Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

“Mekpɔe, Ke Nyemese Egɔme O”

“Mekpɔe, Ke Nyemese Egɔme O”

Ƒe 1975 mee danye de dzesii zi gbãtɔ be kuxi aɖe le ŋunye. Ƒe eve koe mexɔ ɣemaɣi. Esime danye kɔm ɖe asi la, nu kpekpe aɖe ge le exɔlɔ̃ aɖe si dze anyigba heɖi sesĩe. Danye de dzesii be nyemeɖi vo teti hã o. Esi mexɔ ƒe etɔ̃ gɔ̃ hã la, nyemetea ŋu ƒoa nu o. Emegbe ɖɔktawo gblɔ dzigbãnya la na dzinyelawo be tokunɔe menye!

Ðevi dzaa koe menye esi dzinyelawo gbe wo nɔewo, si wɔe be nye ŋutɔ, fonye eveawo kple daanye dzi kpɔkpɔ va tsi Dada dzi. Ɣemaɣi la, nufiafia ƒe mɔnu si wozãna tsɔ fiaa nu ɖevi siwo nye tokunɔwo le France la menɔ abe ale si wòle egbea ene o, eye mɔnu siwo wozãna ɣemaɣi la naa tokunɔwo kpea fu geɖe ɣeaɖewoɣi. Ke hã tso nye ɖevime ke la, mɔnukpɔkpɔ aɖe si mesu tokunɔ geɖe si o la su asinye. Na maɖe eme.

Esime mexɔ abe ƒe atɔ̃ ene

Ɣeaɖeɣi va yi la, agbalẽnyala geɖe xɔe se be ele be woazi ɖevi tokunɔwo dzi woasrɔ̃ nuƒoƒo eye woadze agbagba ase nya si gblɔm woƒe nufiala le gɔme to ŋkuléle ɖe eƒe nuyiwo ŋu me. Le nyateƒe me la, le France ƒe afi si metsi le la, wode se be woaganɔ tokunɔwo ƒe dzesiwo wɔm le suku o. Ne nufiala le nu fiam la, woblaa ɖevi siwo nye tokunɔwo ƒe asiwo ɖe wo megbe gɔ̃ hã.

Le nye ɖevime la, ehiãna be manɔ anyi gaƒoƒo geɖe be ɖɔkta siwo fiaa nuƒoƒo tokunɔwo la nafia nuƒoƒom. Woléa nye glã alo nye ta henɔa eƒom ɖe nunye be magblɔ nya siwo nyemenɔ sesem gɔ̃ hã o. Nyemetea ŋu ɖoa dze kple ɖevi bubuwo o. Mekpe fu geɖe le ƒe mawo me.

Ke esi mexɔ ƒe ade la, wodem tokunɔwo ƒe suku aɖe, eye menɔ sukukpoa dzi. Emae nye zi gbãtɔ si menɔ ɖevi tokunɔ bubuwo dome. Wode se ɖe tokunɔgbedodo ŋu le afi sia hã. Ne wokpɔ mí míele tokunɔgbe dom le sukuxɔ me la, wohea nya ɖe mía ŋu vevie alo nyɔa ɖa le ta na mí. Ke hã míawo ŋutɔwo míeto dzesi siwo míetsɔ ɖoa dze kple mía nɔewo le bebeme la vɛ. Aleae wòdzɔe be meva te dzeɖoɖo kple ɖevi bubuwo mlɔeba. Mekpɔ dzidzɔ geɖe le ƒe ene siwo kplɔe ɖo la me.

Gake esi mexɔ ƒe ewo la, wodem suku aɖe si ɖevi siwo sea nu la dena. Esia te ɖe dzinye ŋutɔ! Ðeko wòwɔ nam abe ɖe ɖevi tokunɔ bubuawo katã ku eye nye ɖeka koe ganye tokunɔ le xexea me ene. Nye ƒomea me tɔwo mesrɔ̃ tokunɔgbe o eye womeɖe mɔ nam be made ha kple ɖevi siwo nye tokunɔwo hã o, elabena ɖɔktawo ɖo aɖaŋu na wo be mɔɖeɖe ɖe esia ŋu awɔe be nyemawɔ ŋgɔyiyi le nuƒoƒosɔsrɔ̃ me o. Megaɖoa ŋku nu si dzɔ esime míeyi ɖɔkta aɖe si doa nuseseŋutete kpɔ gbɔ la dzi kokoko. Esi mekpɔ nɔnɔmetata siwo le tokunɔgbesrɔ̃gbalẽ aɖe si nɔ eƒe kplɔ̃ dzi dzi la, mefia asi agbalẽa hegblɔ be, “Nu sia dimee mele!” Enumake ko ɖɔktaa tsɔ agbalẽa ɣla. *

