Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ètrɔ Wò Nɔnɔme Ŋutɔŋutɔa?

Ètrɔ Wò Nɔnɔme Ŋutɔŋutɔa?

‘Mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me.’—ROM. 12:2.

1, 2. Ŋusẽ kae ale si wohe míi kple afi si míele kpɔna ɖe mía dzi?

AFI si wohe mí le kple nuto si me míele kpɔa ŋusẽ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Míedoa awu hedzrana ɖo le mɔ aɖe koŋ nu; míelɔ̃a nuɖuɖu aɖewo koŋ; eye míewɔa nu le mɔ aɖe koŋ nu. Nu ka tae? Elabena ame siwo dome míele kple nɔnɔme si me míele la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi va se ɖe afi aɖe.

2 Gake nanewo li siwo le vevie kura wu nu siwo míeɖuna alo awu siwo míedona. Le kpɔɖeŋu me, esi míele tsitsim la, wofia mí be nuwɔna aɖewo sɔ eye ɖewo hã mesɔ o. Gake ame sia ame kple tiatia siwo wòwɔna. Míaƒe dzitsinya hã kpɔa ŋusẽ ɖe tiatia siwo míewɔna dzi. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be, zi geɖe la, “dukɔ siwo si se mele o la me tɔwo [wɔa] nu si se la bia le dzɔdzɔme nu.” (Rom. 2:14) Gake ɖe esia fia be, zi ale si Mawu mede se le nane ŋu tẽe o ko la, míate ŋu awɔ nu siwo wotsɔ kpla mí alo anɔ agbe ɖe dzidzenu siwo dzi míaƒe nutoa me tɔ akpa gãtɔ da asi ɖo la nua?

3. Susu eve kawo tae Kristotɔwo menɔa agbe ɖe xexea ƒe dzidzenuwo nu o?

3 Susu eve ya teti tae Kristotɔwo menɔa agbe ɖe xexea ƒe dzidzenuwo nu o ɖo. Susu gbãtɔe nye be, Biblia gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋkume; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.” (Lod. 16:25) Esi míede blibo o ta la, ŋutete mele mía si be míafia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo pɛpɛpɛ o. (Lod. 28:26; Yer. 10:23) Susu eveliae nye be Biblia ɖee fia be Satana, ame si nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu,” ye le ŋusẽ kpɔm ɖe xexea ƒe dzidzenuwo, siwo nye nuwɔna siwo dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo, dzi. (2 Kor. 4:4; 1 Yoh. 5:19) Eya ta ne míedi be Yehowa nayra mí ahakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 12:2 dzi.Mixlẽe.

4. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Ehiã be míadzro Romatɔwo 12:2 me nya vevi  aɖewo me. (1) Nu ka tae wòhiã be ‘míatrɔ míaƒe nɔnɔme’? (2) Nu kae tɔtrɔwɔwɔ bia? eye (3) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatrɔ míaƒe nɔnɔme? Mina míadzro biabia siawo me.

NU KA TAE WÒHIÃ BE MÍATRƆ MÍAƑE NƆNƆME?

5. Ame kawo koŋ Paulo ŋlɔ eƒe nya siwo le Romatɔwo 12:2 na?

5 Menye dzimaxɔsetɔwo alo amewo katãe apostolo Paulo ŋlɔ eƒe nya siwo le Romatɔwo ƒe agbalẽa me na o, ke boŋ ehati Kristotɔ amesiaminawoe wòŋlɔ wo na. (Rom. 1:7) Ede dzi ƒo na wo be woatrɔ woƒe nɔnɔme eye woadzudzɔ “agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.” Le Kristotɔ siwo nɔ Roma ɣemaɣi, le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo, gome la, “nuɖoanyi” la lɔ Romatɔwo ƒe dzidzenuwo, kɔnuwo, nuwɔnawo kple awudodo ƒe atsyãwo ɖe eme. Esi Paulo gblɔ be “midzudzɔ” la, efia be nuɖoanyi ma kpɔtɔ nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo dometɔ aɖewo dzi. Ŋusẽ ka kpɔm wònɔ ɖe mía nɔviwo dzi ɣemaɣi?

