Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Yehowa Namla Wò

Na Yehowa Namla Wò

“Àkplɔm le wò aɖaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.”PS. 73:24.

1, 2. (a) Nu kae wòle be míawɔ be mía kple Yehowa dome nanɔ nyuie? (b) Aleke ale si amewo wɔ nu ɖe Mawu ƒe amehehe ŋu la ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Biblia me la me dzodzro aɖe vi na míi?

“NYE la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ɖe Aƒetɔ Yehowa ŋu.” (Ps. 73:28) Le afi sia la, hakpalaa gblɔ be yeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu. Nu kae ʋãe wògblɔ nya sia? Esi hakpalaa kpɔ ŋutifafa si me ame vɔ̃ɖiwo le la, eve dzi nɛ vevie gbã. Efa konyi be: “Yakatsyɔe mena nye dzi ŋu dza, eye meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.” (Ps. 73:2, 3, 13, 21) Ke hã “Mawu ƒe kɔkɔeƒe la” yiyi kpe ɖe eŋu wòɖɔ eƒe susu ɖo eye wòte ɖe Mawu ŋu. (Ps. 73:16-18) Mawuvɔ̃la sia srɔ̃ nu vevi aɖe tso nuteƒekpɔkpɔ sia me: Mawu ƒe amewo dome nɔnɔ, nuxlɔ̃ame xɔxɔ kple edziwɔwɔ le vevie be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli.—Ps. 73:24.

2 Enye míawo hã míaƒe didi be mía kple Mawu vavã la, si nye Mawu gbagbe la, dome nanɔ kplikplikpli. Be míaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, ele vevie be míaɖe mɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo alo nuxlɔ̃ame natrɔ asi le mía ŋu ale be míadze eŋu! Le blema la, Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame ɖekaɖekawo kple dukɔwo nublanuikpɔkpɔtɔe be woaxɔ yeƒe amehehe. Ale si wowɔ nui ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me “le míaƒe nufiafia ta,” “be woanye nuxɔxlɔ̃ na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.” (Rom. 15:4; 1 Kor. 10:11) Nuŋlɔɖi siawo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu be míase Yehowa ƒe amenyenye gɔme nyuie wu, eye wòafia ale si eƒe amehehe alo eƒe asitɔtrɔ le ame ŋu ate ŋu aɖe vi na míi la mí.

ALE SI ZEMELA LA WƆA EƑE ŊUSẼ ŊU DƆE

3. Le Yesaya 64:7 kple Yeremiya 18:1-6 la, aleke woɖɔ ŋusẽ si le Yehowa si ɖe amewo dzi lae? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Esi Yesaya 64:7 nɔ ŋusẽ si le Yehowa si ɖe ame  ɖekaɖekawo kple dukɔwo dzi ɖɔm la, egblɔ be: “Yehowa, mía fofo nènye: míawo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.” Ŋusẽ le zemela si be wòatsɔ tsu si le esi me amè ze ƒomevi ɖe sia ɖe si wòdi. Nya aɖeke mele tsu la si wòagblɔ le esia ŋu o. Nenema kee wòle le amegbetɔwo kple Mawu hã gome. Amegbetɔ mate ŋu agblɔ ale si Mawu amlae alo atrɔ asi le eŋu la nɛ o, abe ale si ko tsu mate ŋu agblɔ ze si ƒomevi woatsɔe amè la na zemelaa o ene.—Mixlẽ Yeremiya 18:1-6.

4. Ðe Mawu zia amewo alo dukɔwo dzi le asitɔtrɔ le wo ŋu mea? Ðe eme.

