Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Nya Nyui Gbɔgblɔ Dɔ La De Goe

Wɔ Nya Nyui Gbɔgblɔ Dɔ La De Goe

“Wɔ nya nyui gblɔla ƒe dɔ, wɔ wò subɔsubɔdɔ la de goe bliboe.”2 TIM. 4:5.

1. Nu ka tae woate ŋu ayɔ Yehowa be Nyanyuigblɔla gbãtɔ kple vevitɔ kekeake?

YEHOWA MAWU ye nye Nyanyuigblɔla gbãtɔ kple vevitɔ kekeake. Esi mía dzila gbãtɔwo dze aglã megbe teti la, Yehowa gblɔ nya nyui si nye be woava tsrɔ̃ Satana Abosam si nye da la. (1 Mose 3:15) Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa na woŋlɔ ale si woava kɔ eƒe ŋkɔ si wodo vloe la ŋu, ale si woaɖɔ nu siwo Satana gblẽ la ɖo kple ale si mɔnukpɔkpɔ siwo Adam kple Xawa bu la agate ŋu asu amegbetɔwo si la ŋu nya ɖe eƒe Nya la me.

2. (a) Akpa kae mawudɔlawo wɔna le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me? (b) Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na nyanyuigblɔlawo?

2 Mawudɔlawo hã nye nyanyuigblɔlawo, eye wokpena ɖe amewo ŋu be woakaka nya nyuia le anyigba dzi. (Luka 1:19; 2:10; Dɔw. 8:26, 27, 35; Nyaɖ. 14:6) Ke mawudɔlawo ƒe tatɔ Mixael ya ɖe? Nyanyuigblɔlae eya hã nye. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖo nya nyui gbɔgblɔ dɔa ƒe kpɔɖeŋu ɖi na amegbetɔwo. Nyateƒee, Yesu tsɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ɖo nɔƒe vevi aɖe le eƒe agbe me!—Luka 4:16-21.

3. (a) Nya nyui ka gblɔm míele? (b) Biabia kawoe wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na?

3 Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woagblɔ nya nyuia. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 1:8) Apostolo Paulo de dzi ƒo na eƒe hadɔwɔla Timoteo be: “Wɔ nya nyui gblɔla ƒe dɔ, wɔ wò subɔsubɔdɔ la de goe bliboe.” (2 Tim. 4:5) Nya nyui ka gblɔm mí Yesu yomedzelawo míele? Eƒe akpa aɖee nye nyateƒenya dedziƒoname si nye be Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, lɔ̃a mí vevie. (Yoh. 3:16; 1 Pet. 5:7) Mɔ vevi aɖe si dzi Yehowa Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le ye nye to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Eya ta edzɔa dzi na mí be míana amewo nanya be ame sia ame si bɔbɔna ɖe Fiaɖuƒea te, ɖoa to Mawu hewɔa nu dzɔdzɔe la, ate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃. (Ps. 15:1, 2) Le nyateƒe me la, Yehowa ɖoe be yeaɖe fukpekpe ɖa. Aɖe veve siwo míesena ne míeɖo  ŋku nu siwo dzɔ ɖe mía dzi va yi dzi la hã ɖa. Nya nyui ka gbegbee nye esi! (Yes. 65:17) Esi míenye nyanyuigblɔlawo ta la, ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi eve siawo: Nu ka tae wòle vevie be amewo nase nya nyuia egbea? Aleke míate ŋu awɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe?

NU KA TAE WÒLE VEVIE BE AMEWO NASE NYA NYUIA?

Nyabiase siwo sɔ nyuie akpe ɖe amewo ŋu woade ŋugble le susu siwo ta woxɔ nanewo dzi se ɖo la ŋu

4. Alakpanya kawoe wogblɔna na amewo tso Mawu ŋu?

4 Tsɔe be ame aɖe gblɔ na wò be fofowò gblẽ wò kple wò ƒomea me tɔ bubuwo ɖi. Egblɔ hã be megogoa ame o, megblɔa eƒe nya na ame aɖeke o, eye wònye ŋutasẽla. Edi be nàxɔe se be mehiã be nàdi fofowò gɔ̃ hã o elabena megale agbe o. Ne míagblɔe la, nya siawo tɔgbi gblɔm wole na ame geɖe tso Mawu ŋu. Wofiaa nu wo be míate ŋu anya Mawu o, alo be enye ŋutasẽla. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be Mawu awɔ fu ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me tegbee. Ame bubuwo gblɔna be Mawu gbɔe fukpekpe siwo dzɔdzɔmefɔkuwo hena vɛ la tso. Togbɔ be ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa kuna le afɔku siawo me hã, wobe Mawu ƒe tohehee wonye.

