawuetɔ̃ƒokpli vovovowo. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esi: Babilontɔwo dea ta agu na mawuetɔ̃ƒokpli siwo nye Sin (ɣletimawu), Shamash (ɣemawu), kple Ishtar (vidzidzi kple aʋawɔwɔ ƒe mawunɔ). Le blema Egipte la, wobua mawu aɖe zi geɖe be eɖe mawunɔ aɖe si dzi viŋutsu nɛ, eye “wonyea mawuetɔ̃ƒokpli alo mawuɖekaetɔ̃ si me womebua vifofoa zi geɖe be enye tatɔ le o; edzea eŋu ɣeaɖewoɣi be yeawɔ fiavi ƒe ɖoƒe, esime mawunɔ la kpɔtɔ nyea trɔ̃ si koŋ nutoa me tɔwo subɔna.” (New Larousse Encyclopedia of Mythology) Egiptetɔwo ƒe mawu etɔ̃ siwo nye mawu Osiris, mawunɔ Isis, kple wo viŋutsu Horus ƒo ƒu nye woƒe mawuetɔ̃ƒokpli aɖe.

6. Nu kae nye Mawuɖekaetɔ̃, eye aleke wokpɔ mía ta be míexɔ alakpanufiafia ma dzi se o?

6 Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia le Kristodukɔa hã si. Subɔsubɔhakplɔlawo gblɔna be Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒo ƒu nye Mawu ɖeka. Gake nufiafia ma tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu; ena wòdze abe mawuetɔ̃ƒokpli wònye ene—le nyateƒe me la, wole ebum ko abe mawu etɔ̃awo dometɔ ɖeka aɖe ko ene. Wokpɔ Yehowa ƒe amewo ta be womexɔ alakpanufiafia ma dzi se o, elabena wolɔ̃ ɖe nya sia si tso gbɔgbɔ me la dzi be: “Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!” (5 Mose 6:4) Yesu ŋutɔ gɔ̃ hã yɔ nya ma le eƒe nufiafia me. Ðe Kristotɔ vavã aɖe atsi tsitre ɖe Yesu ƒe nya ŋua?—Marko 12:29.

7. Nu ka tae mate ŋu anya wɔ be woanyrɔ ame si xɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se wòanye adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe dzesi si sɔ o?

7 Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa tsi tsitre ɖe dɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo be “[woawɔ] dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, [woanyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me” la ŋu. (Mat. 28:19) Hafi woanyrɔ ame aɖe wòanye Kristotɔ vavã kple Yehowa ƒe Ðasefowo dometɔ ɖeka la, ele be amea nalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa, Fofo la, ƒo nu sia nu ta, eye ele be wòalɔ̃ ɖe ɖoƒe si Mawu ƒe Vi, Yesu, le kpakple eƒe ŋusẽ hã dzi. Ele be ame si le nyɔnyrɔ xɔ ge la naxɔe se hã be gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe o. (1 Mose 1:2) Ne ame aɖe kpɔtɔ xɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi se la, womate ŋu anyrɔe ɖe tsi me wòanye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu ƒe dzesi si sɔ o. Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua kpɔ mía ta be míexɔ nufiafia sia si medea bubu Mawu ŋu o la dzi se o!

GBƆGBƆYƆYƆ

8. Aleke Babilontɔwo bua mawuwo kple gbɔgbɔ vɔ̃woe?

8 Menye alakpanufiafiawo dzi koe Babilontɔwo xɔ se o, ke woxɔ trɔ̃wo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo kpakple gbɔgbɔyɔyɔ hã dzi se. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nu si gale vevie ŋutɔ le Babilontɔwo ƒe subɔsubɔ  me to vovo na mawuwo lae nye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo si [wobe] ŋusẽ le be woana amewo nalé ŋutilã kple susu me dɔ vovovowo. Woƒe subɔsubɔwɔnawo ƒe akpa gã aɖe nyea avuwɔwɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃ siawo atraɖii, eye woƒoa koko na mawuawo le afi sia afi be woakpɔ yewo ta tso gbɔgbɔ vɔ̃ siawo si me.”—The International Standard Bible Encyclopaedia.

