Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zã Mawu Ƒe Nya La Wòaɖe Vi Na Wò Ŋutɔ Kple Ame Bubuwo

Zã Mawu Ƒe Nya La Wòaɖe Vi Na Wò Ŋutɔ Kple Ame Bubuwo

“Mebua wò seawo katã be, wole eteƒe.”—PS. 119:128.

1. Nu ka tae wòle be míaka ɖe Mawu ƒe Nya la dzi bliboe?

HAFI hamemetsitsiwo nada asi ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe dzi be wòakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la, wobiaa wo ɖokuiwo be, ‘Ðe amea ƒe nyagbɔgblɔwo ɖenɛ fiana be exɔe se nyateƒe be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee Biblia nyea?’ * Ele be wòadze ƒãa le ame siwo di be yewoazu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo, kple Mawu subɔlawo katã, ŋu be woka ɖe Biblia la dzi bliboe. Nu ka tae? Elabena ne míeka ɖe Mawu ƒe Nya la dzi eye míezãe nyuie le gbeadzi la, ana míakpe ɖe amewo ŋu woawo hã nava nya Yehowa be woakpɔ ɖeɖe.

2. Nu ka tae wòle be ‘míayi edzi anɔ nu siwo míesrɔ̃ la me’?

2 Apostolo Paulo te gbe ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe vevienyenye dzi esi wògblɔ na Timoteo be: “Yi edzi nànɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me.” “Nu” siwo Paulo wɔnɛ lae nye Biblia me nyateƒe siwo ʋã Timoteo wòxɔ nya nyui la dzi se. Nyateƒe siawo kpɔ ŋusẽ ma ke ɖe míawo hã dzi egbea, eye wole kpekpem ɖe mía ŋu be ‘míadze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ.’ (2 Tim. 3:14, 15) Zi geɖe la, míezãa Paulo ƒe nya siwo kplɔ esia ɖo la tsɔ fiaa amewo be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia la tso, gake 2 Timoteo 3:16 (mixlẽe) me nyawo agate ŋu aɖe vi na mí le mɔ bubuwo nu. Mina míadzro kpukpui ma me ayi ŋgɔe. Esia wɔwɔ ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa ƒe nufiafiawo katã le “eteƒe.”—Ps. 119:128.

‘ENYO NA NUFIAFIA’

3-5. (a) Aleke ameha la wɔ nu ɖe Petro ƒe nuƒoa ŋu le Pentekoste-ŋkekea dzi, eye nu ka tae? (b) Nu kae na ame geɖe xɔ nyateƒea le Tesalonika? (d) Nu ka koŋue wɔa dɔ ɖe amewo dzi egbea?

3 Yesu gblɔ na Israel dukɔa be: “Mele nyagblɔɖilawo kple nunyalawo kpakple nufialawo dɔm ɖe mia gbɔ.”  (Mat. 23:34) Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo wòfia ale si woazã Ŋɔŋlɔawo le woƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu nya gblɔm wònɔ na dukɔa. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, ‘nufiala’ mawo dometɔ ɖeka, si nye apostolo Petro, ƒo nu na ameha gã aɖe si va ƒo ƒu ɖe Yerusalem, eye wòyɔ nya geɖe tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Esi ameawo se ale si Petro ɖe ŋɔŋlɔ mawo mee la, nya la ‘tɔ dzi na wo dometɔ geɖe vevie.’ Wotrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me, eye wobia Mawu ƒe tsɔtsɔke. Gbe ma gbe la, ame abe 3,000 sɔŋ ene va zu Kristotɔwo.—Dɔw. 2:37-41.

4 Nufiala bubue nye apostolo Paulo, ame si gblɔ nya nyuia na ame siwo le didiƒe ʋĩi tso Yerusalem gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Makedonia-du si nye Tesalonika la, eɖe gbeƒã na Yudatɔ siwo nɔ ta dem agu le ƒuƒoƒe aɖe. Paulo tsɔ Sabat etɔ̃ sɔŋ “dzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo . . . eye wònɔ nu me ɖem heyɔa nyawo tsɔ ɖoa kpe edzi be, ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome.” Nu kae do tso eme? Yudatɔwo “dometɔ aɖewo va zu xɔsetɔwo,” nenema kee nye ‘Helatɔwo ƒe ha gã aɖe hã.’—Dɔw. 17:1-4.

