Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mègana Ðeɖi Nate Ŋuwò O’

‘Mègana Ðeɖi Nate Ŋuwò O’

“Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o.”—GAL. 6:9.

1, 2. Aleke ŋugbledede le Yehowa ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔa ŋu naa kakaɖedzi geɖe wu mí?

ALEKE gbegbe wòwɔ nukue nye esi be míenye xexea me katã ƒe habɔbɔ gã aɖe me tɔwo! Ŋutega siwo le Xezekiel ta 1 kple Daniel ta 7 la na wòdze ƒãa be, Yehowa le dɔ wɔm be eƒe tameɖoɖo nava eme keŋkeŋ. Yesu xɔ ŋgɔ le mɔ fiam Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la be gbeƒãɖeɖe nya nyuia naxɔ nɔƒe vevitɔ, be woakpɔ ame siwo le dɔ sia wɔm la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ, eye woado Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ. Ðe esiawo meʋãa mí be míaka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi vevie ŋutɔ oa?—Mat. 24:45.

2 Ðe míawo ŋutɔwo míele zɔzɔm le akasa nu kple habɔbɔ wɔnuku sia? Ðe míaƒe dzonɔameme ɖe nyateƒea ŋu le dzidzim ɖe edzi loo alo ɖe wòle to yima? Ne míede ŋugble le biabia siawo ŋu la, ɖewohĩ míakpɔe be ɖeɖi le mía ŋu tem alo míaƒe dzonɔameme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. Esia ate ŋu adzɔ. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo kpɔe be ehiã be yeade dzi ƒo na ye hati Kristotɔwo be woabu dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo la ŋu. Paulo gblɔ be, esia akpe ɖe wo ŋu be ‘ɖeɖi nagate wo ŋu, eye woagbɔdzɔ le woƒe luʋɔwo me o.’ (Heb. 12:3) Nenema kee esi míedzro nyati si do ŋgɔ, si na míekpɔ nu si wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le, me tsitotsito la, ele be wòakpe ɖe mía ŋu be dzo nagaɖo mía me eye míayi edzi ado dzi.

3. Nu kae wòle be míawɔ be ɖeɖi nagate mía ŋu o, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Ke hã Paulo ƒe nyawo ɖee fia be nu geɖe li míawɔ ne míedi be ɖeɖi nagate mía ŋu o. Egblɔ be ehiã be míanɔ “nu si nyo” la wɔm. (Gal. 6:9) Esia fia be mele be míanɔ anyi ade asi asitɛ me o. Mina míadzro nu atɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ tsitre sesĩe eye míazɔ le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa me. Ekema míakpɔ nu siwo ŋu wòle be míawo ŋutɔwo alo míaƒe ƒomea nagalé fɔ ɖo geɖe wu.

 ELE BE MÍAKPE HENA DZIDEƑONAME KPLE TADEDEAGU

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ƒuƒoƒo ɖekae nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe?

4 Ƒuƒoƒo ɖekae nyea nu vevi aɖe na Yehowa subɔlawo ɣesiaɣi. Yehowa kpea eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo le dziƒo be woaƒo ƒu le ɣeyiɣi aɖewo dzi. (1 Fia. 22:19; Hiob 1:6; 2:1; Dan. 7:10) Wobia tso blema Israel viwo si be woaƒo ƒu “ne woasee, eye woasrɔ̃e.” (5 Mose 31:10-12) Enye numame na ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo be woayi ƒuƒoƒewo axlẽ Ŋɔŋlɔawo. (Luka 4:16; Dɔw. 15:21) Esi woɖo Kristo hamea anyi la, kpekpewo yi edzi nye nu vevi aɖe, eye wogakpɔtɔ wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe tadedeagu me. Kristotɔ vavãwo ‘nɔa wo nɔewo ŋu bum, bene woado ŋusẽ wo nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.’ Ele vevie be “míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi [míekpɔ be Yehowa ƒe] ŋkeke la le ɖoɖom.”—Heb. 10:24, 25.

5. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔewo le kpekpeawo me?

5 Mɔ vevi aɖe si dzi míetona dea dzi ƒo na mía nɔewoe nye be míakpɔ gome le míaƒe kpekpewo me. Míate ŋu aʋu míaƒe xɔse me le dutoƒo to nya si wobia le nusrɔ̃gbalẽa me la ŋu ɖoɖo tẽe dzi, to ale si woawɔ mawunyakpukpui aɖe ŋu dɔe la gbɔgblɔ dzi, to nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe si ɖe nunya si le Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me fia la gbɔgblɔ dzi, alo le mɔ bubuwo nu. (Ps. 22:23; 40:10) Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be eɖanye ɣeyiɣi didi kae nye esia míele kpekpeawo dem o, mía nɔviwo—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—ƒe nyaŋuɖoɖo siwo tso dzi me la sese kpɔtɔ dea dzi ƒo na mí.

