Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Dɔmenyonyo Kple Nugɔmesename Ŋu

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Dɔmenyonyo Kple Nugɔmesename Ŋu

“Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.”PS. 145:9.

1, 2. Mɔnukpɔkpɔ nyui kae le ʋuʋu ɖi na Yehowa xɔlɔ̃wo?

NƆVINYƆNU aɖe si ŋkɔe nye Monika gblɔ be: “Ƒe 35 kloe nye esia meɖe srɔ̃. Nye kple srɔ̃nye míenya mía nɔewo nyuie. Ke hã le ƒe siawo katã megbe la, míegakpɔtɔ le nu yeyewo srɔ̃m tso mía nɔewo ŋu!” Ðikeke mele eme o be nenemae wòle le srɔ̃ɖeɖe kple xɔlɔ̃wɔwɔ geɖewo hã me.

2 Edzɔa dzi na mí be míanya ame siwo míelɔ̃na la geɖe wu. Ke hã, xɔlɔ̃dzedze aɖeke mele vevie wu esi le mía kple Yehowa dome o. Míate ŋu anya nu sia nu tso eŋu gbeɖe o. (Rom. 11:33) Mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míadzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu ɖe edzi tso mavɔ me yi mavɔ me.—Nyagb. 3:11.

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Nyati si do ŋgɔ kpe ɖe mía ŋu míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme eve aɖewo ŋu gadzi ɖe edzi. Míesrɔ̃e be enye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe eye mekpɔa ame ŋkume o. Azɔ mina míadzro Yehowa ƒe nɔnɔme lédziname eve bubu me—eƒe dɔmenyonyo kple nugɔmesesename. Esia ana míakpɔe adze sii be “Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.”—Ps. 145:9.

YEHOWA NYE DƆMENYOLA

4. Nu kae dɔmenyonyo vavã fia?

4 Nu kae wòfia be woanye dɔmenyola? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le Yesu ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 20:35 me be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” Yesu tsɔ nya kpui sia ɖe nu si dɔmenyonyo vavãtɔ nye la fia. Dɔmenyola lɔ̃na faa zãa eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo  ɖe ame bubuwo ŋu dzidzɔtɔe be wòaɖe vi na wo. Le nyateƒe me la, menye nu si ame aɖe na la ƒe lolomee ɖenɛ fiana be enye dɔmenyola vavã o, ke nu si ʋãe wòna nua boŋ ye. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:7.) Ame aɖeke menaa nu faa wu mía “Mawu dzidzɔtɔ” Yehowa o.—1 Tim. 1:11.

5. Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yenye dɔmenyola?

5 Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yenye dɔmenyola? Enaa amegbetɔwo ƒe nuhiahiãwo wo, ame siwo mele esubɔm haɖe o kura gɔ̃ hã le eme. Le nyateƒe me la, “Yehowa [nye] dɔmenyotɔ na amewo katã.” “Enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mat. 5:45) Esia tae esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom na dzimaxɔsetɔwo la, egblɔ na wo be, Yehowa “[wɔa] nyui, eye wònaa tsidzadza mi tso dziƒo, kple ɣeyiɣi siwo me nuɖuɖu dona, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.” (Dɔw. 14:17) Eme kɔ ƒãa be Yehowa nyoa dɔme na amewo katã.—Luka 6:35.

6, 7. (a) Ame kawo ƒe nuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔe doa dzidzɔ na Yehowa vevie wu? (b) Gblɔ ale si Mawu kpɔa esubɔla wɔnuteƒewo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo ƒe kpɔɖeŋu.

6 Vevietɔ wu la, edoa dzidzɔ na Yehowa be yeakpɔ ye subɔla wɔnuteƒewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Fia David gblɔ be: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.” (Ps. 37:25) Kristotɔ wɔnuteƒe geɖe kpɔ Yehowa ƒe beléname sia teƒe le woƒe agbe me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi.

7 Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, Nancy si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla eye wònye kplɔ̃ŋusubɔla le nuɖuɖudzraƒe aɖe la ɖo nɔnɔme sesẽ me. Egblɔ be: “Mehiã dɔlar 66 be matsɔ axe nye xɔfe si aku le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Nyemenya ale si tututu mawɔ akpɔ ga sia o. Medo gbe ɖa tso kuxia ŋu eye medzo yi dɔme. Nyemenɔ mɔ kpɔm be maxɔ nunanawo fiẽ ma o, elabena enye kwasiɖaa ƒe ŋkeke si dzi amewo meva ƒlea nu le tututu o. Nukutɔe la, ame gbogbo aɖewo va ƒle nu fiẽ ma. Esi mekpã eye metsɔ ga siwo katã amewo nam ƒo ƒu la, mekpɔ dɔlar 66 pɛpɛpɛ.” Nancy ka ɖe edzi be Yehowa na nu si tututu yehiã la ye dɔmenyotɔe.—Mat. 6:33.