6, 7. Le Paulo ƒe ŋkekea me la, nu ka tae wòsesẽ be woanye Kristotɔ le Roma dua me?

6 Egbea ame siwo ɖia tsa yia Roma la kpɔa woƒe gbedoxɔwo, yɔdowo, ŋkuɖodzikpewo, fefewɔƒewo kple bubuawo ƒe glikpowo. Ƒe alafa gbãtɔ me kee wotu wo dometɔ aɖewo. Glikpo siawo nana míekpɔa ale si blema Romatɔwo nɔ agbee kple ale si wosubɔ woƒe mawuwoe. Ŋutinyagbalẽwo hã na míenya nu tso woƒe yivuwɔwɔ, tasiaɖamwo ƒe hoʋiʋliwo, hadzidzi kple fefe vovovo siwo dometɔ aɖewo me ŋukpenanuwɔnawo nɔna ŋu. Roma ganye asitsadu si me nuwo tsɔa afɔ le, eya ta gakpɔmɔnuwo bɔ ŋutɔ.Rom. 6:21; 1 Pet. 4:3, 4.

7 Togbɔ be gbedoxɔ kple mawu gbogbo aɖewo nɔ Romatɔwo si hã la, ƒomedodo vavã aɖeke menɔa wo dometɔ akpa gãtɔ kple woƒe mawuawo dome o. Nu si mawusubɔsubɔ nye na wo koe nye kɔnuwɔwɔ—vidzidzikɔnuwo, srɔ̃ɖekɔnuwo kple kukɔnuwo—siwo nye woƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe asiɖeɖe le nu siawo katã ŋu asesẽ na Roma Kristotɔwoe! Kɔnu mawoe wo dometɔ akpa gãtɔ wɔna tso ɖevime, eya ta ehiã be woatrɔ woƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ hafi woate ŋu azu Kristotɔ vavãwo. Eye menye tɔtrɔ siwo wowɔ va se ɖe woƒe nyɔnyrɔxɔgbe lae nye eƒe seƒe kura o.

8. Nu ka tae xexe si li egbea nye afɔkuteƒe na Kristotɔwo?

8 Abe Roma xexea ene la, xexe si li egbea hã nye afɔkuteƒe na Kristotɔ ɖeadzɔgbewo. Nu ka tae? Elabena xexea ƒe gbɔgbɔ xɔ afi sia afi. (Mixlẽ Efesotɔwo 2:2, 3; 1 Yohanes 2:16.) Tso ŋkeke yi ŋkeke la, xexea dina be yeazi yeƒe didiwo, nuŋububu, dzidzenu, kple agbenɔnɔ ɖe mía dzi, eye ne míekpɔ nyuie o la, míava zu xexea ƒe akpa aɖe. Eya ta ele vevie be míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si nye be ‘míadzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu’ eye ‘míatrɔ míaƒe nɔnɔme’ dzi. Nu kae esia bia?

 NU KAE TƆTRƆWƆWƆ BIA?

9. Tɔtrɔ kawoe ame geɖe wɔ hafi dze na nyɔnyrɔxɔxɔ?

9 Ne ame aɖe le Biblia srɔ̃m eye wòle agbe nɔm ɖe nyateƒea nu la, enɔa ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me. Ewɔa tɔtrɔwo le eƒe agbenɔnɔ me be wòasɔ ɖe nu si srɔ̃m wòle nu. Eɖea asi le alakpasubɔsubɔkɔnuwo kple eƒe agbenɔnɔ tsãtɔ ŋu, eye wòsrɔ̃a Kristo hedoa amenyenye yeyea. (Ef. 4:22-24) Dzi dzɔa mí be ame akpe alafa geɖe wɔa tɔtrɔ siawo ƒe sia ƒe, eye wodzena be woaxɔ nyɔnyrɔ atsɔ aɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi. Kakaɖedzitɔe la, esia doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lod. 27:11) Ke hã, anyo be míabia mía ɖokui be: Tɔtrɔ siawo koe wòhiã be mawɔa?

