Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wona Mia Ŋuti Kɔ

Wona Mia Ŋuti Kɔ

“Wole tsi na mi nyuie, . . . wona mia ŋuti kɔ.”1 KOR. 6:11.

1. Nu ɖefuname kawo teƒee Nexemiya kpɔ esi wòtrɔ gbɔ va Yerusalem? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

YERUSALEM nɔlawo ƒe mo wɔ yaa. Nu ka ta? Wotsɔ gbedoxɔa ŋu xɔ ɖeka na amedzrovi vɔ̃ɖi aɖe wòle eme. Lewi-viwo le woƒe dɔwo gblẽm ɖi. Le esi dumegãwo naxɔ ŋgɔ le tadedeagu vavãtɔ me teƒe la, wole asi tsam le Sabat dzi. Israel vi geɖe le dutanyɔnuwo ɖem. Esiawoe nye nu ɖefuname siwo teƒe Nexemiya kpɔ esi wòtrɔ gbɔ va Yerusalem ɣeyiɣi aɖe le ƒe 443 D.M.Ŋ. megbe la dometɔ aɖewo ko.Neh. 13:6.

2. Aleke Israel va zu dukɔ si ŋu wokɔ?

2 Dukɔ si ɖe adzɔgbe na Mawu ye Israel nye. Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, dzidzɔe wònye na Israel viwo be yewoawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Wogblɔ be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe!” (2 Mose 24:3) Eya ta Mawu kɔ wo ŋu, alo ɖe wo ɖe vovo abe eƒe dukɔ tiatia ene. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi! Ƒe 40 megbe la, Mose ɖo ŋku edzi na wo be: “Dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la; Yehowa, wò Mawu, tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, bena nànye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.”5 Mose 7:6.

3. Aleke Yudatɔwo ƒe mawusubɔsubɔ nɔ esime Nexemiya trɔ gbɔ va Yerusalem zi evelia?

3 Nublanuitɔe la, dzidzɔ si wònye na Israel viwo le gɔmedzedzea be yewonye dukɔ kɔkɔe la menɔ anyi wòdidi o. Togbɔ be Yudatɔ aɖewo yi edzi subɔ Mawu hã, ɖeko wo dometɔ akpa gãtɔ wɔa nu be amewo nakpɔ be yewole kɔkɔe, alo yewodoa vevie mawusubɔsubɔ, gake wometsi dzi kura ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu o. Esime Nexemiya trɔ gbɔ va Yerusalem zi evelia la, anɔ ƒe alafa ɖeka ye nye ema va yi tso esime Yudatɔ wɔnuteƒe susɔeawo trɔ gbɔ tso Babilon be woagaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi. Gake dukɔa meganɔ dzo tsɔm ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu ale o.

4. Nu vevi kawo mee míadzro siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anye ame siwo ŋu wokɔ?

4 Mawu kɔ Yehowa Ðasefo siwo li egbea hã ŋu abe Israel viwo ke ene. Kristotɔ amesiaminawo kple  “ameha gã” la me tɔwo siaa le kɔkɔe, eye woɖe wo ɖe vovo hena Mawu vavã la subɔsubɔ. (Nyaɖ. 7:9, 14, 15; 1 Kor. 6:11) Mía dometɔ aɖeke madi be tenɔnɔ dzadzɛ si le ye si le Mawu ŋkume la nage le ye si abe ale si wòdzɔ ɖe Israel viwo dzi mlɔeba ene o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be esia nagadzɔ ɖe dziwò o, ale be nàyi edzi anɔ kɔkɔe eye Yehowa nazã wò le eƒe subɔsubɔdɔa me? Míakpɔ nu vevi ene siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia le Nexemiya ta 13 lia me. Woawoe nye: (1) Ƒo asa na hadede vɔ̃wo; (2) kpe asi ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu; (3) tsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ; eye (4) kpɔ wò Kristotɔnyenye ta. Azɔ mina míadzro wo me ɖekaɖeka.

ƑO ASA NA HADEDE VƆ̃WO

Aleke Nexemiya wɔ nuteƒe na Yehowae? (Kpɔ memama 5, 6)

5, 6. Ame kae nye Elyasib, eye ame kae nye Tobiya? Anye nu ka tae Elyasib nɔ ha dem kple Tobiya ɖo?