8. Nu kae nye Yehowa ƒe dɔmenyonunana gãtɔ?

8 Yehowa ƒe dɔmenyonunana gãtɔ li na ame sia ame. Eyae nye ka? Eyae nye Via ƒe tafevɔsa la. Yesu gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Le afi sia la, “xexea” tsi tre ɖi na amegbetɔƒomea. Ɛ̃, Yehowa ƒe dɔmenyonunana gãtɔ li na ame sia ame si lɔ̃ be yeaxɔe. Ame siwo xɔ Yesu dzi se la akpɔ agbe mavɔ! (Yoh. 10:10) Nyateƒee,  esiae nye kpeɖodzi gãtɔ kekeake be Yehowa nye dɔmenyola!

SRƆ̃ YEHOWA ƑE DƆMENYONYO

Wode dzi ƒo na Israel viwo be woasrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmenyonyo

(Kpɔ memama 9)

9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmenyonyo?

 9 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmenyonyo? Yehowa “naa nuwo katã mí fũu hena míaƒe zazã,” eya ta ele be ‘míalɔ̃ faa ana nu amewo’ be woawo hã nakpɔ dzidzɔ. (1 Tim. 6:17-19) Míenaa nu mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dzidzɔtɔe eye míekpena ɖe ame siwo hiã tu la ŋu. (Mixlẽ 5 Mose 15:7.) Nu kae ate ŋu aɖo ŋku edzi na mí be míanye dɔmenyolawo? Kristotɔ aɖewo tiae be ɣesiaɣi si ame aɖe na nu yewo la, yewo hã yewoadi mɔnukpɔkpɔ ana nu ame bubu. Nunana ƒe gbɔgbɔ le Kristo hamea me tɔ geɖewo me egbea.

10. Mɔ vevi ka dzie míato anyo dɔme na amewo?

10 Mɔ nyuitɔ si dzi míato anyo dɔme na amewo ye nye be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu eye míade dzi ƒo na wo. (Gal. 6:10) Be míado mía ɖokui akpɔ le go sia me la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe amewo kpɔnɛ be medina vevie be maɖo to yewoƒe nyawoa? Ne ame aɖe bia be makpe ɖe ye ŋu le dɔ aɖe wɔwɔ me alo mayi aɖaƒle nane na ye la, ɖe melɔ̃na ne anya wɔa? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si mekafu ƒonyemetɔ alo haxɔsetɔ aɖe tso dzi me?’ Ne ‘míenaa nu amewo’ la, míetena ɖe Yehowa kple mía xɔlɔ̃wo siaa ŋu geɖe wu.—Luka 6:38; Lod. 19:17.

11. Aleke míate ŋu anyo dɔme na Yehowa?

 11 Míate ŋu anyo dɔme na Yehowa hã. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Tsɔ wò kesinɔnuwo . . . de bubu Yehowa ŋu.” (Lod. 3:9) ‘Kesinɔnu’ mawo ƒe ɖewoe nye míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesi siwo míalɔ̃ faa azã le subɔsubɔdɔa me. Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃ ale si woanyo dɔme na Yehowa.  Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Jason gblɔ be: “Ne míaƒe ƒomea di be yeadzɔ ga le Fiaɖuƒe Akpata me la, míenana mía viwo tsɔnɛ dea nudzɔɖakaa me. Edzɔa dzi na wo, elabena abe ale si wogblɔnɛ ene la, ‘míele nu nam Yehowa.’” Anɔ eme be, ɖevi siwo kpɔa dzidzɔ ɖe nunana Yehowa ŋu le woƒe ɖevime la, ayi edzi anɔ nu namee le woƒe tsitsime hã.—Lod. 22:6.

YEHOWA SEA NU GƆME NA AME

12. Nu kae wòfia be woanye ame si sea nu gɔme na ame?

12 Yehowa ƒe nɔnɔme lédziname bubue nye nugɔmesesename. Nu kae wòfia be woanye nugɔmesenamela? Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la, Helagbe me nya si gɔme woɖena zi geɖe be “nugɔmesesename” la fia “asiɖeɖe le nya ŋu.” (Tito 3:1, 2) Nugɔmesenamela metea tɔ ɖe edzi be woalé sewo me ɖe asi kpaɖii ɣesiaɣi o, menye ame si ƒe nya me sẽ o, menye ame si tea tɔ ɖe nu dzi alo ame si mebua ame ŋu o. Ke boŋ egbɔa dzi ɖi blewu na amewo le nuwɔwɔ kpli wo me, ebua afi si woƒe ŋutetewo se ɖo kple woƒe nɔnɔmewo ŋu. Elɔ̃na faa be yeaɖo to amewo, eye le afi si wòasɔ le la, elɔ̃na be yeawɔ woƒe didi dzi na wo eye yeawɔ asitɔtrɔ le nu si yedi tso wo si la ŋu.