Ehiã be ame geɖe naɖe asi le Satana ƒe xexea ƒe nuwɔnawo ŋu ahatrɔ woƒe nɔnɔme (Kpɔ memama 9)

10. Aleke tɔtrɔwɔwɔ to vovo na ame ƒe agbenɔnɔ tɔtrɔ vie ko?

10 Le nyateƒe me la, tɔtrɔwɔwɔ bia nu geɖe wu ŋgɔyiyiwɔwɔ alo ame ƒe agbenɔnɔ tɔtrɔ vie ko. Woate ŋu ado boblo adzɔnu aɖe be “wotrɔ asi le eŋu,” gake le nyateƒe me la, nu boo aɖeke metrɔ le eŋu o. Ate ŋu anye be nu yeye ɖeka aɖe koe wotsɔ kpee, alo be ɖeko wogatrɔ asi le nu si me wodee ŋu vie be wòaganya kpɔ wu. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, nyagbɔgblɔ “mitrɔ miaƒe nɔnɔme” si wozã le Romatɔwo 12:2 fia be míatrɔ míaƒe tamebubu alo awɔe yeyee to gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ dzi. Eya ta tɔtrɔ si Kristotɔwo wɔna la mese ɖe asiɖeɖe le numame gbegblẽwo, nya madzetowo kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu ko dzi o. Susu si tae nye be ame siwo si Biblia ŋuti sidzedze mesu o la dometɔ aɖewo hã dzea agbagba be yewoatsri agbenɔnɔ mawo tɔgbi. Ke nu kae tɔtrɔ si wòle be Kristotɔwo nawɔ la lɔ ɖe eme?

11. Nu kae Paulo gblɔ be eyae ame awɔ hafi atrɔ eƒe nɔnɔme?

11 Paulo gblɔ be: ‘Mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me.’ “Tamesusu” ku ɖe míaƒe tamebubuŋutete ŋu. Gake le Biblia me la, eyi ŋgɔ wu ema, eku ɖe nu siwo ŋu míebuna zi geɖe, míaƒe nɔnɔme, kple míaƒe nuŋububu ƒe ŋutete hã ŋu. Paulo gblɔ do ŋgɔ le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo me be, ‘tamesusu ƒe nɔnɔme si medzea Mawu ŋu o’ lae le ame aɖewo si. Wonye ame siwo me “madzɔmadzɔnyenye, vɔ̃ɖinyenye, ŋubiabiã, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã” le, eye “woyɔ fũu kple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, amebeble” kpakple nɔnɔme gbegblẽ bubu geɖewo. (Rom. 1:28-31) Míekpɔe be esia tae Paulo de dzi ƒo na ame siwo nɔ ame mawo dome tsã hafi va zu Kristotɔwo la be ‘woatrɔ woƒe nɔnɔme’ to ‘woƒe tamesusu wɔwɔ yeyee’ me ɖo.

‘Mina woaɖe dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo ɖa le mia dome.’Ef. 4:31

12. Nu kae nye ame geɖe ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme egbea, eye aleke nɔnɔme sia ate ŋu anye afɔku na Kristotɔwo?

12 Nublanuitɔe la, tamesusu ƒe nɔnɔme si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la tututue le xexe si me míele la me tɔ geɖe si. Wosusuna be agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi nye blemanya eye mele be woazi wo ɖe ame aɖeke dzi egbea o.  Dzila kple nufiala geɖe ɖea asi le ɖeviwo ŋu wowɔa nu si dze wo ŋu. Wogblɔna na wo be ame sia ame kpɔ mɔ atso nya me na eɖokui le nu si sɔ kple nu si mesɔ o ŋu. Ame siwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se gɔ̃ hã gblɔna be menye dzizizi wònye na yewo be yewoaɖo to Mawu alo awɔ eƒe sewo dzi o. (Ps. 14:1) Nɔnɔme sia ate ŋu anye afɔku gã aɖe na Kristotɔ vavãwo. Ne míekpɔ nyuie o la, míava nɔ teokrasiɖoɖowo hã kpɔm le mɔ ma ke nu. Esia ate ŋu awɔe be míalɔ̃ be míawɔ ɖe hamea ƒe mɔfiamewo dzi o, alo míava nɔ nyatoƒoe tom le nu sia nu si mewɔ ɖeka kple míaƒe susu o ŋu. Ate ŋu adzɔ be mímalɔ̃ ɖe Biblia me nuxlɔ̃ame siwo wona mí ku ɖe modzakaɖeɖe, Internet zazã kple suku kɔkɔ dede ŋu la dzi bliboe o.

