Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Toɖoɖo Yehowa Na Mekpɔ Yayra Geɖe

Toɖoɖo Yehowa Na Mekpɔ Yayra Geɖe

Fofonye gblɔ be: “Nufiame nyui ka gbegbee nye esi le Noa ƒe ŋutinyaa me na mí! Noa ɖo to Yehowa, elɔ̃ eƒe ƒomea, eye ƒome bliboa tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me esi wo katã woyi ɖe aɖakaʋua me ta.”

MEÐOA ŋkui be le nye ɖevime la, fofonye si nye ɖokuibɔbɔla kple dɔ sesẽ wɔla la lɔ̃a nya siawo gbɔgblɔ. Elɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eya ta esi woɖe gbeƒã nɛ le ƒe 1953 me la, exɔ Biblia me nyateƒea enumake. Tso ɣemaɣi la, ewɔ etɔ sinua fia nu si srɔ̃m wòle la mí ɖeviawo. Le gɔmedzedzea la, esesẽ na danye be wòaɖe asi le Katoliko dzixɔsewo ŋu. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eya hã xɔ nyateƒe si wòsrɔ̃ tso Biblia me.

Esesẽ na dzinyelawo be woafia nu mí. Dada menya agbalẽ tututu o, eye Papa hã wɔa agbledɔ sesẽ gaƒoƒo geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeɖi tea eŋu ale gbegbe be wònɔa akɔlɔ̃e dɔm le nusrɔ̃ɣia. Gake eƒe agbagbadzedzewo mezu dzodzro o. Nyee nye tsitsia, eya ta mekpe ɖe wo ŋu le nufiafia nɔvinyenyɔnu kple nɔvinyeŋutsu eveawo me. Metsɔa nya si Papa gblɔna zi geɖe la dea nusɔsrɔ̃a me be, Noa lɔ̃ eƒe ƒomea, eye wòɖo to Mawu. Melɔ̃ Biblia me ŋutinya sia ŋutɔŋutɔ! Eteƒe medidi o, mí katã míete kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me le Roseto degli Abruzzi, si nye du aɖe si le Adriatik ƒuta le Italy.

Ƒe 11 koe mexɔ esi nye kple danye míezɔ mɔ to tonutowo me yi ɣetoɖoƒe gome, afi si míede míaƒe takpekpe gbãtɔ si wowɔ le Rome le ƒe 1955 me le. Tso ɣemaɣi la, nyemefena le Kristotɔwo ƒe takpekpe gãwo ŋu kura o.

Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe si kplɔe ɖo me, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Esi mexɔ ƒe 17 la, woɖom mɔɖela vevi le Latina, si le Rome ƒe anyiehe, afi si didi kilometa 300 tso mía gbɔ. Enye du yeye, eya ta ame aɖeke metsia dzi boo ɖe nu si aƒelikawo asusu tso eŋu la ŋu o. Edoa dzidzɔ na nye kple nye zɔhɛ mɔɖelaa be míemaa Biblia srɔ̃gbalẽ geɖewo, gake esi nyemetsi boo o ta la, aƒe dzroam vevie! Ke hã, medi be maɖo to awɔ ɖe mɔfiame siwo wonam la dzi.

Míaƒe srɔ̃ɖegbe

Emegbe woɖom ɖe Milan be makpe asi ɖe dɔ siwo hiã do ŋgɔ na Ƒe 1963 “Nyanyui Mavɔ” Dukɔwo Dome Takpekpea ŋu. Le takpekpea wɔɣi la, mewɔ dɔ kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla geɖe siwo dome nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe  nye Paolo Piccioli, si tso Florence, hã nɔ. Eƒo nuƒo ʋãme aɖe le takpekpea ƒe ŋkeke evelia dzi ku ɖe trenɔnɔ ŋu. Meɖo ŋku edzi be megblɔ na ɖokuinye be, ‘Nyemeka ɖe edzi be nɔviŋutsu ma aɖe srɔ̃ gbeɖe o.’ Ke hã míete lɛtaŋɔŋlɔ na mía nɔewo, eye eva dze ƒãa be míaƒe taɖodzinuwo sɔ, míelɔ̃ Yehowa, eye míedi vevie be míaɖo toe. Ale nye kple Paolo míeɖe mía nɔewo le ƒe 1965 me.

