Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzeɖoɖo Nyui Doa Ŋusẽ Srɔ̃ɖeɖe

Dzeɖoɖo Nyui Doa Ŋusẽ Srɔ̃ɖeɖe

“Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.”LOD. 25:11.

1. Aleke dzeɖoɖo nyui le vi ɖem na srɔ̃tɔ aɖewoe?

NƆVIŊUTSU aɖe si le Canada gblɔ be: “Edzɔa dzi nam be makpɔ vovo ɖe srɔ̃nye ŋu wu ame bubu ɖe sia ɖe. Ɣesiaɣi si meɖo dze kplii la, megakpɔa dzidzɔ geɖe wu eye ne nane le vevesese dom nam hã la, edzi ɖena kpɔtɔ.” Srɔ̃ŋutsu aɖe si le Australia gblɔ be: “Ƒe 11 ye nye esia míeɖe mía nɔewo, ke hã ŋkeke ɖeka hã meva yi si nyemeɖo dze kple srɔ̃nye o. Míeka ɖe mía nɔewo dzi ale gbegbe, eye míaƒe srɔ̃ɖeɖea me sẽ. Dzeɖoɖo nyuie edziedzi koŋ gbɔe wòtso be míaƒe srɔ̃ɖeɖea va le alea.” Nɔvinyɔnu aɖe si le Costa Rica hã gblɔ be: “Dzeɖoɖo nyui na be míaƒe srɔ̃ɖeɖea ganyo ɖe edzi; ete mí ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, ekpɔ mía ta tso tetekpɔwo me, ena míewɔ ɖeka, eye wòna míaƒe lɔlɔ̃a gasa kɔ ɖe edzi.”

2. Nu kawoe tea ŋu nana dzeɖoɖo nyui sesẽna na srɔ̃tɔwo?

2 Ðe wò kple srɔ̃wò mieɖoa dze wòvivia mia nua, alo ɖe dzeɖoɖo sesẽna na mia? Nyateƒee, tre eve le tsi ŋgɔ megbea wo nɔewo ŋu kaka o, eya ta nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi, elabena srɔ̃tɔawo ƒe amenyenye, nuwɔna, afi si wotso, kple woƒe dekɔnuwo to vovo. (Rom. 3:23) Gawu la, srɔ̃tɔwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe dzeɖomɔnu to vovo. Eya ta mewɔ nuku o be srɔ̃ɖeɖe ŋuti numekula John M. Gottman kple Nan Silver gblɔ be: “Ehiã dzideƒo, agbagbadzedze kple kutrikuku blibo hafi srɔ̃tɔwo nate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke sesĩe.”

3. Nu kae kpe ɖe srɔ̃tɔ geɖewo ŋu be wodo ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖe?

3 Nyateƒee, srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze bia agbagbadzedze blibo. Gake emetsonua nyea dzidzɔ manyagblɔ. Atsu kple asi siwo lɔ̃a wo nɔewo la kpɔa dzidzɔ vavã. (Nyagb. 9:9) Bu Isak kple Rebeka ƒe srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ nɔ ŋu kpɔ. (1 Mose 24:67) Esi woɖe wo nɔewo ɣeyiɣi didi aɖe megbe gɔ̃ hã la, naneke meɖee fia be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo dzi ɖe kpɔtɔ o. Nenema kee wòle le srɔ̃tɔ geɖe gome egbea. Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Wosrɔ̃ ale si woagblɔ woƒe susuwo kple seselelãmewo na wo nɔewo anukwaretɔe, gake kple tufafa, nugɔmesese, lɔlɔ̃,  bubu deto kple ɖokuibɔbɔ. Abe ale si míava kpɔe ene la, nɔnɔme nyui siawoe akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be dzeɖoɖo nanɔ bɔbɔe na wo.