5 Ale si Mawu subɔla siwo li egbea zãa Biblia la wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi ŋutɔ. Esi aƒemenɔla aɖe si le Switzerland se mawunyakpukpui si mía nɔvinyɔnu aɖe xlẽ nɛ vɔ la, ebiae be: “Ha ka me tɔe nènye?” Eɖo eŋu be: “Yehowa Ðasefowoe nye kple nye zɔhɛa míenye.” Aƒemenɔlaa gblɔ be: “Ðe wòle be manya hafi. Ha bubu ka me tɔwoe ava aƒenye me ava xlẽ Biblia nam ne menye Yehowa Ðasefowo o?”

6, 7. (a) Aleke ame siwo le nu fiam hamea ate ŋu azã Biblia nyuie? (b) Nu ka tae wòle vevie be míazã Ŋɔŋlɔawo nyuie ne míele aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm?

6 Aleke míagate ŋu azã Biblia geɖe wu ne míele nu fiam? Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nànɔ kplɔ̃ta afia nu hamea la, zã Biblia ƒe kpukpui tiatia aɖewo koŋ. Le esi nàgblɔ mawunyakpukpui veviawo me nyawo ko alo nàtae ɖe pepa dzi axlẽ alo axlẽe tso asikɔmpiuta aɖe dzi teƒe la, ʋu Biblia la ŋutɔ nàxlẽe tso eme tẽe, eye nàde dzi ƒo na nyaselawo woawo hã woawɔe nenema. Azɔ hã, gbɔ dzi ɖi nàɖe mawunyakpukpuiawo me na nyaselawo ale be wòakpe ɖe wo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu wu. Le esi nàzã kpɔɖeŋu siwo gɔme sese sesẽ kple nuteƒekpɔkpɔ siwo doa nukokoe na ame dzro ko teƒe la, zã ɣeyiɣia nàtsɔ aɖe Mawu ƒe Nya la me nyuie boŋ.

7 Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm? Ne míele míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo zãm la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagagblẽ mawunyakpukpuiawo ɖi o. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaxlẽ mawunyakpukpui siwo me nya womeŋlɔ ɖe agbalẽa me o la eye nàkpe ɖe eŋu wòase wo gɔme. Aleke nàwɔe? Mègatrɔ nusɔsrɔ̃a wòazu dutoƒonuƒo to numeɖeɖe legbewo nana me o, ke boŋ de dzi ƒo na nusrɔ̃via wòagblɔ eƒe susu. Le esi nànɔ nu si dzi wòle be wòaxɔ se alo ale si wòanɔ agbee gblɔm nɛ teƒe la, zã nyabiase siwo ŋu nèbu nyuie, siwo akpe ɖe eŋu be eya ŋutɔ nawɔ nyametsotso si sɔ. *

‘ENYO NA NYAGBENAME’

8. Avu kae Paulo wɔ le eɖokui me?

8 Zi geɖe la, ewɔna na mí be Kristotɔ hamemetsitsiwoe wòle be ‘woagbe nya’ alo aka mo na amewo. Eye nyateƒee wònye hã be ele be dzikpɔlawo ‘nagbe nya na ame siwo tsɔa nu vɔ̃ ɖoa dɔe.’ (1 Tim. 5:20; Tito 1:13) Gake ele vevie be míagbe nya na mía ɖokuiwo hã. Paulo nye Kristotɔ kpɔɖeŋu nyui ɖola si si dzitsinya dzadzɛ nɔ. (2 Tim. 1:3) Ke hã, egblɔ be: “Mekpɔ se bubu aɖe le nye ŋutinuwo me, si le aʋa wɔm kple nye susu ƒe se, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se.” Nya siwo gblɔm Paulo nɔ hafi gblɔ nya mawo la me dzodzro  akpe ɖe mía ŋu míase avu si gbegbe wòwɔ kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la gɔme nyuie.—Mixlẽ Romatɔwo 7:21-25.

9, 10. (a) Anɔ eme be gbɔdzɔgbɔdzɔ kawo dzie Paulo ʋli vevie be yeaɖu? (b) Anɔ eme be aleke Paulo wɔ aʋa kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe?

9 Gbɔdzɔgbɔdzɔ kawo dzie Paulo ʋli vevie be yeaɖu? Togbɔ be meyɔ wo tẽe o hã la, eŋlɔ na Timoteo be tsã la, “ame mabuame” ye yenye. (1 Tim. 1:13) Hafi Paulo natrɔ dzi me la, eti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe. Egblɔ tso Kristo yomedzelawo ŋu be: “Medo dɔmedzoe ɖe wo ŋu helĩhelĩ.” (Dɔw. 26:11) Togbɔ be Paulo srɔ̃ ale si wòaɖu eƒe dzikua dzi hã la, ɣeaɖewoɣi eva hiãna be wòaʋli vevie aɖu eɖokui dzi ahagblɔ nya siwo sɔ. (Dɔw. 15:36-39) Nu kae kpe ɖe eŋu wòkpɔ dzidzedze?

