Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔɖeɖedɔa Doa Ŋusẽ Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodo

Mɔɖeɖedɔa Doa Ŋusẽ Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodo

“Kafukafuhadzidzi na mía Mawu la enyo.”PS. 147:1.

1, 2. (a) Nu kae ate ŋu ado tso míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ŋu bubu kple nuƒoƒo tso eŋu me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

MÍAƑE lɔlɔ̃tɔ aɖe ŋu bubu kple nuƒoƒo tso eŋu nana be mía kplii dome ƒomedodoa me gasẽna ɖe edzi. Nenema kee wòle le mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodoa hã gome. Esime David nye alẽkplɔla la, eléa ŋku ɖe dziƒoɣletiviwo ŋu hedea ŋugble le Wɔla wɔnuku la ŋu le zã me zi geɖe. Eŋlɔ bena: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nu ka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?” (Ps. 8:4, 5) Esi apostolo Paulo de ŋugble le ale si Yehowa ƒe tameɖoɖo ku ɖe gbɔgbɔ me Israel ŋu nɔ eme vam le nukumɔ nu ŋu la, egblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo!”Rom. 11:17-26, 33.

2 Ne míele gbeƒã ɖem la, míedea ŋugble le Yehowa ŋu heƒoa nu tso eŋu. Esia ɖeɖe dzaa kpɔa ŋusẽ nyui ɖe mía dzi. Ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la dometɔ geɖe kpɔe be yayra siwo kpɔm yewole esi yewodzi yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi la dometɔ ɖekae nye be, ena yewoƒe lɔlɔ̃ na Mawu de to ɖe edzi. Èɖanye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla fifia alo èle taɖodzinu ma minyam o, anyo be nàbu biabia sia ŋu: Aleke ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu ado ŋusẽ wò kple Yehowa dome ƒomedodoa? Ne mɔɖelae nènye la, ke bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae akpe ɖe ŋunye malé subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia si me yayra geɖe le la me ɖe asi?’ Ne mèle mɔɖeɖedɔa wɔm haɖe o la, bia ɖokuiwò be, ‘Asitɔtrɔ kawoe wòhiã be mawɔ be mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa?’ Mina míakpɔ mɔ siwo nu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu ado ŋusẽ mía kple Mawu dome ƒomedodoa le ɖa.

 MƆÐEÐEDƆA DOA ŊUSẼ MÍA KPLE MAWU DOME ƑOMEDODOA

3. Le subɔsubɔdɔa me la, ŋusẽ kae nuƒoƒo tso yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ le etsɔme ŋu kpɔna ɖe mía dzi?

3 Yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ le etsɔme la me dzodzro kple amewo tea mí ɖe Yehowa ŋu. Mawunyakpukpui kae nèlɔ̃a zazã le aƒe me yi aƒe me dɔa me? Ðe wòanye be Psalmo 37:10, 11; Daniel 2:44; Yohanes 5:28, 29; alo Nyaɖeɖefia 21:3, 4  ye doa dzidzɔ na wòa? Ɣesiaɣi si míedzro ŋugbedodo mawo me kple amewo la, eɖoa ŋku edzi na be mía Mawu dɔmenyotɔ la nye “nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe” tsoƒe vavã. Esia tea mí ɖe eŋu kplikplikpli.Yak. 1:17.

4. Nu ka tae míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nyuiwɔwɔ ŋu dea to ɖe edzi ne míekpɔ gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me amewo le?

4 Gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me ame siwo míeɖea gbeƒã na le la kpɔkpɔ nana míedea asixɔxɔ nyateƒea ŋu geɖe wu. Mɔfiame gobii aɖeke mele xexea me tɔwo si si akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dzidzedze ahakpɔ dzidzɔ o. Wo dometɔ akpa gãtɔ tsia dzimaɖi ɖe woƒe etsɔme ŋu eye mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si o. Wodina be yewoanya nu si ta yewole agbe ɖo. Eye nu sue aɖe ŋutɔ koe ame siwo dea sɔleme la dometɔ akpa gãtɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo ŋu. Ðeko wole abe blema Niniwetɔwo ene. (Mixlẽ Yona 4:11.) Ne míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me geɖe wu la, míekpɔa vovototo si le gbɔgbɔmenɔnɔme si me ame siwo míeɖea gbeƒã na le kple esi me Yehowa ƒe amewo le dome nyuie wu. (Yes. 65:13) Esia ɖoa ŋku Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dzi na mí le mɔ sia nu be, míekpɔnɛ be menye míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo koe wònaa mí o, ke ekpea amewo katã be woava ne woakpɔ gbɔdzɔe kple mɔkpɔkpɔ vavã.Nyaɖ. 22:17.