5 Xlẽ Nexemiya 13:4-9. Ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ƒo xlã mí, eya ta mele bɔbɔe be míayi edzi anɔ kɔkɔe o. Bu Elyasib kple Tobiya ŋu kpɔ. Nunɔlagãe Elyasib nye; Tobiya nye Amonitɔ, eye anɔ eme be enɔ dɔ wɔm na Persia dziɖuɖua le Yudea. Do ŋgɔ la, Tobiya kple eƒe zɔhɛwo tsi tre ɖe Nexemiya ŋu esime wònɔ agbagba dzem be woagbugbɔ Yerusalem gliwo aɖo. (Neh. 2:10) Mawu de se be Amonitɔwo mekpɔ mɔ ate ɖe gbedoxɔa ŋu o. (5 Mose 23:4) Eya ta nu ka tae nunɔlagã la ana xɔ ame abe Tobiya ene ɖe keke gbedoxɔa ƒe nuɖuxɔ me ke?

6 Tobiya va zu Elyasib xɔlɔ̃. Tobiya kple viaŋutsu Yoxanan woɖe Yuda nyɔnuwo, eye Yudatɔ geɖe kafua Tobiya ŋutɔ. (Neh. 6:17-19) Elyasib tɔgbuiyɔvi ɖeka ɖe Sanebalat vinyɔnu; Sanebalat nye Samaria nutoa ƒe anyigbadzikpɔla eye wònye Tobiya xɔlɔ̃ vevi. (Neh. 13:28) Anɔ eme be kadodo siawoe na Nunɔlagã Elyasib ɖe mɔ dzimaxɔsetɔ kple tsitretsiɖeŋula sia kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Gake Nexemiya ya wɔ nuteƒe na Yehowa helɔ Tobiya ƒe xɔmenuwo katã le nuɖuxɔa me tsɔ ƒu gbe ɖe gota.

7. Aleke hamemetsitsiwo kple nɔvi bubuwo ƒoa asa na nu siwo aƒo ɖi wo le Yehowa ŋkume?

7 Esi míenye ame siwo ɖe adzɔgbe na Mawu ta la, ele be míatsɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Ne míelé eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi ko hafi míakpɔtɔ anye ame siwo ŋuti kɔ le eŋkume. Mele be míana ƒomekadodowo navu tsyɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi o. Yehowa ƒe susuwoe fiaa mɔ Kristotɔ hamemetsitsiwo, ke menye woawo ŋutɔwo ƒe susuwo alo seselelãmewo o. (1 Tim. 5:21) Hamemetsitsiwo kpɔa wo ɖokuiwo dzi nyuie be woagawɔ naneke si agblẽ wo kple Mawu dome o.1 Tim. 2:8.

8. Nu ka dzie wòle be Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo katã naɖo ŋkui ku ɖe woƒe hadede ŋu?

8 Anyo be míaɖo ŋku edzi be “hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Kor. 15:33) Míaƒe ƒometɔ aɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Do ŋgɔ la, Elyasib ɖo kpɔɖeŋu nyui na dukɔa esi wòkpe asi ɖe Nexemiya ŋu bliboe wogbugbɔ ɖo Yerusalem gliwo. (Neh. 3:1) Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, edze ƒãa be Tobiya kple ame bubuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ na Elyasib va nɔ nu siwo medze Yehowa ŋu o wɔm si na wòzu ame makɔmakɔ. Zɔhɛ nyuiwo dea dzi ƒo na mí be míaƒo mía ɖokui ɖe Kristotɔwo ƒe dɔ siwo ŋu viɖe le me, abe Biblia xexlẽ, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ene. Ƒometɔ siwo kpɔa ŋusẽ nyui ɖe mía dzi be míawɔ nu nyui siawoe míelɔ̃na vevie hedea asixɔxɔ wo ŋu.

KPE ASI ÐE TEOKRASIÐOÐOWO ŊU

9. Nu ka tae gbedoxɔa me ɖoɖoawo megavanɔ afɔ tsɔm o, eye afɔ kawo Nexemiya ɖe tsɔ kpɔ kuxia gbɔ?

9 Xlẽ Nexemiya 13:10-13. Edze abe kaka Nexemiya natrɔ agbɔ va Yerusalem la, ame akpa gãtɔ megatsɔa woƒe nudzɔdzɔwo  vaa gbedoxɔa me o ene. Esi Lewi-viwo megakpɔa woƒe nuhiahiãwo o ta la, woɖe asi le woƒe dɔwo ŋu hedzo yi woƒe agblewo me. Nexemiya da esia ƒe fɔbubu ɖe amegãwo dzi. Edze ƒãa be womenɔ woƒe dɔwo wɔm o. Anye be womenɔ nuwo ƒe ewolia xɔm le dukɔa si o loo alo ne woxɔe hã, wometsɔnɛ yia gbedoxɔa me abe ale si wobia tso wo si ene o. (Neh. 12:44) Eya ta Nexemiya kpɔ egbɔ be wogadze nuwo ƒe ewolia dzɔdzɔ gɔme. Etia ŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo be woakpɔ gbedoxɔa me nudzraɖoƒewo kple nudzɔdzɔ siwo woxɔ la mama na Lewi-viwo dzi.

