Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ‘Tsɔa Nye Agbawo Nam Gbe Sia Gbe’

Yehowa ‘Tsɔa Nye Agbawo Nam Gbe Sia Gbe’

Togbɔ be dɔléle sesẽ aɖe si dze abe nu si nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o ene ɖea fu nam vevie hã la, mía Fofo lɔlɔ̃a si le dziƒo kpe ɖe ŋunye va se ɖe fifia. Eye ƒe 20 kple edzivɔe nye esia mele mɔɖeɖedɔa wɔm hele dzidzɔ tɔxɛ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me.

Wodzim le ƒe 1956 me kple dzimeƒudɔ aɖe. Esi nye dzimeƒu mekpe nyuie o ta la, ahɔhɔ̃meka meto afi si wòle be wòato o. Woyɔa dɔ sia le Eŋlisigbe me be spina bifida. Dɔléle sia na wòsesẽna nam be mazɔ, eye wòhe lãmesẽkuxi sesẽ bubuwo va dzinye.

Ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ hafi woadzim la, Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla aɖewo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple dzinyelawo. Le nye ɖevime la, gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe nɔ mía de Usakos, le Namibia. Eya ta míesrɔ̃a nu siwo woasrɔ̃ le hame ƒe kpekpewo me la abe ƒome ene. Esi mexɔ ƒe adre la, wowɔ dɔ nam, si me woŋɔ nye ŋutilã ƒe akpa aɖe, afi si maɖɔ aɖuɖɔ atoe. Esi mexɔ ƒe 14 la, meva nɔ kpeŋuidɔ (adzigbo) hã lém. Esi sekɛndrisuku (lycée) si le míaƒe nutoa me la didi tso mía gbɔ eye mehiã dzinyelawo ƒe beléle tɔxɛ ta la, nyemete ŋu wu enu o.

Ke hã, meɖoe be mana nye kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ. Wometa míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽ geɖe ɖe mía degbe Afrikaans me o. Eya ta mesrɔ̃ Eŋlisigbe xexlẽ ale be mate ŋu asrɔ̃ míaƒe agbalẽ bubuwo. Mezu Fiaɖuƒegbeƒãɖela eye mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 19. Le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, lãmesẽ kple seselelãme kuxi geɖewo ɖe fu nam. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi kadodo kplikplikpli le míaƒe kɔƒea me tɔwo dome ta la, amegbetɔvɔvɔ̃ xe mɔ nam be nyemete ŋu nɔ geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me o.

Esi mexɔ ƒe 20 teti la, míeʋu tso Namibia yi South Africa, eye ɣemaɣie mede ha kple hame aɖe hede kpekpe zi gbãtɔ. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi! Gake eva hiã be woagawɔ dɔ nam ake; woŋɔ nye ŋutilã ƒe akpa bubu, afi si made afɔdzi toe.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mese nutome sue dzikpɔla ƒe nuƒo si woƒo tso mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Nya siwo wògblɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye. Menyae be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ asesẽ nam le nye lãmesẽ ta, gake mekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋunye le nɔnɔme sesẽ geɖe me. Eya ta mebia be mazu gbesiagbe mɔɖela. Gake le nye lãmesẽkuxiwo ta la, hamemetsitsiwo he ɖe megbe le asidede dɔbiagbalẽvia te me.

Ke hã, metso nya me be mawɔ nye ŋutete katã le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Danye kple nɔvi bubuwo kpe ɖe ŋunye mete ŋu ɖo mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidia gbɔ ɣleti ade sɔŋ. Esia ɖe ale si meɖoe kplikpaa be mawɔ mɔɖeɖedɔa fia, eye ena wòdze ƒãa be mate ŋu awɔe togbɔ be lãmesẽkuxiwo le ŋunye hã. Megade asi mɔɖeɖedɔ ƒe dɔbiagbalẽvia te ake, eye fifia ya woda asi ɖe edzi. Le September 1, 1988 dzi la, mezu gbesiagbe mɔɖela.

Abe mɔɖela ene la, mekpɔa Yehowa ƒe ŋusẽdoame ɣesiaɣi. Nyateƒea fiafia ame yeyewo kpɔ tanye, enyim, eye wòkpe ɖe ŋunye metsi le gbɔgbɔ me, ale be nyemetsɔa susu ɖoa nye nɔnɔmea ŋu o. Mekpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ, eye esia he dzidzɔ manyagblɔ vɛ nam.

Nye lãmesẽnyawo tea ŋu trɔna kpata. Gake Yehowa ‘tsɔa nye agbawo nam gbe sia gbe.’ (Ps. 68:20) Menye ɖeko wòkpena ɖe ŋunye metea ŋu nɔa te ɖe nye kuxiwo nu o, ke enana wònyea dzidzɔ nam be mele agbe!