Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Fia La Kpɔ Dzidzɔ Ale Gbegbe!

Fia La Kpɔ Dzidzɔ Ale Gbegbe!

NU SIA dzɔ le August 1936 me le Swaziland Fiagã Ƒe Fiasã gbɔ lɔƒo. Robert kple George Nisbet tɔ woƒe ʋu si tame nyasemɔ̃ le; ɖeko woƒo ha aɖewo eye eyome woƒo Nɔviŋutsu J. F. Rutherford ƒe nuƒo siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi teti koe nye ema. Fia Sobhuza II kpɔ dzidzɔ ale gbegbe! George gblɔ be: “Ewɔ mo yaa na mí ŋutɔ be fia la di be míadzra agbaƒomɔ̃a, agba siwo dzi wolé nuƒoawo ɖo kple Fiaɖuƒegbedeasia ƒe nyasemɔ̃a na ye!”

Robert ɖe kuku na Fia la hegblɔ nɛ be yewomele wo dzram o. Nu ka tae? Elabena ame aɖe tɔe mɔ̃awo nye. Fia la di be yeanya ame si tɔ wonye.

Robert gblɔ nɛ be: “Fia bubu aɖe tɔe.” Fia Sobhuza biae be Fia ka tɔe wònye? Robert ɖo eŋu nɛ be: “Eyae nye Yesu Kristo, Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.”

Sobhuza lɔ̃ ɖe edzi bubutɔe be: “Oo, Fia gã aɖee wònye vavã. Nyemedi be maxɔ naneke si nye etɔ o.”

Robert ka nya ta be: ‘Fia Sobhuza ƒe nɔnɔme wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Edo Eŋlisigbea nyuie, ke hã meƒo nu adegbeƒoƒotɔe alo do eɖokui ɖe dzi o, ke boŋ eyia nyaa gbɔ tẽe eye wònye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe. Menɔ egbɔ le eƒe fiasã me abe miniti 45 ene esime George ya nɔ ha ƒom le gota.’

Robert yi edzi be, ‘Gbe ma gbe ɣetrɔ la, míeyi va ɖi ɖase le Swaziland Dziɖuɖu Ƒe Suku la, afi si nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe su mía si le. Míeɖi ɖase na sukutatɔ la, eye wòɖo to nyuie. Esi míegblɔ be míedi be míaƒo nuƒo si wolé ɖe mɔ̃ dzi na sukuviawo katã la, ekpɔ dzidzɔ eye wòna woƒo sukuvi siwo ade alafa ɖeka kloe la nu ƒu wova nɔ anyi ɖe gbeawo dzi heɖo to. Wogblɔ na mí be le sekɛndrisuku (lycée) ma la, wofiaa agbledede, abɔdɔwɔwɔ, kapitadɔ, xɔtudɔ, Eŋlisigbe kple akɔntabubu ŋutsuviawo; eye wofiaa dɔnɔdzikpɔkpɔ, aƒemedɔwo wɔwɔ, kple asinudɔ vevi bubuwo nyɔnuviawo hã.’ Fia la mama ye ɖo sukua. *

Swaziland sekɛndrisukuvi siwo se dutoƒonuƒoa le ƒe 1936 me

Esi mɔɖela aɖewo ɖi tsa yi Fiagã Ƒe Fiasã la me le keke ƒe 1933 me la, Fia Sobhuza ɖo to wo kple dzidzɔ. Gbe ɖeka la, eƒo eŋudzɔla 100, siwo nye aʋawɔla sesẽwo, nu ƒu be woaɖo  to Fiaɖuƒegbedeasi si wolé ɖe mɔ̃ dzi. Edɔ míaƒe magazinewo, eye wòxɔa míaƒe agbalẽ bubuwo hã. Eteƒe medidi o, míaƒe agbalẽwo katã kloe va su Fia la si le eƒe agbalẽdzraɖoƒe! Esi Britain dziɖuɖua xe mɔ ɖe míaƒe agbalẽwo nu le xexemeʋa evelia wɔɣi kura gɔ̃ hã la, ekpɔ agbalẽ siawo ta dedie.

Fia Sobhuza II yi edzi xɔa Ðasefowo le eƒe Fiagã Ƒe Fiasãa me le Lobamba, eye wòkpea osɔfowo kura gɔ̃ hã be woava se woƒe Biblia me nuƒowo. Gbe ɖeka esi Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Helvie Mashazi nɔ Mateo ta 23 lia me dzrom la, osɔfo aɖewo tso kple dziku be yewoazi edzi wòanɔ anyi. Gake Fia la de nu nyaa me hegblɔ na Nɔviŋutsu Mashazi be wòayi nuƒoa dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Fia la gblɔ na nyaselawo be woaŋlɔ mawunyakpukpui siwo katã nɔviŋutsua yɔ le nuƒoa me la ɖi!

Ɣebubuɣi esi nɔviŋutsu mɔɖela aɖe ƒo nuƒo na ameha aɖe vɔ la, osɔfo ene siwo hã nɔ amehaa dome la tso hetrɔ woƒe osɔfo kɔlawo yi megbe gblɔ be: “Tso egbe dzi la, míeganye osɔfowo o ke boŋ míezu Yehowa Ðasefowo.” Osɔfoawo bia mɔɖelaa be ate ŋu ana míaƒe agbalẽ siwo le Fia la si ƒe ɖewo yewo hã.

Fia la de bubu Yehowa Ðasefowo ŋu tso ƒe 1930 ƒeawo me va se ɖe esime wòku le ƒe 1982 me, eye esi Ðasefoawo gbe be yewomakpɔ gome le Swazilandtɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo me o la, meɖe mɔ woti wo yome o. Eya ta Ðasefowo kpɔ ŋudzedze ɖe ale si wòkpe ɖe wo ŋui la ŋu ŋutɔ, eye esi wòku la, wofa konyi vevie.

Le ƒe 2013 ƒe gɔmedzedze la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le Swaziland la wu 3,000. Ame miliɔn ɖeka kple nu vi aɖe koe le dukɔa me, eye le mama dedie nu la, gbeƒãɖela 1 aɖe gbeƒã na ame 384. Mɔɖela siwo wu 260 ye le dɔ dzi vevie le hame 90 siwo le afi ma me, eye ame 7,496 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2012 me. Edze ƒãa be dzidziɖedzi geɖe le ŋgɔ. Nyateƒee, gbeƒãɖela gbãtɔ mawo siwo va Swaziland le ƒe 1930-awo me la ɖo gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖi.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le South Africa.

^ mm. 8 The Golden Age, June 30, 1937, axa 629.