9. (a) Esime Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon la, aleke wo dometɔ geɖe va xɔ alakpanufiafiawo dzi se? (b) Aleke wokpɔ mía ta tso didi be míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me si nye nuwɔna si me afɔku le la me?

9 Esime Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon la, wo dometɔ geɖe va xɔ dzixɔse siawo siwo tsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu la dzi se. Nenema kee esime Helatɔwo ƒe nufiafiawo va nɔ ŋusẽ kpɔm la, Yudatɔ geɖe va xɔ woƒe nukpɔsusu si nye be gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu awɔ vɔ̃ alo nyui la dzi se. Míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua kpɔ mía ta tso didi be míakpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔ me, si nye nuwɔna si me afɔku le la me, elabena míenyae be Mawu lé fu Babilontɔwo ƒe gbɔgbɔyɔnuwɔnawo. (Yes. 47:1, 12-15) Gakpe ɖe eŋu la, míewɔna ɖe Mawu ƒe sedede siwo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la dzi.—Mixlẽ 5 Mose 18:10-12; Nyaɖeɖefia 21:8.

10. Nu kae míate ŋu agblɔ tso Babilon Gã la ƒe nuwɔnawo kple dzixɔsewo ŋu?

10 Menye Babilontɔwo koe kpɔ gome le gbɔgbɔyɔnuwɔnawo me o, ke Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, la me tɔwo hã kpɔa gome le wo me. (Nyaɖ. 18:21-24) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Menye fiaɖuƒe ɖeka alo dekɔnu ɖekae Babilon [Gã la] lɔ ɖe eme o. Trɔ̃subɔsubɔ si xɔ aƒe ɖe eme koŋue wotsɔ dea dzesii, ke menye teƒe si wòle alo eƒe nɔƒe ƒe liƒowoe wotsɔ dea dzesii o.” (The Interpreter’s Dictionary of the Bible, Babla 1, axa 338) Gbɔgbɔyɔyɔ, trɔ̃subɔsubɔ kple nu vɔ̃ bubuwo xɔ aƒe ɖe Babilon Gã la me abe ale si axɔ̃ ɖoa ŋutilã ene; togbɔ be ekpɔtɔ li hã la, ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ nɛ.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 18:1-5.

11. Nuxlɔ̃amenya kawoe le míaƒe agbalẽwo me tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu?

11 Yehowa gblɔ be: “Migaka afã o.” (3 Mose 19:26) Woyɔa nuwɔna sia zi geɖe be gbɔgbɔyɔyɔ, eye ame geɖe ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔnuwɔnawo me le ƒe 1800 ƒeawo me. Esia ta Zion’s Watch Tower gblɔ le May 1885 ƒe tataa me be: “Dzixɔse si nye be ame kukuwo le agbe le anyigba bubu aɖe dzi alo be wole agbe le nɔnɔme aɖe me la menye nu yeye o. Enye blematɔwo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo dometɔ ɖeka, eye eya dzie wotu woƒe xotutuwo katã ɖo.” Nyatia gblɔ kpee be, susu si tsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu si nye be kukuawo ƒoa nu na agbagbeawo la “tsyɔ nu ‘gbɔgbɔ vɔ̃wo’ ƒe ameblenuwɔna si nye ale si wowɔa wo ɖokuiwo abe ame siwo ku ƒe gbɔgbɔwoe wonye ene la dzi, eye wòna amewo gaxɔ [amebeble sia] dzi se geɖe wu. Woɣla wo ɖokuiwo ɖe dzixɔse sia megbe, eye woto mɔ sia dzi kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe tamesusu kple agbenɔnɔ dzi.” Agbalẽvi si nye What Say the Scriptures About Spiritism? (Nya Kae Ŋɔŋlɔawo Gblɔ Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?) hã gblɔ nuxlɔ̃amenya mawo ke, abe ale si ko míaƒe agbalẽ siwo do nyitsɔ laa hã wɔe ene.

ÐE LUƲƆWO LE FU KPEM LE TSIẼƑEA?