6. Aleke míaƒe kpekpewo kpena ɖe mía ŋu míelia ke le gbɔgbɔ me?

6 Susu bubu kawo hã tae Mawu di vevie be míanɔ ƒu ƒom edziedzi ɖo? Míaƒe kpekpewo kple takpekpewo kpena ɖe mía ŋu be míaƒo nu dzinɔameƒotɔe ahanɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu alo amewo ƒe ɖekematsɔleme nu le míaƒe anyigbamamawo me. (Dɔw. 4:23, 31) Ŋɔŋlɔawo me nuƒowo kple numedzodzrowo doa ŋusẽ mí henana míelia ke le xɔse me. (Dɔw. 15:32; Rom. 1:11, 12) Nufiame siwo míexɔna kple ale si míedea dzi ƒo na mía nɔewo le míaƒe tadeaguƒewo nana míekpɔa dzidzɔ vavã eye wònana míekpɔa “gbɔdzɔe le dzɔgbevɔ̃eɣi.” (Ps. 94:12, 13) Dɔdzikpɔha la ƒe Nufiafia Kɔmiti ye kpɔa gbɔgbɔmeɖoɖo vovovo siwo wowɔna hena nufiafia Yehowa ƒe amewo le xexea me godoo la dzi. Aleke gbegbe míedaa akpe ɖe ɖoɖo siwo katã wowɔ na mí be míaxɔ nufiame nyuiwo le míaƒe kpekpewo me kwasiɖa sia kwasiɖa tae nye esi!

7, 8. (a) Nu kae nye susu vevitɔ si tae míewɔa hame ƒe kpekpewo ɖo? (b) Aleke kpekpeawo kpena ɖe ŋuwòe?

7 Gake nane li si gale vevie wu viɖe siwo míawo ŋutɔwo míekpɔna le kpekpeawo me. Susu vevitɔ si ta míekpena ɖoe nye be míade ta agu na Yehowa. (Mixlẽ Psalmo 95:6.) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míakafu mía Mawu wɔnuku la! (Kol. 3:16) Míaƒe nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me kafua Yehowa. Nyateƒee, Yehowa dze na míaƒe tadedeagu. (Nyaɖ. 4:11) Esia tae wode dzi ƒo na mí be “míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o.”—Heb. 10:25.

8 Ðe míebua míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo be wonye nunana si akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ado dzi va se ɖe esime Yehowa naɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa? Ne nenemae la, ekema ele be kpekpeawo nanye “nu siwo le vevie wu” le míaƒe agbe me la dometɔ ɖeka, togbɔ be vovo menɔa mía ŋu o hã. (Flp. 1:10) Mele be míana mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míaƒo ƒu kple mía nɔviwo ade ta agu na Yehowa la nato mía ŋu gbeɖe o, negbe nya sesẽ aɖe si ŋu míate ŋu awɔ naneke le o ye dzɔ hafi.

 ELE BE MÍADI DZIANUKWARETƆWO

9. Aleke míewɔ nya be gbeƒãɖeɖedɔa le vevie ŋutɔ?

9 Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe hã kpena ɖe mía ŋu míezɔna le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Yesu ye dze dɔ sia gɔme esime wònɔ anyigba dzi afi sia. (Mat. 28:19, 20) Tso ɣemaɣi la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ ye nye dɔ vevitɔ na Yehowa ƒe habɔbɔ blibo la. Egbegbe nuteƒekpɔkpɔ geɖewo ɖo kpe edzi be mawudɔlawo le asi kpem ɖe dɔ sia ŋu, eye wole mɔ fiam mí be míaɖo “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la gbɔ. (Dɔw. 13:48; Nyaɖ. 14:6, 7) Yehowa ɖo eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi egbea la anyi kple susu be woawɔ ɖoɖo ɖe dɔ vevitɔ kekeake sia ŋu ahakpe asi ɖe eŋu. Ðe subɔsubɔdɔa xɔ nɔƒe vevitɔ le wò hã wò agbe mea?

10. (a) Gblɔ nu si míawɔ be dzo si le mía me ɖe nyateƒea ŋu la nu nagatsi o la ƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke subɔsubɔdɔa kpe ɖe ŋuwò be ɖeɖi metea ŋuwò o?