GODODO KPLE HAKPLƆLAWO

Mewɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa le Florence ƒe ewo sɔŋ. Dzidzɔ gã aɖee wònye be míakpɔ ale si hamea nɔ tsitsim, vevietɔ ale si sɔhɛwo nɔ ŋgɔyiyi wɔmee la teƒe. Edoa dzidzɔ na nye kple Paolo be míazã míaƒe ɣeyiɣiwo aɖo dze kpli wo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu ahaɖe modzaka kpli wo, eye zi geɖe la, bɔlƒoƒo kpli wo vivia Paolo nu. Edoa dzidzɔ nam ne srɔ̃nye kpɔ vovo ɖe ŋunye, gake mekpɔe be sɔhɛwo kple ƒome bubu siwo le hamea me hã hiã eƒe ɖetsɔleme kple ɣeyiɣi.

Ne meɖo ŋku Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe siwo míewɔ va yi dzi la, mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Míesrɔ̃ nu kple Adriana, eye eya hã gblɔ nu siwo srɔ̃m wònɔ la na ƒome eve bubuwo. Wowɔ ɖoɖo kple nunɔla aɖe be yewoadzro sɔlemeha la ƒe nufiafia siwo nye Mawuɖekaetɔ̃ kple luʋɔ makumaku me. Bisiɔp etɔ̃e va ɖi anyi. Esi míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo tsɔ woƒe nufiafia sɔ kple Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ la, wokpɔe enumake be woƒe numeɖeɖeawo gɔme sese sesẽ eye meto mɔ ɖeka o. Ɛ̃, kpekpe ma na wowɔ tɔtrɔ ɖedzesi aɖewo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ƒome mawo me tɔ 15 va zu Ðasefowo.

Nyateƒee, míaƒe gbeƒãɖeɖemɔnuwo to vovo kura egbea. Ɣemaɣiwo la, Paolo va “bi” ɖe numedzodzro kple nunɔlawo me, eye wòdo go kpli wo zi gbɔ zi geɖe. Meɖo ŋku numedzodzro aɖe si wòwɔ si teƒe ame gbogbo aɖewo siwo menye Ðasefowo o kpɔ la dzi. Emegbe míekpɔe be tsitretsiɖeŋulawo wɔ ɖoɖo kple eteƒekpɔlawo do ŋgɔ be woabia nya manyatalenuwo mí. Ke hã dzeɖoɖoa trɔ bubui. Wo dometɔ ɖeka bia be ɖe wòsɔ be sɔlemeha la nade nu dunyahehe me abe ale si wole ewɔm ƒe alafa geɖee nye esia ene mahã. Edze kɔtɛ le nya sia biabia megbe be nunɔlawo tɔtɔ. Enumake akaɖiwo tsi kplo, eye míekpã kpekpea. Ƒe aɖewo megbe la, míava see be nunɔlawoe wɔ ɖoɖo be woatsi akaɖiawo ne numedzodzroa meva le yewo dzi dem o.

SUBƆBƆSUBƆ ƑE MƆNUKPƆKPƆ YEYEWO

Le nye kple Paolo ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ewo megbe la, womia asi mí be míava wɔ nutome sue dzikpɔdɔ.  Paolo nɔ dɔ nyui aɖe wɔm eya ta esesẽ nɛ be wòawɔ nyametsotso. Gake esi míedo gbe ɖa ɣeyiɣi didi megbe la, míelɔ̃ xɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ yeyea. Ƒome siwo gbɔ míedze gbɔ nɔnɔ doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Míesrɔ̃a nu ɖekae fiẽwo me, eye Paolo kpena ɖe ɖeviawo ŋu le sukudɔdeasiwo wɔwɔ me, vevietɔ ne eku ɖe akɔntabubu ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, esi nuxexlẽ doa dzidzɔ na Paolo ta la, egblɔa nu dodzidzɔname tuameɖo siwo wòxlẽ la na ƒomeawo. Zi geɖe le Dzoɖagbewo la, míeyina ɖaɖea gbeƒã le du siwo me Ðasefo aɖeke mele o me, eye míekpea amewo be woava se nuƒo si woaƒo le fiẽ me.

