Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Vovototo Si Le Nuwo Dome Naɖe Vi Na Wò

Na Vovototo Si Le Nuwo Dome Naɖe Vi Na Wò

Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ oa? Anɔ eme be èdze agbagba be yeasrɔ̃ eƒe nufiafiamɔnuwo abe nyabiasewo kple kpɔɖeŋuwo zazã ene. Gake ɖe nènya be Yesu zã nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana le eƒe nufiafiawo me zi geɖea?

Ame geɖe zãa nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana ne wole nu ƒom. Anɔ eme be wò hã èwɔa esia zi geɖe. Ðewohĩ ègblɔ kpɔ be, “Wobe atikutsetseawo katã ɖi; evɔ esiawo ya gale sesẽm akpa.” Alo, “Ðe nyɔnuvi sia kpea ŋu tsã, gake fifia ya etena ɖe ame ŋu ŋutɔ.”

Esia fia be ne èdi be yeaɖe vovototo si le nuwo dome afia la, àgblɔ nya si nye nyateƒe; eyome àgblɔ nya si to vovo na ema to kɔsanyawo abe evɔ, gake, ke hã alo ke boŋ ene zazã me. Alo àte ŋu awɔ esia ne ègblɔ nya bubuwo kpe esi nègblɔ gbã. Nuƒoƒo alea nɔa dzɔdzɔme nu eye wònana amewo sea nu si nèwɔnɛ gɔme nyuie.

Ne nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana la zazã mebɔ le gbegbɔgblɔ aɖewo me o hã la, anyo be míakpɔ asixɔxɔ si le wo ŋu adze sii. Nu ka ta? Elabena wobɔ ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. Yesu zãnɛ zi geɖe le nufiafia me. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Ne wosi akaɖi la, wometsɔnɛ dana ɖe nudokusi te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ.” “Nyemeva be maɖe [Seawo] ɖa o, ke boŋ be mana woava eme.” “Miese be wogblɔ be, ‘Mele be nàwɔ ahasi o.’ Gake nye ya mele egblɔm na mi be, ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu . . . ” “Miese be wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ Ke nye ya mele egblɔm na mi be: Migatsi tsitre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu o; ke boŋ ame sia ame si ƒo wò ɖusi tome la, trɔ ekemɛ hã nɛ.”Mat. 5:15, 17, 27, 28, 38, 39.

Nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia gbalẽ bubuwo hã me. Woate ŋu ana nàse nya vevi aɖe gɔme alo ana nàkpɔ nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ. Ne dzilae nènye la, ke de ŋugble le nya si apostolo Paulo gblɔ le Efesotɔwo ƒe agbalẽa me ŋu kpɔ: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Ne ɖe wògblɔe kpuie ko be, ele be dzila nahe via le Mawu ƒe amehehe me la, nunya anɔ eme eye wòanye nyateƒe hã. Ke hã esi wòzã nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana be, ‘miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me’ la, ena nyaa me gakɔ ɖe edzi wu.

Le ta ma ke me la, Paulo gblɔ be: “Míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ kple . . . gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” (Ef. 6:12) Ale si wògblɔ nya mawo ana nàkpɔe be míaƒe kametetea nu sẽ ŋutɔ. Menye amegbetɔ gbɔlowoe míele kame tem kplii o; ke boŋ gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwoe.

 WƆ VOVOTOTO SI LE NUWO DOME ŊU DƆ

Le Efesotɔwo ƒe agbalẽ ma ke me la, àkpɔ kpukpui bubu geɖe siwo me Paulo zã nya siwo ɖe vovototo si le nuwo dome fia le. Ŋugbledede le wo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase nya si gblɔm Paulo le la gɔme eye nu si wòle be míawɔ la me nakɔ na mí nyuie wu.

Ado dzidzɔ na wò eye wòaɖe vi na wò ne èdzro aɖaka si kpe ɖe nyati sia ŋu me. Woɖo Efesotɔwo ta 4 kple 5 lia me nya siwo ɖe vovototo si le nuwo dome fia la dometɔ aɖewo ɖe eme. Ne èle eme dzrom la, tsɔe sɔ kple wò ŋutɔ ɖokuiwò. Bia ɖokuiwò be: ‘Ne mato nyateƒea, nɔnɔme kae le asinye? Aleke mewɔa nu le nɔnɔme sia alo etɔgbiwo me? Nya siawo ƒe akpa kae amewo kpɔna le ŋunye?’ Ne nya siawo dometɔ aɖe klo nu le nɔnɔme si ŋu wòle be nàwɔ asitɔtrɔ le ŋu la, dze agbagba nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã, be wòaɖe vi na wò.

Alo miate ŋu azã aɖaka la le miaƒe ƒometadedeagua me. Gbã la, mi katã miate ŋu axlẽ aɖakaa me nyawo. Eyome mia dometɔ ɖeka nagblɔ eƒe akpa gbãtɔ, eye wòaɖe mɔ ame mamlɛawo nakpɔe ɖa be yewoate ŋu aɖo ŋku nya vevi si dzi wote gbe ɖo le eƒe akpa evelia me dzi hã. Esia ana miaɖo dze tuameɖowo ku ɖe ale si miate ŋu awɔ nya vevi siwo le akpa evelia me ŋu dɔ nyuie wu la ŋu. Ŋkuléle ɖe nya siwo ɖe vovototo si le nuwo dome fia ŋu alea akpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu be woalé Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nyui me ɖe asi le ƒomea me kple teƒe bubuwo.

Àte ŋu aɖo ŋku nya vevi si le akpa evelia me dzia?

Ne èva nya asixɔxɔ si le nufiafiamɔnu sia ŋu la, àte ŋu akpɔ wo adze sii bɔbɔe le Biblia me, eye woakpe ɖe ŋuwò geɖe le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ na aƒemenɔla aɖe be: “Ame geɖe gblɔna be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo me, gake kpɔ nya si Mawu ƒe Nya la gblɔ le afi sia ɖa.” Alo ne èle Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, àte ŋu abia nusrɔ̃via be: “Ame akpa gãtɔ xɔe se be Mawu kee nye Yesu; evɔ nu kae míeva srɔ̃ tso Biblia me? Ke eka dzie nèxɔ se?”

Nyateƒee, nya geɖewo le Ŋɔŋlɔawo me siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ Mawu ƒe mɔwo dzi. Míate ŋu azã wo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be Biblia me nyateƒea ŋuti sidzedze nasu wo si.