10 Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe kpena ɖe mía ŋu be dzo si le mía me ɖe nyateƒea ŋu la nu nagatsi o. Bu nya si Mitchel, si nye hamemetsitsi kple gbesiagbe mɔɖela ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, gblɔ la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nyateƒea ŋu nya gbɔgblɔ na amewo doa dzidzɔ nam vevie. Ne mede ŋugble le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe tata yeye ɖe sia ɖe me nyatiwo ŋu la, nunya kple gɔmesese si dzena le wo me kpakple ale si wo me nyawo dana sɔna la wɔa nuku nam ŋutɔ. Medina vevie be mayi gbeadzi  enumake ne makpɔ ale si amewo axɔ nya lae kple ale si mawɔ anyɔ woƒe ɖetsɔleme. Subɔsubɔdɔa nana melia ke. Nyemeɖea mɔ nu bubu aɖeke xɔa ɣeyiɣi si meɖo ɖi na gbeadziyiyi la o, mewɔa nu bubuawo do ŋgɔ alo emegbe.” Nenema ke ne míawo hã míedoa vevie nu le míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea me la, akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te sesĩe le ŋkeke mamlɛ siawo me.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:58.

NA MÍAƑE AGBALẼWO NAÐE VI NA WÒ

11. Nu ka tae wòle be míaxlẽ agbalẽ siwo katã Yehowa naa mí la ahade ŋugble le wo me nyawo ŋu?

11 Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo mí to míaƒe agbalẽwo dzi, siwo doa ŋusẽ mí. Ðewohĩ èxlẽ nyati aɖe le míaƒe agbalẽwo me kpɔ eye nègblɔ na ɖokuiwò be: ‘Nu sia tututue mehiã! Ðeko wòwɔ abe nye tututue Yehowa ŋlɔ nyati sia na ene!’ Menye nudogoɖenunue esia nye o. Yehowa toa míaƒe agbalẽwo dzi fiaa nu mí hefiaa mɔ mí. Egblɔ be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò.” (Ps. 32:8) Ðe nèdzea agbagba xlẽa agbalẽ siwo katã wotana na mí la hedea ŋugble le wo me nyawo ŋua? Esia akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ ku tsem eye màyrɔ le gbɔgbɔ me le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me o.—Mixlẽ Psalmo 1:1-3; 35:28; 119:97.

12. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe agbalẽwo naɖe vi na mí bliboe?

12 Anyo be míadzro dɔ siwo yia edzi hafi míaƒe asi sua gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siawo dzi ɣesiaɣi la me. Dɔdzikpɔha la ƒe Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmiti lae kpɔa numekukuwɔwɔ, agbalẽwo ŋɔŋlɔ, wo me toto be nuwo nade pɛpɛpɛ, nɔnɔmetatawo, agbalẽwo gɔme ɖeɖe kple nu siwo woada ɖe Internet dzi la ƒe dɔwo katã dzi. Alɔdzedɔwɔƒe siwo wotaa agbalẽwo le la taa wo heɖoa wo ɖe hame siwo le kpuiƒe kple didiƒe. Nu ka tae wowɔa dɔ siawo katã ɖo? Ale be Yehowa ƒe amewo naɖu nu nyuie le gbɔgbɔ me. (Yes. 65:13) Mina míawɔ nu sia nu si míate ŋui be agbalẽ siwo katã Yehowa ƒe habɔbɔa tana na mí naɖe vi na mí bliboe.—Ps. 119:27.

ELE BE MÍAKPE ASI ÐE HABƆBƆA ŊU

13, 14. Ame kawoe le asi kpem ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu le dziƒo, eye aleke míawo hã míakpe asi ɖe eŋu le anyigba dzi?

13 Le ŋutega si woɖe fia apostolo Yohanes me la, ekpɔ Yesu wòle sɔ ɣi aɖe dom heyina aʋa wɔ ge kple ame siwo tsia tsitre ɖe Yehowa ŋu. (Nyaɖ. 19:11-15) Aleke gbegbe wòdoa ŋusẽ míaƒe xɔsee nye esi be míanyae be mawudɔla wɔnuteƒewo le Yesu yome tututu eye amesiamina siwo ɖu dzi le anyigba dzi eye woxɔ woƒe dziƒofetua xoxo la hã le eŋu kplikplikpli! (Nyaɖ. 2:26, 27) Asikpekpe ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi woɖo na mí!

14 Nenema ke ameha gã la hã le asi kpem ɖe Kristo nɔvi amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi, siwo le ŋgɔ xɔm le habɔbɔa me la ŋu. (Mixlẽ Zaxarya 8:23.) Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu? Mɔ ɖekae nye be míabɔbɔ mía ɖokui na ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome la. (Heb. 13:7, 17) Esia dzea egɔme tso hame si me míele dzi. Ðe nya siwo míegblɔna la dea bubu míaƒe hamemetsitsiwo kple dzikpɔkpɔdɔ si wɔm wole ŋua? Ðe míedea dzi ƒo na mía viwo hã be woade bubu ŋutsu wɔnuteƒe siawo ŋu eye woaxɔ woƒe aɖaŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo mea? Gakpe ɖe eŋu la, ɖe míaƒe ƒomea dzroa ale si míadzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu mea? (Lod. 3:9; 1 Kor. 16:2; 2 Kor. 8:12) Ðe míebua asikpekpe ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo ŋu nu veviia? Yehowa ƒe gbɔgbɔa wɔa dɔ nyuie le hame siwo me bubudeameŋu kple ɖekawɔwɔ le la me. Eye gbɔgbɔ siae kpena ɖe mía ŋu be ɖeɖi metea mía ŋu le ŋkeke mamlɛ siawo me o.—Yes. 40:29-31.