10, 11. Mɔnukpɔkpɔ kae sua Mawu ƒe amewo si be woakpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu?

10 Ðe nusɔsrɔ̃ aɖe le esia me na mía? Ɛ̃, eɖoa ŋku edzi na mí be mɔnukpɔkpɔ su mía si be míatsɔ míaƒe kesinɔnuwo ade bubu Yehowa ŋu. (Lod. 3:9) Ne míedzɔ nu tsɔ kpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu la, nu si nye Yehowa tɔ xoxo la koe míegatsɔ le enam. (1 Kron. 29:14-16) Ðewohĩ awɔ na mí be nu geɖe mele mía si míana o, gake ne didia nya li ko la, mí katã míate ŋu ana nu faa.2 Kor. 8:12.

11 Ƒome aɖe si me vi enyi le la kpea mɔɖela vevi tsitsi atsu kple asi aɖe wova ɖua nu kpli wo zi ɖeka le kwasiɖaa me hena ƒe geɖe. Vidadaa gblɔna zi geɖe be, “Ne míete ŋu ɖo kplɔ̃ na mí ame ewo la, nu kae nuɖugba eve tsɔtsɔ kpee agblẽ?” Nuɖuɖu kple ame zi ɖeka le kwasiɖaa me madze nu gã aɖeke o, gake mɔɖela eve mawo kpɔ ŋudzedze ɖe amedzrowɔwɔ sia ŋu ale gbegbe! Mɔɖela siawo hã zu yayra na ƒome wɔamedzro sia. Woƒe nya dedziƒonamewo kple nuteƒekpɔkpɔwo ʋã ɖeviawo wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Le ƒe aɖewo megbe la, ɖeviawo katã ƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.

12. Kpɔɖeŋu nyui ka ɖomee hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le le hamea me?

12 Nusɔsrɔ̃ bubue nye be, abe Nexemiya ene la, ele be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo naxɔ ŋgɔ le asikpekpe ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu me. Kpɔɖeŋu nyui si woɖona ɖea vi na hamea me tɔ bubuwo. Le esia wɔwɔ me la, hamemetsitsiwo srɔ̃a apostolo Paulo hã ƒe kpɔɖeŋu. Ekpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu eye wòna mɔfiame siwo ɖe vi na hamea. Le kpɔɖeŋu me, eɖo aɖaŋu nyui vovovowo ku ɖe ale si Kristotɔwo adzɔ nui ŋu.1 Kor. 16:1-3; 2 Kor. 9:5-7.

TSƆ GBƆGBƆMENUWO ÐO NƆƑE GBÃTƆ

13. Mɔ ka nue Yudatɔ aɖewo menɔ bubu dem Sabat la ŋu o le?

13 Xlẽ Nexemiya 13:15-21. Ne míeɖe mɔ ŋutilãmenuwo xɔ míaƒe susu me la, míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ate ŋu anɔ  to yim vivivi. Le 2 Mose 31:13 ƒe nya nu la, kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat la ƒe taɖodzinue nye be wòaɖo ŋku edzi na Israel viwo be wonye dukɔ si ŋuti wokɔ. Ele be woatsɔ Sabat ŋkekea aɖo anyi na ƒometadedeagu, gbedodoɖa kple ŋugbledede le Mawu ƒe Sea ŋu. Gake le Nexemiya ŋɔlimetɔ aɖewo gome la, ɖeko Sabat la nɔ na wo abe ŋkeke ɖe sia ɖe ko ene. Wotsaa asi le ŋkeke ma hã dzi. Wotutu tadedeagu ya da ɖe afi aɖe kura. Esi Nexemiya kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la, enana wodoa dugbo la le ŋkeke adelia ƒe fiẽsi me, eye wònyaa amedzro siwo va tsaa asi la ɖa hafi Sabat la dzea egɔme.

14, 15. (a) Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne míeɖo seɖoƒe na míaƒe asitsanyawo o? (b) Aleke míawɔ age ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me?

