Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Bubu Yehowa Ƒe Ŋkɔ Gã La Ŋu

De Bubu Yehowa Ƒe Ŋkɔ Gã La Ŋu

“Made bubu wò ŋkɔ ŋu ɖaa.”—PS. 86:12.

1, 2. To vovo na Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo la, aleke Yehowa Ðasefowo bua Mawu ƒe ŋkɔ lae?

EDZE ƒãa be Kristodukɔa ƒe sɔlemeha akpa gãtɔ gbe Mawu ƒe ŋkɔ la zazã. Le kpɔɖeŋu me, Revised Standard Version Biblia la gblɔ le eƒe ŋgɔdonya me be: “Mesɔ kura be xexea me katã ƒe Kristo Hamea . . . nazã ŋkɔ tɔxɛ aɖe koŋ na Mawu ɖeka kolia la o.”

2 Gake dada wònye na Yehowa Ðasefowo ya be Mawu ƒe ŋkɔ nanɔ yewo ŋu eye yewoado eƒe ŋkɔ la ɖe dzi. (Mixlẽ Psalmo 86:12; Yesaya 43:10.) Gawu la, míebunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mí be míese ŋkɔa gɔme henya nya gã si fɔ ɖe te ku ɖe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu. (Mat. 6:9) Esia nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe si mele be míaƒo asii o. Eya ta mina míadzro biabia vevi etɔ̃ siwo gbɔna me: Nu kae Mawu ƒe ŋkɔa nyanya fia? Aleke Yehowa wɔ nu wòsɔ kple eƒe ŋkɔ gã la hedoe ɖe dzi? Aleke míawɔ azɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me?

NU SI MAWU ƑE ŊKƆA NYANYA FIA

3. Nu kae Mawu ƒe ŋkɔa nyanya fia?

3 Be woanya Mawu ƒe ŋkɔ bia nu geɖe wu eƒe ŋkɔ “Yehowa” nyanya ko. Ebia be woanya Mawu si tututu Yehowa nye, eƒe nɔnɔmewo, eƒe tameɖoɖowo, kple nu si Biblia gblɔ tso ale si wòwɔa nui, vevietɔ ɖe esubɔlawo ŋu la ŋuti. Nyateƒee, Yehowa ɖea sidzedze sia fiana vivivi wòsɔna ɖe eƒe tameɖoɖo gã la me vava nu. (Lod. 4:18) Yehowa ɖe eƒe ŋkɔ la fia mía dzila gbãtɔwo; eya ta Xawa yɔ ŋkɔ ma esi wòdzi Kain. (1 Mose 4:1) Blemafofo wɔnuteƒewo abe Noa, Abraham, Isak kple Yakob ene nya Mawu ƒe ŋkɔa. Gawu la, woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu dzi ɖe edzi esi wòyra wo, lé be na wo, eye wòɖe eƒe tameɖoɖo aɖewo fia wo. Emegbe mɔnukpɔkpɔ su Mose si wòse Mawu ƒe ŋkɔa gɔme le mɔ tɔxɛ aɖe nu.

Mose nya gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, eye esia do ŋusẽ eƒe xɔse

4. Nu ka tae Mose bia Mawu ƒe ŋkɔ ta se, eye nu ka tae wòsɔ be wòtsi dzi ɖe nya sia ŋu?

4 Xlẽ 2 Mose 3:10-16. Esi Mose xɔ ƒe 80 la, Mawu  de dɔ gã aɖe asi nɛ esi wògblɔ nɛ be: “Nàkplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte.” Mose bia nya vevi aɖe Yehowa bubutɔe. Ne míagblɔe la, enɔ biabiam be: ‘Meɖe kuku, ŋkɔwò ɖe?’ Esi wònye be Mawu ƒe amewo nya eƒe ŋkɔa xoxoxo ta la, nu ka tae Mose bia nya sia? Edze ƒãa be edi be yeanya nu geɖe tso ame si tututu tɔ ŋkɔ ma ŋuti—edi kpeɖodzi siwo ana kakaɖedzi nasu Mawu ƒe amewo si be Mawu aɖe wo vavã. Susu le eme be Mose natsi dzi ɖe nya siawo ŋu elabena kluviwoe Israel viwo nye ɣeyiɣi didi aɖe. Ðewohĩ woanɔ ɖi kem nenye be yewo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ate ŋu aɖe yewo nyateƒe. Nya lae nye be, Israel vi aɖewo nɔ Egipte mawuwo subɔm gɔ̃ hã xoxo.—Eze. 20:7, 8.