 ELE BE MÍAƑE AGBENƆNƆ NASƆ ÐE NYA SI MÍEÐEA GBEƑÃE LA NU

15. Nu ka tae wòle be míaʋli vevie ɣesiaɣi be míanɔ agbe wòasɔ ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo nu?

15 Mlɔeba la, be míayi edzi ado dzi ahazɔ le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa la, ele be míaƒe agbenɔnɔwo nasɔ ɖe nya si míeɖea gbeƒãe la nu eye míaka ɖe edzi be “wodze Aƒetɔ la ŋu.” (Ef. 5:10, 11) Míaƒe ŋutilã madebliboa kple Satana kpakple eƒe xexe vɔ̃ɖi sia na wòsesẽna na mí be míawɔ nu dzɔdzɔe. Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ehiãna be mia dometɔ aɖewo miaʋli vevie gbe sia gbe be miakpɔ mia kple Yehowa dome ƒomedodoa ta. Yehowa lɔ̃a mi ɖe miaƒe agbagbadzedze sia ta. Migana ta o! Ne míenɔa agbe wòsɔna ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo nu la, míakpɔ dzidzeme geɖe eye míaƒe subɔsubɔ manye dzodzro o.—1 Kor. 9:24-27.

Do vevie nu nàkpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be yewo hã yewoate ŋu ava nye Yehowa ƒe habɔbɔ gã la me tɔwo

16, 17. (a) Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, nu kae wòle be míawɔ? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Anne ƒe kpɔɖeŋua me?

16 Ke ne èwɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, nu kae wòle be nàwɔ? Te ɖe hamemetsitsiwo ŋu enumake ne woakpe ɖe ŋuwò. Ðeko wò nu vɔ̃wo ɣaɣla agblẽ nyaa ɖe edzi. Ðo ŋku David dzi; egblɔ be esi yeɣla yeƒe nu vɔ̃wo la, ‘yeƒe ŋeŋe atraɖi na yeƒe ƒuwo nyunyɔ.’ (Ps. 32:3) Nyateƒee, ne míeɣla míaƒe nu vɔ̃wo la, míegakpɔa dzidzɔ o eye ɖewohĩ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me agblẽ, gake “ame si ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.”—Lod. 28:13.

17 Bu Anne * ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esime Anne nye ƒewuivi la, enɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm. Gake emegbe eva nɔ agbe eve nɔm. Esia gblẽ nu le eŋu vevie. Egblɔ be: “Nye dzitsinya nɔ fu ɖem nam. Nyemekpɔa dzidzɔ o eye meléa blanui ɣesiaɣi.” Nu kae wòwɔ? Egblɔ be gbe ɖeka esi yeyi hamea ƒe kpekpe la, wodzro Yakobo 5:14, 15 me. Anne de dzesii be yehiã kpekpeɖeŋu eye wòte ɖe hamemetsitsiwo ŋu. Egblɔ emegbe be: “Ŋɔŋlɔ mawo nye atike si Yehowa ŋlɔ na mí be wòayɔ dɔ mí le gbɔgbɔ me. Atikea nono mele bɔbɔe o, gake edaa dɔ. Mewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le mawunyakpukpui mawo me dzi eye ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Ŋusẽ gaɖo Anne ŋu eye dzitsinya nyui su esi wòle Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe ƒe geɖee nye esia.

18. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

18 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míele agbe le ŋkeke mamlɛ siawo me eye be míenye Yehowa ƒe habɔbɔ wɔnuku la me tɔwo! Mina míaɖoe kplikpaa be míagabu nu si su mía si la nu tsɛe gbeɖe o. Ke boŋ mina míawɔ nu ɖekae abe ƒome ene be míade hamea ƒe kpekpewo edziedzi, míadi dzianukwaretɔwo le míaƒe anyigbamama me veviedodotɔe, eye míade asixɔxɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míexɔna ɣesiaɣi la ŋu. Mina míakpe asi ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome ŋu eye míana míaƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe nya si míeɖea gbeƒãe la nu. Ne míewɔ esiawo la, menye ɖeko míanɔ zɔzɔm le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa ko o, ke ɖeɖi mate mía ŋu hã o, eye míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ gbeɖe o!

^ mm. 17 Míetrɔ ŋkɔa.