Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 FIA NU VIWÒWO

Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Adzodala Aɖe Gbɔ?

Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Adzodala Aɖe Gbɔ?

Adzodala si gbɔ míedi be míasrɔ̃ nu tsoe ye nye esi Yesu le nu ƒom na le nɔnɔmetata sia me. Adzodala sia trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me. Eya ta egblɔ na Yesu be: “Ðo ŋku dzinye ne èɖo wò fiaɖuƒe la me.” Abe ale si nèle ekpɔm le nɔnɔmetataa me ene la, Yesu le nu ƒom na adzodala sia. Ènya nya si gblɔm Yesu le nɛa? * Yesu le ŋugbe dom nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.”

Aleke nèsusu be Paradiso ma anɔ?— Be míakpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔ la, na míaƒo nu tso Paradiso si Mawu wɔ na ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa, la ŋu. Afi kae Paradiso ma nɔ? Dziƒoe wònɔ loo alo anyigba dzie?

Ne èɖo eŋu be anyigba dzie la, ekema ègblɔe nyuie. Eya ta ne míele ekpɔm le susu me be adzodalaa “le Paradiso me” la, ele be míanyae be paradiso si ava nɔ anyigba sia dzi mee wòanɔ agbe le. Aleke Paradiso ma anɔ?— Na míakpɔe ɖa.

Esi Yehowa Mawu wɔ atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, vɔ la, Biblia gblɔ be etsɔ wo da ɖe paradiso me, le anyigba dzi afi sia. Wogblɔ be paradiso ma nye ‘abɔ aɖe si nɔ Eden.’ Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe abɔ ma si ‘nɔ Eden’ la anya kpɔe la le susu mea?— Kakaɖedzitɔe la, abɔ ma nya kpɔ wu teƒe dzeani ɖe sia ɖe si míate ŋu akpɔ egbea!

Aleke nèsusu? Ðe Yesu anɔ anyigba dzi afi sia kple adzodala si trɔ dzi mea?— Ao, Yesu anɔ dziƒo anɔ fia ɖum ɖe Paradisonyigbaa dzi. Eya ta Yesu anɔ anyi kple adzodalaa le gɔmesesea nu be afɔe ɖe tsitre tso ku me eye wòakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ le Paradisoa me le anyigba dzi afi sia. Gake nu ka tae Yesu ana adzodalaa nava nɔ agbe le Paradisoa me ɖo?— Na míaƒo nu tso esia ŋu azɔ.

 Enye nyateƒe be adzodalaa wɔ nu gbegblẽ geɖe va yi. Nenema kee ame akpeakpe teƒe akpe bubu geɖe siwo ku xoxo la hã wɔ. Ke hã esi womefia nu wo tso Yehowa ŋu o eye womenya nu si wòdi tso wo si o la tae wo dometɔ akpa gãtɔ wɔ nu vɔ̃ɖi geɖe ɖo.

Eya ta Yesu afɔ ame siawo ƒomevi ɖe tsitre be woava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi afi sia, abe ale si wòawɔe na adzodala la ene. Ɣemaɣi la, woafia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wo. Esia ana mɔnukpɔkpɔ wo woaɖee afia be yewolɔ̃ Yehowa.

Ènya mɔ si dzi woato awɔ esia?— Woawɔ esia ne wowɔa nu si Mawu di tso wo si. Ɣemaɣi la, Paradiso me nɔnɔ avivi ŋutɔ esime mía kple ame siwo lɔ̃a Yehowa kpakple wo haviwo la míanɔ teƒe ɖeka!

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.