Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TE ÐE MAWU ŊU

“Kpɔ Ða! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

“Kpɔ Ða! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

Ðe nèdi vevie be wò ŋutɔ kple wò ƒomea mianɔ lãmesẽ me eye mianɔ agbe didia? Ðe nèdi be yeanɔ agbe le xexe si me vevesese, fukpekpe kple ku maganɔ o la mea? Menye drɔ̃e gbɔlo koe nya sia nye o. Ke boŋ xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la ava kpuie, elabena Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖoe. Kpɔ ale si woɖɔ ale si eƒe tameɖoɖoa ava emee ɖa le Nyaɖeɖefia 21:3-5.—Xlẽe.

“[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Aɖatsi kawoe woatutu ɖa? Menye aɖatsi si klɔa ɖi le ŋku dzi na mí alo esi dona ne míele dzidzɔ kpɔm lae o. Ke boŋ aɖatsi siwo míefana le fukpekpe kple nuxaxa ta la ŋue Mawu ƒe ŋugbedodoa ku ɖo. Menye ɖeko Mawu atutu aɖatsi mawo ɖa le míaƒe ŋkume dzro ko o, ke aɖe fukpekpe kple nuxaxa siwo nana míefaa avi le vevesese ta la hã ɖa keŋkeŋ.

“Ku maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Nu kae ganana amewo faa avi geɖe wu ku si nye míaƒe futɔ la? Yehowa aɖe amegbetɔ toɖolawo tso ku si me. Aleke wòle ewɔ ge? Awɔ esia ne eɖe nu si tututu he ku vɛ la ɖa: eyae nye nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ. (Romatɔwo 5:12) Yehowa ato Yesu ƒe tafevɔsaa dzi ana amegbetɔ toɖolawo nade blibo. * Eyome la, “woaɖe” ku si nye futɔ mamlɛtɔ la “ɖa.” (1 Korintotɔwo 15:26) Ekema nuteƒewɔlawo ate ŋu anɔ agbe abe ale si Mawu ɖoe ene—woanɔ agbe tegbee le lamẽse blibo me.

“Vevesese hã maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Vevesese ka ƒomevie maganɔ anyi o? Nuxaxa, konyifafa kple ŋutilãmevevesese si nu vɔ̃ kple blibomademade he vɛ, si na ame miliɔn geɖe le fu kpem la maganɔ anyi o.

Eteƒe madidi o, avifafa, ku kple vevesese maganɔ anyi o. Ðewohĩ àbia be, ‘Afi kae nu siawo ava eme le? Agbenɔnɔ le dziƒo ŋue Mawu ƒe ŋugbedodoa ku ɖoa?’ Ao. Kpɔ susu si tae la ɖa. Gbã la, nya si wotsɔ dze ŋugbedodoa gɔmee nye, “Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ,” eye anyigba dzie amegbetɔwo le. (Nyaɖeɖefia 21:3) Evelia, ŋugbedodoa ava eme le afi si “ku maganɔ anyi [le] o,” si fia be anye xexe si me ku nɔ tsã, gake woava ɖee ɖa. Ku menɔ dziƒo kpɔ o, gake ele anyigba ya dzi tso gbe aɖe gbe ke. Eya ta eme kɔ ƒãa be ŋugbe si Mawu do be agbea ava nyo na mí wu la ava eme le anyigba dzi afi sia.

Mawu ana aɖatsi si gbegbe amewo fa blobloblo abe tɔsisi ene le fukpekpe kple nuxaxa ta la namie

Yehowa di be míaxɔ ŋugbe si yedo ku ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea ŋu la dzi ase. Esi wògblɔ yayra siwo ava ŋu nya vɔ teti ko la, eɖo kpe eƒe ŋugbedodoa dzi esi wògblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.” Eye wògagblɔ kpee be: “Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.” (Nyaɖeɖefia 21:5) Ðe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ nu geɖe tso ale si mia kple wò ame veviwo miate ŋu anɔ Mawu subɔla kpɔdzidzɔ siwo akpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo nyui mawo gbegbe teƒe la dome oa?

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le December me

1 Petro 1-5; 2 Petro 1-3; 1 Yohanes 1-5; 2 Yohanes 1-13; 3 Yohanes 1-14; Yuda 1-25Nyaɖeɖefia 1-22

^ mm. 5 Ne èdi be yeanya nu geɖe wu tso Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.