Edoa dzidzɔ na mí be míaɖe modzaka kple sɔhɛwo, eye zi geɖe la, bɔlƒoƒo kpli wo vivia Paolo nu

Esi míewɔ nutome sue dzikpɔdɔ ƒe eve ko la, wokpe mí be míava subɔ le Betel le Rome. Paolo wɔ dɔ le senyawo gbɔkpɔƒe eye mewɔ dɔ le Magazinewo Dzikpɔƒea. Tɔtrɔ mawo menɔ bɔbɔe na mí o, gake míeɖoe kplikpaa be míaɖo to. Dzidzɔ gã aɖe wònye na mí be míekpɔ eteƒe wokeke alɔdzedɔwɔƒea ɖe enu vivivi hekpɔ dzidziɖedzi gã teƒe le Italy. Ɣemaɣiwo la, dzi dzɔ Yehowa Ðasefo siwo le Italy be woda asi ɖe yewo dzi le se nu. Subɔsubɔ le Betel vivi mía nu ŋutɔ.

Paolo lɔ̃ Betel subɔsubɔdɔa

Esi míenɔ Betel la, tenɔnɔ si le mí Ðasefowo si ku ɖe ʋu ŋu, si míetu ɖe Biblia dzi la, va zu nya le Italy. Wotsɔ nya sia yi ʋɔnu le ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze, eye eŋu nya ɖi hoo. Wotso Ðasefo atsu kple asi aɖe nu be woawoe na wo vinyɔnuvi ku, togbɔ be ʋumedɔléle aɖe si dome Mediterranea nutoa me tɔ geɖewo nyina la gbɔe wòtso hã. Nɔvi siwo le Betel-ƒomea me kpe asi ɖe senyala siwo le dzila Kristotɔawo teƒe la ŋu. Wota trakt kple Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ aɖe be woakpe ɖe amewo ŋu woase nu si Mawu ƒe Nya gblɔ tso ʋu ŋu la gɔme nyuie. Le ɣleti mawo me la, Paolo tea ŋu wɔa dɔ gaƒoƒo 16 madzudzɔmadzudzɔe ŋkeke ɖeka. Mewɔ tɔnye sinua kpe asi ɖe eŋu le eƒe dɔ vevia wɔwɔ me.

TƆTRƆ BUBU SI VA MÍAƑE AGBE ME

Míeɖe srɔ̃ ƒe 20 esi nuwo va trɔ kpata. Mexɔ ƒe 41 eye Paolo xɔ ƒe 49 esi megblɔ nɛ be ewɔ nam be mefɔ fu. Mekpɔ be eŋlɔ ɖe eƒe nuŋlɔɖigbalẽ me gbe ma gbe be: “Nye gbedodoɖa: Ne nyateƒee la, kpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔa, míagagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me o, eye kpe ɖe mía ŋu be míanye dzila siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Ƒo wo katã ta la, kpe ɖe ŋunye matsɔ nya siwo katã megblɔ le kplɔ̃ta le ƒe 30 siwo va yi me la ƒe 1 le alafa me ya teti ade dɔwɔwɔ me.” Ne mekpɔ ale si nuwo va yii la, eme kɔ be Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖa kple nye hã tɔnyewo ŋu.

Ilaria dzidzi he tɔtrɔ gãwo va míaƒe agbe me. Le nyateƒe me la, dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi abe  ale si Lododowo 24:10 gblɔe ene be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” Gake míedo alɔ mía nɔewo, eye míeɖoa ŋku ale si wòle vevie be míade dzi ƒo na mía nɔewo dzi.