Nyabiase siwo sɔ nyuie aʋu amewo ƒe dzi kple susu be woaxɔ nya nyuia

5, 6. Aleke nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia kple alakpanufiafia bubuwo gblẽ nu le amewo ŋu?

5 Ame aɖewo hã gblɔna be Mawu meli o, eye be kese mee míedzɔ tso. Ame geɖe siwo doa nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ɖe ŋgɔ la gblɔna be ɖeko agbea dzɔ le vo me. Wobe Wɔla aɖeke meli o. Ame aɖewo gblɔna gɔ̃ hã be, esi wònye kese mee míedzɔ tso ta la, mele be wòawɔ nuku na mí ne ame aɖe wɔ nu abe lã ene o. Wosusui be ne ame siwo ŋu ŋusẽ le la le ame gblɔewo tem ɖe to tagbɔsesẽtɔe la, ke dzɔdzɔmese ko dzi wɔm wole. Eya ta mewɔ nu o be ame geɖe xɔe se be madzɔmadzɔnyenye anɔ anyi ɖaa. Mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke mele ame siwo xɔa nɔnɔmetɔtrɔ nufiafiaa dzi se la si o.

6 Ðikeke mele eme o be nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia kple alakpanufiafia bubuwo wɔ akpa aɖe le nɔnɔme wɔnublanui siwo me tom ameƒomea le le ŋkeke mamlɛ siawo me la me. (Rom. 1:28-31; 2 Tim. 3:1-5) Amegbetɔwo ƒe nufiafia siawo mehe nya nyui aɖeke vɛ na amewo o. Ke boŋ abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene la, wona amewo le “viviti me le susu me, eye wole adzɔge le Mawu ƒe agbe la ŋu.” (Ef. 4:17-19) Gakpe ɖe eŋu la, amedzɔtsolãme kple aʋatsonufiafia bubuwo xe mɔ na amewo be woagaxɔ nya nyui si tso Mawu gbɔ la o.—Mixlẽ Efesotɔwo 2:11-13.

Nyabiase siwo sɔ nyuie ana amewo nade ŋugble ahaɖo nyataƒonya siwo sɔ gbɔ

7, 8. Mɔ ɖeka ka dzie amewo ate ŋu ato ase nya nyuia gɔme nyuie?

7 Be woadzra amewo kple Mawu dome ɖo la, gbã la, ele be woaka ɖe edzi be Yehowa li, eye be susu nyuiwo li siwo tae wòle be míate ɖe eŋu ɖo. Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ne míede dzi ƒo na wo be woabu tame le nuwɔwɔwo ŋu. Ne amewo tsɔ susu nyui srɔ̃ nu tso nuwɔwɔwo ŋu la, wova kpɔa Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ dzea sii. (Rom. 1:19, 20) Aleke míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be mía Wɔla Gã la ƒe nuwɔwɔwo katã wɔ nuku ŋutɔ? Míate ŋu azã agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu. * Ke hã nusɔsrɔ̃ tso nuwɔwɔwo ŋu ɖeɖe mana amewo nakpɔ ŋuɖoɖo na agbemebiabia ɖefunamewo abe esiwo gbɔna la ene o: Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li? Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la? Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme nama?

 8 Mɔ ɖeka hɔ̃ si dzi amewo ato ase nya nyui si ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu gɔme nyuie ye nye Biblia sɔsrɔ̃. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi be míakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo! Gake be míaɖo nyaselawo ƒe dzi gbɔ la, ele be míawɔ nu si yi ŋgɔ wu nyateƒea ŋu nya gbɔgblɔ na wo ko; ele be míana woakpɔ kakaɖedzi le nyateƒea ŋu. (2 Tim. 3:14) Míate ŋu awɔ esia nyuie ne míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Nu ka tae Yesu kpɔ dzidzedze? Susu ɖekae nye be ewɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie. Aleke míate ŋu asrɔ̃e?