10 Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la, eɖɔ nu si wòwɔna tsɔ gbea nya na eɖokui. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 9:26, 27.) Ewɔa avu kple eƒe ŋutilã madebliboa vevie. Anɔ eme be edia mɔfiame siwo le Ŋɔŋlɔawo me, edoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeawɔ edzi, eye wòdzea agbagba ɖe sia ɖe wɔa ɖɔɖɔɖo. * Eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí, elabena míawo hã míele aʋa ma ke wɔm kple míaƒe ŋutilã madebliboa ƒe nudzodzrowo.

11. Aleke ‘míanɔ mía ɖokuiwo dom kpɔ’ be míanya ne míele zɔzɔm le nyateƒea ƒe mɔ dzi?

11 Mele be míaka ɖe mía ɖokuiwo dzi akpa le míaƒe tadedeagu me o. Ke boŋ ele be míayi edzi ‘anɔ mía ɖokuiwo dom kpɔ’ be míanya ne míele zɔzɔm le nyateƒea ƒe mɔ dzi pɛpɛpɛ hã. (2 Kor. 13:5) Ne míele mawunyakpukpuiwo abe Kolosetɔwo 3:5-10 ene xlẽm la, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe mele agbagba dzem vevie be maɖu nu vɔ̃ ƒe dzodzro siwo le menye dzia, alo ɖe mele gbɔdzɔgbɔdzɔm boŋ le agbe nyui nɔnɔ gomea? Ne mele Internet zãm eye agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe ɖeɖefia aɖewo dze le edzi le vome la, ɖe metsinɛ enumakea, alo ɖe mekea ŋku ɖe emea?’ Ne míebua ale si míawo ŋutɔwo míawɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe nuxlɔ̃amewo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be “míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.”—1 Tes. 5:6-8.

‘ENYO NA ÐƆÐƆÐO’

12, 13. (a) Nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu le ‘nuwo ɖɔɖɔɖo’ me, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu? (b) Nuƒoƒo ka tɔgbie mesɔ le ‘amewo ɖɔɖɔɖo’ me o?

12 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ɖɔɖɔɖo” la fia be “woatrɔ asi le nu ŋu wòanyo, wòasɔ, wòadzɔ, alo wòanɔ nɔnɔme nyui me.” Ɣeaɖewoɣi ehiãna be míaɖɔ nuwo ɖo nenye be amewo se nya si míegblɔ alo nu si míewɔ la gɔme bubui. Le kpɔɖeŋu me, Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo nɔ nyatoƒoe tom be Yesu nyoa dɔme na “nudzɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo.” Yesu gblɔ na wo be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe. Eya ta miyi ɖadi nya sia gɔme: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o.’” (Mat. 9:11-13) Yesu tsɔ dzigbɔɖi kple tufafa ɖe Mawu ƒe nyawo me na amewo katã. Esia na ɖokuibɔbɔlawo va nya Yehowa be enye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (2 Mose 34:6) Agbagba si Mawu ƒe Vi la dze be ‘yeaɖɔ nuwo ɖo’ la na ame geɖe va xɔ nya nyuia dzi se.

13 Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia na míekpɔ ale si míawɔ akpe ɖe amewo ŋui. Ne ame aɖe do dziku ɖe ame aɖe ŋu la, ate ŋu aƒo nu le dziku me kple susu be yeatsɔ aɖɔ ame si do dziku na ye la ɖo. Gake menye emae nya si le 2 Timoteo 3:16 la fia o. “Ŋɔŋlɔ blibo la” meɖe mɔ na mí be míada gbe ɖe amewo gbɔ o. Nya veamewo gbɔgblɔ le abe “yitɔame” ene, meɖea vi aɖeke o.—Lod. 12:18.

14-16. (a) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu ‘aɖɔ nuwo ɖo’ ne wole kpekpem ɖe amewo ŋu be woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ? (b) Nu ka tae wòle vevie be dzilawo nawɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiamewo ŋu dɔ ‘le wo viwo ɖɔɖɔɖo me’?