14 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Nexemiya ƒe kpɔɖeŋua me? Ðekae nye be, míaɖo seɖoƒe na míaƒe asitsanyawo. Ne menye nenema o la, esia ate ŋu ahe míaƒe susu—alo ana be míava nɔ aƒetɔ eve subɔm gɔ̃ hã—vevietɔ ne míekpɔa dzidzɔ ɖe míaƒe ŋutilãmedɔwo ŋu. Ðo ŋku nuxlɔ̃ame si Yesu na ku ɖe esia ŋu la dzi. (Mixlẽ Mateo 6:24.) Gadimɔnu geɖe anya ʋu ɖi na Nexemiya hafi, gake aleke wòzã eƒe ɣeyiɣia esi wònɔ Yerusalem? (Neh. 5:14-18) Mezã ɣeyiɣia tsɔ nɔ asi tsam kple Tirotɔwo kpakple du bubu me tɔwo o, ke boŋ etsɔ eɖokui ɖo anyi hekpe ɖe nɔviawo ŋu eye wòwɔ dɔ nyui siwo wɔ akpa aɖe le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me. Nenema kee egbea Kristotɔ hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo léa fɔ ɖe nu siwo aɖe vi na hamea wɔwɔ ŋu, eye woƒe haxɔsetɔwo lɔ̃a wo vevie ɖe esia ta. Esia wɔe be lɔlɔ̃, ŋutifafa kple dedienɔnɔ le Mawu ƒe amewo dome.Eze. 34:25, 28.

15 Togbɔ be womebia tso Kristotɔwo si be woalé kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat me ɖe asi o hã la, Paulo gblɔ na mí be “sabat ƒe dzudzɔ aɖe gakpɔtɔ li na Mawu ƒe amewo.” Egblɔ kpee be: “Ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ me la, edzudzɔ hã tso ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si ko Mawu hã dzudzɔ tso ye ŋutɔ tɔwo me ene.” (Heb. 4:9, 10) Abe Kristotɔwo ene la, míate ŋu age ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me nenye be míewɔa dɔ siwo kpea asi ɖe eƒe tameɖoɖo me vava ŋu. Ðe ƒometadedeagu, kpekpeawo dede kple gbeƒãɖeɖedɔa xɔ nɔƒe gbãtɔ le wò kple wò ƒomea ƒe agbe mea? Ðewohĩ míaƒe dɔtɔ alo asisiwo medea bubu míaƒe teokrasiɖoɖowo ŋu o. Ahiã be míatɔ afɔ to sesĩe ahana eme nakɔ na wo be dɔ si Yehowa de asi na míe nye nu vevitɔ kekeake na mí. Ele be ‘míado míaƒe dugboawo ahanya Tirotɔwo ɖa,’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ale be míalé fɔ ɖe nu kɔkɔeawo ŋu ahatsɔ wo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Esi wokɔ mía ŋu ta la, anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe ale si menɔa agbee ɖenɛ fiana be woɖem ɖe vovo hena Yehowa subɔsubɔa?’Mat. 6:33.

KPƆ WÒ KRISTOTƆNYENYE TA

16. Aleke wòdzɔe be esusɔ vie ko maganya wɔ be woade dzesi Nexemiya ƒe ŋkekea me tɔwo abe dukɔ si ŋu wokɔ la me tɔwo ene o?

16 Xlẽ Nexemiya 13:23-27. Le Nexemiya ƒe ŋkekea me la, Israel ŋutsuwo nɔ duta nyɔnuwo ɖem. Esi Nexemiya gbɔ va Yerusalem zi gbãtɔ la, ena dumegãwo de asi agbalẽ te be yewomaɖe trɔ̃subɔlawo o. (Neh. 10:1, 31) Gake le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, eva kpɔe be menye ɖeko Yuda ŋutsu siawo ɖe dutanyɔnuwo o, ke esusɔ vie ko maganya wɔ be woade dzesi wo abe Mawu ƒe dukɔ si ŋu wokɔ la me tɔwo ene o! Dutanyɔnuawo ƒe viwo mete ŋu le Hebrigbe xlẽm loo alo le edom o. Ne ɖevi mawo va tsi la, ɖe woagblɔ be Israel viwoe yewonyea? Alo ɖe woabu wo ɖokuiwo be Asdodtɔwo, Amonitɔwo, alo Moabitɔwoe yewonyea? Esi womese Hebrigbea o la, ɖe wòanya wɔ be woase Mawu ƒe Se la gɔmea? Aleke woawɔ anya Yehowa eye woatiae be yewoasubɔ eya boŋ ke menye alakpamawu siwo wo nɔwo subɔna o? Esia nye ŋkubiãnya, ehiã  be woaɖe afɔ kaba, eye Nexemiya wɔ esia.Neh. 13:28.