NYANYUIGBLƆLA KPƆDZIDZEDZEWO WƆA NYABIASEWO ŊU DƆ NYUIE

9. Nu kae wòle be míawɔ ne míedi be míakpe ɖe amewo ŋu woase nya nyuia?

9 Nu ka tae wòle be míawɔ nyabiasewo ŋu dɔ le nya nyuia gbɔgblɔ me abe ale si Yesu wɔe ene? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Wò ɖɔkta gblɔ na wò be nya nyui aɖe le ye si na wò. Ebe yeate ŋu ada wò dɔlélea na wò ne yewɔ dɔ na wò. Àte ŋu axɔ edzi ase. Gake tsɔe be edo ŋugbe ma na wò esi mebia nya aɖeke wò tso dɔ si lém nèlea ŋu o. Ðe masesẽ na wò be nàka ɖe ɖɔkta sia dzi oa? Ne ɖɔktaa gabi alekeleke hã, ele be wòabia nya aɖewo, ase nu siwo le fu ɖem na wò hafi ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si sɔ. Nenema kee hafi míawo hã míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woaxɔ Fiaɖuƒeŋutinya nyuia la, ele be míabi ɖe nya siwo sɔ biabia me, ale be míate ŋu anya kpekpeɖeŋu si tututu wohiã.

Be míaɖo nyaselawo ƒe dzi gbɔ la, ele be míana woakpɔ kakaɖedzi le nyateƒea ŋu

10, 11. Vi kae wòaɖe na mí ne míesrɔ̃ ale si Yesu fiaa nui?

10 Yesu nyae be nyabiase siwo sɔ kpena ɖe nufialaa ŋu be wòanya nusrɔ̃via nyuie wu eye wòganana nusrɔ̃via kpɔa gome le numedzodzroa me. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu di be yeafia ɖokuibɔbɔ yeƒe nusrɔ̃lawo la, edo ŋgɔ bia nya aɖe si ana woabu tame la wo. (Marko 9:33) Eye esi Yesu di be yeafia Petro ale si wòabu gɔmeɖosewo ŋui la, ebia nya aɖee hedo ŋuɖoɖo vovovowo ɖe egbɔ. (Mat. 17:24-26) Ɣebubuɣi esi Yesu di be yeanya nu si le yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzi me la, ebia nya vovovo wo be yeana woaɖe woƒe susu agblɔ. (Mixlẽ Mateo 16:13-17.) Esi Yesu wɔ nyabiasewo ŋu dɔ eye wòna numeɖeɖewo kpee la, ewɔ nu si yi ŋgɔ wu nyateƒenyawo gbɔgblɔ na ameawo dzro ko. Eɖo woƒe dzi gbɔ, eye wòʋã wo wowɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me.

11 Ne míesrɔ̃ Yesu to nyabiasewo ŋu dɔ wɔwɔ nyuie me la, míeɖoa taɖodzinu etɔ̃ ya teti gbɔ. Míanya ale si míakpe ɖe amewo ŋu nyuie wu, míaxe mɔ na amewo be woagatsi dzeɖoɖoa nu o, eye míakpe ɖe ɖokuibɔbɔlawo ŋu woanya nu si woawɔ wòaɖe vi na wo. Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo gbɔna, siwo ɖe ale si míate ŋu awɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie fia, la ŋu kpɔ.

