Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Israel viwo wua nu vlo wɔlawo to wo hehe ɖe ati ŋu mea?

Le blemaɣeyiɣiwo me la, dukɔ geɖe wua nu vlo wɔla aɖewo to wo hehe ɖe ati alo atikpo ŋu me. Romatɔwo blaa ame mawo alo klãa wo ɖe ati ŋu wonɔa agbe le atia ŋu ŋkeke geɖe hafi vevesese, tsikɔwuame, dɔwuame, ŋdɔ, fafa, kple vuvɔ wɔnɛ be wova gbɔdzɔna hekuna mlɔeba. Romatɔwo bua amehehe ɖe ati ŋu be enye ŋukpedoame ƒe to si wohena na nu vlo wɔla vɔ̃ɖiwo koŋ.

Ke aleke wònɔ le blema Israel dukɔa ya gome? Ðe Israel viwo wua nu vlo wɔlawo to wo hehe ɖe ati ŋu mea? Mose ƒe Sea gblɔ be: “Ne ame aɖe wɔ nu aɖe, si dze ku, eye wowui, eye nède kae ɖe ati ŋu la, ekema mègagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o, ke boŋ nàɖii gbe ma gbe ke.” (5 Mose 21:22, 23) Eya ta edze ƒãa be le Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋlɔɣi la, wowua ame si dze na ku la gbã hafi henɛ ɖe ati ŋu.

Eya ta 3 Mose 20:2 gblɔ le esia ŋu be: “Ne Israel viwo dometɔ aɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee wòaku.” Ele be woawu ame si nye “ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ” la hã. Aleke wowua woe? “Woaƒu kpe wo woaku.”—3 Mose 20:27.

Wogblɔ le 5 Mose 22:23, 24 be: “Ne wobia nyɔnuvi aɖe ta, hafi ŋutsu aɖe lée le dua me de asi eŋu la, ekema woakplɔ wo kple eve la ayi dua godo, eye woaƒu kpe wo woaku; woawu nyɔnuvi la, elabena du mee wòlée le, gake medo ɣli o; woawu ŋutsu la, elabena egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.” Esia ɖee fia be le blema Israel viwo gome la, ale si wowua nu vlo wɔla dziŋɔ siwo wotso kufia na la koŋue nye be, woƒua kpe wo. *

Edze ƒãa be le Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋlɔɣi la, wowua ame si dze na ku la gbã hafi henɛ ɖe ati ŋu

Biblia gblɔ le 5 Mose 21:23 be, “Mawu ƒo fi de ame si wode kae ɖe ati ŋu la.” Eya ta ale si wohea nu vlo wɔla si “Mawu ƒo fi de” la ƒe kukua ɖe ati ŋu be ame sia ame nakpɔ la anya wɔ dɔ ɖe Israel viwo dzi godoo. Le nyateƒe me la, ame siwo wotso kufia na eye wohe wo ɖe ati ŋu la anye nuxlɔ̃ame na amewo katã.

^ mm. 6 Agbalẽnyalagã geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be le Mose ƒe Sea te la, wowua nu vlo wɔlawo hafi hea woƒe kukua ɖe ati ŋu. Gake kpeɖodziwo li be kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, Yudatɔwo hea nu vlo wɔla aɖewo ɖe ati ŋu agbagbee be woaku le atia ŋu.