Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔdzɔmefɔkuwo—Ðe Wofia Be Mawu Ƒe Tame Sẽa?

Dzɔdzɔmefɔkuwo—Ðe Wofia Be Mawu Ƒe Tame Sẽa?

NYA SI AME AÐEWO GBLƆNA: “Esi wònye be Mawue le xexea dzi ɖum ta la, efia be eyae nana dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna; eya ta anye be eƒe tame sẽ.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Ame kae nye “vɔ̃ɖitɔ la”? Biblia gblɔ be eyae nye Satana. (Mateo 13:19; Marko 4:15) Ðe wòsesẽ na wò be nàxɔ nya sia dzi asea? Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne Satana ƒe ŋusẽ tee xexea le la, ekema eyae le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi be woanye ɖokuitɔdilawo, ŋuklẽlawo kple ame siwo mebua woƒe nuwɔnawo me tsonuwo ŋu o, abe eya ŋutɔ ke ene. Ðe nya sia mena míese nu si tae amegbetɔwo mele be lém na anyigba si dzi wole kura o la gɔme oa? Numekula geɖe gblɔna be anɔ eme be bemalémale na anyigbaa hã nana dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna, le mɔ sia nu be ehenɛ vanɛ loo alo nana enu gasẽna ɖe edzi, alo nana wògagblẽa nu le ame geɖe wu ŋu.

Ke nu ka tae Mawu ɖe mɔ Satana kpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi alea gbegbe ɖo? Nu si dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze, esi mía dzila gbãtɔwo dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu la gɔme sese na míekpɔ ŋuɖoɖo na nya sia. Tso ɣemaɣi ke va de asi na egbea la, amegbetɔ akpa gãtɔ dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu. Esia wɔe be amegbetɔƒomea va le Mawu ƒe futɔ Satana ƒe ŋusẽ te. Esia tae Yesu yɔ Satana be “xexea dzi ɖula” ɖo. (Yohanes 14:30) Ðe Satana aɖu xexea dzi tegbeea? Ao!

Yehowa * tsɔa ɖe le eme na mí eye wòsea veve ɖe mía nu le fukpekpe siwo Satana hena vaa mía dzi la me. Le nyateƒe me la, amegbetɔwo ƒe fukpekpe tena ɖe Mawu dzi ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esime Israel viwo nɔ fu kpem la, Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be: ‘Esi woxaxa wo ɖo la, ese veve kpli wo.’ (Yesaya 63:9) Le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ta la, eɖoe be yeava ɖe Satana ƒe ŋutasẽdziɖuɖua ɖa kpuie! Eɖo Via, Yesu Kristo, Fia be wòaɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me tegbee.

NU SI TAE NYA SIA KA WÒ: Satana ƒe dziɖuɖua mete ŋu kpɔ amewo ta tso dzɔdzɔmefɔkuwo me o, gake Yesu ya ƒe dziɖuɖu akpɔ mía ta. Yesu kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ta tso ahom sesẽ aɖe me kpɔ. Biblia ɖɔ nudzɔdzɔa ale: “[Eblu] ɖe ya la ta hegblɔ na ƒu la be: ‘Zi ɖoɖoe! Dze eme!’ Eye ya la nu fa, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.” Ale nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Ame ka gɔ̃e nye esia, elabena ya kple ƒu kura gɔ̃ hã ɖoa toe?” (Marko 4:37-41) Nudzɔdzɔ ma na míeka ɖe edzi be Yesu akpɔ amegbetɔ toɖolawo katã ta ne eva zu Fia le dzi ɖum.—Daniel 7:13, 14.

^ mm. 5 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.