Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Gblɔe Na Mí, Ɣekaɣie Nu Siawo Adzɔ?’

‘Gblɔe Na Mí, Ɣekaɣie Nu Siawo Adzɔ?’

“Nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?”MAT. 24:3.

1. Abe apostoloawo ene la, nu kae míedi vevie be míanya?

YESU ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nɔ eƒe nuwuwu gogom, eye eƒe nusrɔ̃lawo di vevie be yewoanya ale si nuwo ava nɔ le etsɔme. Eya ta ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eƒe apostolo ene va biae be: “Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mat. 24:3; Marko 13:3) Yesu ɖo eŋu kple nyagblɔɖi si lɔ nu geɖe ɖe eme, si woŋlɔ ɖe Mateo ta 24 kple 25. Yesu gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi geɖe ŋu nya ɖi le eƒe nyagblɔɖi ma me. Nya siwo wògblɔ la le vevie ŋutɔ na mí, elabena míawo hã míedi vevie be míanya ale si etsɔme ava nɔ.

2. (a) Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, nu kawo gɔmee míedi vevie be míase nyuie wu? (b) Biabia etɔ̃ kawo mee míadzro?

2 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa subɔlawo srɔ̃ nu tso Yesu ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la ŋuti eye wodo gbe ɖa na Mawu hena wo gɔme sese. Wodi vevie be yewoase ɣeyiɣi si me Yesu ƒe nyawo ava eme la gɔme nyuie wu. Biabia etɔ̃ siwo gbɔna me dzodzro ana míakpɔ gɔmesese yeye siwo su mía si: Ɣekaɣie “xaxa gã” la adze egɔme? Ɣekaɣie Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye “alẽwo” alo “gbɔ̃wo”? Ɣekaɣie Yesu ‘ava,’ ava ɖo, alo atrɔ agbɔ?—Mat. 24:21; 25:31-33.

ƔEKAƔIE XAXA GÃ LA ADZE EGƆME?

3. Tsã la, aleke míesusu tso xaxa gã la ŋu?

3 Míesusui tsã be xaxa gã la dze egɔme le ƒe 1914 me esi Xexemeʋa I dze egɔme, eye be Yehowa ‘tso ŋkeke mawo dzi’ esi aʋaa ke le ƒe 1918 me ale be mɔnukpɔkpɔ nasu amesiamina susɔeawo si be woaɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔwo katã. (Mat. 24:21, 22) Míekpɔ mɔ be le gbeƒãɖeɖedɔ sia ƒe nuwuwu la, woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea. Eya ta míesusui tsã be xaxa gã la anɔ akpa etɔ̃ me: Adze egɔme (ƒe 1914-1918),  woatso xaxaŋkekeawo dzi (tso ƒe 1918 dzi heyina), eye wòawu enu le Harmagedon me.

4. Nu kae míeva de dzesi ku ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la ŋuti?

4 Gake esi míegbugbɔ lé ŋku ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu ŋuti nyuie la, míekpɔe be eƒe akpa aɖewo ava eme zi eve. (Mat. 24:4-22) Eva eme zi gbãtɔ le Yudea le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me, eye agava eme le mɔ si lolo wu nu le xexea me godoo le míaƒe ŋkekea me. Esia na míekpɔe be ehiã be míawɔ asitɔtrɔ le ale si míese nyagblɔɖia ƒe akpa aɖewo gɔmee ŋu. *

5. (a) Ɣeyiɣi sesẽ kae dze egɔme tso ƒe 1914 me? (b) Ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe ɣeyiɣi kae xaxaɣi siawo sɔ kple?

5 Míeva kpɔe be menye ƒe 1914 mee xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔa dze egɔme o. Aleke míewɔ nya? Elabena Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be menye dukɔwo dome ʋa ye anye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze o, ke alakpasubɔsubɔhawo dzi dzedze boŋ ye. Eya ta nu siwo dzɔ le ƒe 1914 me la menye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze o, ke boŋ “fuɖuame ƒe gɔmedzedze” wònye. (Mat. 24:8) “Fuɖuame” sia sɔ kple nu siwo dzɔ le Yerusalem kple Yudea tso ƒe 33 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 66 M.Ŋ. me.

