Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI: ÐE NÀTE ŊU AKA ÐE SUBƆSUBƆHAWO DZIA?

Nu Ka Tae Wòle Be Nàku Nu Me Tso Subɔsubɔhawo Ŋu?

Nu Ka Tae Wòle Be Nàku Nu Me Tso Subɔsubɔhawo Ŋu?

Tsɔe be èdze dɔ vevie eye wòva hiã be woawɔ dɔ na wò hafi nàtsi agbe. Àdi godoo be yeaka ɖe edzi be ɖɔkta si awɔ dɔa na wò la nya dɔ nyuie, elabena wò agbe le eƒe asi me. Ðe nunya manɔ eme be nàwɔ numekuku tso dɔ siwo wòwɔ na amewo va yi me tsonuwo ŋu oa?

Nenema kee nunya le eme be míawɔ numekuku tso subɔsubɔhawo ŋu nyuie. Ne èle subɔsubɔha aɖe me la, ke efia be ètsɔ wò agbe mavɔ kpɔkpɔ le etsɔme de subɔsubɔha ma si me.

Yesu na dzidzenu si dzi míanɔ te ɖo anya ne subɔsubɔha aɖe nyo alo menyo o la mí. Egblɔ be: “Ati sia ati ŋutɔ ƒe tsetsee wotsɔna dzea sii.” (Luka 6:44) Le kpɔɖeŋu me, ne èlé ŋku ɖe subɔsubɔha aɖe ŋu la, ku ka ƒomevie wòtsena? Ðe woƒe kplɔlawo tea gbe ɖe gadzɔdzɔ dzia? Ðe hameviawo wɔna ɖe Biblia ƒe sedede siwo ku ɖe aʋawɔwɔ kple agbe nyui nɔnɔ ŋu dzia? Mlɔeba, ɖe subɔsubɔha aɖe li si dzi nàte ŋu aka ɖoa? Míele kpewòm be nàxlẽ nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati siwo kplɔe ɖo me.

“Ati sia ati ŋutɔ ƒe tsetsee wotsɔna dzea sii.”Luka 6:44