Kpe ɖe viwòwo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli (Kpɔ memama 17, 18)

17. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woanɔ ƒomedodo me kple Yehowa?

17 Egbea ele be míawo hã míaɖe afɔ siwo sɔ be míakpe ɖe mía viwo ŋu woawɔ nu siwo ana woade dzesi wo abe Kristotɔwo ene. Dzilawo, mibia mia ɖokuiwo be, ‘Ðe vinyewo doa Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la nyuiea? (Zef. 3:9, NW) Ðe vinyewo ƒe dzeɖoɖowo ɖenɛ fiana be Mawu ƒe gbɔgbɔ ye le mɔ fiam wo loo alo xexea ƒe gbɔgbɔ ye le ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzia?’ Ne èkpɔe be ehiã be viwòwo nawɔ tɔtrɔ aɖewo la, dzi megaɖe le ƒowò o. Gbesɔsrɔ̃ xɔa ɣeyiɣi, vevietɔ ne susuhenuwo ƒo xlã mí. Viwòwo doa go nyaƒoɖeamenu geɖe siwo ate ŋu ana woana ta. Eya ta wɔ miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsia kple mɔnukpɔkpɔ bubuwo ŋu dɔ dzigbɔɖitɔe nàtsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu be wo kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli. (5 Mose 6:6-9) Te gbe ɖe viɖe siwo ado tso eme ne woto vovo tso Satana ƒe xexea gbɔ la dzi na wo. (Yoh. 17:15-17) Eye dze agbagba wò nyawo nade woƒe dzi gbɔ.

18. Nu ka tae dzila Kristotɔwoe dze nyuie wu be woadzra wo viwo ɖo woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa?

18 Mlɔeba la, ɖevi ɖe sia ɖe ŋutɔe atso nya me ne asubɔ Mawu. Ke hã, nu geɖe li mi dzilawo miate ŋu awɔ. Eƒe ɖewoe nye be miaɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo, miade se siwo me kɔ, eye miadzro nu siwo ado tso mia viwo ƒe nyametsotsowo me la me kpli wo. Dzilawo, ame aɖeke meli si adzra mia viwo ɖo woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa wu ale si miawo ŋutɔ miawɔe o. Wohiã miaƒe kpekpeɖeŋu be woatu woƒe Kristotɔnyenye ɖo ahakpɔ eta. Nyateƒea ye nye be, ehiã be mí katã míanɔ ŋudzɔ ale be woagaɖe míaƒe kpɔɖeŋu ƒe “awudziwuiwo”—siwo nye nɔnɔme nyui kple dzidzenu siwo dea dzesi mí be míenye Kristo yomedzelawo la—le mía ŋu o.Nyaɖ. 3:4, 5; 16:15.

YEHOWA AÐO ŊKU MÍA DZI ‘HENA MÍAƑE NYUI’

19, 20. Nu kae ana Yehowa naɖo ŋku mía dzi ‘hena míaƒe nyui’?

19 Nexemiya ƒe ŋkekea me tɔwo dometɔ ɖekae nye nyagblɔɖila Maleaxi, ame si na míenya be “[woŋlɔ] ŋkuɖodzigbalẽ . . . na Yehowa-vɔ̃lawo kple ame siwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.” (Mal. 3:16, 17) Mawu maŋlɔ ame siwo vɔ̃nɛ eye wolɔ̃a eƒe ŋkɔ la be gbeɖe o.Heb. 6:10.

20 Nexemiya do gbe ɖa be: “Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui.” (Neh. 13:31) Abe Nexemiya ene la, wò ŋkɔ ayi edzi anɔ Mawu ƒe ŋkuɖodzigbalẽ la me ne èƒo asa na hadede vɔ̃wo, èkpea asi ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu, ètsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ, eye nèkpɔa wò Kristotɔnyenye ta. Mina ‘míanɔ mía ɖokui dom kpɔ be míele xɔse la me hã.’ (2 Kor. 13:5) Ne míeyi edzi lé tenɔnɔ si le mía si le Yehowa ŋkume abe ame siwo ŋu wokɔ ene me ɖe asi la, aɖo ŋku mía dzi ‘hena míaƒe nyui.’