Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Kpɔ Nɔnɔmetataa Ða!”

“Kpɔ Nɔnɔmetataa Ða!”

Zi nenie nègblɔ nya sia na ɖokuiwò alo na ame bubuwo kpɔ esi nèʋu magazine sia ƒe tata yeye aɖe? Wotrɔ asi le foto kple nɔnɔmetata dzeani siwo le eme la ŋu nyuie le taɖodzinu aɖe ta. Wonye nufiafiamɔnu siwo nana míedea ŋugble le nusɔsrɔ̃a ŋu eye wòwɔa dɔ ɖe mía dzi. Woate ŋu aɖe vi na mí geɖe, vevietɔ ne míedzra ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu hekpɔ gome le eme.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso nu si tae wozã nɔnɔmetata si dze le nusɔsrɔ̃nyatia ƒe gɔmedzedze la ŋu. Nu ka fiam wòle mí? Aleke wòdo ƒome kple nyatia ƒe tanya alo mawunyakpukpui si dzi wotui ɖo? Bu ɖekawɔwɔ si le nɔnɔmetata ɖe sia ɖe kple nyati si me dzrom wole me kple ale si wòka wòe ŋu.

Ele be Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nana mɔnukpɔkpɔ hamea be woaƒo nu tso nɔnɔmetata ɖe sia ɖe ŋu, ale be woagblɔ ale si wòwɔ ɖeka kple nusɔsrɔ̃a alo nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Le nɔnɔmetata aɖewo gome la, woŋlɔ memama si me woaƒo nu tso eŋu le la ɖe egbɔ. Le bubuwo gome la, nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa ŋutɔe atso nya me le afi si wòasɔ le wu be woaƒo nu tso nɔnɔmetataa ŋu. Le mɔ sia nu la, ame sia ame akpɔ viɖe tso nɔnɔmetata siwo ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe nuxlẽlaa ŋu wòakpɔ nufiame si tso Mawu ƒe Nyaa me le susu me la me.

Nɔviŋutsu aɖe gblɔe ale, “Ne mexlẽ nyati wɔdɔɖeamedzi aɖe vɔ la, nɔnɔmetatawoe nana nyatia gavivina ɖe edzi.”