12-14. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋu kakaɖedzi nasu esi le nya nyuia gbɔgblɔ me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Kpɔɖeŋu 1: Ne dzilae nènye eye viwò ƒewuivi va gblɔ na wò be yemenya ale si yeaɖe eme na yeƒe sukuxɔmehatiwo be Wɔla aɖee wɔ nuwo o la, nu kae nàwɔ? Àdi godoo be yeakpe ɖe eŋu kakaɖedzi nasu esi le nya nyuia gbɔgblɔ me. Eya ta esi nàhe nya ɖe eŋu alo aɖo aɖaŋu nɛ enumake teƒe la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu to nyabiase siwo  ana wòaɖe eƒe susu agblɔ la biabia me oa? Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

13 Ne wò kple viwòa miexlẽ Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa ƒe akpa aɖewo vɔ la, biae wòagblɔ emenya siwo wɔ dɔ ɖe edzi wu. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ susu siwo tae wòka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Wɔla aɖe li kple nu si tae wòdi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Rom. 12:2) Na viwòa nanya be susu siwo ta wòxɔ Mawu dzi se ɖo la ate ŋu ato vovo na tɔwòwo.

14 Gblɔ na viwòa be ne ele dze ɖom kple eƒe sukuxɔmehati aɖe la, ate ŋu awɔ numedzodzromɔnu si nèzã la ŋu dɔ. Ate ŋu adzro kpeɖodzinya aɖewo me eye wòazã nyabiase siwo ana amea naɖe eƒe susu agblɔ. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu abia tso eƒe sukuxɔmehatia si be wòaxlẽ Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa ƒe axa 173 ƒe memama 12 lia. Eyome viwòa ate ŋu abiae be: “Nyateƒee wònye be nyatakaka siwo katã le agbalẽdzraɖoƒe siwo le xexea me katã la ate ŋu anɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ me eye eƒe nyatakakadzadzraɖoɖi ƒe ŋutetea mele gbɔgblɔ me oa?” Ðewohĩ aɖo eŋu be ɛ̃. Azɔ viwòa agate ŋu abia be: “Èsusu be amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ si nye nu wɔnuku si ƒe ŋutete mele gbɔgblɔ me o la dzɔ le eɖokui sia.” Ne miewɔa wɔwɔfia siawo tɔgbi edziedzi la, àte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu kakaɖedzi nasu esi ne ele dze ɖom kple amewo tso eƒe dzixɔsewo ŋu. Ne èna hehee be wòawɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie la, esia akpe ɖe eŋu wòawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe.

15. Aleke míate ŋu awɔ nyabiasewo ŋu dɔ atsɔ akpe ɖe ame si mexɔ Mawu dzi se o la ŋu?

15 Kpɔɖeŋu 2 lia: Le míaƒe ɖaseɖiɖidɔa me la, míate ŋu ado go ame aɖe si meka ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi o, alo ame si mexɔ Mawu dzi se o. Mele be esia natsi míaƒe dzeɖoɖoa nu o, ke boŋ míate ŋu abia amea bubutɔe be, tso ɣekaɣie mexɔ  Mawu dzi se o, eye nu ka tae? Ne míese eƒe ŋuɖoɖowo eye míekafui ɖe eƒe susuawo ta vɔ la, míate ŋu abiae be, ɖe madi be yeaxlẽ agbalẽ aɖe si ɖo kpe edzi be ɖe wowɔ nu gbagbewo oa? Ne elɔ̃ la, míate ŋu atsɔ Was Life Created? alo Origin of Life la nɛ. Nya siwo wobia ŋuɖɔɖotɔe kple tufafa la ate ŋu anɔ abe safui si aʋu amewo ƒe dzi be woaxɔ nya nyuia ene.

16. Nu ka tae mele be míana míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo naxlẽ ŋuɖoɖoawo tso nusrɔ̃gbalẽa me tẽe ko o?