6. Nu kae aɖee afia be xaxa gã la dze egɔme?

6 Nu kae aɖee afia be xaxa gã la dze egɔme? Yesu gblɔ ɖi be: ‘Ne miekpɔ ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ la le tsitre ɖe kɔkɔeƒe la, abe ale si wogblɔe to nyagblɔɖila Daniel dzi ene la, (nuxlẽla newɔ gɔmesese ŋu dɔ) ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.’ (Mat. 24:15, 16) Le emevava gbãtɔa me la, ŋunyɔnu la va ‘le tsitre ɖe kɔkɔeƒe la’ esime Roma-ʋakɔ (si nye “ŋunyɔnu” la) va dze Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa (si nye kɔkɔeƒe le Yudatɔwo ŋkume) dzi le ƒe 66 M.Ŋ. me. Le emevava evelia si lolo wu me la, ne Dukɔ Ƒoƒuawo (si nye egbegbe “ŋunyɔnu” la) va dze Kristodukɔa (si nye kɔkɔeƒe le ame  siwo bua wo ɖokuiwo Kristotɔwoe ŋkume) kple Babilon Gã la ƒe akpa susɔeawo dzi la, ɣemaɣie ŋunyɔnu la ‘anɔ tsitre ɖe kɔkɔeƒe la.’ Wogaƒo nu tso amedzidzedze sia ŋu le Nyaɖeɖefia 17:16-18. Nudzɔdzɔ mae anye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze.

7. (a) Aleke ‘ŋutilã aɖewo kpɔ ɖeɖe’ le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Nu kae míakpɔ mɔ be adzɔ le etsɔme?

7 Yesu gblɔ ɖi hã be: “Woatso ŋkeke mawo dzi.” Nyagblɔɖi sia va eme zi gbãtɔ le ƒe 66 M.Ŋ. me esime Roma-ʋakɔa ‘tsò woƒe amedzidzedzea dzi.’ Ɣemaɣie Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Yerusalem kple Yudea la si dzo ale be woƒe ‘ŋutilã kpɔ ɖeɖe,’ alo wotsi agbe. (Mixlẽ Mateo 24:22; Mal. 3:17) Eya ta nu kae míakpɔ mɔ be adzɔ le xaxa gã si gbɔna me? Yehowa ‘atsò’ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe amedzidzedzea ‘dzi’ ale be woagatsrɔ̃ subɔsubɔ vavãtɔ akpe ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu o. Esia awɔe be Mawu ƒe amewo akpɔ ɖeɖe.

8. (a) Nu kawoe adzɔ le xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔa megbe? (b) Anɔ eme be ɣekaɣie ame 144,000 la dometɔ mamlɛtɔ axɔ eƒe dziƒofetu la? (Kpɔ dzesidenyaa.)

 8 Nu kawoe adzɔ le xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔa megbe? Yesu ƒe nyawo ɖee fia be dometsotso aɖe anɔ ɣeyiɣi ma kple Harmagedon ƒe gɔmedzedze dome. Nu kawoe adzɔ le dometsotso ma me? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Xezekiel 38:14-16 kple Mateo 24:29-31. (Mixlẽe.) * Ema megbe Harmagedon-ʋa, si nye xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa, adzɔ, eye esia sɔ kple Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me. (Mal. 3:19) Esi xaxa gã si gbɔna awu enu ɖe Harmagedon-ʋa me ta la, anye xaxa si anɔ etɔxɛ, si tɔgbi aɖeke “meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o.” (Mat. 24:21) Ema megbe la, Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme.

9. Ŋusẽ kae Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe xaxa gã la ŋu kpɔna ɖe Yehowa ƒe amewo dzi?

9 Xaxa gã la ŋuti nyagblɔɖi sia doa  ŋusẽ mí ŋutɔ. Nu ka tae? Elabena enaa kakaɖedzi mí be kuxi ka kee Yehowa ƒe amewo abe ƒuƒoƒo ene ɖado goe o, míatsi agbe le xaxa gã la me godoo. (Nyaɖ. 7:9, 14) Ƒo wo katã ta la, dzi dzɔa mí, elabena Yehowa aʋli eƒe dziɖulanyenye ta eye wòakɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu le Harmagedon me.—Ps. 83:19; Eze. 38:23.

ƔEKAƔIE YESU ADRƆ̃ ƲƆNU AMEWO BE WONYE ALẼWO ALO GBƆ̃WO?