Eteƒe medidi o, Ilaria gblɔna be edoa dzidzɔ na ye be Ðasefo eve siwo nɔ vevie dom nu le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa mee nye ye dzilawo. Mese le eɖokui me kpɔ be wogblẽ ye ɖi o; ɖeko nuwo nɔ nɛ abe ale si dze ene. Le ŋkekea me la, menɔa egbɔ. Togbɔ be dɔwo nɔa Paolo dzi wòawɔ ne egbɔ va aƒe me le fiẽ me hã la, ekpɔa vovo ɖe Ilaria ŋu, efena kplii, eye wòkpena ɖe eŋu wòwɔa eƒe sukudɔdeasiwo. Ewɔa esia togbɔ be ebiana ɣeaɖewoɣi be wòanɔ zã dzi ʋuu wòaƒo zã ga eve alo zã ga etɔ̃ hafi wòawu eya ŋutɔ ƒe dɔ aɖewo nu hã. Ilaria gblɔna zi geɖe be, “Papa ye nye xɔ̃nye vevitɔ.”

Ebia kutrikuku atraɖii be míakpe ɖe Ilaria ŋu wòayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe mɔa dzi, eye ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã ebiana be míatɔ afɔ to sesĩe. Meɖo ŋku edzi be gbe ɖeka esi wònɔ fefem kple exɔlɔ̃ aɖe la, ewɔ tosẽnu aɖe. Míezã Biblia tsɔ ɖe nu si tae mele be wòwɔ nu nenema o la me nɛ. Míena wòɖe kuku na exɔlɔ̃a le mía ŋkume.

Ilaria gblɔna be yekpɔ ŋudzedze ɖe ale si ye dzilawo lɔ̃a subɔsubɔdɔa wɔwɔ la ŋu. Fifia si wòɖe srɔ̃ la, egase nu si tae wòle vevie be míaɖo to Yehowa ahawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi la gɔme nyuie wu.

TOÐOÐO LE BLANUILÉƔIWO GƆ̃ HÃ

Le ƒe 2008 me la, wogblɔ na Paolo be kansa le eŋu. Ewɔ nam le gɔmedzedzea be Paolo ahaya; Paolo dea dzi ƒo nam geɖe le ɣeyiɣi mawo me. Nye kple Ilaria míekplɔe yi kɔdzi nyuitɔ kekeake, eye míedoa gbe ɖa na Yehowa ɣeyiɣi didiwo hebiana be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nu siwo adzɔ la nu. Gake mekpɔe be ŋutsu sesẽ kutrikula sia nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm vivivi. Eku le ƒe 2010 me, eye wònye dzigbagbã gã aɖe nam. Gake metsɔa nu geɖe siwo míewɔ le ƒe 45 siwo míetsɔ subɔ ɖekae me la dea dzi ƒo na ɖokuinye. Míewɔ mía tɔ sinua le Yehowa subɔsubɔ me. Menyae be ade asixɔxɔ dɔ si míewɔ la ŋu ɖaa. Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si woafɔ Paolo ɖe tsitre abe ale si Yesu gblɔe le Yohanes 5:28, 29 ene.

“Megasenɛ le nye dzi me be menye nyɔnuvi sue si lɔ̃a Noa ƒe ŋutinya vevie. Nye tameɖoɖo metrɔ o”

Megasenɛ le nye dzi me be menye nyɔnuvi sue si lɔ̃a Noa ƒe ŋutinya vevie. Nye tameɖoɖo metrɔ o. Medi be maɖo to Yehowa, nu ka kee esia wɔwɔ abia o. Meka ɖe edzi be nu ka kee ɖaxe mɔ na mí o, nu ka kee míetsɔ sa vɔe o, alo nu ka kee ɖabu na mí o, meɖi naneke ne míetsɔe sɔ kple yayra gbogbo si mía Mawu lɔlɔ̃a duduna ɖe mía dzi la o. Meto nu siawo katã me, eye mate ŋu aka ɖe edzi na wò be yayra geɖe le toɖoɖo me.