MISE NU GƆME NA MIA NƆEWO

4, 5. Aleke nunya ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woase nu gɔme na wo nɔewo nyuie wu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Lododowo 16:20 gblɔ be: “Ame si léa to ɖe nya ŋu la, eƒe asi sua nyui dzi.” Esia nye nyateƒe le srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ gome. (Mixlẽ Lododowo 24:3.) Mawu ƒe Nya lae naa nunya kple gɔmesese si míehiã la mí. Wogblɔ na mí le 1 Mose 2:18 be Mawu wɔ nyɔnu wònye kpeɖeŋutɔ si sɔ na ŋutsua, ke mewɔe wònye etɔgbi tututu o. Esia tae ale si nyɔnuwo ɖoa dzee la to vovo na ŋutsuwo. Enye nyateƒe be ame sia ame kple eƒe nɔnɔmee, gake zi geɖe la, nyɔnuwo dina be yewoaɖe yewoƒe seselelãme afia, aƒo nu tso amewo kple amewo dome nyawo ŋu. Edzɔa dzi na wo ne woɖo dze kpli wo le lɔlɔ̃ me vividoɖeameŋutɔe, elabena esia nana wosena le wo ɖokuiwo me be wolɔ̃ yewo. To vovo na esia la, ŋutsu geɖewo medina be yewoaɖe yewoƒe seselelãme agblɔ o, ke boŋ wodina be yewoaƒo nu tso dɔwɔnawo, kuxiwo kple wo gbɔkpɔnuwo ŋu. Ŋutsuwo dina hã be woade bubu yewo ŋu.

5 Nɔvinyɔnu aɖe si le Britain gblɔ be: “Srɔ̃nye dina be yeagblɔ ale si makpɔ kuxiwo gbɔe nam enumake esi meɖo to se nye nyawo katã vɔ o. Esia ɖea dzi le ƒonye ŋutɔ elabena nu si ko dim mele ye nye be wòaɖo tom eye wòase nu gɔme nam.” Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Le míaƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmedzedze la, medina be magblɔ srɔ̃nye ƒe kuxi ɖe sia ɖe gbɔ kpɔnu nɛ enumake. Ke hã eteƒe medidi o, meva kpɔe be nu si ko dim wònɔe nye be maɖo to ye.” (Lod. 18:13; Yak. 1:19) Srɔ̃ŋutsu nugɔmesela bua srɔ̃a ƒe seselelãmewo ŋu eye wòwɔa nu ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe; ekana ɖe edzi nɛ be eƒe seselelãme kple susuwo le vevie na ye. (1 Pet. 3:7) Esia wɔnɛ be srɔ̃nyɔnua hã dzea agbagba be yease ye srɔ̃ ƒe susuwo gɔme. Ne atsu kple asi sea nu gɔme na wo nɔewo, wodea asixɔxɔ wo nɔewo ŋu, eye wowɔa Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo dzi la, woƒe srɔ̃ɖeɖea nɔna abe anyitsie kɔ ɖe dzowɔe dzi ene. Gawu la, wotea ŋu wɔa nu aduadu eye wowɔa nyametsotso siwo da sɔ siwo me nunya le.

6, 7. (a) Aleke gɔmeɖose si le Nyagblɔla 3:7 ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woase nu gɔme na wo nɔewo? (b) Aleke srɔ̃nyɔnu ate ŋu aɖe nugɔmesese afia, eye nu kae wòle be srɔ̃ŋutsu nadze agbagba awɔ?

6 Srɔ̃tɔ siwo sea nu gɔme na wo nɔewo nyana hã be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagb. 3:1, 7) Nɔvinyɔnu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe ewoe nye esia gblɔ be: “Fifia meva de dzesii be susuhehe yi nya aɖewo dzi le ɣeyiɣi aɖewo dzi mesɔ o. Ne dɔ geɖe le srɔ̃nye dzi alo nu bubuwo xɔ susu me nɛ la, menaa ɣeyiɣi aɖe va yina hafi meƒoa nu tso nya aɖewo ŋu. Esia nana be míaƒe dzeɖoɖoa vivina wu.” Ele be srɔ̃nyɔnu nugɔmesela ƒe nyawo nadze to, eye wòagblɔ wo “ɖe egblɔɣi,” esia ana srɔ̃a naɖo toe kple dzidzɔ.—Mixlẽ Lododowo 25:11.

Nu suesuewo wɔa akpa gã aɖe le srɔ̃ɖeɖe ƒe nyonyo me

7 Ele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ hã naɖo to srɔ̃a nyuie ne ele nu ƒom, gake ele be eya ŋutɔ hã nadze agbagba aɖe eƒe seselelãme agblɔ eme nakɔ. Hamemetsitsi aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 27 ye nye esia gblɔ be: “Ehiã be maku kutri vevie hafi ate ŋu agblɔ nu si le nye dzi dzi la na srɔ̃nye.” Nɔviŋutsu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 24 ye nye esia de dzesii be: “Metea ŋu léa nyawo ɖe dzi me henɔa susum be, ‘Ne nyemeƒo nu tso eŋu o ko la, vevesesea nu ayi.’ Gake meva de dzesii be menye gbɔdzɔgbɔdzɔe wònye be maɖe nye seselelãme agblɔ o. Ne ele sesẽm nam be magblɔ ale si mele sesem le ɖokuinye me la, medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye maƒo nu le mɔ si sɔ nu eye mazã nya dzetowo. Eyome megbɔna fũu  eye metea nuƒoƒo.” Anyo hã be atsu kple asi natia ɣeyiɣi si sɔ be woaɖo dze, ɖewohĩ ne wole ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzrom alo wole Biblia xlẽm ɖekae.