10. Tsã la, ɣekaɣie míesusu be woadrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo?

10 Azɔ mina míadzro ɣeyiɣi si me Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa bubu—alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa—ava eme la me. (Mat. 25:31-46) Míesusui tsã be ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo ayi edzi le ŋkeke mamlɛawo katã me, tso ƒe 1914 dzi yina. Míeƒo nya ta be woabu ame siwo gbe Fiaɖuƒegbedeasia eye woku do ŋgɔ na xaxa gã la be wonye gbɔ̃wo—ame siwo si tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ megale o.

11. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be menye ƒe 1914 mee Yesu dze ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo gɔme be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo o?

11 Le ƒe 1995 me la, Gbetakpɔxɔ gbugbɔ dzro Mateo 25:31 me, afi si gblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã kpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ anɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi.” Gbetakpɔxɔa ɖe eme be, Yesu va zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le ƒe 1914 me, gake mebɔbɔ ‘nɔ anyi ɖe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi’ hedrɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” o. (Mat. 25:32; tsɔe sɔ kple Daniel 7:13.) Nenɔ susu me na mí be, alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa ku ɖe dɔ si Yesu awɔ abe Ʋɔnudrɔ̃la ene la koŋ ŋu. (Mixlẽ Mateo 25:31-34, 41, 46.) Esi Yesu medze ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔwo katã gɔme le ƒe 1914 me o ta la, mate ŋu anye ƒe ma mee wòdze ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo abe alẽwo alo gbɔ̃wo ene gɔme o. * Ke ɣekaɣie Yesu adze ʋɔnudɔdrɔ̃a gɔme?

12. (a) Ɣekaɣie Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã zi gbãtɔ? (b) Nudzɔdzɔ kawo ŋue woƒo nu tsoe le Mateo 24:30, 31 kple Mateo 25:31-33, 46?

 12 Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu ɖee fia be, adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã zi gbãtɔ ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo vɔ megbe. Abe ale si wòdze le  memama 8 lia me ene la, woƒo nu tso nu siwo adzɔ ɣemaɣi la dometɔ aɖewo ŋu le Mateo 24:30, 31. Ne èdzro kpukpui mawo me la, àkpɔe be nudzɔdzɔ siwo Yesu gblɔ ɖi la de sɔsɔ ge kple esiwo ŋu wòƒo nu tsoe le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me. Le kpɔɖeŋu me, Amegbetɔvi la ava ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me eye mawudɔlawo akpe ɖe eŋuti; woaƒo towo kple dukɔwo katã nu ƒu; ame siwo wòdrɔ̃ ʋɔnui be wonye alẽwo la ‘afɔ woƒe tawo dzi’ elabena woakpɔ “agbe mavɔ.” * Ame siwo wòadrɔ̃ ʋɔnui be wonye gbɔ̃wo la “aƒo akɔta le konyifafa ta,” esi wokpɔe be yewo yina ‘tsɔtsrɔ̃ mavɔ me’ ta.—Mat. 25:31-33, 46.

13. (a) Ɣekaɣie Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo? (b) Ŋusẽ kae gɔmesese sia kpɔna ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi?

13 Eya ta míaƒo nya ta be, xaxa gã la mee Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã le be wonye alẽwo loo alo gbɔ̃wo. Eyome le xaxa gã la ƒe nuwuwu le Harmagedon me la, ‘woatsrɔ̃’ ame siwo le abe gbɔ̃wo ene la keŋkeŋ tegbee. Ŋusẽ kae gɔmesese sia kpɔna ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi? Ekpena ɖe mía ŋu míekpɔa ale si gbegbe gbeƒãɖeɖedɔa le vevie la dzea sii. Va se ɖe esime xaxa gã la nadze egɔme la, mɔnukpɔkpɔ kpɔtɔ le ʋuʋu ɖi na amewo be woatrɔ woƒe susu ava zɔ mɔ xaxɛ “si kplɔa ame yia agbe me” la dzi. (Mat. 7:13, 14) Enye nyateƒe be amewo ate ŋu aɖe alẽwo ƒe nɔnɔme alo gbɔ̃wo ƒe nɔnɔme afia fifia. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be xaxa gã la mee woadrɔ̃ ʋɔnu amewo le  ŋutɔŋutɔ be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo. Eya ta susu nyuiwo li siwo tae wòle be míayi edzi ana mɔnukpɔkpɔ ame geɖe ale si nu míate ŋui be woase Fiaɖuƒegbedeasia eye woawɔ edzi.