5. Nu kae Yehowa na Mose nya tso Eƒe ŋkɔa gɔmesese ŋu?

5 Aleke Yehowa ɖo Mose ƒe biabiaa ŋu nɛ? Egblɔ be: “Ale nàgblɔ na Israel viwoe nye esi: ‘MANYE ye dɔm ɖe mia gbɔ, NW.’” * Egblɔ kpee be: “Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu . . . ye dɔm ɖe mia gbɔ, NW.” Mawu ɖee fia be yeanye nu sia nu si yetiae be yeanye ale be yeƒe tameɖoɖo nava eme, si fia be ewɔa eƒe nya dzi ɣesiaɣi. Eya ta Yehowa ŋutɔ gblɔ le kpukpui 15 lia me be: “Esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.” Aleke gbegbe nya mawo awɔ dɔ ɖe Mose dzi ahado ŋusẽ eƒe xɔsee nye esi!

YEHOWA WƆ NU WÒSƆ KPLE EƑE ŊKƆA

6, 7. Aleke Yehowa wɔ nu wòsɔ ɖe eƒe ŋkɔ gã la nu?

6 Esi Yehowa de dɔ asi na Mose megbe kpuie la, Ewɔ nu wòsɔ kple eƒe ŋkɔ la esi ‘wòva nye’ Israel Ðela. Eɖi gbɔ Egiptetɔwo esi wòhe fuwɔame gblẽnu ewo va wo dzi, eye wòɖee fia be ŋusẽ aɖeke mele Egipte mawu siwo dome Farao hã le la ŋu o. (2 Mose 12:12) Le ema megbe la, Yehowa na Ƒudzĩa ma ɖe eve eye Israel viawo to eme do go, gake Farao kple eƒe aʋakɔa ya tsi ƒua me. (Ps. 136:13-15) Le “gbe gã dziŋɔ ma dzi” la, Yehowa ɖee fia be yenye Agbetakpɔla esi wòna nuɖuɖu kple tsi eƒe amewo, siwo ɖewohĩ woade miliɔn eve va se ɖe etɔ̃ alo esi wu nenema! Ena woƒe avɔwo mevuvu le wo ŋu o, eye woƒe afɔkpawo mevuvu le afɔ na wo o. (5 Mose 1:19; 29:4) Ɛ̃, Yehowa wɔa nu wòsɔna ɖe eƒe ŋkɔ si ɖeke mesɔ kplii o la nu ɣesiaɣi eye naneke mexea mɔ nɛ o. Egblɔ na Yesaya emegbe be: “Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”—Yes. 43:11.

 7 Yosua, ame si va xɔ ɖe Mose teƒe la, hã kpɔ nu dziŋɔ siwo Yehowa wɔ le Egipte kple gbea dzi la teƒe. Eya ta esi wòsusɔ vie Yosua naku la, egblɔ na nɔvia Israel viwo kple kakaɖedzi be: “Miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” (Yos. 23:14) Yehowa wɔ nu si tututu ŋugbe wòdo be yeawɔ la.

8. Egbea la, aleke Yehowa le nu si ŋugbe wòdo la dzi wɔm?

8 Nenema ke egbea la, Yehowa ‘nye nu si wòtia be yeanye.’ Edo ŋugbe to Via dzi be, le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia “le anyigba blibo la katã dzi.” (Mat. 24:14) Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖeɖe koe ate ŋu agblɔ dɔ sia ŋu nya ɖi, akpɔ egbɔ be wowɔe, eye wòazã “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo” be woawɔe ade goe! (Dɔw. 4:13) Eya ta ne míele gome kpɔm le dɔ sia me la, ke míele akpa aɖe wɔm le Biblia me nyagblɔɖia me vava me. Míedea bubu mía Fofoa ŋu eye míeɖenɛ fiana be ne míedo gbe ɖa be, “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã” la, menye alakpanu wɔm míele o.—Mat. 6:9, 10.