MEDZE BIBLIA ME NYATEƑEA SƆSRƆ̃ GƆME

Dada dze agbagba he mí be míanɔ agbe abe Kristotɔwo ene. Ekplɔa mí yia Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo le Mérignac Hamea me, afi si te ɖe Bordeaux ŋu. Esi menye ɖevi ta la, nyemesea kpekpeawo me nyawo ƒe akpa gãtɔ gɔme o. Ke hã hamea me tɔwo ɖɔa li wo nɔewo va nɔa gbɔnye nɔa nya siwo gblɔm wole le kpekpea me la ŋlɔm nam. Woƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔlemea wɔ dɔ ɖe dzinye. Dada srɔ̃a Biblia kplim le aƒe me, gake nyemesea nu siwo wòfiaam la gɔme tututu o. Mese le ɖokuinye me abe nyagblɔɖila Daniel ene, elabena esi mawudɔla aɖe gblɔ nyagblɔɖinya aɖe nɛ la, egblɔ be: “Mesee, ke nyemese egɔme o.” (Daniel 12:8) Gake le gonyeme la, magblɔ be, “Mekpɔe, ke nyemese egɔme o.”

Ke hã vivivi la, Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo va ƒo ke ɖe to ɖe menye. Mede asixɔxɔ nu siwo gɔme mese nyuie la ŋu eye medze agbagba nɔ agbe ɖe wo nu. Mesrɔ̃ nu tso amewo ƒe nuwɔna hã me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be míagbɔ dzi ɖi. (Yakobo 5:7, 8) Nyemese nu si tututu dzigbɔɖi nye gɔme o. Ke hã ŋkuléle ɖe ale si haxɔsetɔwo ɖea nɔnɔme nyui sia fianae ŋu na meva se nu si wònye gɔme. Kristo hamea me nɔnɔ ɖe vi geɖe nam vavã.

DZIGBÃNYA KPAKPLE DZIDZƆNYA

Stéphane kpe ɖe ŋunye mese Biblia gɔme

Gbe ɖeka, esime menye sɔhɛ la, mekpɔ ɖekakpui tokunɔ aɖewo le ablɔdzi wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo le tokunɔgbe me. Meva nɔ ha dem kpli wo le adzame hede asi Franse Tokunɔgbe sɔsrɔ̃ me. Meyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede dzi; le afi ma la, Ðasefo sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Stéphane tsɔ ɖe le eme nam vevie. Edze agbagba geɖe ŋutɔ be yeanɔ dze ɖom kplim eye mía kplii dome va nɔ kplikplikpli. Ke hã dzigbãnya aɖe si nyemenɔ mɔ kpɔm na o la va tum. Wolé Stéphane de mɔ́ le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o ta. Esia gbã dzi nam vevie! Esime Stéphane meganɔ anyi o la, dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe be medzudzɔ kpekpeawo dede keŋkeŋ kloe.

Ɣleti 11 megbe la, woɖe asi le Stéphane ŋu wòtrɔ gbɔ va aƒe me. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi dzɔm esi Stéphane va te dzeɖoɖo kplim le tokunɔgbe me la le susu mea? Ewɔ nuku nam ŋutɔ! Aleke wòdzɔe? Stéphane srɔ̃ Franse Tokunɔgbea esime wònɔ gaxɔa me. Mekpɔ ale si Stéphane nɔ eƒe asiwo wɔm kple ale si wòɖo moe esime wònɔ tokunɔgbea dom; dzi dzɔm ŋutɔ, eye mebu ale si gbegbe esia aɖe vi namee ŋu.

MESE BIBLIA ME NYATEƑEA GƆME MLƆEBA

Stéphane va nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Ɣemaɣi ko hafi meva se Biblia me nyateƒe siwo katã mesrɔ̃ va yi la gɔme nyuie wu. Le nye ɖevime la, nɔnɔmetata dzeani siwo le míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo me la doa dzidzɔ nam ŋutɔ; metsɔa ameawo nɔa sɔsɔm kple wo nɔewo eye meléa ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito be ŋutinyaawo natsi susu me nam. Menya nu tso Abraham, eƒe ‘dzidzimevia,’ kple “ameha gã” la ŋu xoxo, gake esi mekpɔe woɖe nya siawo me le tokunɔgbe me ko hafi mese wo gɔme ŋutɔŋutɔ. (1 Mose 22:15-18; Nyaɖeɖefia 7:9) Mekpɔe kɔtɛ be gbe siae nye esi sɔ nam wu, si wɔa dɔ ɖe dzinye.

Esi meva nɔ kpekpeawo me nyawo gɔme sem nyuie azɔ ta la, nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye eye medi be masrɔ̃ nu geɖe wu. Le Stéphane ƒe kpekpeɖeŋu me la, meva se Biblia me nyawo gɔme ɖe edzi, eye le ƒe 1992 me la, metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu eye mexɔ nyɔnyrɔ. Togbɔ be mewɔ ŋgɔyiyi geɖe hã la, esi nyemetea ŋu ɖoa dze kple amewo le nye ɖevime o ta la, meva zu ame si kpea ŋu eye nyemelɔ̃a ame dome nɔnɔ o.