13. Nu ka tae wòle be míadzro mía ɖokuiwo me anukwaretɔe?

13 Eya ta be míadzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, alo be míagana xexea namla mí ɖe eƒe nɔnɔme nu o la, ele be míadzro ame siwo míenye le ememe, míaƒe seselelãmewo, míaƒe taɖodzinuwo kple dzidzenu siwo nu míenɔa agbe ɖo la me anukwaretɔe. Ame bubuwo mate ŋu akpɔ nu siawo o, eye woate ŋu anɔ gbɔgblɔm na mí be míele agbagba dzem ŋutɔ. Gake míawo ŋutɔwoe anya nenye be míena nu siwo míesrɔ̃ le Biblia me la trɔ míaƒe nɔnɔme le go siawo me eye wòyi edzi le míaƒe nɔnɔme trɔm ɖaa.Mixlẽ Yakobo 1:23-25.

NU SI AKPE ÐE MÍA ŊU MÍATRƆ MÍAƑE NƆNƆME

14. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ siwo hiã?

14 Esi wònye be ame siwo míenye le ememe ye wòle be míatrɔ ta la, míehiã nane si ate ŋu aɖo keke míaƒe dzi gbɔ ke. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu alea? Ne míesrɔ̃ Biblia heva nya nu siwo Yehowa di tso mía si la, ale si míewɔa nu ɖe eŋui ye nana míekpɔa ame siwo tututu míenye le ememe, eye esia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ be míaƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu . . . si le blibo la” nu.Rom. 12:2; Heb. 4:12.

15. Tɔtrɔ kawoe míewɔna ne míeɖe mɔ Yehowa trɔ asi le mía ŋu?

15 Xlẽ Yesaya 64:7. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si nyagblɔɖila Yesaya zã la fia nu vevi aɖe mí. Aleke Yehowa, Zemela la, trɔa asi le mí, ame siwo nye tsu, ŋui? Menye ɖe wòtrɔa míaƒe dzedzeme, ɖewohĩ be míadze ɖeka alo adze tugbe ɖe edzi o. Ke ame siwo míenye le ememe boŋ ŋue Yehowa trɔa asi le. Ne míeɖe mɔ wòtrɔ asi le mía ŋu alea la, míetrɔa míaƒe tamesusu kple míaƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ, eye ema tututue míehiã be míate ŋu awɔ avu kple xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo. Mɔ kawo dzie Yehowa tona trɔa asi le mía ŋu?

16, 17. (a) Ƒo nu tso nu siwo zemela wɔna le tsu ŋu hafi mèa ze nyuiwo ŋu. (b) Aleke Mawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu be míazu ze xɔasiwo le Yehowa ŋkume?

16 Be zemela namè ze nyui xɔasiwo la, ele be wòazã tsu alo anyi nyuitɔ. Gake nu vevi eve aɖewo li wòle be wòawɔ. Gbã la, ele be wòaklɔ tsua be wòaɖe ɖinuwo le eme. Evelia, ele be wòanya tsua kple tsi agbɔsɔsɔme si sɔ pɛpɛpɛ eye wòatrɔ asi le eŋu nyuie ale be wòanɔ nɔnɔme si wòdi be wòanɔ me va se ɖe esime wòmèe vɔ.