8. Nu kae ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔ Kristotɔwo ŋu be woadi be yewoana yewoƒe dzeɖoɖo nanyo ɖe edzi?

8 Ate ŋu asesẽ na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa be woawɔ asitɔtrɔ le ale si woɖoa dzee ŋu. Eya ta ele be wo ame evea siaa nanɔ gbe dom ɖa na Yehowa eye woaɖoe kplikpaa be yewoana yewoƒe dzeɖoɖo nanyo ɖe edzi. Ne atsu kple asi lɔ̃a Yehowa, wobiaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eye wobua woƒe srɔ̃ɖeɖea nu kɔkɔe la, woate ŋu awɔ nu si menya wɔna na ame geɖe o. Nɔvinyɔnu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 26 ye nye esia la gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míebua srɔ̃ɖeɖe abe ale si Yehowa bunɛ ene, eya ta kaklã mevaa susu me na mí gbeɖe o. Esia ʋãa mí míewɔa míaƒe ŋutete katã be míaɖo dze tso míaƒe kuxiwo ŋu ahakpɔ wo gbɔ.” Nuteƒewɔwɔ na Mawu alea nana wokpɔa yayra geɖe.—Ps. 127:1.

MINA MIAƑE LƆLƆ̃ NANƆ TO DEM

9, 10. Nu ŋutɔŋutɔ kawoe srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be woƒe lɔlɔ̃ nanɔ to dem?

9 Lɔlɔ̃, si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo,” nye nɔnɔme vevitɔ si hiã le srɔ̃ɖeɖe me. (Kol. 3:14) Ne srɔ̃tɔ siwo si lɔlɔ̃ vavã le la kuna ɖe wo nɔewo ŋu le dzidzɔɣiwo kple xaxaɣiwo siaa la, woƒe lɔlɔ̃a saa kɔ ɖe edzi. Wova zua xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o. Menye nu gãgã ʋɛ aɖewo wɔwɔ ye doa ŋusẽ srɔ̃ɖeɖe siawo abe ale si woɖenɛ fiana le fefewo me ene o, ke boŋ nuwɔna suesue geɖewo—abe asikplakɔname, kafukafunya, dɔmenyonuwɔna, alɔgbɔnukoko lɔlɔ̃tɔe, alo biabia tso dzi me be “aleke ŋkekea nɔ na wò?” ene ye. Nu suesue siawo ate ŋu awɔ akpa gã aɖe le srɔ̃ɖeɖe ƒe nyonyo me. Atsu kple asi aɖe siwo ɖe wo nɔewo ƒe 19 ye nye esia la ƒoa ka alo ɖoa message ɖe wo nɔewo le ŋkekea me; srɔ̃ŋutsua gblɔ be ɖeko yewowɔa esia be yewoakpɔ “ale si nuwo le yiyim.”

10 Lɔlɔ̃ ʋãa srɔ̃tɔwo be woayi edzi asrɔ̃ nu tso wo nɔewo ŋu hã. (Flp. 2:4) Ne wole wo nɔewo nyam nyuie la, woƒe lɔlɔ̃a blana ɖe edzi togbɔ be wonye ame madeblibowo hã. Srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze mekua te o, ke boŋ ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, enɔa nyonyom ɖe edzi. Eya ta ne èɖe srɔ̃ la, bia ɖokuiwò be: ‘Aleke gbegbe menya srɔ̃nye? Ðe mesea eƒe seselelãme kple susu le nyawo ŋu gɔmea? Zi nenie mebua srɔ̃nye ŋu, eye zi nenie meɖoa ŋku  eƒe nɔnɔme siwo na eƒe nu lé dzi nam gbã la dzi?’