12. Nya kae gbɔgbɔ ʋã Salomo wògblɔ le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu?

12 “Ame siwo katã va nya nyateƒea” la ate ŋu aɖo nyabiase ma ŋu. (2 Yoh. 1) Míelɔ̃ ɖe Salomo ƒe nya siawo dzi kakaɖedzitɔe be: “Avu gbagbe nyo wu dzata kuku. Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o . . . Nu sia nu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe, afi si yi ge nàla o.”—Nyagb. 9:4, 5, 10.

13. Aleke Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kple woƒe subɔsubɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo dzii?

13 Mɔnukpɔkpɔ su Yudatɔwo si be woanya nyateƒe si ku ɖe ame kukuwo ŋu. Ke hã esime Aleksanda Gãtɔ ƒe aʋafiawo ma  Hela fiaɖuƒea le wo nɔewo dome la, wodze agbagba be yewoato Helatɔwo ƒe subɔsubɔ kple woƒe dekɔnuwo dzi ana Yuda kple Siria nawɔ ɖeka. Esia wɔe be Yudatɔwo va xɔ alakpanufiafia siwo nye be amegbetɔ ƒe luʋɔ nye nu makumaku eye be teƒe aɖe li si nye afi si wowɔa fu luʋɔwo le la dzi se. Menye Helatɔwoe to funyafunyawɔwɔ luʋɔwo le xexe aɖe me ƒe susua vɛ o, elabena Babilontɔwo susuna be “tsiẽƒe nye . . . teƒe aɖe si ŋɔdzi le, . . . si dzi mawuwo kple gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋu siwo ŋu ŋɔdzi le la ɖua aƒetɔ ɖo.” (The Religion of Babylonia and Assyria) Ɛ̃, Babilontɔwo xɔ luʋɔ makumaku ƒe nufiafia dzi se.

14. Nu kae Hiob kple Abraham nya tso ame kukuwo kple tsitretsitsia ŋu?

14 Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo menɔ mawuvɔ̃la Hiob si o hã la, enya nyateƒe si ku ɖe ame kukuwo ŋu. Ekpɔe dze sii be Yehowa nye Mawu lɔ̃ame si adi vevie be yeafɔ ye tso ku me. (Hiob 14:13-15) Abraham hã xɔ tsitretsitsia dzi se. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:17-19.) Esi wònye be womate ŋu afɔ ame si mate ŋu aku o la tso ku me o ta la, Mawu vɔ̃la mawo mexɔ edzi se be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o. Ðikeke mele eme o be Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Hiob kple Abraham ŋu wose nɔnɔme si me ame kukuwo le la gɔme eye woxɔ tsitretsitsia dzi se. Nyateƒenya siawo hã nye míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ƒe akpa aɖe.

ELE VEVIE BE ‘WOAÐE MÍ TO TAFE LA DZI’

15, 16. Aleke woɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me?

15 Míedaa akpe na Mawu be ena míenya mɔ si dzi wòato aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la si me hã. (Rom. 5:12) Míenyae be Yesu “va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Marko 10:45) Aleke gbegbe wònyoe nye esi be míanyae be “woto tafe si Kristo Yesu xe dzi na ablɔɖe” mí!—Rom. 3:22-24.

16 Le ƒe alafa gbãtɔa me la, ehiã be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o siaa natrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me eye  woaxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se. Ne menye nenema o la, womakpɔ tsɔtsɔke o. Nenema ko wòle egbea hã. (Yoh. 3:16, 36) Ne ame aɖe lé alakpadzixɔsewo, abe Mawuɖekaetɔ̃ kple luʋɔ makumaku ene, me ɖe asi goŋgoŋ la, tafea mate ŋu aɖe vi nɛ o. Gake tafea ate ŋu aɖe vi na míawo ya. Míenya nyateƒe si ku ɖe ‘Mawu ƒe Vi lɔlɔ̃a, ame si dzi woto ɖe mí to tafe la dzi, si nye míaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke’ la ŋu.—Kol. 1:13, 14.

MIYI ŊGƆ ABE DUKƆ SI ŊU YEHOWA ƑE ŊKƆ LE ENE!

17, 18. Afi kawoe míate ŋu akpɔ nyatakaka veviwo le ku ɖe míaƒe ŋutinya ŋu, eye aleke míaƒe ŋutinya sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi na míi?