4 Yehowa trɔ asi le blema Israel ŋu abe ale si ko zemela trɔa asi le tsu ŋu tsɔ mèa zee ene. Gake vovototo kae le Yehowa kple amegbetɔ zemela dome? Zemela ate ŋu atsɔ tsu si wòka la amè ze ɖe sia ɖe ƒomevi ale si wòdi ko. Gake ɖe wòfia be Yehowa hã trɔa asi le dukɔwo alo ame ɖekaɖekawo ŋu ale si wòdi koa? Biblia ɖo eŋu be ao. Ena nunana xɔasi aɖe amegbetɔwo—eyae nye tiatiawɔblɔɖe. Yehowa mezãa eƒe ŋusẽ tsɔ zia amewo dzi be woaɖo to ye o. Amegbetɔwo ŋutɔwoe alɔ̃ be wo Wɔla Yehowa natrɔ asi le wo ŋu.—Mixlẽ Yeremiya 18:7-10.

5. Ne amegbetɔwo gbe be Yehowa nagamla yewo o la, aleke wòwɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔe?

5 Ke ne amegbetɔwo tsɔ dzimesesẽ gbe be Zemela Gã la nagamla yewo o ya ɖe? Aleke Mawu awɔ ŋusẽ si le esi abe zemela ene la ŋu dɔe? Bu nu si dzɔna ɖe tsu si meganyo woatsɔ amè ze si woɖo be woatsɔe amè o dzi la ŋu kpɔ. Zemelaa ate ŋu atsɔe amè ze bubu loo alo atsɔe aƒu gbe! Zi geɖe la, esia dzɔna ne zemelaa metrɔ asi le tsua ŋu le mɔ nyuitɔ nu o. Gake mía Mèla Yehowa ya trɔa asi le mía ŋu le mɔ nyuitɔ nu ɣesiaɣi. (5 Mose 32:4) Ne ame aɖe meɖe mɔ Yehowa trɔ asi le eŋu o la, ke amea ŋutɔ gbɔe wòtso. Ale si Yehowa wɔa nu ɖe amewo ŋu la nɔa te ɖe ale si ameawo wɔa nu ɖe eƒe amehehe ŋui dzi. Etrɔa asi le ame siwo xɔa eƒe amehehea ŋu wonya kpɔna ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ amesiaminawo nye ‘nublanuikpɔkpɔ ƒe ze’ siwo ŋu wotrɔ asi le be woanye ‘ze siwo woazã hena nu si ŋu bubu le.’ Gake ame siwo tsɔa dzimesesẽ gbea Mawu ƒe amehehe xɔxɔ la va zua ‘dziku ƒe ze siwo wodzra ɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃.’—Rom. 9:19-23.

6, 7. Vovototo kae le ale si Fia David kple Fia Saul wɔ nu ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame ŋu dome?

 6 Mɔ siwo dzi Yehowa tona trɔa asi le mía ŋu dometɔ ɖekae nye aɖaŋuɖoɖo alo nuxlɔ̃ame siwo wònaa mí. Israel fia eve gbãtɔ siwo nye Saul kple David ƒe ŋutinyawo me dzodzro ana míakpɔ ale si Yehowa wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ le ame siwo ŋu wòle asi trɔm le la gome. Esi Fia David wɔ ahasi kple Bat-Seba la, eƒe nuwɔnaa gblẽ nu le eya ŋutɔ kple ame bubuwo ŋu vevie. Togbɔ be fiae David nye hã la, Yehowa megbe nuxlɔ̃ame si wòdze na la nanae o. Mawu dɔ eƒe nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ be wòagblɔ gbedeasi sesẽ aɖe nɛ. (2 Sam. 12:1-12) Aleke David wɔ nui? Ese veve ɖe nu si wòwɔ ta eye wòtrɔ dzi me. Esia na Mawu kpɔ nublanui nɛ.—Mixlẽ 2 Samuel 12:13.