13, 14. (a) Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yenye nugɔmesenamela? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nugɔmesename ŋu le ale si Mawu wɔ nu kple Lot me?

13 Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yenye nugɔmesenamela? Ebua esubɔlawo ƒe seselelãmewo ŋu dɔmenyotɔe eye elɔ̃na faa be yeawɔ woƒe didiwo dzi ne ehiã. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa wɔ nu ɖe ame dzɔdzɔe Lot ŋu la ŋu kpɔ. Esi Yehowa tso nya me be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora la, ena mɔfiame si me kɔ Lot be woasi ayi towo dzi. Gake le susu aɖewo ta la, Lot ɖe kuku be yewoasi ayi teƒe bubu boŋ. Bu eŋu kpɔ ko—Lot le Yehowa biam be wòatrɔ eƒe mɔfiamea!—Mixlẽ 1 Mose 19:17-20.

14 Ele bɔbɔe be ame aɖe naƒo nya ta be Lot nye xɔsegblɔetɔ alo tomaɖola. Gawu la, Yehowa akpɔ Lot ta godoo, afi ka kee wòɖale o, eya ta susu aɖeke meli si tae Lot navɔ̃ ɖo o. Ke hã, Lot ya nɔ vɔvɔ̃m—nenemae wòse le eɖokui me, eye Yehowa se nu gɔme nɛ. Eɖe mɔ na Lot be wòasi ayi du aɖe si wòɖo be yeatsrɔ̃ hafi la me. (Mixlẽ 1 Mose 19:21, 22.) Eme kɔ ƒãa be Yehowa metea tɔ ɖe nu dzi alo nye ame si ƒe nya me sẽna kpaɖii o. Eɖea asi le nya ŋu hesea nu gɔme na ame.

15, 16. Aleke Mose ƒe Sea ɖe Yehowa ƒe nugɔmesename fiae? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

15 Gabu Yehowa ƒe nugɔmesename ƒe kpɔɖeŋu bubu si dze le Mose ƒe Sea me ŋu kpɔ. Ne Israel vi aɖe da ahe ale be mate ŋu atsɔ alẽvi alo gbɔ̃ asa vɔe o la, ate ŋu atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛ eve asa vɔe ɖe eteƒe. Ke ne Israel vi aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana ahɔnɛ eve gɔ̃ hã o ya ɖe? Yehowa ɖe mɔ na Israel vi dahe la be wòana wɔ sue aɖe. Ke hã, de dzesi nya vevi sia: Menye wɔ ɖe sia ɖe koe woatsɔ asa vɔe o, ke boŋ “wɔ memee,” si wotsɔ ɖaa nu na amedzro siwo ŋu bubu le la tɔgbie. (1 Mose 18:6) Nu ka tae esia ɖe dzesi?—Mixlẽ 3 Mose 5:7, 11.

16 Tsɔe be Israel vi dahe aɖee nènye. Esi nètsɔ wɔ sue aɖe va avɔgbadɔa me hena vɔsasa la, èkpɔ Israel vi kesinɔtɔwo tsɔ alẽwo va vɔ sa gee. Ðewohĩ akpe ŋu na wò be yetsɔ wɔ sue maɖinu vɛ. Gake èɖo ŋku edzi be asixɔxɔ le wɔ sue sia ŋu le Yehowa ŋkume. Nu ka tae? Susu si tae nye be Yehowa bia be wɔa nanye nyuitɔ kekeake. Le mɔ aɖe nu la, Yehowa le gbɔgblɔm na Israel vi daheawo ko be: ‘Togbɔ be nu si miatsɔ asa vɔe made ame bubuwo tɔ nu o hã la, sue si mietsɔ sa vɔe la nye nyuitɔ kekeake si le mia si.’  Nyateƒee, Yehowa bua nɔnɔme si me eƒe amewo le ŋu eye ne wowɔ woƒe ŋutete katã la, ekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Ps. 103:14.