5. Aleke gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu nana ame bubuwo nana míebua míaƒe kuxiwoe?

5 Gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu nana amewo wɔnɛ be míaƒe agbemekuxiwo mewua tsɔtsɔ na mí o. Gbesiagbe mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Trisha kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye esi edzilawo gbe wo nɔewo. Egblɔ be: “Enye nudzɔdzɔ siwo te ɖe dzinye wu le agbe me la dometɔ ɖeka.” Gbe ɖeka elé blanui ale gbegbe be medi be yeado le aƒe me o, gake eyi gbeadzi be yeaɖasrɔ̃ Biblia kple ɖevi etɔ̃ siwo le nɔnɔme sesẽ me tom le aƒe me. Wo fofo gblẽ wo ɖi, eye wo fo tsitsia sẽa ŋuta le wo ŋu. Trisha gblɔ be: “Nye kuxi siwo zu taɖui nam la meɖi naneke ne metsɔ wo sɔ kple wo tɔ o. Esi míenɔ nua srɔ̃m la, dzidzɔ si kpɔm wonɔ la nɔ dzedzem le mo na wo eye wonɔ nu kom. Ðevi mawo nye nunana tso Yehowa gbɔ nam, vevietɔ gbe ma gbe.”

6, 7. (a) Aleke Biblia me nyateƒeawo fiafia doa ŋusẽ míaƒe xɔse? (b) Ne míekpɔ ale si Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ƒe agbenɔnɔ nyo ɖe edzi la, ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe mía dzi?

6 Biblia me nyateƒeawo fiafia doa ŋusẽ míaƒe xɔse. Apostolo Paulo ŋlɔ tso eŋɔlime Yudatɔ aɖewo siwo mewɔna ɖe nu siwo wofiaa amewo dzi o ŋu be: “Wò, ame si le nu fiam ame bubu la, mèfiaa nu ɖokuiwò oa?” (Rom. 2:21) Aleke gbegbe mɔɖela siwo li egbea to vovoe nye esi! Zi geɖe la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua wo si wofiaa nyateƒea amewo hesrɔ̃a Biblia kpli wo. Be woate ŋu awɔ esia dzidzedzetɔe la, ehiãna be woadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu, eye ɖewohĩ wowɔa numekuku be woate ŋu aɖo nya siwo wobia wo la ŋu. Mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Janeen gblɔ be: “Ɣesiaɣi si mefia nu amewo la, nyateƒenya siawo gawɔa dɔ ɖe dzinye geɖe wu hetsia nye dzi kple susu me. Esia wɔe be nye xɔse mekua te o ke boŋ enɔa tsitsim ɖe edzi.”

7 Ne míekpɔ ale si Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ƒe agbenɔnɔ nyo ɖe edzi la, míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nunya ŋu dzina ɖe edzi. (Yes. 48:17, 18) Esia kpena ɖe mía ŋu míeɖonɛ kplikpaa wu be míayi edzi awɔ gɔmeɖose  siawo ŋu dɔ le míaƒe agbe me. Adrianna, si nye mɔɖela bubu, gblɔ be: “Amewo ate ŋu agblẽ woƒe agbe dome ne woɖoa ŋu ɖe woƒe nunya ŋu. Gake ne wova le ŋu ɖom ɖe Yehowa ƒe nunya ŋu la, wotea eme viɖeawo kpɔkpɔ enumake.” Nɔviŋutsu Phil hã gblɔ be: “Àkpɔ ale si Yehowa te ŋu trɔ ame siwo di be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ gake womete ŋu wɔ esia le wo ɖokui si o la.”