 14 Ekema aleke míate ŋu awɔ nu le dzigbɔɖi kple tufafa me atsɔ ‘aɖɔ amewo ɖoe’? Tsɔe be atsu kple asi aɖe bia Kristotɔ hamemetsitsi aɖe be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoadzudzɔ nyahehe edziedzi. Nu kae hamemetsitsia awɔ? Mele be wòade wo dometɔ aɖeke dzi loo alo agblɔ eya ŋutɔ ƒe susu o, ke boŋ ate ŋu adzro Biblia ƒe gɔmeɖose aɖewo me kpli wo, ɖewohĩ tso Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona gbalẽa ƒe ta 3 lia me. Numedzodzro sia ate ŋu akpe ɖe atsu kple asia ŋu woakpɔ gɔmeɖose siwo dzi wòle be wo dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ ɖo geɖe wu. Emegbe hamemetsitsia adi be yeabia ale si nuwo le yiyimee la wo eye ɖewohĩ wòagana kpekpeɖeŋu bubu ne ehiã.

 15 Mɔ nyui ka dzie dzilawo ate ŋu ato ‘aɖɔ wo viwo ɖo’? Na míatsɔe be èdi be yeakpe ɖe ye vinyɔnu ƒewuivi ŋu be wòatsri hadede vɔ̃. Gbã la, anyo be nànya ale si tututu exɔlɔ̃a le. Ne èkpɔe be viwòa hiã nuxlɔ̃amewo la, ke àte ŋu aƒo nu nɛ, eye ɖewohĩ àte ŋu azã “Sɔhɛwo Biana Be” gbalẽa (si le yevugbe me) ƒe Babla 2 lia. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, dze agbagba nàkpɔ vovo ɖe viwòa ŋu geɖe wu. Àgate ŋu alé ŋku ɖe nɔnɔme si viwòa ɖena fiana ŋu ne miele gbeadzi alo ne ƒomea le modzaka ɖem ɖekae. Ne ègbɔ dzi ɖi na viwò nyɔnuvia hewɔ nu tufafatɔe la, akpɔe be nèlɔ̃ ye vavã. Esia ate ŋu aʋãe wòawɔ ɖe wò aɖaŋuɖoɖowo dzi ahaƒo asa na nu siwo akplɔe ade afɔku me.

Ne dzilawo zã Biblia tufafatɔe tsɔ ‘ɖɔ wo viwo ɖo’ la, woakpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na vevesese geɖe (Kpɔ memama 15)

16 Míate ŋu awɔ nu le dzigbɔɖi kple tufafa me alea atsɔ ade dzi ƒo na ame siwo tsi dzimaɖi ɖe woƒe lãmesẽ ŋu, ame siwo le nu xam le esi woƒe dɔ gblẽ ta, alo ame siwo wòle sesẽm na be woalɔ̃ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nufiafia aɖe dzi. Ne míezãa Mawu ƒe Nya la tsɔ ‘ɖɔa nuwo ɖoe’ la, aɖe vi na mí geɖe.

 ENYO “NA AMEHEHE LE DZƆDZƆENYENYE ME”

17. Nu ka tae wòle be míaxɔ amehehe kple tohehe ahada akpe ɖe eta?

17 Biblia gblɔ be: “Tohehe aɖeke medzena fifia dzidzɔnyae o, ke nuxanya boŋ; ke hã, emegbe la, etsea ŋutifafa ƒe ku, si nye dzɔdzɔenyenye, na ame siwo wotsɔe na hehee la.” (Heb. 12:11) Kristotɔ geɖe siwo nye ame tsitsiwo alɔ̃ ɖe edzi be amehehe kple tohehe siwo yewoxɔ tso yewo dzila mawuvɔ̃lawo gbɔ la ɖe vi geɖe na yewo. Eye amehehe kple tohehe siwo míexɔna tso Yehowa gbɔ to Kristotɔ hamemetsitsiwo dzi la nana míeyia edzi nɔa agbemɔ la dzi.—Lod. 4:13.

18, 19. (a) Nu ka tae aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 18:13 hiã vevie ŋutɔ ne woana “amehehe le dzɔdzɔenyenye me”? (b) Ne hamemetsitsiwo wɔ nu ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋu le tufafa kple lɔlɔ̃ me la, nu kae dona tso eme zi geɖe?