17. Subɔsubɔ ka ŋue Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo?

 17 Efaa akɔ na mí be míanyae be le Yehowa ƒe nugɔmesename ta la, ekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe luʋɔ blibo me subɔsubɔ ŋu. (Kol. 3:23) Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si nye Italytɔ, si ŋkɔe nye Constance, gblɔ be: “Nuƒoƒo na amewo tso Wɔnyela ŋu nye nu si doa dzidzɔ nam wu. Esia tae meyia edzi ɖea gbeƒã hewɔa Biblia nusɔsrɔ̃wo ɖo. Gake ɣeaɖewoɣi la, etena ɖe dzinye be nyemegate ŋu le geɖe wɔm o le lãmegbegblẽ ta. Gake menyae be Yehowa nya nye ŋutete eye be elɔ̃m eye wòdea asixɔxɔ nu si metea ŋu wɔna ŋu.”

SRƆ̃ YEHOWA ƑE NUGƆMESENAME

18. Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu?

18 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe nugɔmesename? Gabu ale si Yehowa wɔ nu kple Lot ŋu kpɔ. Ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖo nu si Lot awɔ la nɛ, ke hã eɖo to Lot esime wònɔ eƒe seselelãmewo gblɔm. Eye Mawu lɔ̃ faa be yeawɔ Lot ƒe didi dzi nɛ. Ne dzilae nènye la, ɖe nàte ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu sia? Ðe nàte ŋu aɖo to viwòwo eye ne anya wɔ la, nàlɔ̃ faa awɔ woƒe didiwo dzia? Le esia gome la, September 1, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be dzila aɖewo nana wo viwo kpɔa gome le aƒea me sewo ɖoɖo anyi ŋuti numedzodzrowo me. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilawo di be yewoaɖo ɣeyiɣi si wòle be wo viwo nagbɔ va aƒe me la, kakaɖedzitɔe la, gome le dzilawo si be woaɖo game aɖe koŋ na wo. Ke hã, dzila Kristotɔwo ate ŋu aɖe mɔ na ɖeviawo woagblɔ game si woadi be yewoagbɔ va aƒe me kple susu siwo tae. Dzilawo ate ŋu alɔ̃ ɖe wo viawo ƒe nukpɔsusuwo dzi ne womenya tsi tsitre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o ko. Dzilawo akpɔe be ne yewose yewo viwo ƒe susu le aƒea me sewo ŋu la, anɔ bɔbɔe na ɖeviawo be woase wo gɔme ahawɔ ɖe wo dzi.

19. Aleke hamemetsitsiwo adze agbagba asrɔ̃ Yehowa ƒe nugɔmesename?

19 Ele be hamemetsitsiwo nadze agbagba asrɔ̃ Yehowa ƒe nugɔmesename to ale si woabu woƒe haxɔsetɔwo ƒe nɔnɔmewo ŋu me. Ðo ŋku edzi be Yehowa dea asixɔxɔ nu sue siwo Israel vi dahewo tsɔ saa vɔe ŋu. Nenema kee gaƒoƒo ʋɛ alo miniti ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã koe nɔvi siwo lãmegbegblẽ, tsitsi, alo nɔnɔme bubu aɖe le fu ɖem na la ate ŋu atsɔ awɔ subɔsubɔdɔae. Ke ne dzi ɖe le nɔvi siawo ƒo le esi womegate ŋu le geɖe wɔm o ta ya ɖe? Hamemetsitsiwo ate ŋu aka ɖe edzi na wo lɔlɔ̃tɔe be Yehowa lɔ̃ wo vevie le esi wowɔa woƒe ŋutetewo katã ta.—Marko 12:41-44.

20. Ðe nugɔmeselanyenye fia be míanɔ alɔgblɔdɔ wɔm le Mawu subɔsubɔ mea? Ðe eme.

20 Gake be míanye nugɔmesenamelawo mefia be míanɔ alɔgblɔdɔ wɔm le Mawu subɔsubɔ me kple susu be míadi nyui na mía ɖokuiwo o. (Mat. 16:22) Mele be míanɔ kuvia wɔm ahanɔ mía ɖokui nu ɖem be ɖe míele nugɔmesese ŋu dɔ wɔm o. Ke boŋ ele be mí katã ‘míaʋli sesĩe’ le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me. (Luka 13:24) Le nyateƒe me la, míedzea agbagba be míada asɔ. Gbã la, míekua kutri, eye míenɔa hehem ɖe megbe le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me o. Evelia, míeɖoa ŋku edzi be Yehowa mebiana tso mía si be míawɔ nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu gbeɖe o. Ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Ðe menye dzidzɔ na mí be míasubɔ Aƒetɔ ŋudzedzekpɔɖenuŋula kple nugɔmesenamela sia oa? Míagadzro Yehowa ƒe nɔnɔme lédziname eve bubuwo me le nyati si kplɔe ɖo me.—Ps. 73:28.

“Tsɔ wò kesinɔnuwo . . . de bubu Yehowa ŋu.”—Lod. 3:9 (Kpɔ memama 11)

“Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me.”—Kol. 3:23 (Kpɔ memama 17)