8. Aleke dɔwɔwɔ le gbeadzi kple zɔhɛ nyuiwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi?

8 Dɔwɔwɔ le gbeadzi kple zɔhɛ nyuiwo doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. (Lod. 13:20) Mɔɖela akpa gãtɔ zãa ɣeyiɣi gbogbo aɖe tsɔ wɔa dɔ kple hati nyanyuigblɔlawo. Esia naa mɔnukpɔkpɔ geɖe wo be ‘woade dzi ƒo na wo nɔewo.’ (Rom. 1:12; mixlẽ Lododowo 27:17.) Mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Lisa gblɔ be: “Zi geɖe la, ŋuʋaʋã kple hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ xɔa aƒe ɖe míaƒe dɔwɔƒe. Ameŋunyagbɔgblɔ kple nya madzetowo koe nànɔ sesem gbe sia gbe. Ame sia ame dina be yeato ye nɔvi ŋu nu ka kee esia ɖabia o. Ɣeaɖewoɣi la, woɖua fewu le ame ŋu alo konɛ le eƒe Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ ta. Gake dɔwɔwɔ le gbeadzi kple hati Kristotɔwo tua ame ɖo ŋutɔ. Nye dzi dzea eme hafi megbɔna vaa aƒe me, aleke kee ɖeɖi te ŋunyee o.”

9. Ŋusẽ kae mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kple mía srɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe srɔ̃ɖeka ŋukplaba etɔ̃a dzi?

9 Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kple mía srɔ̃ nana srɔ̃ɖeka ŋukplaba etɔ̃a me gasẽna ɖe edzi. (Nyagb. 4:12) Madeline si wɔa mɔɖeɖedɔa kple srɔ̃a gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míeɖoa dze tso ale si ŋkekea nɔ na mí le gbeadzi alo nane si ŋu míeke ɖo le míaƒe Biblia xexlẽ me si ŋu dɔ míate ŋu awɔ le subɔsubɔdɔa me la ŋu. Ƒe ɖe sia ɖe si me míewɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae le la, míetena ɖe mía nɔewo ŋu wu.” Trisha hã gblɔ  be: “Mí ame evea siaa míele ŋudzɔ be míagazu fenyilawo o, eya ta míewɔa dzre ɖe ga ta o. Subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe ɖoɖo ɖekae le mía si, eya ta míetea ŋu wɔa míaƒe tɔtrɔyiwo hedea míaƒe nusrɔ̃viwo gbɔ ɖekae, esia kpena ɖe mía ŋu míaƒe seselelãme sɔna eye míewɔa ŋgɔyiyi ɖekae le gbɔgbɔ me.”

Veviedodo nu le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me naa dzidzeme geɖe mí (Kpɔ memama 9)

10. Ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ eye míekpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu la, ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi?

10 Ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye míekpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu hele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom la, míegakana ɖe Yehowa dzi geɖe wu. Esia nye nyateƒe le Kristotɔ wɔnuteƒewo katã gome va se ɖe afi aɖe. Gake ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la kpɔnɛ be kaka ɖe Yehowa dzi ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu yewoayi edzi awɔ mɔɖeɖedɔa. (Mixlẽ Mateo 6:30-34.) Nɔviŋutsu Curt, si nye mɔɖela eye wònɔ subɔsubɔm abe nutome sue dzikpɔla teƒenɔla ene la, lɔ̃ be yeayi aɖasrã hame aɖe si didi tso egbɔ gaƒoƒo eve kple afã ƒe ʋukuku la kpɔ. Srɔ̃a hã nye mɔɖela; eye mɔ̃memi sue aɖe si ade na yiyi koe nɔ woƒe ʋua me; evɔa kwasiɖa ɖeka susɔ hafi woaxe fe na wo le dɔme. Curt gblɔ be, “Menɔ ɖokuinye biam nenye be nyametsotso nyuitɔe nye ema mewɔ.” Gake esi wodo gbe ɖa tso nɔnɔmea ŋu vɔ la, wotso nya me be yewoayi heka ɖe edzi be Mawu akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo. Esi wonɔ klalo na mɔdzedze la, nɔvinyɔnu aɖe va hegblɔ na wo be yetsɔ nane vɛ na wo. Ga home si tututu wohiã atsɔ adze ami akɔ ɖe ʋua me atrɔ agbɔ lae wòtsɔ vɛ na wo. Curt gblɔ be, “Ne nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi su asiwò enuenu la, ele bɔbɔe be nàkpɔe be Yehowa ƒe asi le nyaa me.”