EƑE ŊKƆ DE DZI

Farao melɔ̃ ɖe edzi gbã be Yehowae nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la o

9, 10. Aleke Yehowa ɖe nu geɖe fia tso Mawu si ƒomevi wònye ŋu le eƒe nuwɔwɔ ɖe Israel viwo ŋu me, eye nu kae do tso eme?

9 Esime Israel viwo ʋu tso Egipte la, Yehowa ɖe eɖokui fia le mɔ yeye aɖe nu. To Se ƒe nubablaa dzi la, Yehowa va zu wo “srɔ̃,” eye wòlé be na wo abe ale si srɔ̃ŋutsu léa be na srɔ̃a ene. (Yer. 3:14) Eye Israel viwo va zu srɔ̃anyɔnu le kpɔɖeŋumɔ nu, wova zu dukɔ si ŋu Eƒe ŋkɔ le. (Yes. 54:5, 6) Ne wolɔ̃ faa bɔbɔ wo ɖokui eye wowɔ ɖe eƒe sededewo dzi la, Yehowa ayra wo, akpɔ wo ta, eye wòana ŋutifafa wo, abe wo ‘Srɔ̃ŋutsu’ ene. (4 Mose 6:22-27) Esia awɔe be dukɔwo nade bubu Mawu ƒe ŋkɔ gã la ŋu. (Mixlẽ 5 Mose 4:5-8; Psalmo 86:7-10.) Nyateƒee, le Israel viwo ƒe ŋutinya katã me la, amedzro geɖewo va tiae be yewoade ta agu na Yehowa. Wowɔ nu abe Moab nyɔnu Rut si gblɔ na Naomi be, “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu” la ene.—Rut 1:16.

10 Le ƒe 1,500 siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa ɖe nu geɖe fia tso Mawu si ƒomevi wònye ŋu to ale si wòwɔ nu ɖe Israel viwo ŋu me. Togbɔ be dukɔa sẽa to hã, Yehowa ɖee fia zi geɖe be yenye “nublanuikpɔla” kple “ame si gbɔa dzi blewu.”  Dzigbɔɖi bɔ ɖe esi kpaŋ. (2 Mose 34:5-7) Gake seɖoƒe li na Yehowa ƒe dzigbɔɖi la, eye esia va eme esi Yuda dukɔa gbe Via eye wowui. (Mat. 23:37, 38) Ŋutilã me Israel viwo meganye dukɔ si ŋu Mawu ƒe ŋkɔ le o. Le Mawu gbɔ la, wova le ko abe ati aɖe si ku heƒu ene. (Luka 23:31) Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe ale si wobua Mawu ƒe ŋkɔe la dzi?

11. Aleke wòdzɔe be Yudatɔwo va dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ?

11 Ŋutinyawo ɖee fia be, esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, alakpadzixɔsewo va su ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo si ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu; wova bui be mele be yewoayɔ ŋkɔa o. (2 Mose 20:7) Ʋɛʋɛʋɛ la, Yudatɔwo va dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ. Ðikeke mele eme o be eve Yehowa be womenɔ bubu dem yeƒe ŋkɔ ŋu o. (Ps. 78:40, 41) Gake edze ƒãa be, Mawu si “ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla” maɖe mɔ eƒe ŋkɔ nanɔ ame siwo gbee eye eya hã gbe wo la ŋu tegbee o. (2 Mose 34:14) Ele be nyateƒenya sia nana be míade bubu gã mía Wɔla la ƒe ŋkɔ ŋu.