 7 Gake Fia Saul, si teƒe David xɔ ɖo, ya mexɔ amehehe o. Yehowa to nyagblɔɖila Samuel dzi de se sia na Saul tẽe be: Tsrɔ̃ Amalekitɔwo kple woƒe lãhawo katã. Gake Saul gbe Mawu ƒe se sia dzi wɔwɔ. Ekpɔ woƒe fia Agag kple lã nyuitɔwo ta. Nu ka tae? Le go aɖe me la, enɔ bubu dim na eɖokui. (1 Sam. 15:1-3, 7-9, 12) Esi wogbe nya na Saul la, ɖe wòle be wòana eƒe dzi nabɔbɔ, eye wòaɖe mɔ Zemela Gã la natrɔ asi le eŋu hafi.  Gake egbe. Enɔ eɖokui nu ɖem boŋ. Egblɔ be yeƒe nuwɔnaa megblẽ o, elabena ɖe yeɖoe be yeatsɔ lã mawo asa vɔe, eye mede asixɔxɔ Samuel ƒe nuxlɔ̃amea ŋu o. Yehowa gbe Saul be magaɖu fia azɔ o, eye eya kple Mawu vavã la dome gblẽ tso ɣemaɣi.—Mixlẽ 1 Samuel 15:13-15, 20-23.

Saul mede asixɔxɔ nuxlɔ̃ame ŋu o, eye mexɔe hã o. Egbe be woagamla ye o! (Kpɔ memama 7)

David se veve ɖe nu si wòwɔ ta eye wòlɔ̃ xɔ nuxlɔ̃ame. Eɖe mɔ Mawu mlae. Wò hã ɖe? (Kpɔ memama 6)

MAWU MEKPƆA AME ŊKUME O

8. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-dukɔa wɔ nu ɖe Yehowa ƒe amehehe ŋu me?

8 Menye ame ɖekaɖekawo koe Yehowa naa mɔnukpɔkpɔ be woatia ale si woawɔ nu ɖe yeƒe amehehe ŋu o, ke dukɔ blibowo hãe. Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Mawu bla nu kple Israel vi siwo wòɖe tso Egiptetɔwo ƒe kluvinyenye me. Abe Mawu ƒe dukɔ tiatia ene la, mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na Israel be Zemela Gã la natrɔ asi le eŋu. Ke hã, dukɔ la yi edzi nɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume wɔm, eye wosubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe legbawo gɔ̃ hã. Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖe Israel viwo enuenu be woanyɔ le wo ɖokuiwo me, gake gbeɖegbeɖea koe. (Yer. 35:12-15) Esi Israel viwo sẽ dzi me ta la, eva hiã be woahe to na wo vevie. Abe dziku ƒe ze siwo wodzra ɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃ ene la, Asiriatɔwo va tsrɔ̃ dziehe to-ewo-fiaɖuƒea eye Babilontɔwo hã va tsrɔ̃ anyiehe to-eve-fiaɖuƒea. Nufiame vevi kae nye esi wònye na mí! Yehowa ƒe amehehe aɖe vi na mí ne míenya wɔ ɖe edzi ko.

9, 10. Aleke Niniwetɔwo wɔ nu ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame ŋui?

9 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ Asiriatɔwo  ƒe fiadu Niniwe me tɔwo hã be woatiae nenye be woawɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amewo dzi. Egblɔ na Yona be: “Tso, nàyi Niniwe, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va ŋkunye me.” Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ Niniwe.—Yona 1:1, 2; 3:1-4.

10 Gake esi Yona gblɔ tsɔtsrɔ̃gbedeasia la, “Niniwetɔwo xɔ Mawu dzi se; wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviawo dzi.” Niniwe fia “[tso] le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me.” Niniwetɔwo lɔ̃ xɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame eye wotrɔ dzi me. Eya ta Yehowa metsrɔ̃ wo o.—Yona 3:5-10.

11. Yehowa ƒe nɔnɔme kae dze le ale si wòwɔ nu ɖe Israel kple Niniwetɔwo ŋu me?

11 Togbɔ be Israel nye dukɔ tiatia hã la, esia mewɔe be wogbe tohehe na dukɔa o. Mawu mebla nu kple Niniwetɔwo ya o. Ke hã Yehowa na wogblɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo na wo, eye wòkpɔ nublanui na wo le esi woɖee fia be yewonye tsu si ŋu woate ŋu atrɔ asi le bɔbɔe ta. Kpɔɖeŋu eve siawo na wòdze ƒãa be mía Mawu Yehowa nye “ame si medea ame dzi o.”—5 Mose 10:17.

