Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE MÍEHIÃ MAWUA?

Nu Ka Tae Amewo Biaa Nya Sia?

Nu Ka Tae Amewo Biaa Nya Sia?

“Àte ŋu anɔ anyi Mawu manɔmeea? Ame miliɔn geɖe se le wo ɖokui me nenema.” Nya siae woŋlɔ ɖe boblodoʋuƒo aɖe dzi nyitsɔ laa, eye mawudzimaxɔselawo ƒe ha aɖee na ga wotsɔ wɔe. Edze ƒãa be wose le wo ɖokui me be yewomehiã Mawu o.

Ke hã ame siwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se la dometɔ geɖe wɔa nu abe ɖe Mawu meli o ene. Katolikotɔwo ƒe bisiɔpgã Salvatore Fisichella gblɔ tso eƒe sɔlemea me tɔwo ŋu be: “Ame siwo léa ŋku ɖe mía ŋu egbea la manya be Kristotɔwoe míenye o, elabena míenɔa agbe abe dzimaxɔsetɔwo ke ko ene.”

Vovo mele ame aɖewo ŋu kura ne woayi Mawu ŋu bu ge o. Wosusuna be mevo ɖe yewo ŋu o, alo be ele adzɔge ʋĩi akpa be wòawɔ akpa vevi aɖe le yewoƒe agbe me. Womebua tame le Mawu ŋu o, negbe ɖe woɖo xaxa me alo hiã nane hafi, abe ke ɖe dɔtsɔlae Mawu nye na wo ene.

Ame bubuwo hã sena le wo ɖokui me be viɖe boo aɖeke mele sɔlemehawo ƒe nufiafiawo ŋu o, eye womenɔa agbe ɖe wo nu hã o. Le kpɔɖeŋu me, Katolikotɔ siwo le Germany la dometɔ 76 le alafa me kpɔe be naneke megblẽ le eŋu be atsu kple asi nanɔ wo nɔewo gbɔ hafi ava ɖe srɔ̃ o—evɔ esia tsi tsitre ɖe sɔlemehaa kple Biblia siaa ƒe nufiafia ŋu. (1 Korintotɔwo 6:18; Hebritɔwo 13:4) Gake menye Katolikotɔhaa me koe hameviwo ƒe agbenɔnɔ to vovo na hamea ƒe nufiafiawo le o. Sɔlemeha geɖewo ƒe kplɔlawo faa konyi be yewoƒe hameviwo nɔa agbe abe ame siwo mexɔ Mawu dzi se o ene.

Kpɔɖeŋu siawo fɔ biabia vevi aɖe ɖe te, si nye be: Ðe míehiã Mawu vavã? Menye nya yeyee nya sia nye o. Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ ƒe ta gbãtɔawo me kee nya sia fɔ ɖe te le zi gbãtɔ. Be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia la, na míadzro nya aɖewo siwo fɔ ɖe te le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la me.