11. Yayra siwo mɔɖelawo kpɔna dometɔ aɖewo ɖe?

11 Ɛ̃, mɔɖelawo kpɔe be esi yewole geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me be yewo kplii dome nava nɔ kplikplikpli wu la, yewole yayra geɖe kpɔm. (5 Mose 28:2) Ke hã mɔɖeɖedɔa kple eƒe kuxiwoe. Mawu subɔla aɖeke meto le kuxi siwo Adam ƒe aglãdzedze he vɛ me o. Togbɔ be etea ŋu dzɔna be mɔɖela aɖewo ɖonɛ be yewoaɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu hena ɣeyiɣi aɖe hã, zi geɖe la, woate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo wodoa goe nu loo alo ate ŋu aƒo asa na wo gɔ̃ hã. Ke nu kae ate ŋu akpe ɖe mɔɖela ŋu wòayi edzi anɔ vivi sem le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia me?

YI ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA WƆWƆ DZI

12, 13. (a) Nu kae wòle be mɔɖela nawɔ ne ele sesẽm nɛ be wòaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ? (b) Nu ka tae wòle vevie be Biblia xexlẽ gbe sia gbe, ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede nakpe ɖe mɔɖela ƒe ɖoɖowɔɖi ŋu?

12 Vovo menɔa mɔɖela akpa gãtɔ ŋu kura o. Ate ŋu asesẽ be woawɔ nu sia nu si woɖo le ŋkekea me, eya ta ele vevie be ɖoɖowɔɖi nyui nanɔ wo si. (1 Kor. 14:33, 40) Ne ele sesẽm na mɔɖela aɖe be wòaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ la, ahiã be wòalé ŋku ɖe ale si wòzãa eƒe ɣeyiɣiwo ŋu. (Ef. 5:15, 16) Ate ŋu abia eɖokui be: ‘Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ kae mezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu? Ðe wòahiã be maɖu ɖokuinye dzi geɖe wu le nanewo mea? Ðe mate ŋu atrɔ asi le nye dɔwɔɖoɖo ŋua?’ Kristotɔ ɖe sia ɖe alɔ̃ ɖe edzi be ele bɔbɔe be míatsɔ nu bubuwo akpe míaƒe ɖoɖowɔɖi; eya ta ele be ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la nanɔ ŋku lém ɖe woƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu edziedzi ahanɔ asitɔtrɔ siwo hiã wɔm.

13 Ele be Biblia xexlẽ gbe sia gbe, ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede nakpe ɖe mɔɖela ƒe ɖoɖowɔɖi ŋu. Eya ta mɔɖela hiã ɖokuidziɖuɖu ale be nu siwo mele vevie o la nagava nɔ ɣeyiɣi siwo wòɖo na nu siwo le vevie wu la xɔm o. (Flp. 1:10) Kpɔe ɖa le susu me be mɔɖela aɖe wɔ dɔ ŋkeke bliboa le gbeadzi hetrɔ gbɔ va aƒe me. Eɖoe be yeadzra ɖo ɖe kwasiɖa ma ƒe kpekpea ŋu fiẽ ma. Gake gbã la, exlẽ nyatakaka  siwo wòxɔ le fon dzi gbe ma gbe. Eyome esi eƒe kɔmpiuta eye wòxlẽ e-mail siwo wòxɔ heɖo wo ŋu. Emegbe edi nu si wòɖo be yeaƒle la ƒe asi le Internet dzi. Kaka wòanyɔ le eɖokui me la, gaƒoƒo eve kloe va yi evɔ medze nu si wòɖo be yeasrɔ̃ fiẽ ma gɔme haɖe o. Ðe nane gblẽ le eƒe nuwɔna ŋua? Ele be duƒulawo nalé be na wo ɖokui nyuie ne wodi be yewoayi duƒuƒua dzi ƒe geɖe. Nenema kee wòhiã be mɔɖelawo nalé ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui me ɖe asi atsɔ anɔ ŋusẽ dom wo ɖokuiwo le gbɔgbɔ me ne wodi be yewoayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi.1 Tim. 4:16.

14, 15. (a) Nu ka tae wòle be mɔɖela nanɔ agbe tsɛ? (b) Ne mɔɖelawo do go nɔnɔme sesẽwo la, nu kae wòle be woawɔ?