NUGƆMESENAMELA SI TRƆNA ÐE NƆNƆMEAWO ŊU

12, 13. (a) Nu ka tae Mawu trɔa nu si wòɖo be yeawɔ ne amewo lɔ̃ xɔ eƒe amehehe? (b) Esi Biblia gblɔ be ‘nu vea’ Yehowa la, nu kae ema fia le Saul ƒe ŋutinyaa gome, kple Niniwetɔwo gome?

12 Ale si Mawu lɔ̃na faa be yeatrɔ asi le mía ŋu la ɖee fia be enye nugɔmesenamela si trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Esia dze le nɔnɔme siwo me Yehowa trɔ nu si wòɖo be yeawɔ ame aɖewo le ale si ameawo wɔ nui ta. Yehowa gblɔ le Ŋɔŋlɔawo me tso Israel fia gbãtɔ ŋu be: ‘Evem be, meɖo Saul fia.’ (1 Sam. 15:11) Gake esi Niniwetɔwo trɔ dzi me eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, Biblia gblɔ be: “Vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.”—Yona 3:10.

13 Hebrigbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “vee” la fia ale si woatrɔ nɔnɔme si le ame si ɖe ame aɖe ŋu alo tame si woɖo ɖe eŋu. Edze Yehowa ŋu be yeatsɔ Saul aɖo fiae, gake emegbe etrɔ nɔnɔme si le esi ɖe eŋu eye wògbee. Menye ɖe Yehowa wɔ vodada le Saul tiatia me tae wòtrɔ eƒe susu o, ke boŋ le esi Saul wɔ nu xɔsemanɔamesitɔe eye wògbe toɖoɖo tae. Azɔ hã, nu si Mawu vavã la ɖo be yeawɔ Niniwetɔwo la vee; esia fia be etrɔ tame si wòɖo ɖe wo ŋu. Aleke gbegbe wòfaa akɔe nye esi be míanyae be Yehowa mía Mèla la sea nu gɔme na ame hetrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu, enye nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si lɔ̃na faa be yeatrɔ nu si yeɖo ne vodalawo trɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi!

MIGANA MÍAGBE YEHOWA ƑE AMEHEHE O

14. (a) Aleke Yehowa mlaa mí egbea? (b) Aleke wòle be míawɔ nu ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo ŋui?

14 Mɔ vevitɔ siwo dzi Yehowa tona mlaa mí egbea ye nye eƒe Nya, Biblia, kple eƒe habɔbɔa. (2 Tim. 3:16, 17) Ðe mele be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo alo nuxlɔ̃ame siwo wònaa mí to mɔ siawo dzi oa? Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖaxɔ nyɔnyrɔ alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ kawoe ɖale mía si o, ele be míayi edzi axɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame eye míaɖe mɔ wòatrɔ asi le mía ŋu míanye ze siwo woazã hena nu siwo ŋu bubu le.

15, 16. (a) Aleke ame ate ŋu ase le eɖokui me ne eƒe tohehea bia be woaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo le esi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme manyomanyowo dzi ne wohe to na mí?

15 Amehehe si míaxɔ la ate ŋu anye  mɔfiame alo ɖɔɖɔɖo. Gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu ahiã be woahe to na mí le esi míewɔ nu si mele eteƒe o ta. Ðewohĩ esia ate ŋu abia be woaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo le mía si. Bu nɔviŋutsu Dennis * si nɔ subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene ŋu kpɔ. Eva wɔ nu gbegblẽ aɖe le esi mebu nuwo ŋu nyuie le dɔwɔnya aɖewo me o ta, eye woka mo nɛ le adza me. Aleke Dennis se le eɖokui me le fiẽ si me woɖe gbeƒãe na hamea be meganye hamemetsitsi o? Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be medo kpo nu keŋkeŋ. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ geɖewo su asinye le ƒe 30 siwo va yi me. Menye gbesiagbe mɔɖela, mesubɔ le Betel, woɖom subɔsubɔdɔwɔlae, eye emegbe meva zu hamemetsitsi. Ðeko meƒo nuƒo zi gbãtɔ le nutome gã takpekpe mee nye ema. Mɔnukpɔkpɔ siawo katã ge le asinye le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Ŋu kpem vevie eye wòwɔ nam be viɖe aɖeke maganɔ ŋunye le habɔbɔa me akpɔ o.”