Va se ɖe esime xaxa gã la nadze egɔme la, mɔnukpɔkpɔ kpɔtɔ le ʋuʋu ɖi na amewo be woatrɔ woƒe susu (Kpɔ memama 13)

ƔEKAƔIE YESU AVA, AVA ÐO, ALO ATRƆ AGBƆ?

14, 15. Mawunyakpukpui ene kawoe ƒo nu tso Kristo ƒe vava le etsɔme abe Ʋɔnudrɔ̃la ene ŋu?

 14 Ðe Yesu ƒe nyagblɔɖia me dzodzro yi ŋgɔe na wòva hiã be míatrɔ gɔmesese si le mía si ku ɖe ɣeyiɣi si nudzɔdzɔ vevi bubu aɖewo ava eme ŋua? Ŋuɖoɖoa dze le nyagblɔɖia ŋutɔ me. Mina míakpɔe ɖa.

15 Nu siwo adzɔ le ŋkeke mamlɛawo kple xaxa gã si gbɔna me dzi koŋ ye Yesu ƒe nyagblɔɖi si le Mateo 24:29–25:46 la he susu yi. Le mawunyakpukpui mawo me la, Yesu ƒo nu tso ale si ‘wòava,’ ava ɖo, alo atrɔ agbɔ ŋu zi gbɔ zi enyi. * Egblɔ tso xaxa gã la ŋu be: “Woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna.” “Mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.” “Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.” Eye Yesu gblɔ le eƒe lododo si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu me be: “Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me.” (Mat. 24:30, 42, 44; 25:31) Mawunyakpukpui ene siawo katã ku ɖe Kristo ƒe vava le etsɔme abe Ʋɔnudrɔ̃la ene ŋu. Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa kae míakpɔ eƒe vava ŋu nya ene susɔeawo le?

16. Mawunyakpukpui bubu kawo mee woƒo nu tso Yesu ƒe vava ŋu le?

16 Yesu gblɔ tso kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la ŋu be: “Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ [alo “va,” Rbi8 ƒe etenuŋɔŋlɔ] va kpɔe be ele ewɔm nenema!” Yesu gblɔ le ɖetugbui leaƒeawo ŋuti lododoa me be: “Esi woyina [amia dze] ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo.” Le talentoawo ŋuti lododoa me la, Yesu gblɔ be: “Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, kluvi mawo ƒe aƒetɔ gbɔ [alo “va,” Kingdom Interlinear].” Eye le lododo ma ke me la, aƒetɔ la gblɔ be: “Ne metrɔ gbɔ [alo “va,” Int] la, maxɔ nye nu.” (Mat. 24:46; 25:10, 19, 27) Ɣeyiɣi ka ŋutie Yesu ƒe vava si ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui ene siawo me la ku ɖo?

17. Nya kae míegblɔ tsã ku ɖe Yesu ƒe tɔtrɔ gbɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 24:46 ŋu?

 17 Tsã la, míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me be Yesu ƒe vava alo tɔtrɔ gbɔ le ƒe 1918 me ŋue mawunyakpukpui ene mamlɛtɔ siawo ku ɖo. Na míatsɔ Yesu ƒe nya si wògblɔ le “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Mixlẽ Mateo 24:45-47.) Míese egɔme tsã be Yesu ƒe ‘tɔtrɔ gbɔ’ si ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui 46 lia me la ku ɖe ɣeyiɣi si Yesu va lé ŋku ɖe amesiaminawo ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme ŋu le ƒe 1918 me ŋu, eye be ƒe 1919 mee Aƒetɔa tsɔ kluvia ɖo eƒe nuwo katã nu. (Mal. 3:1) Gake Yesu ƒe nyagblɔɖia me dzodzro yi ŋgɔe na míekpɔe be ele be míawɔ tɔtrɔwo le ale si míese ɣeyiɣi si me Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa aɖewo ava eme la gɔmee ŋu. Nu ka ta?