16 Kpɔɖeŋu 3 lia: Ne míele Biblia srɔ̃m kple amewo la, ɖewohĩ míadi be nusrɔ̃via naxlẽ ŋuɖoɖoawo tso nusrɔ̃gbalẽa me tẽe. Gake esia wɔwɔ ate ŋu axe mɔ ɖe nusrɔ̃via ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nu. Nu ka tae? Elabena nusrɔ̃vi si xlẽa ŋuɖoɖoawo ko eye medea ŋugble tso nyaawo ŋu o la mate ŋu ali ke nyuie le gbɔgbɔ me o. Ne edo go yometiti la, ate ŋu ayrɔ le gbɔgbɔ me abe ale si ati yrɔna le dzoxɔxɔ nu ene. (Mat. 13:20, 21) Be esia nagadzɔ o la, ele be nàbia nusrɔ̃via wòagblɔ eƒe susu tso nu si srɔ̃m wòle ŋu. Dze agbagba nànya ne elɔ̃ ɖe nufiamea dzi ŋutɔŋutɔ. Vevietɔ wu la, na wòagblɔ nu si tae wòlɔ̃ ɖe nya aɖe dzi loo alo melɔ̃ o. Eyome kpe ɖe eŋu wòade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu ale be eya ŋutɔ naɖo nyataƒonya si sɔ gbɔ mlɔeba. (Heb. 5:14) Ne míewɔa nyabiasewo ŋu dɔ nyuie la, míaƒe nusrɔ̃viwo ate ŋu ali ke sesĩe ɖe xɔse la me eye woanɔ te ɖe tsitretsiɖeŋula siwo adi be yewoakplɔ wo atrae la nu. (Kol. 2:6-8) Nu kawo hãe míagate ŋu awɔ ale be míawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe?

NYANYUIGBLƆLA KPƆDZIDZEDZEWO KPENA ÐE WO NƆEWO ŊU

17, 18. Ne èzɔ kple nɔvi aɖe le gbeadzi la, aleke miate ŋu awɔ dɔa aduadu?

17 Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo eveeve be woaɖaɖe gbeƒã. (Marko 6:7; Luka 10:1) Emegbe apostolo Paulo ƒo nu tso eƒe ‘hadɔwɔla’ siwo “ʋli [kplii] aduadu le nya nyui la” gbɔgblɔ me ŋu. (Flp. 4:3) Le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siawo la, le ƒe 1953 me la, wowɔ ɖoɖo be Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo nana hehe nɔvi bubuwo le subɔsubɔdɔa me.

18 Ne èzɔ kple nɔvi Kristotɔ aɖe le gbeadzi la, aleke miate ŋu awɔ dɔa aduadu? (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 3:6-9.) Ne wò zɔhɛa le ŋɔŋlɔ aɖe xlẽm la, wò hã ʋu wò Biblia nànɔ edzi kpɔm. Ne wò zɔhɛa le nu ƒom alo ne aƒemenɔlaa le nu ƒom la, na wò susu nanɔ wo ŋu bliboe, ale be ne eva hiã la, nàkpe ɖe eŋu miaɖo aƒemenɔlaa ƒe nyaawo ŋu. (Nyagb. 4:12) Gake ele be nàɖɔ ŋu ɖo: Mèganɔ nya xɔm le wò zɔhɛa nu madzemadzee nenye be ele nu me ɖem o. Ne ètsɔ dzitsitsi le nu dem dzeɖoɖoa me akpa la, esia ate ŋu aɖe dzi le gbeƒãɖela kemɛa ƒo alo ana aƒemenɔlaa natɔtɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu ahiã be nàde nu dzeɖoɖoa me. Ke hã ne ètiae be yeawɔ esia la, gblɔ nya ɖeka eve aɖewo ko. Eyome nàɖe mɔ na wò zɔhɛa wòayi numedzodzroa dzi.

19. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí, eye nu ka tae?

19 Aleke miate ŋu akpe ɖe mia nɔewo ŋu ne mietso aƒe aɖe me yina bubu me? Ðe manyo be miazã ɣeyiɣi ma atsɔ adzro ale si miawɔ miaƒe dzeɖonya naganyo ɖe edzi me oa? Miganɔ nya ɖedzileameƒowo gblɔm tso anyigbamamaa me tɔwo ŋu o. Ƒo asa na nuƒoƒo tso gbeƒãɖela bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã ŋu. (Lod. 18:24) Anyo be wòanɔ susu me na mí be anyigoewo ko mí katã míenye. Yehowa ve mía nu ale gbegbe be wòtsɔ subɔsubɔdɔ xɔasi si nye nya nyui gbɔgblɔ dɔa de mía si. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:1, 7.) Eya ta mina mí katã míakpɔ ŋudzedze ɖe kesinɔnu xɔasi sia ŋu eye míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Alo agbalẽ gbadza siwo nye Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) kple The Origin of Life—Five Questions Worth Asking (Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie).