Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Wò

Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Wò

Gbe ɖeka Yesu nɔ nu fiam le Yerusalem tso Fofoa, Yehowa, ŋu henɔ nu klom le subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli la ƒe alakpanuwɔwɔ dzi. (Yohanes 8:12-30) Nya si wògblɔ ɣemaɣi la kpena ɖe mía ŋu míenyaa ale si míado Mawu ŋuti dzixɔse siwo me ame geɖe lé ɖe asi egbea la kpɔ. Yesu gblɔ be: “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”Yohanes 8:31, 32.

“Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me.” Yesu ƒe nya sia nye dzidzenu si míatsɔ ado subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo kpɔ be wonye “nyateƒe” hã. Ne èsee wogblɔ nya aɖe tso Mawu ŋu la, bia ɖokuiwò, ‘Ðe nya sia wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nyawo kpakple nya bubu siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo mea?’ Srɔ̃ ame siwo se apostolo Paulo ƒe nyawo henɔ “Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo [nu siwo srɔ̃m wonɔ la] le nenema hã” la ƒe kpɔɖeŋu.Dɔwɔwɔwo 17:11.

Marco, Rosa, kple Raymonde, siwo ŋu nya míegblɔ le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la galé ŋku ɖe woƒe dzixɔsewo ŋu nyuie esi Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kpli wo. Nu kae nye woƒe susu le nu si wosrɔ̃ ŋu?

Marco: “Ame si srɔ̃ Biblia kple mía kple srɔ̃nye la zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo nya siwo katã míebiae la ŋu. Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa va sẽ ɖe edzi, eye mía kple srɔ̃nye dome hã va le kplikplikpli wu tsã!”

Rosa: “Tsã la, mesusui be agbalẽ aɖe si amegbetɔwo ŋlɔ be woatsɔ aɖe ame si Mawu nye la me koe Biblia nye. Gake vivivi la, meva kpɔ nye nyabiasewo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me. Fifia, mekpɔe be Ame ŋutɔŋutɔe Yehowa nye. Enye Ame si dzi mate ŋu aka ɖo.”

Raymonde: “Medo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye madze sii. Esia megbe kpuie la, mía kple srɔ̃nye míeva nɔ Biblia srɔ̃m. Mlɔeba, míeva nya Ame si tututu Yehowa nye. Esi míeva nya Mawu si ƒomevi wònye la, dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ!”

Menye agbalẽ si kloa nu le alakpanya siwo amewo gblɔna tso Mawu ŋu la dzi koe Biblia nye o, ke egblɔa nyateƒea ku ɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo hã ŋu. Mawu ƒe Nya si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ye wònye, eye ekpena ɖe mía ŋu be “míanya nu siwo Mawu na mí dɔmenyotɔe la.” (1 Korintotɔwo 2:12) Ðe manyo be wò ŋutɔ nàxlẽ nu tso nya vevi siwo ame geɖe biana ku ɖe Mawu, eƒe tameɖoɖo kple ale si wòdi be etsɔme nanɔ na mí ŋu oa? Xlẽ nyabiase siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo le Internet dzi le yevugbe me, le teƒe si nye “Bible Teachings > Bible Questions Answered” le www.pr418.com. Àte ŋu ato Internet dzi abia hã be Yehowa Ðasefowo nava srɔ̃ Biblia kpli ye alo nàgblɔe na wo dometɔ ɖeka. Míeka ɖe edzi be esia wɔwɔ ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàlɔ̃ Mawu wu ale si nèsusui gɔ̃ hã.