Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

“Se Kae Nye Gbãtɔ Le Wo Katã Dome?”

“Se Kae Nye Gbãtɔ Le Wo Katã Dome?”

Nu kae Mawu di tso mía si? Ðe wòdi tso mía si be míawɔ ɖe se gbogbo aɖewo dzia? Dzidzɔtɔe la, ŋuɖoɖoae nye ao. Le Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu Kristo, ƒe nya nu la, woate ŋu atsɔ nya ɖeka pɛ ko aɖɔ nu si Mawu di tso mía si.—Xlẽ Marko 12:28-31.

Bu nu si dzɔ hafi Yesu gblɔ nya sia ŋu kpɔ. Enɔ nu fiam le gbedoxɔa me le Nisan 11 lia, si nye ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku, dzi. Eƒe futɔwo tsɔ biabia aɖewo siwo ŋu woʋlia nya le la va ɖo eŋkume kple susu be yewoalée le nya me. Gake eɖo nya sia nya si wobiae la ŋu ale gbegbe be womekpɔ kpɔgblɔ aɖeke le eƒe nyawo ŋu o. Eyome wobia Yesu be: “Se kae nye gbãtɔ le wo katã dome?”—Kpukpui 28.

Nyabiase aɖe si zu taɖui na wo lae nye ema wobiae. Yudatɔ aɖewo ʋlia nya le wo nɔewo dome ku ɖe se si nye gbãtɔ, alo vevitɔ, le Mose ƒe Se 600 kple edzivɔawo dome ŋu. Edze abe wo dometɔ aɖewo tea tɔ ɖe edzi be seawo katã le vevie eye be mesɔ be woabu ɖewo be wole vevie wu bubuawo o ene. Aleke Yesu aɖo woƒe nyaa ŋui?

Le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa me la, etɔ asi se eve dzi, ke menye ɖeka o. Gbã la, egblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.” (Kpukpui 30; 5 Mose 6:5) Gɔmesese si le nya “dzi,” “tamesusu,” “luʋɔ” kple “ŋusẽ” ŋu la de nu wo nɔewo me. * Nu si wòfiae nye be: Ele be míatsɔ míaƒe luʋɔ blibo kple míaƒe ŋutete katã alɔ̃ Yehowa. Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔe ale: “Ele be míalɔ̃ Mawu bliboe.” Ne èlɔ̃ Mawu alea la, àwɔ wò ŋutete katã be yeanɔ agbe le mɔ si adze eŋu nu gbe sia gbe.—1 Yohanes 5:3.

Evelia, Yesu gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Kpukpui 31; 3 Mose 19:18) Ƒomedodo kplikplikpli le Mawu lɔlɔ̃ kple ame havi lɔlɔ̃ dome. Ne ame aɖe lɔ̃ Mawu la, elɔ̃a ehavi hã. (1 Yohanes 4:20, 21) Ne míelɔ̃ mía haviwo abe mía ɖokui ene la, míawɔ nu ɖe wo ŋu abe ale si míadi be woawɔ nu ɖe mía ŋu ene. (Mateo 7:12) Ne míewɔe alea la, míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu si wɔ mía kpli wo siaa ɖe eƒe nɔnɔme nu la.—1 Mose 1:26.

Woate ŋu atsɔ nya ɖeka pɛ ko aɖɔ nu siwo katã Yehowa di tso esubɔlawo si: eyae nye lɔlɔ̃

Aleke gbegbee se si nye be míalɔ̃ Mawu kple mía havi la le vevie? Yesu gblɔ be: “Se bubu aɖeke meli si lolo wu esiawo o.” (Kpukpui 31) Le Mateo ƒe nuŋlɔɖia nu la, Yesu gblɔ be se blibo la katã ku ɖe sedede eve siawo ŋuti.—Mateo 22:40.

Mawu mebia nu geɖe akpa tso mía si o. Woate ŋu atsɔ nya ɖeka pɛ ko aɖɔ nu siwo katã wòdi tso mía si: eyae nye lɔlɔ̃. Nu siae wòdi tso esubɔlawo si tso gbe aɖe gbe ke, eye nenema koe wòanɔ ɖaa. Gake menye nyagbɔgblɔ alo seselelãme dzro koe lɔlɔ̃ nye o, ke nuwɔna mee wòdzena le. (1 Yohanes 3:18) Ðe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ ale si nàlɔ̃ Yehowa, Mawu si “nye lɔlɔ̃” la, eye nàɖee afia to nuwɔna me oa?—1 Yohanes 4:8.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le March me

Marko 9-16Luka 1-6

^ mm. 4 Le Biblia me la, ŋkɔnya “luʋɔ” fiaa ameti bliboa. Eya ta “luʋɔ” ate ŋu alɔ “dzi,” “tamesusu” kple “ŋusẽ” ɖe eme.