Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae Yesu fa avi do ŋgɔ hafi fɔ Lazaro ɖe tsitre, abe ale si wòdze le Yohanes 11:35 ene?

Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, ele dzɔdzɔme nu be míafa avi elabena míagakpɔe ake o. Togbɔ be Yesu lɔ̃ Lazaro vevie hã la, menye eƒe kua tae wòfa avi ɖo o. Abe ale si nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui ma ɖee fia ene la, ale si Yesu se veve ɖe ƒometɔ siwo nɔ nu xam nu tae wòfa avi ɖo.Yoh. 11:36.

Zi gbãtɔ si Yesu see be Lazaro nɔ dɔ lém la, meyi Lazaro ƒe aƒe me enumake be yeada dɔ nɛ o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi [Yesu se] bena, [Lazaro le] dɔ lém la, egatsi afi si wònɔ la ŋkeke eve.” (Yoh. 11:6) Nu ka tae Yesu ɖe dzi ɖi alea? Taɖodzinu aɖe tae. Egblɔ be: “Menye ku tae wòle dɔ sia lém ɖo o, ke boŋ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tae, bene woato edzi ado Mawu ƒe Vi la ɖe dzi.” (Yoh. 11:4) Menye ‘kudɔ’ lém Lazaro nɔ o. Yesu di be yeato Lazaro ƒe kua dzi ahe ‘ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu.’ Le mɔ ka nu? Yesu ato esia me awɔ nukunu gã aɖe ŋutɔ ne efɔ exɔlɔ̃ si gbɔ melɔ̃a nu le o ɖe tsitre tso yɔdo me.

Le dze si Yesu ɖo kple eƒe nusrɔ̃lawo ɣemaɣi me la, etsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Ema tae wògblɔ na wo be ‘yeyina be yeaɖanyɔ [Lazaro] tso alɔ̃ me.’ (Yoh. 11:11) Ne Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ku me la, ɖeko wòle abe ale si dzila fɔa via tso alɔ̃ me ene. Eya ta susu aɖeke meli si tae wòavee be Lazaro ku o.

Ke nu kae ʋã Yesu wòfa avi? Ŋuɖoɖoa gale nya siwo ƒo xlã nuŋlɔɖi ma me. Esi Yesu kpɔ Lazaro nɔvinyɔnu Maria kple ame bubuwo wonɔ avi fam la, “eɖe hũ le gbɔgbɔ la me, eye wòxa nu vevie.” Esi Yesu kpɔ ale si wole veve sem teƒe la, ete ɖe edzi ale gbegbe be “eɖe hũ le gbɔgbɔ la me.” Susu sia tae Yesu ‘fa avi’ ɖo. Eve Yesu ŋutɔ be exɔlɔ̃ siwo wòlɔ̃na vevie la le nu xam nenema gbegbe.Yoh. 11:33, 35.

Nuŋlɔɖi sia ɖee fia be ŋusẽ kple ŋutete le Yesu si be wòafɔ míaƒe ame veviwo ɖe tsitre le lãmesẽ me le xexe yeye si gbɔna me. Eɖee fia hã be Yesu sea veve ɖe ame siwo bu woƒe lɔlɔ̃tɔwo le Adam kple Xawa ƒe nu vɔ̃ si dome míenyi ta la nu. Nu bubu si míagate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia mee nye be, ele be míase veve ɖe ame siwo le nu xam le woƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku ta la nu.

Yesu nyae nyuie be yele Lazaro fɔ ge. Ke hã efa avi le lɔlɔ̃ gã si le esi na xɔlɔ̃awo kple ale si gbegbe wòse veve ɖe wo nu ta. Nenema ke wòle be veveseseɖeamenu naʋã mí ‘míafa avi kple ame siwo le avi fam.’ (Rom. 12:15) Avifafa mefia be ame mexɔ tsitretsitsia dzi se o. Aleke gbegbe wòsɔe nye esi be Yesu ɖo ale si míase veve ɖe ame siwo dzi ku dzɔ ɖo nu ƒe kpɔɖeŋu ɖi esi wòfa avi, togbɔ be ele Lazaro fɔ ge ɖe tsitre kpuie gɔ̃ hã.