16 Ele be Dennis nawɔ tɔtrɔ le nu si wòwɔ, si na wohe to nɛ la me. Gake nu kae kpe ɖe eŋu wòɖu eƒe ŋukpe dzi? Egblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be mayi nu siwo ana masẽ ŋu le gbɔgbɔ me la wɔwɔ dzi. Eye kpekpeɖeŋu si nɔvi Kristotɔwo nam kple dzideƒoname siwo mekpɔ tso míaƒe agbalẽwo me hã ɖe vi nam geɖe. Nyati si nye ‘Subɔsubɔ Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Aɖe Su Asiwò Kpɔa? Agate Ŋu Asu Asiwòa?’ si dze le August 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ me la nɔ abe lɛta aɖe si woŋlɔ tsɔ ɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam ene. Aɖaŋuɖoɖo si do dzidzɔ nam vevie lae nye, ‘Esi hamea ƒe agbanɔamedzi bubuwo mele dziwò fifia o la, biã ŋku ɖe ŋusẽdodo ɖokuiwò le gbɔgbɔ me ŋu.’” Aleke tohehe si Dennis xɔ la ɖe vi nɛ? Egblɔ le ƒe aɖewo megbe be, “Yehowa yram be mɔnukpɔkpɔ gasu asinye meva zu subɔsubɔdɔwɔla.”

17. Akpa kae ameɖeɖelehame wɔna le nu vɔ̃ wɔlaa ƒe dzimetɔtrɔ me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

17 Ameɖeɖelehame hã nye Yehowa ƒe amehehe ƒe mɔnu bubu. Ekpɔa hamea ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me, eye wòate ŋu awɔ akpa aɖe be nu vɔ̃ wɔlaa natrɔ dzi me. (1 Kor. 5:6, 7, 11) Le kpɔɖeŋu me, woɖe Robert le ha me anɔ ƒe 16 kloe, eye le ɣeyiɣi mawo katã me la, fofoa, dadaa kple nɔviawo lé se si wode le Mawu ƒe Nya la me be woagade ha kple nu vɔ̃ wɔla si woɖe le ha me o, eye woagado gbe nɛ gɔ̃ hã o, la me ɖe asi sesĩe. Wogbugbɔ xɔ Robert ɖe hamea me ƒe aɖewoe nye esia eye wòle gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyui wɔm. Esi wobiae be nu kae ʋãe wòtrɔ va Yehowa kple Eƒe amewo gbɔ le ɣeyiɣi didi ma gbegbe megbe hã la, eɖo eŋu be, ale si yeƒe ƒomea tɔ afɔ to sesĩe ye kpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi. Egblɔ be: “Ne ɖe nye ƒometɔwo de ha kplim vie gɔ̃ hã, le kpɔɖeŋu me, be woava kpɔm ɖa vie la, anye ne ema ɖeɖe dzaa ana nye dzi nadze eme, eye anɔ eme be madzɔ be ale si medi vevie be made ha kpli wo la naʋãm matrɔ agbɔ va Mawu gbɔ o.”

18. Tsu ka ƒomevie wòle be míanye le Zemela Gã la si me?

18 Ðewohĩ mahiã be woahe to ma tututu na mí o, gake tsu ka ƒomevie míanye le Zemela Gã la si me? Aleke míawɔ nui ne woɖɔ mí ɖo? Ðe míanɔ abe David ene loo alo abe Saul enea? Mía Fofoe Zemela Gã la nye. Mègaŋlɔ be gbeɖe o be, “ame si Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.” Eya ta “mègagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o.”Lod. 3:11, 12.

^ mm. 15 Míetrɔ ŋkɔawo.