Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Nu Si Ta Mɔkpɔkpɔ Mebu Ðe Mí Le Agbe Me O

Nu Si Ta Mɔkpɔkpɔ Mebu Ðe Mí Le Agbe Me O

ESI míedzi mía viŋutsu Gary le ƒe 1958 me teti la, mede dzesii be nane gblẽ le eŋu. Ke hã, ɣleti ewo megbe hafi ɖɔktawo va kpɔ nu si nɔ fu ɖem nɛ, eye ƒe atɔ̃ megbe hafi eƒe dɔlélea ŋuti nunyala bibi siwo le London va ɖo kpe eƒe nɔnɔmea dzi. Nye dzi gbã vevie le ƒe asieke megbe esi medzi vinyenyɔnuvi Louise, si ƒe nɔnɔmea gasẽ kura wu Gary tɔ.

Ðɔktawo gblɔ nam blewu be, “viwò eveawo katã le dɔléle aɖe si wodzina kple ame, si woyɔna be LMBB syndrome * lém, eye naneke meli woawɔ tso eŋu o.” Ɣemaɣi la, womenya nu boo aɖeke tso dɔ sia ŋu o. Dɔa ƒe dzesi aɖewoe nye numakpɔmakpɔ nyuie si nana wova zua ŋkunɔ, lolo akpa, asibidɛ alo afɔbidɛ siwo wu atɔ̃, axlɔ̃esisi, ŋutinuwo ƒe dɔmawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu, suklidɔ sesẽ, ƒumeŋuɖui, kple ayikuwo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie. Edze ƒãa be vinyewo dzi kpɔkpɔ manɔ bɔbɔe kura o. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Britain ɖee fia be dɔléle sia le ame 1 le ame 125,000 ɖe sia ɖe dome ŋu, eye anɔ ame bubu geɖewo hã ŋu, ke ɖeko wo tɔ nu mesẽ boo o.

YEHOWA, MÍAƑE “MƆ́ SESẼ”

Esi meɖe srɔ̃ teti la, Yehowa Ðasefo aɖe ɖo dze kplim eye mede dzesii enumake be nyateƒeae nye ema. Gake srɔ̃nye ya mekpɔ dzidzɔ ɖe woƒe nufiafia ŋu o. Le eƒe dɔwɔɖui ta la, míenɔa ʋuʋum tso teƒe yi teƒe, eya ta nyemetea ŋu dea hame ƒe kpekpewo o. Ke hã meyi Biblia xexlẽ dzi eye medoa gbe ɖa na Yehowa. Efa akɔ nam ŋutɔ esi mexlẽe le Biblia me be, “Yehowa enye mɔ́ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ́ sesẽ le xaxaɣiwo me,” eye “megblẽa ame siwo dia [eyome] mɔ la ɖi o”!—Ps. 9:10, 11.

Gary mekpɔa nu nyuie o, eya ta esi wòxɔ ƒe ade la, míekplɔe yi suku si wonaa hehe tɔxɛ ŋkunɔwo le le England ƒe anyieheƒuta. Eƒoa ka nam edziedzi gblɔa nu siwo le fu ɖem nɛ la nam, eye mezãa Biblia ƒe mɔfiame veviwo tsɔ kpena ɖe eŋu. Le Louise dzidzi ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, ʋukamexexedɔ kple lãmekaveamedɔ va ɖe fu nam vevie. Gary trɔ gbɔ tso sukukpodzi esi wòxɔ ƒe 16. Gake ɣemaɣi eƒe ŋku tsi vɔ keŋ eye dziɖuɖudɔwɔƒewo bui ŋkuagbãtɔe le ƒe 1975 me. Le ƒe 1977 me la, srɔ̃nye gblẽ mí ɖi dzo.

Esi Gary gbɔ tso suku megbe kpuie la, míedzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le hame lɔ̃ame si me míele la me, eye mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1974 me. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be hamemetsitsi aɖe kpe ɖe Gary ŋu wònɔ te ɖe tɔtrɔ siwo me tom wònɔ le eƒe ƒewuiwo me la nu. Ðasefo bubuwo kpena ɖe ŋunye le aƒemedɔwo wɔwɔ me, eye emegbe dziɖuɖua xɔ wo dometɔ atɔ̃ wozu hadomekpekpeɖeŋunala siwo woxea fe na be woanɔ mía gbɔ kpɔm le aƒe me. Yayra ka gbegbee nye esi!

Gary wɔ ŋgɔyiyi le nyateƒea me eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1982 me. Edi vevie be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Eya ta meɖoe be makpe ɖe eŋu le dɔ sia wɔwɔ me, eye míewɔe ƒe geɖe. Dzi dzɔ vinyea ŋutɔ esi míaƒe nutome sue dzikpɔla biae be, “Gary, ɖe màdi be yeava zu gbesiagbe mɔɖela oa?” Dzideƒoname ma tututue Gary hiã, ale wòva zu gbesiagbe mɔɖela le ƒe 1990 me.