14 Mɔɖela kpɔdzidzedzewo dzea agbagba vevie be yewoanɔ agbe tsɛ. Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woagato ŋku gã o. (Mat. 6:22) Eya ŋutɔ hã nɔ agbe tsɛ ale be wòate ŋu awɔ eƒe subɔsubɔdɔa susuhenuwo manɔmee. Eya ta ete ŋu gblɔ be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, ke teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” (Mat. 8:20) Anyo be mɔɖela si di be yeasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua naɖo ŋku edzi be, ne ŋutilãmenuwo sɔ gbɔ ɖe esi la, ahiã ɣeyiɣi geɖe be wòatsɔ alé be na wo, adzra wo ɖo, alo aɖɔ li wo.

15 Mɔɖelawo nyae be menye esi yewodze na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia tae wòsu yewo si ɖo o. Ke boŋ mɔnukpɔkpɔ alo dɔ ɖe sia ɖe si woade mía si la nye Mawu ƒe amenuveve. Eya ta ne èdi be yeayi mɔɖeɖedɔa dzi la, ke ele be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Flp. 4:13) Kuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo ado mo ɖa. (Ps. 34:20) Ne edzɔ alea la, ele be mɔɖelawo nadi mɔfiafia tso Yehowa gbɔ eye woaɖe mɔ Yehowa nakpe ɖe wo ŋu tsɔ wu be woatsɔ dzitsitsi aɖe asi le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔa ŋu. (Mixlẽ Psalmo 37:5.) Ne wokpɔ ale si Mawu le kpekpem ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe la, esia nana wotena ɖe wo Fofo lɔ̃ame si le dziƒo ŋu geɖe wu.Yes. 41:10.

ÀTE ŊU AZU MƆÐELA?

16. Nu kae nàwɔ ne èdi be yeazu mɔɖela?

16 Ne èdi be yayra siwo sua ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo si nasu wò hã asiwò la, gblɔ wò dzimedidiwo na Yehowa. (1 Yoh. 5:14, 15) Ðo dze kple ame siwo le mɔɖeɖedɔa wɔm fifia. Ðo taɖodzinu siwo ana nàwɔ ŋgɔyiyi ava zu mɔɖela. Nu siae Keith kple Erika wɔ. Wodea dɔme gbe sia gbe, eye abe srɔ̃tɔ geɖe siwo nye wo hatiwo ene la, woƒle aƒe kple ʋu yeye esi woɖe srɔ̃ teti ko. Wogblɔ be: “Míesusui be nu siawo ahe dzidzeme vɛ na mí—gake medzɔ alea o.” Esi woɖe asi le Keith ŋu le dɔme la, ete kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Egblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa ɖoa ŋku dzidzɔ si gbegbe le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la dzi nam.” Wodze xɔlɔ̃ mɔɖela atsu kple asi aɖe siwo kpe ɖe wo ŋu wova kpɔ dzidzɔ si dona tso agbe tsɛ nɔnɔ kple mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Nu kae Keith kple Erika wɔ? Wogblɔ be: “Míeŋlɔ míaƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖe agbalẽ dzi heklãe ɖe míaƒe nufamɔ̃ ŋu, eye míetea fli ɖe taɖodzinu ɖe sia ɖe si gbɔ míeɖo la me.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wozu gbesiagbe mɔɖelawo.

17. Nu ka tae wòanyo be nàwɔ asitɔtrɔ le wò ɖoɖowɔɖi alo agbenɔnɔ ŋu ale be nàte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa?

17 Ðe wò hã àte ŋu azu mɔɖela? Ne èkpɔe be esia manya wɔ na ye fifia o la, ke wɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me ale be nàte ŋu ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Ne èdo gbe ɖa hedzro ɖokuiwò me nyuie vɔ la, ɖewohĩ àkpɔe be àte ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewo le wò ɖoɖowɔɖi alo le wò agbenɔnɔ ŋu ale be nàwɔ mɔɖeɖedɔa. Ne ète ŋu wɔe la, dzidzɔ si nàkpɔ la aƒo nu sia nu si nètsɔ sa vɔe la ta sãsãsã. Fiaɖuƒea ƒe nuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me ana nàkpɔ dzidzeme geɖe. (Mat. 6:33) Àkpɔ dzidzɔ geɖe si le nunana me. Gakpe ɖe eŋu la, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu asiwò be nàde ŋugble le Yehowa ŋu ahaƒo nu tso eŋu na amewo, eye esia ana wò lɔlɔ̃ nɛ nade to ɖe edzi eye nàdo dzidzɔ na eƒe dzi.