17 De dzesii be wozãa tsi tsɔ klɔa tsua be woaɖe ɖinuwo le eme, eye wogazãa tsi tsɔ nyaa tsua be wòabɔbɔ ale si dze be woatsɔe amè ze ƒomevi si wodi, ze xɔasiwo gɔ̃ hã. Ðe míekpɔnɛ be Mawu ƒe Nya la wɔa akpa eve siawo le míaƒe agbe mea? Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaklɔ nuŋububu xoxo siwo nɔ mía si esime míenya Mawu o la ɖa, eye wòana míaƒe dzi nabɔbɔ ale be míatrɔ ava zu ze xɔasiwo  le eŋkume. (Ef. 5:26) Bu eŋu kpɔ ko, woɖoa ŋku edzi na mí ɣesiaɣi be míaxlẽ Biblia gbe sia gbe eye míade Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo me wodzroa Mawu ƒe Nya la me le la edziedzi. Nu ka tae wodea dzi ƒo na mí be míawɔ nu siawo? Elabena esiawo wɔwɔ fia be míele mɔ ɖem be Yehowa natrɔ asi le mía ŋu.Ps. 1:2; Dɔw. 17:11; Heb. 10:24, 25.

Tɔtrɔwɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxiwo gbɔ nyuie wu tsã (Kpɔ memama 18)

18. (a) Nu ka tae ŋugbledede le vevie ne míedi be Mawu ƒe Nya la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi eye wòatrɔ míaƒe agbenɔnɔ? (b) Nyabiase kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

18 Ne míedi be Mawu ƒe Nya la natrɔ mí la, menye ɖeko míanɔ Biblia la xlẽm ahanɔ esrɔ̃m ko evɔ o. Ame geɖe xlẽa Biblia ɣeaɖewoɣi eye wonya emenyawo va se ɖe afi aɖe. Ðewohĩ èdoa go ame siawo tɔgbi le gbeadzi. Wo dometɔ aɖewo tea ŋu léa Biblia me nya aɖewo ɖe susu me gblɔna gɔ̃ hã. * Gake zi geɖe la, esia mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe woƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ dzi o. Nu kae na? Hafi Mawu ƒe Nya la nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi ahana wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ la, ele be amea nana wòaɖo keke eƒe dzi gbɔ ke. Eya ta ele be míadi ɣeyiɣi ade ŋugble le nu siwo srɔ̃m míele ŋu. Anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe meka ɖe edzi be menye subɔsubɔnufiafia dzro koe esia nye oa? Ðe mekpɔ kpeɖodzi be nyateƒea tututue nye esia? Eye ɖe medea dzesi mɔ siwo dzi mato awɔ nu siwo srɔ̃m mele la ŋu dɔ le nye agbenɔnɔ mea, alo ɖe mebunɛ be nu siwo mafia ame bubuwo ko wonyea? Ðe mekpɔnɛ be nyee Yehowa le nu ƒom na tẽea?’ Biabia siawo ŋu bubu kple ŋugbledede le wo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Ana míagalɔ̃e vevie wu. Ne nu siwo míesrɔ̃na wɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi la, aʋã mí míawɔ tɔtrɔ siwo hiã.Lod. 4:23; Luka 6:45.

19, 20. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzi wɔwɔe aɖe vi na mí?

19 Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi kple ŋugbledede le eŋu aʋã mí míayi nu si gɔme míanya dze xoxo la dzi, si nye be: ‘Míaɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye míado amenyenye yeye si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me.’ (Kol. 3:9, 10) Ɛ̃, míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzedze kpɔm le esia wɔwɔ me ne míese Mawu ƒe Nya la gɔme nyuie eye míena wòkpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Kristotɔwo ƒe amenyenye si míado la ate ŋu akpɔ mía ta tso Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo me.

20 Apostolo Petro ɖo ŋku edzi na mí be: “Abe vi ɖotowo ene la, midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nudzodzro siwo nɔ mia me tsã . . . la nu, ke boŋ mizu kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me.” (1 Pet. 1:14, 15) Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, ne míewɔ nu sia nu si míate ŋui be míatrɔ nuŋububu kple nɔnɔme siwo nɔ mía si tsã la, Yehowa ayra mí geɖe.

^ mm. 18 Kpɔ kpɔɖeŋu si dze le February 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 9, memama 7.