ŊUKPE DZI ÐUÐU

Mlɔeba la, wova tsɔ tokunɔgbe ƒuƒoƒo sue si me menɔ la kple tokunɔgbe hame aɖe si le Pessac, si nye Bordeaux ƒe gbɔtodu aɖe, la ƒo ƒu wòzu hame ɖeka. Esia ɖe vi ŋutɔ, eye mewɔ ŋgɔyiyi le Mawu subɔsubɔ me. Togbɔ be dzeɖoɖo kple amewo ganɔ sesẽm nam hã la, xɔ̃nye siwo menye tokunɔwo o la dze agbagba vevie kpe ɖe ŋunye be mase nu sia nu gɔme nyuie. Atsu kple asi aɖe, siwo ŋkɔwoe nye Gilles kple Elodie, dze agbagba etɔxɛe be yewoanɔ dze ɖom kplim. Wokpeam vaa woƒe aƒe me zi geɖe le kpekpeawo megbe be maɖu nu alo ano kɔfi kpli yewo, si wɔe be míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be mele ame siwo lɔ̃a ame abe ale si Mawu di ene la dome!

Srɔ̃nye Vanessa nye kpeɖeŋutɔ vevi aɖe nam

Hame sia mee medo go Vanessa si ƒe nu nyoa ame ŋu la le. Ale si wòsea veve ɖe ame nu helɔ̃a nya dzɔdzɔe lae na eƒe nu do dzidzɔ nam. Togbɔ be menye tokunɔ hã la, Vanessa mebui be esia nye mɔxenu o, ke boŋ ebui be mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be yeadze xɔlɔ̃m. Eƒe nu va lé dzi nam, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 2005 me. Togbɔ be esesẽna nam be maɖo dze kple amewo hã la, Vanessa kpe ɖe ŋunye meɖu nye ŋukpea dzi eye mete ŋu le dze ɖom kple amewo geɖe wu. Medea asixɔxɔ ale si wòle kpekpem ɖe ŋunye le nye agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me la ŋu.

YEHOWA GAYRAM LE MƆ BUBU NU

Le ƒe si me míeɖe srɔ̃ la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Louviers, France, la kpem be mava xɔ hehe ɣleti ɖeka le gbegɔmeɖeɖedɔ me. Le ƒe mawo me la, alɔdzedɔwɔƒea nɔ dɔ dzi vevie be woawɔ míaƒe agbalẽ geɖewo ƒe DVD le Franse Tokunɔgbe me. Gake esi dɔ geɖe ganɔ ŋgɔ ta la, ehiã be ame bubuwo nava kpe asi ɖe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu.

Esime menɔ nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi la ƒom le Franse Tokunɔgbe me

Mía kple Vanessa siaa míese le mía ɖokui me be dɔwɔwɔ le alɔdzedɔwɔƒea nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kple yayra tso Yehowa Mawu gbɔ, gake ele be malɔ̃ ɖe edzi be míetsi dzimaɖi hã. Aleke nuwo ava nɔ na míaƒe tokunɔgbe ƒuƒoƒoa? Aleke míawɔ míaƒe aƒea? Ðe Vanessa akpɔ dɔ awɔ le nutoa mea? Yehowa kpɔ nya mawo katã gbɔ na mí le mɔ wɔnuku aɖe nu. Mekpɔe be Yehowa lɔ̃ mía kple srɔ̃nye kpakple tokunɔwo vavã.

AME SIWO DOME ÐEKAWƆWƆ LE LA KPE ÐE ŊUNYE

Gomekpɔkpɔ le gbegɔmeɖeɖedɔa me na mekpɔ agbagba si gbegbe wodzena hafi tea ŋu kpena ɖe tokunɔwo ŋu be woanya Mawu la dze sii. Eye dzi dzɔam ale gbegbe ne mekpɔ ale si nye dɔwɔhati bubuwo le agbagba dzem be yewoaɖo dze kplim! Dzesi ʋɛ siwo wosrɔ̃ be yewoate ŋu aɖo dze kplim la wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nyemetsi akogo kura o. Lɔlɔ̃ɖeɖefia mawo katã ɖo kpe ɖekawɔwɔ wɔnuku si gbegbe le Yehowa ƒe amewo dome la dzi.—Psalmo 133:1.

Mele dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒea ƒe Gbegɔmeɖeƒea

Medaa akpe na Yehowa be, to Kristo hamea dzi la, ekpɔa egbɔ be ame aɖe nɔa anyi kokoko si akpe ɖe ŋunye. Edzɔa dzi nam ŋutɔ be nye hã mewɔ tɔnye si nua tsɔ kpe ɖe ame siwo hã nye tokunɔwo la ŋu be wodze si mía Wɔla lɔ̃amea hete ɖe eŋu. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me nuƒoƒo na ame nɔewo maganye kuxi azɔ o eye ameƒomea katã nawɔ ɖeka ado “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la, si nye nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.—Zefaniya 3:9, NW.

^ mm. 9 Ƒe 1991 me ko hafi France dziɖuɖua va ɖe mɔ be woazã tokunɔgbe atsɔ afia nu ɖevi tokunɔwo.