 Wowɔ dɔ na Gary heɖɔli eƒe aligoƒu zi eve le ƒe 1999 kple ƒe 2008 me, gake vinye Louise ƒe lãmesẽnyawo ya vloe kura wu. Eya mekpɔ nu kura kpɔ o, eye esi mekpɔ be eƒe afɔbidɛwo wu atɔ̃ la, menya enumake be LMBB syndrome ƒe dɔ vɔ̃ɖia le eya hã ŋu. Dodokpɔwo ɖee fia be nu gblẽ le eƒe lãmenu vovovowo hã ŋu vevie. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wowɔ dɔ sesẽ geɖewo nɛ, eye wowɔ dɔ na eƒe ayikuwo zi atɔ̃ sɔŋ. Suklidɔ le eya hã ŋu abe Gary ke ene.

Esi Louise nya be kuxi sesẽwo ate ŋu ado mo ɖa le dɔwɔwɔ na ye me ta la, edoa ŋgɔ ɖea nu me na amekolawo, ɖɔkta siwo dea ame alɔ̃ me kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla bubuawo tso atikewɔwɔ ʋumadomadoe ƒe mɔnu siwo wòdi be woazã na ye ŋu. Esia na ƒomedodo nyui le eya kpe atikewɔla siwo kpɔa egbɔ nyuie la dome.

MƆKPƆKPƆ MEBU ÐE MÍ O

Míewɔa nu vovovowo le mía ƒeme siwo kpena ɖe mía ŋu be míalé Yehowa subɔsubɔ me ɖe asi. Hafi egbegbe elektrɔnikmɔ̃wo nava bɔ la, mexlẽa nu na Gary kple Louise gaƒoƒo geɖe. Fifia CD, DVD kple nu siwo wolé ɖe Internet dzi le www.pr418.com la kpena ɖe mí katã ŋu míesea vivi le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia sɔsrɔ̃ me le ɣeyiɣi vovovowo me, eye míetea ŋu ɖoa nya ŋu nyuie le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me.

Aleke gbegbe míedaa akpe na Yehowa ɖe nyateƒe xɔasi si le eƒe Nya Biblia me la tae nye esi!

Ɣeaɖewoɣi Gary léa eƒe nyaŋuɖoɖowo ɖe susu me gblɔna, eye ne dɔdeasi le esi le Teokrasi Subɔsubɔ Suku me la, etea ŋu ƒoa nu faa tso susu me. Woɖoe subɔsubɔdɔwɔla le ƒe 1995 me eye wòdoa vevie nu le Fiaɖuƒe Akpataa me, edoa vivi ɖe amewo ŋu le kpekpeawo me eye wòkpea asi ɖe nuƒomɔ̃wo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.

Ðasefo bubuwo dea gbeadzi kple Gary, eye wotutua eƒe bunɔkeke si wòzãna le eƒe ƒunukpeƒetetedɔa ta la nɛ. Ðasefoawo dometɔ ɖeka kpena ɖe eŋu wòwɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔ aɖe. Gary de dzi ƒo na Kristotɔ aɖe si dzudzɔ gbeadzidede ƒe 25 ye nye esia eye dzo gaɖo eme. Ame eve siawo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem fifia.

Esi Louise xɔ ƒe asieke la, esrɔ̃ avɔlɔlɔ̃ le mamaa gbɔ, eye nye kple nɔvi aɖe si le egbɔ kpɔm le aƒe me míefiae ale si wolɔ̃a atsyãwo ɖe avɔwo me. Esi nulɔlɔ̃ doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ ta la, elɔ̃a kuntru dzeani siwo le amadede vovovo me na vidzĩwo kple hamea me tɔ tsitsiwo. Ewɔa gbedonamegbalẽvi siwo dzi wòtrea nɔnɔmetata suesuewo ɖo la hã. Ame siwo xɔa agbalẽvi siawo dea asixɔxɔ wo ŋu ŋutɔ. Louise srɔ̃ kɔmpiuta ƒoƒo le eƒe ƒewuiwo me. Fifia, kɔmpiuta aɖe si yɔa nyawo le esi, si kpena ɖe eŋu wòɖoa dze kple exɔlɔ̃ siwo le afi sia afi. Louise xɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe 17. Míesea vivi le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ɖekae le dɔ tɔxɛwo wɔɣi. Louise léa mawunyakpukpuiwo ɖe susu me abe Gary ke ene tsɔ ʋua eƒe dzixɔse me. Esia ƒe ɖee nye xexe yeye si ŋugbe Mawu do, si me “ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu” eye “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yes. 33:24; 35:5.

Aleke gbegbe míedaa akpe na Yehowa ɖe nyateƒe xɔasi si le eƒe Nya Biblia me la tae nye esi! Míaƒe dziwo yɔ fũu kple dzidzɔ ɖe kpekpeɖeŋu si míaƒe hamea naa mí lɔlɔ̃tɔe la ta, elabena eya manɔmee la, míate ŋu awɔ nu siwo míewɔna la dometɔ geɖe o. Eye vevietɔ le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖe mí le agbe me o.

^ mm. 5 Dɔléle sia ƒe ŋkɔ bliboe nye Laurence-Moon-Bardet-Biedl syndrome. Wodzinɛ kple ame ne dɔlékuia le dzila eveawo ƒe ʋu me. Ðɔkta ene siwo ke ɖe dɔ sia ŋu la ƒe ŋkɔwoe wotsɔ nɛ. Egbea woyɔnɛ kpuie ko be Bardet-Biedl syndrome. Wometea ŋu danɛ o.