18 Amehehe si sɔ nana nye ŋutete tɔxɛ si wòle be míatu ɖo. Yehowa gblɔ na Kristotɔwo be woawɔ esia “le dzɔdzɔenyenye me.” (2 Tim. 3:16) Eya ta ele be míana Biblia nafia mɔ mí le esia wɔwɔ me. Mɔfiame siawo dometɔ ɖeka dze le Lododowo 18:13, si gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.” Eya ta hafi hamemetsitsiwo akpe ɖe ame si nu wotso be ewɔ nu vɔ̃ gã aɖe ŋu la, ele be woado ŋgɔ aku nyaa me tsitotsito ake ɖe nyateƒenyawo katã ŋu. (5 Mose 13:15) Ema ko hafi woate ŋu ana “amehehe le dzɔdzɔenyenye me.”

19 Azɔ hã Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na Kristotɔ hamemetsitsiwo be woaɖɔ amewo ɖo “le tufafa me.” (Mixlẽ 2 Timoteo 2:24-26.) Enye nyateƒe be ame aɖe ƒe nuwɔna ate ŋu ahe vlodoame ava Yehowa dzi eye wòagblẽ nu le ame bubuwo ŋu ya. Ke hã ne hamemetsitsi aɖe do dziku hafi le nuxlɔ̃amea nam la, esia makpe ɖe amea ŋu o. Gake ne hamemetsitsiwo srɔ̃ “Mawu ƒe dɔmenyonyo” le nuwɔwɔ kple nu vɔ̃ wɔlaa me la, esia aʋãe wòatrɔ dzi me.—Rom. 2:4.

20. Mɔfiame kawo dzie wòle be dzilawo nawɔ ɖo le wo viwo hehe me?

20 Ele be dzilawo hã nawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ne wole wo viwo hem “le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Mele be vifofo nase nya ƒe akpa ɖeka ko ahe to na viaŋutsuvi si nu wotso be ewɔ nu gbegblẽ aɖe o. Mesɔ be ame nado dziku helĩhelĩ awɔ nu ŋutasesẽtɔe le Kristotɔwo ƒe ƒome aɖeke me o. “Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ sɔ gbɔ ŋutɔ, eye wòkpɔa nublanui na ame,” eya ta ele be dzilawo nasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃ kple nɔnɔme nyui siawo le wo viwo hehe me.—Yak. 5:11.

NUNANA XƆASIE WÒNYE TSO YEHOWA GBƆ

21, 22. Psalmo 119:97-104 me nya kawoe ɖɔ ale si nèsena le ɖokuiwò me tso Yehowa ƒe Nya la ŋu wòsɔ nyuie?

21 Mawuvɔ̃la aɖe gblɔ nu siwo ta wòlɔ̃ Yehowa ƒe sea vevie ɖo. (Mixlẽ Psalmo 119:97-104.) Sea sɔsrɔ̃ na wòdze nunya eye gɔmesese geɖe su esi. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ kpe ɖe eŋu wòƒo asa na nuwɔna siwo kplɔ amewo de vevesese geɖe me. Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ do dzidzɔ nɛ eye wòna wòkpɔ dzidzeme geɖe. Eɖoe kplikpaa be yeaɖo to Mawu, ame si ƒe nufiamewo dzi wɔwɔ ɖe vi na ye geɖe le agbe me.

22 Ðe nèdea asixɔxɔ “Ŋɔŋlɔ blibo la” ŋua? Eyae ana nàka ɖe edzi bliboe be Mawu awɔ eƒe tameɖoɖowo dzi. Eƒe aɖaŋuɖoɖo siwo tso gbɔgbɔ me akpɔ tawò be nàganɔ nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me wɔm o. Eye ne èɖea Ŋɔŋlɔawo me na amewo aɖaŋutɔe la, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu be woava agbemɔa dzi eye woanɔ edzi ɖaa. Neva eme be míazã “Ŋɔŋlɔ blibo la” nyuie esi míele mía Mawu lɔlɔ̃a Yehowa, ame si ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta la subɔm.

^ mm. 1 Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 79.

^ mm. 7 Ne Yesu le nu fiam la, ebiana zi geɖe be: “Nu kae nye miaƒe susu?” Eyome elalana be amewo naɖo eŋu.—Mat. 18:12; 21:28; 22:42.

^ mm. 10 Dzideƒonamenya geɖe le Paulo ƒe agbalẽwo me siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖu nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo dzi. (Rom. 6:12; Gal. 5:16-18) Ðikeke mele eme o be eya ŋutɔ hã wɔ ɖe aɖaŋu siwo tututu wòɖo na ame bubuwo la dzi.—Rom. 2:21.