DUKƆ YEYE SI ŊU MAWU ƑE ŊKƆ LE

12. Ame kawoe va zu dukɔ si ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le si ŋu nya wogblɔ ɖi?

12 Yehowa to Yeremiya dzi ɖe eƒe tameɖoɖo be ‘yeabla nu yeye’ kple dukɔ yeye aɖe, si nye gbɔgbɔ me Israel, fia. Yeremiya gblɔe ɖi be dukɔ yeye sia me tɔwo katã, “tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” “dze si Yehowa.” (Yer. 31:31, 33, 34) Nyagblɔɖi ma te eme vava le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi esime Mawu ɖo nubabla yeyea anyi. Dukɔ yeye, si nye “Mawu ƒe Israel,” si me tɔwo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o lae va zu ‘dukɔ si woyɔ hena Mawu ƒe ŋkɔ la.’ Yehowa gblɔ be wonye “ame siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo.”—Gal. 6:16; mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:14-17; Mat. 21:43.

13. (a) Ðe Kristotɔ gbãtɔwo zã Mawu ƒe ŋkɔa? Ðe eme. (b) Aleke nèbua mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàzã Mawu ƒe ŋkɔa le subɔsubɔdɔa me lae?

13 ‘Ame siwo ŋu woyɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖo,’ siwo nye gbɔgbɔ me Israel la me tɔ gbãtɔawo zã Mawu ƒe ŋkɔa, eye kakaɖedzitɔe la, wowɔa esia ne wole nyawo yɔm tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. * Eya ta le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi, esime apostolo Petro nɔ nu ƒom na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo tso dukɔ vovovowo me la, ezã Mawu ƒe ŋkɔa zi gbɔ zi geɖe. (Dɔw. 2:14, 20, 21, 25, 34) Kristotɔ gbãtɔwo de bubu Yehowa ŋu, eya ta eya hã yra ɖe agbagba siwo wodze le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi. Nenema kee egbea hã Yehowa le yayram ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi esi míele gbeƒã ɖem eƒe ŋkɔa eye míetsɔnɛ fiaa ɖetsɔlemetɔwo tso woawo ŋutɔwo ƒe Biblia me, ne anya wɔ. To esia dzi la, míekpena ɖe wo ŋu wodzea si Mawu vavã la. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na wo kple míawo siaa! Esia ate ŋu anye ƒomedodo wɔnuku aɖe me nɔnɔ kple Yehowa ƒe gɔmedzedze. Ƒomedodo ma ate ŋu anɔ tsitsim ɖe edzi ahanɔ anyi ɖaa.

14, 15. Aleke míewɔ nya be Yehowa kpɔ eƒe ŋkɔa ta?

14 Emegbe, vevietɔ le apostoloawo ƒe ku megbe la, ame aɖewo tsɔ alakpanufiafiawo va nɔ nu gblẽm le Kristo hame gbãtɔawo me. (2 Tes. 2:3-7) Aʋatsonufiala siawo va da asi ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi si nye be mele be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ o la dzi. Gake ɖe Yehowa ɖe mɔ eƒe  ŋkɔa bua? Kpao! Ele eme be míate ŋu anya ale si tututu woyɔa ŋkɔa le blema o ya, gake ŋkɔa ya li va de asi na egbea. Wozãe le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo kple Biblia ŋuti nunyalawo ƒe agbalẽwo me ƒe alafa geɖee nye esia. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1757 me la, Charles Peters ŋlɔ bena, to vovo na Mawu ƒe dzesideŋkɔ, alo bubuŋkɔ, geɖewo la, “edze abe [ŋkɔ] Yehowa ɖe nu geɖe wu fia le ame si ƒomevi wònye ŋu ene.” Le agbalẽ aɖe si Hopton Haynes ta ku ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu le ƒe 1797 me la ƒe ta 7 lia ƒe gɔmedzedze la, egblɔ be: “YEHOWAE nye MAWU ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si Yudatɔwo zãna; ame si ɖeɖe ko wosubɔna; abe ale si Kristo kple eƒe Apostoloawo hã wɔe ene.” Eye menye ɖeko Henry Grew (ƒe 1781 va se ɖe ƒe 1862) zã Mawu ƒe ŋkɔa ko evɔ o, ke ede dzesii hã be wodo vlo Mawu ƒe ŋkɔa eya ta ehiã be woakɔ eŋu. Nenema kee George Storrs (ƒe 1796 va se ɖe ƒe 1879), si nye Charles T. Russell ƒe zɔhɛ kplikplikpli la, zã Mawu ƒe ŋkɔ abe ale si ko Russell ŋutɔ hã zãe ene.

15 Ƒe 1931 nye ƒe tɔxɛ aɖe ŋutɔ, elabena le ƒe ma me la, Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ale si woyɔa Mawu ƒe amewo ɣemaɣi la, tsɔ ŋkɔ si tso Ŋɔŋlɔawo me, si nye Yehowa Ðasefowo. (Yes. 43:10-12) Woto esia dzi na xexea nya be enye dada na yewo be yewonye Mawu vavã ɖeka kolia la subɔlawo, siwo nye ‘dukɔ aɖe si woɖe hena eƒe ŋkɔ,’ eye wokafua ŋkɔ ma. (Dɔw. 15:14) Nudzɔdzɔ siawo na míeɖo ŋku Yehowa ƒe nya siwo le Maleaxi 1:11 la dzi, afi si gblɔ be, “Nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe.”

ZƆ LE YEHOWA ƑE ŊKƆ ME

16. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me esi míenye Yehowa ƒe Ðasefowo ta?

16 Nyagblɔɖila Mixa gblɔ bena: “Ne dukɔwo katã dometɔ ɖe sia ɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.” (Mika 4:5) Bubu gã aɖe ŋutɔe wònye be Yehowa ɖe mɔ woyɔ eƒe ŋkɔ ɖe Biblia Nusrɔ̃vi mawo ŋu. Eye esia ɖo kpe edzi na wo be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. (Mixlẽ Maleaxi 3:16-18.) Nenemae wò hã nèsena le ɖokuiwò mea? Ðe nèle agbagba ɖe sia ɖe dzem be ‘yeazɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ mea’? Ènya nu si esia bia?

17. Nu kae zɔzɔ le Mawu ƒe ŋkɔ me bia?

17 Zɔzɔ le Mawu ƒe ŋkɔ me bia nu etɔ̃ ya teti. Gbã, ele be míaɖe gbeƒã ŋkɔ ma na amewo, elabena ame siwo “yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la” koe woaɖe. (Rom. 10:13) Evelia, ele be míaɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo afia, vevietɔ eƒe lɔlɔ̃. Eye etɔ̃lia, ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi, eye ne míewɔe alea la, míade bubu mía Fofoa ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu. (1 Yoh. 4:8; 5:3) Ðe nèɖoe kplikpaa be yeazɔ “le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa” tegbeea?

18. Nu ka tae ame siwo katã dea bubu Yehowa ƒe ŋkɔ gã la ŋu ate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme kple kakaɖedzi?

18 Eteƒe madidi o, woazi ame siwo katã gbe Yehowa alo tsia tsitre ɖe eŋu la dzi be woadze si ame si wònye. (Eze. 38:23) Ame siwo wɔa nu abe Farao ene hã le eme. Farao gblɔ be: “Ame ka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe”? Eteƒe medidi hafi wòva nya ame si wònye o! (2 Mose 5:1, 2; 9:16; 12:29) Míawo ya míetiae be míadze si Yehowa. Enye dada na mí be míenye dukɔ si ŋu eƒe ŋkɔ le siwo ɖoa toe. Eya ta míekpɔa mɔ na etsɔme kple kakaɖedzi be eƒe ŋugbedodo si le Psalmo 9:11 la ava eme, be: “Ame siwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò Yehowa, mègblẽa ame siwo dia yowòme mɔ la ɖi o.”

^ mm. 5 Mawu ƒe ŋkɔ “Yehowa” nye Hebrigbe me dɔwɔnya si fia be “wòava eme” ƒe tɔtrɔ aɖe. Eya ta Mawu ƒe ŋkɔ la gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.”

^ mm. 13 Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la dze le Hebri ŋɔŋlɔ siwo Kristotɔ gbãtɔwo zã la me. Kpeɖodziwo ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔ dze le Septuagint (Septante) si nye Hebri Ŋɔŋlɔa si gɔme woɖe ɖe Helagbe me la ƒe gbãtɔawo me.