MIDE BUBU MIA NƆEWO ŊU

11. Nu ka tae bubudede ame nɔewo ŋu le vevie hafi srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Srɔ̃ɖeɖe siwo me dzidzɔ le gɔ̃ hã mede blibo o, eya ta atsu kple asi ƒe gbe masɔ gbe na wo nɔewo ɣesiaɣi o. Abraham kple Sara ƒe susu mesɔna ɣesiaɣi o. (1 Mose 21:9-11) Ke hã esia megbɔdzɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me o. Nu ka tae? Wodea bubu wo nɔewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Abraham zãa nyagbɔgblɔ “meɖe kuku” ne ele nu ƒom na Sara. (1 Mose 12:11, 13, NW) Sara hã ɖoa to Abraham heyɔnɛ tso dzi me ke be nye “aƒetɔ.” (1 Mose 18:12) Ne srɔ̃tɔwo medea bubu wo nɔewo ŋu o la, edzena zi geɖe le woƒe nuƒoƒo me. (Lod. 12:18) Ne womekpɔ nu si nye kuxia ŋutɔŋutɔ gbɔ o la, woƒe srɔ̃ɖeɖea me ate ŋu agblẽ.—Mixlẽ Yakobo 3:7-10, 17, 18.

12. Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔ yeyewo naʋli vevie aƒo nu na wo nɔewo le bubu me?

12 Ele vevie be srɔ̃tɔ yeyewo koŋ naʋli vevie aƒo nu na wo nɔewo le bubu kple tufafa me ale be woate ŋu anɔ dze ɖom faa tso dzi me. Srɔ̃ŋutsu aɖe ɖe eme be, “Dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe gbãtɔwo me, gake ate ŋu ana woatsi dzimaɖi hã. Esesẽna be miase mia nɔewo ƒe seselelãme, nɔnɔme kple nuhiahiãwo gɔme, eye esia ate ŋu ana nuwo natɔtɔ vie! Gake ade mi ame evea dzi ne miesea nu gɔme na mia nɔewo, miedoa nukokoe na mia nɔewo, miebɔbɔa mia ɖokui, gbɔa dzi ɖi heɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.” Nya siawo sɔ ŋutɔ!

MIÐE ÐOKUIBƆBƆ VAVÃTƆ FIA

13. Nu ka tae ɖokuibɔbɔ le vevie be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me?

13 Dzeɖoɖo nyuie le srɔ̃ɖeɖe me le abe tsi si le sisim miɔɔ to abɔ aɖe me ene. ‘Ðokuibɔbɔ le dzi me’ ye nye nu vevi si ana tsia nayi edzi anɔ sisim. (1 Pet. 3:8) Nɔviŋutsu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 11 ye nye esia gblɔ be: “Ðokuibɔbɔ nye mɔ kpuitɔ kekeake si dzi wotona kpɔa kuxiwo gbɔ, elabena enana wotea ŋu gblɔna bɔbɔe be, ‘meɖe kuku tɔnye medzɔ o.’” Hamemetsitsi aɖe si le dzidzɔ kpɔm le eƒe srɔ̃ɖeɖe me ƒe 20 ye nye esia gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ‘meɖe  kuku’ gbɔgblɔ le vevie wu ‘melɔ̃ wò’ gbɔgblɔ.” Egblɔ be gbedodoɖa kpena ɖe yewo ŋu yewobɔbɔa yewo ɖokui. Egblɔ kpee be: “Ne nye kple srɔ̃nye míedo gbe ɖa na Yehowa ɖekae la, eɖoa ŋku edzi na mí be míede blibo o eya ta míehiã Mawu ƒe amenuveve. Esia nana míedana sɔna heɖɔa nuwo ɖo.”

Miyi edzi mianɔ dze ɖom kple mia nɔewo

14. Ŋusẽ kae dada ate ŋu akpɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe dzi?

14 Gake dada nana be nyawo gbɔ kpɔkpɔ sesẽna. Exea mɔ na dzeɖoɖo, elabena didi aɖeke menɔa dadala me be yeaɖe kuku o, eye kukuɖeɖe sesẽna nɛ. Le esi wòagblɔ be, “Meɖe kuku tsɔe kem” teƒe la, atsɔ nanewo anɔ taflatsɛ dom. Le esi teƒe be wòado dzi alɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi la, enɔa fɔ bum ame kemɛa boŋ. Ne ame aɖe dze agɔ le edzi la, medina be yeawɔ ŋutifafa o, ke boŋ edoa dziku, ɖewohĩ ewɔa wɔɖenui to nya veamewo gbɔgblɔ dzi alo gbea nuƒoƒo na amea kura. (Nyagb. 7:9) Ɛ̃, dada ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖe me keŋkeŋ. Anyo be míaɖo ŋku edzi be ‘Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.’—Yak. 4:6.