17 Nya geɖe li míagagblɔ ku ɖe nyateƒenufiafiawo ŋu; wo dometɔ aɖewoe nye nu siwo me míeto le esi míenye Mawu subɔlawo ta kpakple gbɔgbɔ me kple ŋutilãme yayra siwo su mía si. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia wotaa nyatakaka siwo ku ɖe ale si míaƒe dɔa le edzi yim le dukɔ vovovowo me le anyigba dzi godoo la ɖe míaƒe Ƒegbalẽwo me. Woƒo nu tso míaƒe ŋutinya ŋu le video siwo nye Faith in Action (La foi en action), Akpa 1 kple 2 lia, kpakple agbalẽwo abe Jehovah’s WitnessesProclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) ene me. Eye zi geɖe la, wotaa haxɔsetɔ lɔlɔ̃awo ƒe ŋutinya si woawo ŋutɔwo gblɔ la ɖe míaƒe magazineawo me.

18 Enyo be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ŋutinya ŋu, abe ale si ko wònyo be Israel dukɔa nasrɔ̃ nu tso ale si Mawu ɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte ŋu ene. (2 Mose 12:26, 27) Esi Mose nye ame tsitsi ta la, ete ŋu gblɔ nu wɔnuku siwo Mawu wɔ la na Israel viwo eye wòxlɔ̃ nu wo be: “Ðo ŋku gbe aɖe gbe dzi, eye nàbu tame le blematɔwo ŋu; bia fofowò, ne wòato nya na wò, eye bia wò amegã ɖeɖiwo, ne woagblɔe na wò!” (5 Mose 32:7) Esi míenye ‘Yehowa ƒe dukɔ kple eƒe lãnyiƒe ƒe alẽwo’ ta la, mí katã míekafunɛ hegblɔa eƒe nu tsu wɔwɔwo na ame bubuwo dzidzɔtɔe. (Ps. 79:13) Gakpe ɖe eŋu la, enyo be míadzro míaƒe ŋutinya me, míasrɔ̃e, be wòakpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawɔ anɔ esubɔm ɖaa.

19. Esi wònye be míele zɔzɔm le gbɔgbɔmekekelia me ta la, nu kae wòle be míawɔ?

19 Míedaa akpe be míele tsaglãla tsam le blukɔ me o, ke boŋ míele zɔzɔm le kekeli si tso Mawu gbɔ la me. (Lod. 4:18, 19) Eya ta mina míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la veviedodotɔe eye míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe nyateƒea na amewo me dzonɔamemetɔe abe ale si hakpala la do gbe ɖa kafu Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ene be: “[Wò] dzɔdzɔenyenye ɖeɖe ko makafu. Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbeƒã wò nukunuwo va se ɖe fifi. Eya ta, Mawu, mègagblẽm ɖi o va se ɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!”—Ps. 71:16-18.

20. Ne míewɔ nuteƒe na Yehowa la, nu ka dzie míaɖo kpe, eye aleke nèsena le ɖokuiwò me tso gome si le Yehowa si be wòaɖu dzi kple míaƒe tadedeagu nɛ ŋu?

20 Esi míetsɔ mía ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa ta la, míenyae be nya aɖewo fɔ ɖe te ku ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye kple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. Vavãe, míeɖea gbeƒã nyateƒe matrɔmatrɔ si nye be Yehowae nye Xexea Me Katã Dziɖulagã, si dze na míaƒe ɖokuitsɔtsɔna tso dzi blibo me. (Nyaɖ. 4:11) Esi eƒe gbɔgbɔa le mía dzi ta la, míeɖea gbeƒã nya nyui la na ame fafawo, míedaa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã ŋu, eye míefaa akɔ na ame siwo le konyi fam. (Yes. 61:1, 2) Agbagba siwo katã Satana dze be yeaɖu Mawu ƒe amewo kple ameƒomea katã dzi la zu dzodzro. Míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe gbɔgbɔmedomenyinu la ŋu ale gbegbe eye míeɖoe kplikpaa be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu eye míakafu Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me.—Mixlẽ Psalmo 26:11; 86:12.