18. Ne míedzro Yesu ƒe nyagblɔɖi bliboa me la, nya ta kae míaƒo ku ɖe eƒe vava ŋu?

18 Le kpukpui siwo do ŋgɔ na Mateo 24:46 me la, nya “gbɔna” kple “ava” si wozã la ku ɖe ɣeyiɣi si Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ahatsrɔ̃ wo le xaxa gã la me ŋu. (Mat. 24:30, 42, 44) Azɔ hã, abe ale si míegblɔe le  memama 12 lia me ene la, Yesu ƒe ‘vava’ si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 25:31 la ku ɖe ʋɔnudrɔ̃ɣi ma si ava le etsɔme la ke ŋu. Eya ta susu le eme be míaƒo nya ta be ɣeyiɣi si Yesu atrɔ agbɔ ahatsɔ kluvi nuteƒewɔla la aɖo eƒe nuwo katã nu, si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 24:46, 47, la hã ku ɖe eƒe vava le etsɔme, le xaxa gã la me, ŋu. * Le nyateƒe me la, Yesu ƒe nyagblɔɖi bliboa me dzodzro na eme kɔ ƒãa be eƒe vava si ŋu woƒo nu tsoe le mawunyakpukpui enyiawo katã me la ku ɖe ʋɔnudrɔ̃ɣi si ava le etsɔme le xaxa gã la me ŋu.

19. Gɔmesese yeye kawoe va su mía si fifia, eye biabia kawo mee míadzro le nyati siwo kplɔe ɖo me?

19 Nu kae míesrɔ̃ va ɖo fifia? Míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia etɔ̃ siwo katã ku ɖe ɣeyiɣi si me nanewo adzɔ ŋu. Gbã, míede dzesii be xaxa gã la medze egɔme le ƒe 1914 me o, ke boŋ adze egɔme ne Dukɔ Ƒoƒuawo dze Babilon Gã la dzi. Eyome míekpɔ nu si tae Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo medze egɔme le ƒe 1914 me o, ke boŋ adze egɔme le xaxa gã la me. Mlɔeba míekpɔe be menye ƒe 1919 mee Yesu va ɖo kluvi nuteƒewɔla la eƒe nuwo katã nu o, ke boŋ be awɔ esia le xaxa gã la me. Eya ta nudzɔdzɔ etɔ̃ siawo katã ava eme le etsɔme—le xaxa gã la me. Ðe gɔmesese yeye siawo akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míese kluvi nuteƒewɔla la ŋuti kpɔɖeŋua hã gɔme dzia? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe wòakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míese Yesu ƒe lododo alo kpɔɖeŋu bubu siwo le eme vam le nuwuɣi sia me la gɔme dzia? Míadzro biabia vevi siawo me le nyati siwo kplɔe ɖo me.

 

^ mm. 4 Memama 4: Àkpɔ numekɔkɔ bubuwo le Gbetakpɔxɔ, February 15, 1994, axa 8-21 kple May 1, 1999, axa 8-20.

^ mm. 8 Memama 8: Woƒo nu tso ‘ame tiatiawo nu ƒoƒoƒu’ hã ŋu le kpukpui siawo me. (Mat. 24:31) Eya ta anɔ eme be ɣeyiɣi aɖe le xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ megbe la, woana amesiamina siwo katã kpɔtɔ le anyigba dzi nayi dziƒo hafi Harmagedon-ʋaa nadze egɔme. Gɔmesese yeye sia xɔ ɖe esi le “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le Gbetakpɔxɔ, Vol. 111, No. 16, axa 30 (yevugbe me tɔ, August 15, 1990, axa 30) la teƒe.

^ mm. 11 Memama 11: Kpɔ Gbetakpɔxɔ, October 15, 1995, axa 18-28.

^ mm. 12 Memama 12: Kpɔ nudzɔdzɔ sia ke ŋuti nuŋlɔɖi si dze le Luka 21:28.

^ mm. 15 Memama 15: Helagbe me dɔwɔnya er′kho·mai si gɔmee nye “va” gɔmee woɖe le Eʋegbe Biblia me le mɔ vovovowo nu be “gbɔna,” “ava,” alo “va ɖo.”

^ mm. 18 Memama 18: Abe ale si míede dzesii ene la, Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “trɔ gbɔ” le Mateo 24:46 la ke gɔmee woɖe le Mateo 24:30, 42, 44 be “gbɔna” kple “ava.”