15. Aleke Efesotɔwo 4:26, 27 ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woakpɔ masɔmasɔwo gbɔe?

15 Anye vodada be míasusui be dadagbɔgbɔ mate ŋu age ɖe mía me gbeɖe o. Ele be míakpɔ esia adze sii kaba ahaɖɔ nuwo ɖo. Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo be: “Miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o, eye migaɖe mɔ na Abosam hã o.” (Ef. 4:26, 27) Mawu ƒe Nya dzi mawɔmawɔ ate ŋu ana míatsi dzimaɖi dzodzro. Nɔvinyɔnu aɖe fa konyi be: “Ɣeaɖeɣi la, nye kple srɔ̃nye míewɔ ɖe Efesotɔwo 4:26, 27 dzi o. Ena be metsi zãdomadɔlɔ̃e ɣemaɣi ŋutɔ!” Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be míakpɔ nyawo gbɔ enumake le ŋutifafa me! Ke hã, ahiã be srɔ̃tɔwo nagbɔ dzi ɖi vie na wo nɔewo be woƒe dzi nafa. Esɔ hã be woado gbe ɖa na Yehowa be wòana gbɔgbɔ fatu yewo ale be yewoabɔbɔ yewo ɖokui. Esia akpe ɖe wo ŋu be woƒe susu nanɔ kuxia gbɔ kpɔkpɔ ŋu, ke menye wo ɖokuiwo ŋu o.—Mixlẽ Kolosetɔwo 3:12, 13.

16. Aleke ɖokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woade asixɔxɔ wo srɔ̃wo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu?

16 Ðokuibɔbɔ kpena ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woƒe susu nɔa wo srɔ̃wo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me: Ŋutete tɔxɛ ate ŋu anɔ srɔ̃nyɔnu aɖe si, si ŋu dɔ wòwɔna wòɖea vi na ƒomea. Ne srɔ̃aŋutsua bɔbɔa eɖokui la, mase le eɖokui me be ye srɔ̃ le ho ʋlim kpli ye o, ke boŋ ade dzi ƒo nɛ be wòazã eƒe nunana la; ato esia me aɖee afia be yelɔ̃e eye yedea asixɔxɔ eŋu. (Lod. 31:10, 28; Ef. 5:28, 29) Eye mele be srɔ̃nyɔnua natsɔ eƒe ŋutetea anɔ adegbe ƒom, alo anɔ srɔ̃a dam ɖe anyi o. Nyateƒeae nye be “ŋutilã ɖeka” ye wonye, eye nu si vea ame ɖeka la, vea ame kemɛa hã.—Mat. 19:4, 5.

17. Nu kae ate ŋu ana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me egbea be wòanye kafukafu na Mawu?

17 Ðikeke mele eme o be miedi be miaƒe srɔ̃ɖeɖe nanɔ abe Abraham kple Sara alo Isak kple Rebeka tɔ ene—dzidzɔ vavã nanɔ eme, wòanɔ anyi ɖaa, eye wòahe kafukafu avɛ na Yehowa. Ekema mibu srɔ̃ɖeɖe abe ale si Mawu bunɛ ene. Midi nunya kple gɔmesese tso eƒe Nya la me. Mikpɔ ŋudzedze ɖe mia nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu be lɔlɔ̃ vavã—si nye “Yehowa ƒe dzoƒaɖe”—nu nasẽ ɖe edzi. (Haw. 8:6) Midze agbagba miabɔbɔ mia ɖokui. Mide bubu mia nɔewo ŋu. Ne miewɔ esiawo la, miase vivi le srɔ̃ɖeɖe me eye miaƒe srɔ̃ɖeɖea ado dzidzɔ na mia Fofo si le dziƒo. (Lod. 27:11) Miase le mia ɖokui me abe srɔ̃ŋutsu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 27 ye nye esia ene, ame si gblɔ be: “Nyemenya ale si nye agbe anɔ srɔ̃nye manɔmee o. Míaƒe srɔ̃ɖeɖea le nyonyom ɖe edzi gbe sia gbe. Ale si míelɔ̃ Yehowa kple ale si míeɖoa dze nyuie edziedzi gbɔe esia tso.”