Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TE ÐE MAWU ŊU

“Minɔ Ebiabia Dzi, Eye Woana Mi”

“Minɔ Ebiabia Dzi, Eye Woana Mi”

“Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí.” (Luka 11:1) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae va bia esia tso esi. Le Yesu ƒe nyaa ŋu ɖoɖo me la, egblɔ kpɔɖeŋu eve aɖewo siwo fia ale si míado gbe ɖae be Mawu nasee. Ne èbia ɖokuiwò kpɔ be ɖe Mawu sea yeƒe gbedodoɖawo hã la, ke àdi be yeanya ale si Yesu ɖo nya ma ŋui.—Xlẽ Luka 11:5-13.

Kpɔɖeŋu gbãtɔ he susu yi ame si le gbea dom ɖa la dzi. (Luka 11:5-8) Le kpɔɖeŋua me la, eƒo nu tso ŋutsu aɖe si amedzro va dze le zã me eye nuɖuɖu aɖeke menɔ esi wòatsɔ aɖo ekɔme o la ŋu. Esia bia be aƒea tɔ nawɔ nu kpata. Togbɔ be zã do ŋutɔ hã la, eyi exɔlɔ̃ aɖe ƒe me be wòado abolo na ye. Exɔlɔ̃a medi be yeatso hafi o, elabena woa kple eƒe ƒomea wodɔ alɔ̃. Gake esi ŋu mekpe ŋutsua o eye wòyi edzi nɔ ebiam ta la, exɔlɔ̃a va tso mlɔeba hetsɔ nu siwo wòhiã la nɛ. *

Nu kae kpɔɖeŋua fia mí ku ɖe gbedodoɖa ŋu? Yesu le mía fiam be ele be míanɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe—míanɔ ebiabia dzi, míanɔ edidi dzi ahanɔ ʋɔƒoƒo dzi. (Luka 11:9, 10) Nu ka tae? Ðe Yesu ƒe nyawo fia be Mawu medina be yease míaƒe gbedodoɖawo o, si tae wòle be míatsɔ míaƒe nyawo anɔ ʋɔ ƒom nɛa? Ao. Yesu ƒe nyaa fia be Mawu mele abe xɔlɔ̃ ma ene o, ke boŋ Mawu dina vevie be yeatsɔ nu si míedo gbe ɖa bia ye le xɔse me, si wɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu, la ana mí. Míeɖea xɔse sia fiana ne míedoa gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe. Ne míele ebiabia dzi la, míeɖenɛ fiana be nu si biam míele la hiã mí vavã, eye míexɔe se nyateƒe be Mawu ana mí—ne ewɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.—Marko 11:24; 1 Yohanes 5:14.

Kpɔɖeŋu evelia he susu yi Yehowa, ame si nye ‘Gbedodoɖasela’ la dzi. (Psalmo 65:3) Yesu bia be: “Vifofo kae le mia dome, si ne via bia tɔmelãe la, ɖewohĩ wòatsɔ da anae ɖe tɔmelã teƒe? Alo ne ebia koklozi hã la, wòatsɔ dziɖegbe anae?” Ŋuɖoɖoa dze ƒãa—vifofo lɔ̃ame aɖeke mana via nu si agblẽ nu le eŋu o. Eyome Yesu ɖe nu si kpɔɖeŋua fia la me. Eyae nye be: Ne vifofo siwo nye amegbetɔ madeblibowo naa “nunana nyuiwo” wo viwo la, “ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe,” si nye nunana nyuitɔ la, via siwo le anyigba dzi, “siwo bianɛ la geɖe wu oa?” *Luka 11:11-13; Mateo 7:11.

Mawu dina vevie be yeatsɔ nu si míedo gbe ɖa bia ye le xɔse me, si wɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu, la ana mí

Nu kae kpɔɖeŋu sia fia mí ku ɖe Yehowa, ame si nye ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu? Yesu di be míanyae be Yehowa nye Fofo lɔ̃ame si di vevie be yeatsɔ nu si ye viwo hiã la ana wo. Eya ta Yehowa subɔlawo ate ŋu ate ɖe eŋu faa abia nu siwo nye woƒe dzimedidiwo lae. Eye togbɔ menye ɣesiaɣie ŋuɖoɖoa asɔ ɖe nu si wokpɔ mɔ na nu o hã la, woxɔnɛ faa, elabena wonyae be enya nu si nye nyuitɔ na yewo. *

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le April me

Luka 7-21

^ mm. 4 Yesu ƒe kpɔɖeŋua wɔ ɖeka kple ale si amewo wɔa nui ɣemaɣi. Yudatɔwo bua amedzrowɔwɔ nu vevi aɖe ŋutɔ. Ƒomewo mèa abolo ɖe ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe zazã nu, eya ta ebɔ be ame nado abolo tso eƒe aƒelika gbɔ nenye be abolo vɔ le esi. Gakpe ɖe eŋu la, ne ƒomea da ahe la, ƒomea me tɔwo katã mlɔa xɔnugoe ɖeka me le anyigba.

^ mm. 6 Zi geɖe la, Yesu zãa nyagbe “ɖe [manɔ alea] geɖe wu oa?” tsɔ dea ŋugble kple amewo ne ele nu fiam—etsɔa nu suewo wɔa kpɔɖeŋu na nu gãwo. Agbalẽnyala aɖe ɖe eme be, Yesu ƒe nyawo fia be, ne nyaa nye nyateƒe le go si me la, ke anɔ alea geɖe wu le go kemɛ hã me.

^ mm. 7 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso ale si nàdo gbe ɖa be Mawu nasee ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 17 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.